“Ŋutifafaɣi” Tu Aƒe!
“Ɣeyiɣi li na nusianu, . . . aʋawɔɣi li, eye ŋutifafaɣi li.”—NYAGBLƆLA 3:1, 8.
1. Nɔnɔme wɔmoya kae li le ƒe alafa 20 lia sia me le aʋawɔwɔ kple ŋutifafa gome?
ŊUTIFAFA le ame akpa gãtɔ dzrom, eye wo tɔ dzɔ. Ŋutifafa mele ƒe alafa 20 lia sia me de ƒe alafa aɖeke nu le ŋutinya me o. Ewɔ mo yaa be ele alea, elabena womedze agbagba alea gbegbe kpɔ be woahe ŋutifafa vɛ o. Woɖo Dukɔwo ƒe Nubabla le ƒe 1920 me. Le ƒe 1928 me la, “xexeame dukɔwo katã kloe . . . siwo lɔ̃ be maganye dukɔ ƒe ɖoɖo be wòawɔ aʋa atsɔ akpɔ nyawo gbɔe o” la de asi Kellogg-Briand Nubabla si numekugbalẽ aɖe yɔ be “ŋutifafawɔwɔ ƒe afɔ vovovo siwo woɖe le Xexemeʋa I megbe ƒe gãtɔ kekeake” la te. Emegbe le ƒe 1945 me la, woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa be wòaxɔ ɖe Dukɔwo ƒe Nubabla si gbã la teƒe.
2. Taɖodzinu kae wogblɔ be ele Dukɔ Ƒoƒuawo si, eye afikae wòkpɔ dzidzedze se ɖo?
2 Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe taɖodzinu si woɖe gblɔe nye be wòahe ŋutifafa vɛ, abe alesi woɖoe le Dukɔwo ƒe Nubabla la hã gome ene. Gake mekpɔ dzidzedze boo o. Ele eme baa be xexeame megale aʋa wɔm wòde xexemeʋa eveawo nu o ya. Gake kokoko la, aʋawɔwɔ suesue gbogbo aɖewo gale edzi yim siwo na ame akpe alafa geɖe de vovo ge do kpoe, woƒe nunɔamesiwo dome gblẽna, eye wokuna zi geɖe. Ðe míate ŋu akpɔ mɔ be Dukɔ Ƒoƒuawo ate ŋu atrɔ ƒe alafa 21 lia wòazu ‘ŋutifafaɣia’?
Nusi Dzi Ŋutifafa Vavãtɔ Nɔ Te Ðo
3. Nukatae ŋutifafa vavãtɔ mate ŋu anɔ anyi esi fuléle li o?
3 Be ŋutifafa nanɔ amewo kple dukɔwo dome la, ebia nu geɖe wu be woazi kpi akpɔ ame dzro ko. Ðe wòanya wɔ nyateƒe be woanɔ ŋutifafa me kple ame ƒe futɔa? Le nya si le Yohanes I, 3:15 be, “Amesiame, si léa fu nɔvia la, amewula wònye” nu la, manya wɔ o. Abe alesi nusiwo dzɔ nyitsɔ laa ɖee fia ene la, edzɔna bɔbɔe be fuléle sesẽwo doa gã ɖe edzi zua ʋunyaʋunyawɔwɔ.
4. Amekawo koe ate ŋu anɔ ŋutifafa me, eye nukatae?
4 Esi Yehowa nye “ŋutifafa Mawu” ta la, amesiwo lɔ̃ Mawu eye wodea bubu deto eƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu koe ate ŋu anɔ ŋutifafa me. Eme kɔ be Yehowa menaa ŋutifafa amesiame o. “Nye Mawu be: Ŋutifafa aɖeke meli na ame vɔ̃ɖiwo o.” Nusitae nye be ame vɔ̃ɖiwo gbe be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ƒe kutsetse ŋutifafa nye la nagafia mɔ yewo o.—Romatɔwo 15:33; Yesaya 57:21; Galatiatɔwo 5:22.
