Nukae Yehowa Di Tso Mía Si Egbea?
“Gbe tso alilikpo la me gblɔ bena: Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!”—MATEO 17:5.
1. Ɣekaɣie Sea ƒe taɖodzinu va eme?
YEHOWA tsɔ Sea kple eƒe alɔdze geɖeawo na Israel-dukɔa. Apostolo Paulo ŋlɔ ku ɖe wo ŋu be: “Wonye ŋutilã me nuɖoanyiwo ɖeɖeko, siwo woɖo ɖi vaseɖe ɖɔɖɔɖoɣi la dzi.” (Hebritɔwo 9:10) Esi Sea na Israel-vi ʋɛ aɖewo xɔ Yesu be eyae nye Mesia, alo Kristo la, eɖo eƒe taɖodzinu gbɔ. Esia ta Paulo gblɔ be: “Se la ƒe nuwuwu enye Kristo.”—Romatɔwo 10:4; Galatiatɔwo 3:19-25; 4:4, 5.
2. Amekawoe nɔ Sea te, eye ɣekaɣie woɖe wo le ete?
2 Ðe esia fia be Sea mebla mí egbea oa? Le nyateƒe me la, ameƒomea ƒe akpa gãtɔ menɔ Sea te kpɔ o, abe alesi hakpala la ɖe emee ene be: “[Yehowa ɖe] eƒe nya fia Yakob, eƒe ɖoɖowo kple kɔnuwo fia Israel. Mewɔ alea na dukɔ aɖeke o, eye womenya eƒe kɔnuwo o.” (Psalmo 147:19, 20) Esi Mawu to Yesu ƒe vɔsa dzi ɖo nubabla yeyea anyi la, meganye Israel-dukɔa gɔ̃ hã ƒe agbanɔamedzi be woawɔ ɖe Sea dzi o. (Galatiatɔwo 3:13; Efesotɔwo 2:15; Kolosetɔwo 2:13, 14, 16) Ekema, ne Sea megabla ame aɖeke azɔ o la, ke nukae Yehowa di tso amesiwo di be yewoasubɔe egbea si?
Nusi Yehowa Di
3, 4. (a) Kpuie ko la, nukae Yehowa di tso mía si egbea? (b) Nukatae wòle be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome?
3 Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe mamlɛa me la, eƒe apostolo Petro, Yakobo, kple Yohanes kplɔe ɖo yi to kɔkɔ aɖe dzi, anye Xermon-toa ƒe togbɛ aɖe dzie. Le afima la, wokpɔ Yesu le nyagblɔɖiŋutega ƒe ŋutikɔkɔe gã me eye wose Mawu ŋutɔ ƒe gbe be: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!” (Mateo 17:1-5) Kpuie ko la, nu ma dimee Yehowa le tso mía si—be míaɖo to Via ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu kple nufiafiawo. (Mateo 16:24) Esia tae apostolo Petro ŋlɔ bena: “Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.”—Petro I, 2:21.
4 Nukatae wòle be míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome? Elabena ne míesrɔ̃e la, míele Yehowa Mawu srɔ̃m. Yesu nya Fofoa nyuie, enɔ egbɔ le dziƒo ƒe biliɔn nanewo hafi va anyigba dzi. (Lododowo 8:22-31; Yohanes 8:23; 17:5; Kolosetɔwo 1:15-17) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, ewɔ nusi Fofoa di la pɛpɛpɛ. Eɖe eme be: “Abe alesi Fofonye fiam ene la, nu mawo ke megblɔna.” Le nyateƒe me la, Yesu srɔ̃ Yehowa pɛpɛpɛ ale gbegbe be wòte ŋu gblɔ be: “Amesi ke kpɔm la, ekpɔ Fofo la.”—Yohanes 8:28; 14:9.