5. Nukae Kristotɔwo masusu be yewoawɔ o?
5 Kristotɔ vavãwo masusui gbeɖe be yewoawɔ aʋa kple yewo havi amegbetɔwo—abe alesi yeaɖi Kristotɔwo wɔe zi geɖe, vevietɔ le ƒe alafa 20 lia sia me ene—o. (Yakobo 4:1-4) Enye nyateƒe be Kristotɔwo wɔa aʋa tsia tre ɖe Mawu ŋuti nufiafia dadawo ŋu ya, gake alesi wòaɖe vi na amewo tae wowɔa aʋa sia ɖo, ke menye be wòawɔ nuvevi wo o. Be woati amewo yome le esi woƒe subɔsubɔha to vovo ta alo be woawɔ nuvevi wo ɖe dulɔlɔ̃ ta tsi tre ɖe Kristotɔnyenye adodoea ŋu kura. Paulo gblɔ na Roma Kristotɔwo be: “Ne ate ŋu anye, nusi ke atso mia gome la, minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me!”—Romatɔwo 12:17-19; Timoteo II, 2:24, 25.
6. Afika koe woate ŋu akpɔ ŋutifafa adodoea le?
6 Egbea la, Yehowa Mawu subɔla vavãwo dome koe woate ŋu akpɔ ŋutifafa si Mawu nana la le. (Psalmo 119:165; Yesaya 48:18) Dunyahehe me masɔmasɔ aɖeke medea mama wo dome o, elabena womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me le teƒe aɖeke o. (Yohanes 15:19; 17:14) Esi ‘wole ɖeka le tame ɖeka kple susu ɖeka me’ ta la, subɔsubɔnyawo ƒe vovototo aɖeke medea mama wo dome o. (Korintotɔwo I, 1:10) Ŋutifafa si le Yehowa Ðasefowo dome nye nukunu le egbeŋkekeawo me, eye Mawue na wo le eƒe ŋugbedodo sia nu be: “Matsɔ ŋutifafa aɖo tatɔe na wò kple dzɔdzɔenyenye aɖo wò dɔnunɔlae.”—Yesaya 60:17; Hebritɔwo 8:10.
Nukatae Wònye “Aʋawɔɣi”?
7, 8. (a) Togbɔ be Yehowa Ðasefowo lɔ̃a ŋutifafa hã la, aleke wobua fifi ɣeyiɣiae? (b) Nukae nye Kristotɔ ƒe aʋawɔnu vevitɔ?
7 Togbɔ be Yehowa Ðasefowo dia ŋutifafa hã la, wobu fifi ɣeyiɣia be enye “aʋawɔɣi” koŋ. Gake menye aʋawɔwɔ ŋutɔŋutɔ ye o, elabena aʋawɔnu tsɔtsɔ ɖe amewo ŋu be woaxɔ Biblia ƒe gbedasia dzizizitɔe atsi tre ɖe alesi Mawu le amewo kpem be “amesi lɔ̃ la, nexɔ agbetsi la no faa” ŋu. (Nyaɖeɖefia 22:17) Menye amewo dzi zizi be woatrɔ dzimee nye nyaa o! Aʋa si wɔm Yehowa Ðasefowo le nye gbɔgbɔmeʋa koŋ. Paulo ŋlɔ be: “Míaƒe aʋawɔnuwo menye ŋutilãtɔ o, ke boŋ ŋusẽnu, siwo wotsɔna gbaa mɔ̃wo ƒua anyi la, wonye le Mawu ƒe ŋku me.”—Korintotɔwo II, 10:4; Timoteo I, 1:18.
8 ‘Míaƒe aʋawɔnuawo’ dometɔ vevitɔe nye ‘gbɔgbɔmeyi, si nye Mawu ƒe nya la.’ (Efesotɔwo 6:17) Ŋusẽ le yi sia ŋu. “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Le yi sia zazã me la, Kristotɔwo te ŋu trɔa “nu kɔkɔ sia nu kɔkɔ, si kɔa eɖokui ɖe dzi ɖe sidzedze Mawu ŋuti la” bua anyi. (Korintotɔwo II, 10:5) Ekpena ɖe wo ŋu wokloa nu le alakpanufiafiawo, nuwɔna gbegblẽwo, kple xexemenunya siwo nye amegbetɔwo ƒe nunya ke menye mawumenunya o la dzi.—Korintotɔwo I, 2:6-8; Efesotɔwo 6:11-13.
9. Nukatae míate ŋu awɔ alɔgblɔdɔ le avu si wɔm míele kple nuvɔ̃ŋutilã la me o?
9 Gbɔgbɔmeʋa ƒomevi bubue nye esi wowɔna kple nuvɔ̃ŋutilã la. Kristotɔwo srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋu, amesi gblɔ be: “Meƒoa nye ŋutilã wòdoa ʋusrã, eye mewɔnɛ kluvi boŋ, bene esi menye gbeƒãɖela na ame bubuwo la, nye ŋutɔ la nyemagazu ame madzemadze o.” (Korintotɔwo I, 9:27) Woxlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Kolose be woawu woƒe “ŋutinu, siwo le anyigba dzi [le] ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, fiẽŋufiẽŋui, nudzodzro vɔ̃ kple ŋukeklẽ, si nye trɔ̃subɔsubɔ [gome].” (Kolosetɔwo 3:5) Eye Biblia-ŋlɔla Yuda xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woaʋli] xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.” (Yuda 3) Nukata wòle be míaʋli eta? Paulo ɖo eŋu be: “Ne mianɔ agbe le ŋutilã nu la, miele kuku ge; ke ne mietsɔ Gbɔgbɔ wu ŋutilã ƒe nuwɔwɔwo la, miakpɔ agbe.” (Romatɔwo 8:13) Le nya sia si me kɔ alea ta la, míate ŋu awɔ alɔgblɔdɔ le aʋa si míewɔna kple dzodzro vɔ̃wo me o.
10. Nukae dzɔ le ƒe 1914 me, eye nukae akplɔe ɖo le etsɔ si gbɔna kpuie me?
10 Susu bubu si hã ta míate ŋu abu fifia be enye aʋawɔɣi enye be “mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la” tu aƒe. (Yesaya 61:1, 2) Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi de le ƒe 1914 me ale be wòɖo Mesia Fiaɖuƒea eye wòna ŋusẽe be wòaho aʋa ŋutɔŋutɔ ɖe Satana ƒe nuɖoanyia ŋu. Ɣeyiɣi si wona ameƒomea be woate amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo akpɔ Mawu ƒe asi manɔmee la wu enu ɣemaɣi. Le esi teƒe be amewo naxɔ Mawu ƒe Dziɖula si nye Mesia la, ame akpa gãtɔ yi dzi le nu gbem le egbɔ, abe alesi ame akpa gãtɔ gbe nu le egbɔ le ƒe alafa gbãtɔa me ene. (Dɔwɔwɔwo 28:27) Le alesi wole tsitre tsim ɖe Fiaɖuƒea ŋu ta la, eva hiã be Kristo ‘naɖu fia le eƒe futɔwo titina.’ (Psalmo 110:2) Dzidzɔtɔe la, Nyaɖeɖefia 6:2 do ŋugbe be ‘aɖu aʋa dzi ade goe.’ Aɖu dzi le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ . . . si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon” me.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.
“Nuƒoɣi” Ðo
11. Nukatae Yehowa gbɔ dzi ɖi alea gbegbe, gake nukae ava dzɔ mlɔeba?
11 Ƒe 85 va yi tso ƒe 1914 si nye tɔtrɔƒe vevi aɖe le amegbetɔ ƒe nyawo me. Yehowa gbɔ dzi ɖi na amegbetɔƒomea ale gbegbe. Ena eƒe Ðasefowo nya alesi nɔnɔmea bia nuwɔwɔ kpatae nyuie. Ame miliɔn geɖe ƒe agbe le afɔku me. Edze be woaxlɔ̃ nu ameha gbogbo sia elabena “[Yehowa] . . . melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Ke hã madidi o “Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe [dɔla sesẽwo] ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la” ava eme. Ɣemaɣi ‘woabia hlɔ̃’ amesiwo katã ɖoe koŋ gbe Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbedasia, esime Yesu atu nu kple “amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.”—Tesalonikatɔwo II, 1:6-9.