5. Se ka tee Kristotɔwo le, eye ɣekaɣie se ma dze dɔwɔwɔ gɔme?
5 Nukae wòfia be woaɖo to Yesu ahasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu? Ðe wòfia be woanɔ sea tea? Paulo ŋlɔ be: “Nye ŋutɔ nyemele sea te . . . o.” Le afisia la, enɔ nu ƒom tso “nubabla xoxo,” si nye Se ƒe nubabla si wowɔ kple Israel la ŋu. Paulo lɔ̃ ɖe edzi be yele “Kristo ƒe se la me.” (Korintotɔwo I, 9:20, 21; Korintotɔwo II, 3:14) Esi Se ƒe nubabla xoxoa va nuwuwu la, “nubabla yeye” aɖe kple eƒe “Kristo ƒe se la” dze dɔwɔwɔ gɔme, si nye Yehowa subɔlawo katã ƒe agbanɔamedzi be woawɔ ɖe edzi.—Luka 22:20; Galatiatɔwo 6:2; Hebritɔwo 8:7-13.
6. Aleke woaɖɔ “Kristo ƒe se” lae, eye aleke míawɔ ɖe edzii?
6 Yehowa meŋlɔ ‘Kristo ƒe sea’ da ɖi hemae ɖe alɔdze vovovowo me abe alesi wòwɔ Se ƒe nubabla xoxo lae ene o. Womewɔ se tso nya kuklui ɖesiaɖe ŋuti le se yeye sia si wona Kristo yomedzelawo la me o. Gake Yehowa kpɔ Via ƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo ŋuti nuŋlɔɖi deŋgɔ ene ta le eƒe Nya la me. Tsɔ kpe ɖe emawo ŋu la, Mawu na eƒe gbɔgbɔ ʋã Yesu yomedzela gbãtɔwo dometɔ aɖewo woŋlɔ ame ŋutɔ ƒe agbenɔnɔ, ɖoɖo siwo dzi hamea azɔ ɖo, ƒomegbenɔnɔ, kple nya bubuwo ŋuti mɔfiamewo da ɖi. (Korintotɔwo I, 6:18; 14:26-35; Efesotɔwo 5:21-33; Hebritɔwo 10:24, 25) Ne míenɔ agbe wòsɔ ɖe Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu kple nufiafiawo nu, eye míeɖo to ƒe alafa gbãtɔ me Biblia-ŋlɔlawo ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo tso gbɔgbɔ me la, ke míele “Kristo ƒe se” la dzi wɔm. Esiae Yehowa di tso esubɔlawo si egbea.
Lɔlɔ̃ ƒe Vevienyenye
7. Aleke Yesu te gbe ɖe eƒe sea ƒe vevienyenye dzi esime wònɔ Ŋutitoto mamlɛa ɖum kple eƒe apostoloawo?
7 Togbɔ be lɔlɔ̃ nye nu vevi le Sea me hã la, eya dzie wotu Kristo ƒe sea ya ɖo, alo enye eƒe akpa vevitɔ kekeake. Esi Yesu kpe kple eƒe apostolowo hena Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu le ƒe 33 M.Ŋ. la, ete gbe ɖe nya sia dzi. Le nya ʋɛ siwo apostolo Yohanes gblɔ ku ɖe nusi dzɔ le zã ma me ŋu la, nya 28 nɔ Yesu ƒe nuƒo ʋãme la me siwo ku ɖe lɔlɔ̃ ŋu. Esia te gbe ɖe sea ƒe vevienyenye, alo gɔmesese si le eŋu dzi na eƒe apostoloawo. Enyo be míade dzesii be Yohanes dze eƒe nuŋɔŋlɔ tso fiẽ vevi ma ŋu gɔme ale: “Hafi ŋutitotoŋkekenyui la naɖo, esi Yesu nya bena, yeƒe gaƒoƒo la ɖo vɔ, bena yeadzo le xexe sia me ayi ɖe Fofoa gbɔ, esi wòlɔ̃ etɔ, siwo le xexeame la, elɔ̃ wo vaseɖe nuwuwu.”—Yohanes 13:1.
8. (a) Nukae ɖee fia be nyaʋiʋli nɔ edzi yim le apostoloawo dome? (b) Aleke Yesu fia nu eƒe apostoloawo tso ɖokuibɔbɔ ŋui?
8 Togbɔ be edze abe Yesu dze agbagba be yeakpe ɖe yeƒe apostoloawo ŋu woaɖu didi vevie si nɔ wo me ku ɖe ŋusẽ kple nɔƒe ŋu dzi do kpoe hã, elɔ̃ wo. Ɣleti aɖewo do ŋgɔ na woƒe Yerusalem vava la, ‘wonɔ nya ʋlim le wo nɔewo dome le amesi anye gãtɔ ŋu.’ Eye hafi woava du si me woaɖu Ŋutitotoŋkekenyuia le la, nɔƒe ŋuti nyaʋiʋlia gaɖo wo dome ake. (Marko 9:33-37; 10:35-45) Nusi dzɔ esime apostoloawo yi ɖe dziƒoxɔa dzi hena Ŋutitotoŋkekenyui si anye mamlɛtɔ si woaɖu ɖekae la ɖuɖu ɖee fia be enye kuxi si nɔ edzi yim le wo dome. Le gaƒoƒo ma me la, wo dometɔ aɖeke mewɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ be yeaklɔ afɔ na ame bubuwo, si nye amedzrowɔwɔ ƒe kɔnu si wowɔna la o. Be Yesu nafia nu wo tso ɖokuibɔbɔ ŋu la, eya ŋutɔ klɔ afɔ na wo.—Yohanes 13:2-15; Timoteo I, 5:9, 10.
9. Aleke Yesu kpɔ nɔnɔme si do mo ɖa le Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛa ɖuɖu vɔ megbe la gbɔe?
9 Togbɔ be wofia nu wo alea hã la, de dzesi nusi gadzɔ ake esi woɖu Ŋutitotoŋkekenyuia vɔ eye Yesu ɖo eƒe ku si nɔ aƒe tum la ƒe Ŋkuɖodzia anyi. Luka ƒe Nyanyuia me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Dzre hã ɖo wo dome bena, yewo dometɔ kae nye gãtɔ mahã?” Be Yesu nado dziku ablu ɖe wo ta teƒe la, exlɔ̃ nu wo le dɔmefafa me tso alesi wòhiã be woato vovo tso xexeame ƒe dziɖula siwo dia ŋusẽ vevie la gbɔ. (Luka 22:24-27) Emegbe etsɔ nusi woayɔ be Kristo ƒe sea ƒe gɔmeɖokpe na wo, esi wògblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.”—Yohanes 13:34.
10. Se kae Yesu de na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukae wòlɔ ɖe eme?
10 Emegbe le fiẽ ma la, Yesu ɖe alesi gbegbe wòle be woaɖe Kristo ƒe lɔlɔ̃a afiae la fia wo. Egblɔ be: “Esia nye nye se la bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene. Lɔlɔ̃ gã wu esia megale ame aɖeke si bena, wòatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.” (Yohanes 15:12, 13) Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm be ne nɔnɔmea bia la, ele be ye yomedzelawo nalɔ̃ faa be yewoaku ɖe haxɔsetɔwo taa? Nenemae Yohanes, amesi nɔ eteƒe gbemagbe se egɔmee nye ma, elabena eŋlɔ emegbe bena: “Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama [Yesu Kristo] tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, míatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.”—Yohanes I, 3:16.
11. (a) Aleke míawɔ ɖe Kristo ƒe sea dzii? (b) Kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi?
11 Eyata ne míefia nu amewo tso Kristo ŋu dzaa ko la, míewɔ eƒe sea dzi o. Ele be míanɔ agbe ahawɔ nu hã abe alesi Yesu wɔe ene. Nyateƒee, Yesu zã nya vivi dzetowo le eƒe nuƒowo me. Gake eɖo kpɔɖeŋu nyui hã tsɔ fia nui. Togbɔ be Yesu nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ si nɔ dziƒo hã la, exɔ mɔnukpɔkpɔa be wòawɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi eye be wòafia mí alesi míanɔ agbee. Ebɔbɔ eɖokui, eƒe dɔme fa, eye wòbua ame ŋu, eye wòkpe ɖe amesiwo agba wu eye wote wo ɖe anyi la ŋu. (Mateo 11:28-30; 20:28; Filipitɔwo 2:5-8; Yohanes I, 3:8) Eye Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be woalɔ̃ wo nɔewo, abe alesi yelɔ̃ woe ene.