12. (a) Nukatae maɖe vi aɖeke be míasusu ɣeyiɣi aɖe be eya mee xaxa gã la adze egɔme o? (b) Afɔku ka ŋue Yesu xlɔ̃ nu le le nya sia gome?
12 Ɣekaɣie Yehowa agbɔ dzi ɖi ase ɖo? Maɖe vi aɖeke be míasusu ɣeyiɣi aɖe be eyae “xaxa gã” la adze egɔme o. Yesu gblɔe eme kɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o.” Gake exlɔ̃ nu be: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o. . . . Misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.” (Mateo 24:21, 36, 42, 44) Be míagblɔe eme nakɔ la, efia be míanɔ ŋudzɔ gbesiagbe ɖe xexemenudzɔdzɔwo ŋu ahanɔ xaxa gã la ƒe gɔmedzedze ŋu bum. (Tesalonikatɔwo I, 5:1-5) Afɔku ka gbegbee nye si wòanye be míaɖe dzi ɖi, anɔ agbe abe alesi amewo le enɔm ene, anɔ lalam be míakpɔ alesi nuwo ava yii ɖa! Yesu gblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.” (Luka 21:34, 35) Nu ɖeka si dzi míeka ɖo enye be: Yehowa ƒe ‘dɔla ene’ siwo lé tsɔtsrɔ̃ ƒe “yaƒoƒo eneawo” ɖe asi fifi laa la mayi edzi alée ɖe asi tegbee o.—Nyaɖeɖefia 7:1-3.
13. Nukae ame miliɔn ade kloe kpɔ dze sii?
13 Esi akɔntabiagbe sia le du dzi gbɔna alea ta la, gɔmesese tɔxɛ va le nya si Salomo gblɔ be “nuƒoɣi li” la ŋu. (Nyagblɔla 3:7) Esi Yehowa Ðasefo miliɔn ade kloe dze sii be fifiae nye nuƒoɣi nyateƒe ta la, wole nu ƒom tso Mawu ƒe fianyenye ƒe ŋutikɔkɔe ŋu dzonɔamemetɔe eye wole nu xlɔ̃m amewo tso eƒe hlɔ̃biaŋkekea ŋu. Wotsɔ wo ɖokui na faa le Kristo ƒe aʋakpegbe sia.—Psalmo 110:3; 145:10-12.
Amesiwo Gblɔna be ‘Ŋutifafa Li, Evɔ Ŋutifafa Meli O’
14. Aʋatsonyagblɔɖila kawoe nɔ anyi le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me?
14 Le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me la, Mawu ƒe nyagblɔɖila siwo nye Yeremya kple Xezekiel gblɔ eƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo ɖe Yerusalem ŋu le esi wògbe toɖoɖo Mawu hewɔ nu tovo ta. Tsɔtsrɔ̃ si wogblɔ ɖi la va eme le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, togbɔ be subɔsubɔhakplɔla xɔŋkɔ siwo amewo buna la gblɔ nya siwo to vovo na wo tɔ hã. Eva dze ƒã be subɔsubɔhakplɔla siawo nye ‘nyagblɔɖila tsibome siwo kplɔ Mawu ƒe dukɔ la trae hele gbɔgblɔm be “ŋutifafa,” evɔ wònye ŋutifafa aɖeke meli o hafi.’—Xezekiel 13:1-16; Yeremya 6:14, 15; 8:8-12.
15. Ðe aʋatsonyagblɔɖila mawo tɔgbe li egbea? Ðe eme.