12. Nukatae woate ŋu agblɔ be Kristo ƒe se la meɖe alesi wòhiã be woalɔ̃ Yehowa la dzi kpɔtɔ o?
12 Nɔƒe kae lɔlɔ̃ na Yehowa—si nye vevitɔ le Sea me—nɔ le Kristo ƒe sea me? (Mateo 22:37, 38; Galatiatɔwo 6:2) Nɔƒe evelia yea? Kura o! Lɔlɔ̃ na Yehowa kple lɔlɔ̃ na mía haxɔsetɔ Kristotɔwo do ƒome kple wo nɔewo kplikplikpli. Ame mate ŋu alɔ̃ Yehowa vavã ne melɔ̃ nɔvia hã o, elabena apostolo Yohanes de dzesii be: “Ne ame aɖe gblɔ be, yelɔ̃a Mawu, eye wòléa fu nɔvia la, aʋatsokala wònye; elabena amesi melɔ̃ nɔvia, si kpɔm wòle o la, aleke wòate ŋu alɔ̃ Mawu, si kpɔm mele o mahã?”—Yohanes I, 4:20; tsɔe sɔ kple Yohanes I, 3:17, 18.
13. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo wɔ ɖe se yeye si wòde na wo dzi la, nukae do tso eme?
13 Esi Yesu de se yeyea na eƒe nusrɔ̃lawo be woalɔ̃ wo nɔewo abe alesi yelɔ̃ woe ene la, eƒo nu tso dɔ si wòawɔ ne wolɔ̃ wo nɔewo ŋu. Egblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Abe alesi Tertullian, amesi nɔ anyi wu ƒe alafa ɖeka le Yesu ƒe ku megbe gblɔe ene la, Kristotɔ gbãtɔawo ƒe nɔvilɔlɔ̃ kpɔ ŋusẽ ma tututu. Tertullian yɔ nya tso nya siwo amesiwo menye Kristotɔwo o gblɔ le Kristo yomedzelawo ŋu be: ‘Mikpɔ alesi wolɔ̃ wo nɔewo eye wolɔ̃ faa be yewoaku ɖe yewo nɔewo tae la ɖa.’ Míate ŋu abia mía ɖokui be, ‘Ðe meɖea lɔlɔ̃ sia tɔgbe fiaa hati Kristotɔwo si aɖee afia be menye Yesu ƒe nusrɔ̃laa?’
Alesi Míaɖe Lɔlɔ̃ Afiae
14, 15. Nukae ate ŋu awɔe be Kristo ƒe sea dzi wɔwɔ nasesẽ, gake nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míawɔ edzi?
14 Ele vevie be Yehowa subɔlawo naɖe Kristo ƒe lɔlɔ̃ la afia. Gake ɖe wòsesẽna na wò be nàlɔ̃ hati Kristotɔ siwo ɖea ɖokuitɔdidi ƒe nuwɔnawo fianaa? Abe alesi míekpɔe ene la, apostoloawo gɔ̃ hã he glãka eye wodze agbagba be yewoado yewo ŋutɔwo ƒe nudidiwo ɖe ŋgɔ. (Mateo 20:20-24) Dzrehehe nɔ Galatiatɔwo hã dome. Esi Paulo na wonya be havilɔlɔ̃e wu Sea nu vɔ megbe la, exlɔ̃ nu wo be: “Ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be miagatsrɔ̃ mia nɔewo o!” Esi Paulo fia vovototo si le ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo kple Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetse dome vɔ la, egaxlɔ̃ nu be: “Miganɛ míaƒe ŋkuwo nabiã le bubu dzodzro ŋuti o, ne míagadi ge le mía nɔewo ŋu, eye míaƒe nu nagave dɔme na mía nɔewo o.” Emegbe apostoloa xlɔ̃ nu be: “Mitsɔ mia nɔewo ƒe agbawo, eye ale miawu Kristo ƒe se la nu keŋ.”—Galatiatɔwo 5:14–6:2.