15 Subɔsubɔhakplɔla siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ gbe nuxɔxlɔ̃ amewo be Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkeke gbɔna, abe alesi ‘nyagblɔɖila tsibome’ siwo nɔ anyi ɣemaɣi gbe ewɔwɔ ene. Ke boŋ wogblɔa mɔkpɔkpɔnyawo be dunyahehawo ate ŋu ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ nava mlɔeba. Le esi wotsi dzi be yewoadze amegbetɔwo ŋu wu esi woadze Mawu ŋu ta la, wogblɔa nusi avivi le tome na woƒe sɔlemeviwo na wo le esi teƒe be woaɖe nu me na wo be woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi eye be Mesia Fia la awu eƒe aʋadziɖuɖu nu kpuie. (Daniel 2:44; Timoteo II, 4:3, 4; Nyaɖeɖefia 6:2) Esi wonye aʋatsonyagblɔɖilawo ta la, woawo hã gblɔna be ‘ŋutifafa li, evɔ ŋutifafa aɖeke meli hafi o.’ Gake madidi o, nusi dzi woxɔ se la azu ŋɔdzi na wo le vome, ne Amesi si woda alakpa ɖo hedo vlo geɖe eƒe ŋkɔ la ƒe dɔmedzoe flã ɖe wo ŋu. Alakpasubɔsubɔhawo ƒe xexemefiaɖuƒe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me be enye nyɔnu agbegbegblẽnɔla, ƒe ŋgɔnɔlawo ƒe nyawo alé ve na wo esime wogale ŋutifafaɣli dom.—Nyaɖeɖefia 18:7, 8.
16. (a) Amekawo ƒomevie wonya Yehowa Ðasefowo be wonye? (b) Aleke woto vovo tso amesiwo gblɔna be ‘ŋutifafa li, evɔ ŋutifafa meli o’ gbɔe?
16 Alesi kplɔla xɔŋkɔ siwo ŋu wodea bubui dometɔ akpa gãtɔ le edzi le ŋutifafaŋugbe ƒuƒluwo dom la meɖe dzi le amesiwo xɔ Mawu ƒe ŋutifafaŋugbe vavã la dzi se ƒo o. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia si wonya Yehowa Ðasefowo be wonye Mawu ƒe Nya taʋlila wɔnuteƒewo, alakpasubɔsubɔ ƒe futɔ siwo ƒo dzi le, kple Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpadzinɔla moveviɖolawo. Le esi teƒe be woanɔ numevivinya fluamewo gblɔm tso ŋutifafa ŋu be amewo nagbe ŋudzɔnɔnɔ la, wokua kutri be yewoana woanɔ ŋudzɔ eye woanyae be fifiae nye aʋawɔɣi.—Yesaya 56:10-12; Romatɔwo 13:11, 12; Tesalonikatɔwo I, 5:6.
Yehowa Aƒo Nu Azɔ
17. Nukae wòfia be madidi o Yehowa aƒo nu?
17 Salomo gblɔ hã be: “Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo elabena eɖo azã na tameɖoɖowo katã.” (Nyagblɔla 3:17) Ẽ, Yehowa ɖo ɣeyiɣi ɖi si me wòadrɔ̃ ʋɔnu alakpasubɔsubɔhawo kple ‘anyigba dzi fia siwo tso ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu.’ (Psalmo 2:1-6; Nyaɖeɖefia 16:13-16) Ne ɣeyiɣia de ko la, Yehowa ƒe ‘ɖoɖoeziɣia’ nu ayi. (Psalmo 83:2; Yesaya 62:1; Yeremya 47:6, 7) Ato Mesia Fia si wòɖo, si nye Yesu Kristo dzi ‘aƒo nu’ le gbegbɔgblɔ si dze ƒã be eya ko gɔmee amesiwo tsi tre ɖe eŋu ase la me: “Yehowa ho abe kalẽtɔ ene, ede dzo ŋuʋaʋã me abe aʋawɔla ene, edo ɣli, eye wòtso ayiboopɛɛ, eɖe ŋusẽ fia ɖe eƒe futɔwo ŋu. Mezi ɖoɖoe eteƒe didi, memiã nu kpoo, eye mezi ɖokuinye dzi; azɔ mado ɣli abe nyɔnu léku ene, eye malɔ gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo anɔ gbɔgbɔm fuxefuxe. Magblẽ towo kple togbɛwo, eye mana woƒe gbe mumuwo katã naƒu, mana tɔsisiwo nado kpo, eye mana táwo namie. Mana ŋkuagbãtɔwo nazɔ mɔ, si womenya o la dzi, eye makplɔ wo ato toƒe manyamanyae, mana viviti nazu kekeli le wo ŋgɔ, eye kpoƒeewo nazu zɔzrɔ̃e. Nusiawo wɔ ge mala, eye nyemadzudzɔe o.”—Yesaya 42:13-16.