15 Ne Yehowa di tso mía si be míawɔ ɖe Kristo ƒe sea dzi la, ɖe wòle nu sɔgbɔ akpa dim tso mía sia? Togbɔ be ate ŋu asesẽ na mí be míanyo dɔme na amesiwo gblɔ nya ɖe mía ŋu wòve mí helĩhelĩ hegbã dzi na mí hã la, enye míaƒe agbanɔamedzi be ‘míazu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye míazɔ le lɔlɔ̃ me.’ (Efesotɔwo 5:1, 2) Ele be míayi edzi asrɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋu, amesi “ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” (Romatɔwo 5:8) Ne míewɔ afɔɖeɖea be míakpe ɖe ame bubuwo kple amesiwo mewɔ nu ɖe mía ŋu nyuie o hã ŋu la, míaƒe dzi adze eme esi míenyae be míele Mawu srɔ̃m hele Kristo ƒe se la dzi wɔm.
16. Aleke míaɖee afiae be míelɔ̃ Mawu kple Kristo?
16 Ele be míaɖo ŋku edzi be nusi míewɔna dzie míetona ɖea míaƒe lɔlɔ̃ fiana, ke menye nusi míegblɔna dzaa ko o. Esesẽ na Yesu gɔ̃ hã kpɔ be wòalɔ̃ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu dzi le go aɖe me le nusi ŋu wòku ɖo la ta. Yesu do gbe ɖa be: “Fofo, ne èlɔ̃ la, tsɔ kplu sia yii le gbɔnye.” Gake egblɔ kpee kaba be: “Gake menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” (Luka 22:42) Togbɔ be Yesu kpe fu geɖe hã la, ewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 5:7, 8) Toɖoɖo enye lɔlɔ̃ si le mía si la ƒe kpeɖodzi, eye efia be míexɔ Mawu ƒe mɔ be eyae nye nyuitɔ kekeake. Biblia gblɔ be: “Elabena lɔlɔ̃ na Mawu enye si bena, míalé eƒe seawo me ɖe asi.” (Yohanes I, 5:3) Eye Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo bena: “Ne miele lɔ̃yem la, milé nye seawo me ɖe asi.”—Yohanes 14:15.
17. Se vevi kae Yesu de na eyomedzelawo, eye aleke míewɔ nya be ele be míawo hã míawɔ ɖe edzi egbea?
17 Le se si Kristo de na eyomedzelawo be woalɔ̃ wo nɔewo megbe la, se vevi ka hãe wògade na wo? Ede se na wo be woawɔ gbeƒãɖeɖedɔ si ta wòna hehe wo ɖo. Petro gblɔ be: “[Ede] se na mí be, míaɖe gbeƒãe afia dukɔ la, eye míaɖi ɖase.” (Dɔwɔwɔwo 10:42) Yesu de se tẽ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ] wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi.” (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8) Yesu ɖee fia be ele be ye yomedzela siwo li egbea hã nawɔ sedede sia dzi le “nuwuɣi” la me, elabena egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Daniel 12:4; Mateo 24:14) Ẽ, enye Mawu hã ƒe lɔlɔ̃nu be míaɖe gbeƒã. Gake ame aɖewo asusu be dɔ sia si Mawu di tso mía si be míawɔ la sesẽ akpa. Gake nenemaea?
Nusita Wòadze Nu Sesẽe
18. Ne míekpe fu le nusi Yehowa di tso mía si wɔwɔ me la, nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui?
18 Abe alesi míekpɔe ene la, Yehowa di tso amewo si be woawɔ ɖe nudidi vovovowo dzi le ŋutinya katã me. Eye alesi ko vovototo le nusiwo wodi tso wo si be woawɔ mee ene la, nenemae dodokpɔ si ƒomevi wodo goe hã le vovovoe. Mawu ƒe Vi lɔlɔ̃a to dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me, eye mlɔeba la, woto ŋutasẽmɔnu vɔ̃ɖitɔ kekeake dzi wui le nusi Mawu di tso esi wɔwɔ ta. Gake ne míekpe fu le nusi Yehowa di tso mía si wɔwɔ ta la, ele be míaɖo ŋku edzi be menye eyae he dodokpɔa va mía dzii o. (Yohanes 15:18-20; Yakobo 1:13-15) Satana ƒe aglãdzedzee he nuvɔ̃, fukpekpe, kple ku vɛ, eye eyae nye amesi wɔe be nɔnɔmeawo sesẽna zi geɖe be míawɔ nusi Yehowa di tso eƒe subɔlawo si.—Hiob 1:6-19; 2:1-8.
19. Nukatae wònye mɔnukpɔkpɔ be míawɔ nusi Mawu to Via dzi di tso mía si?
19 Yehowa to Via dzi de se be le nuwuɣi sia me la, Ye subɔlawo naɖe gbeƒã le anyigba dzi godoo be ameƒomea ƒe fukpekpewo katã gbɔ kpɔnu si li koe nye Fiaɖuƒedziɖuɖua. Mawu ƒe dziɖuɖu sia aɖe kuxi ɖesiaɖe ɖa le anyigba dzi—aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, hiãkame, amegãkuku, dɔléle, ku. Azɔ hã Fiaɖuƒea ahe paradisonyigba kɔkɔe vɛ, si me woafɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre le. (Mateo 6:9, 10; Luka 23:43; Dɔwɔwɔwo 24:15; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye be míaɖe gbeƒã nusiawo ŋuti nyanyuiwo! Ekema eme kɔ ƒã azɔ be, kuxi aɖeke mele nusi Yehowa di tso mía si la wɔwɔ ŋuti o. Míedoa go yometiti, gake Satana Abosam kple eƒe xexeame ye henɛ vaa mía dzi.
20. Aleke míawɔ anɔ te ɖe gbetɔame ɖesiaɖe si Abosam ahe ava mía dzi la nui?
20 Aleke míawɔ anɔ te ɖe gbetɔame ɖesiaɖe si Satana ahe va mía dzi nu dzidzedzetɔe? Ne nya siawo tsi tame na mí be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” (Lododowo 27:11) Esi Yesu gblẽ dziƒogbenɔnɔ si nye dedienɔƒe ɖi va wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi la, ena Yehowa kpɔ ŋuɖoɖo na Satana ƒe alɔmeɖenyawo. (Yesaya 53:12; Hebritɔwo 10:7) Esi Yesu nye amegbetɔ la, edo dzi to dodokpɔ siwo katã wohe va edzii me yi ɖase fuwɔameti ŋuti ku me kura gɔ̃ hã. Ne míena wònye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola eye míesrɔ̃e la, míawo hã míate ŋu ado dzi anɔ te ɖe fukpekpewo nu awɔ nusi Yehowa di tso mía si.—Hebritɔwo 12:1-3.
21. Aleke nèse le ɖokuiwò me ku ɖe lɔlɔ̃ si Yehowa kple Via ɖe fia ŋu?
21 Aleke gbegbe Mawu kple Via lɔ̃ míe nye si! Le Yesu ƒe vɔsa ta la, ameƒome toɖolawo le mɔ kpɔm be yewoanɔ agbe tegbee le Paradiso me. Eyata migana míaɖe mɔ naneke nagblẽ míaƒe mɔkpɔkpɔa me na mí o. Ke boŋ mina mía dometɔ ɖesiaɖe nana nusi Yesu wɔ na mí nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi abe alesi wòkpɔ ŋusẽ ɖe Paulo dzii ene, amesi gblɔ be: ‘Mawuvi la lɔ̃m, eye wòtsɔ ye ŋutɔ ɖokui na ɖe tanye.’ (Galatiatɔwo 2:20) Eye mina míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzi me afia mía Mawu lɔ̃ame, Yehowa, amesi medi nu sɔgbɔ akpa tso mía si o.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nukae Yehowa di tso mía si egbea?
◻ Le Kristo ƒe fiẽ mamlɛa si wònɔ anyi kple eƒe apostoloawo me la, aleke wòte gbe ɖe lɔlɔ̃ ƒe vevienyenye dzii?
◻ Aleke míaɖo kpe edzii be míelɔ̃ Mawu?
◻ Nukatae wònye mɔnukpɔkpɔ be míawɔ nusi Yehowa di tso mía si?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]
Esi Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo la, nukae wònɔ wo fiam?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]
Tsitretsiɖeŋu ka kee míedoa goe o, mɔnukpɔkpɔ dodzidzɔnamee gbeƒãɖeɖe nyanyuia nye