18. Susu ka nue Mawu ƒe amewo ‘azi ɖoɖoe’ le kpuie?
18 Ne Yehowa ‘ke nu’ be yeaʋli yeƒe Mawunyenye ta la, magahiã be eƒe amewo naƒo nu aɖe wo ɖokui nu o. Anye woawo hã ƒe “ɖoɖoeziɣi.” Abe alesi wogblɔ na Mawu subɔlawo le blema ene la, woagagblɔ nya siawo na egbetɔwo be: “Miele asi de ge aʋa la me o, ke boŋ mitsi tre ɖi, ne miakpɔ, alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mi!”—Kronika II, 20:17.
19. Mɔnukpɔkpɔ kae asu Kristo ƒe gbɔgbɔmenɔviwo si kpuie?
19 Aleke gbegbe woaɖu Satana kple eƒe habɔbɔ dzi gbidigbidi enye si! Kristo nɔvi siwo wodo ŋutikɔkɔe na anɔ eme woaɖu aʋa ɖedzesi aɖe dzi na dzɔdzɔenyenye, le ɖekawɔwɔ me kple ŋugbedodo sia be: “Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie.” (Romatɔwo 16:20) Ŋutifafa si míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi didi aɖe la tu aƒe.
20. Nukawo wɔɣie ade kpuie?
20 Aleke gbegbe eme anyo na anyigbadzinɔla siwo katã atsi agbe le Yehowa ƒe ŋusẽɖeɖefia gã sia mee enye si! Ema megbe kpuie la, blematɔ ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo ƒe tsitretsiɣi de la ava kpe wo. Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia anye “nudoɣi . . . , gbedaɣi . . . , [xɔtuɣi] . . . , nukoɣi . . . , [fefeɣi] . . . , asikplakɔɣi . . . [kple] lɔlɔ̃ɣi” vavã. Ẽ, anye “ŋutifafaɣi” tegbetegbe!—Nyagblɔla 3:1-8; Psalmo 29:11; 37:11; 72:7.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
◻ Nuka dzie ŋutifafa mavɔ nɔ te ɖo?
◻ Nukatae Yehowa Ðasefowo bua fifi ɣeyiɣia be enye “aʋawɔɣi”?
◻ Ɣekaɣie nye “nuƒoɣi” na Mawu ƒe amewo, eye ɣekaɣie nye “ɖoɖoeziɣi” na wo?
◻ Aleke Yehowa aƒo nui eye ɣekaɣie wòaƒo nu?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 13]
Ɣeyiɣi Ðoɖi Li na Yehowa be
◻ wòahe Gog ne wòadze Mawu ƒe amewo dzi.—Xezekiel 38:3, 4, 10-12
◻ wòadee dzime na amegbetɔ dziɖulawo be woatsrɔ̃ Babilon Gã la.—Nyaɖeɖefia 17:15-17; 19:2
◻ wòaɖe srɔ̃ na alẽvia.—Nyaɖeɖefia 19:6, 7
◻ wòadze Harmagedon-ʋa la gɔme.—Nyaɖeɖefia 19:11-16, 19-21
◻ wòabla Satana ale be Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua nadze egɔme.—Nyaɖeɖefia 20:1-3
Ðeko míeɖo nudzɔdzɔ siawo ɖe ɖoɖo si nu wodze le le Ŋɔŋlɔawo me nu. Míate ŋu aka ɖe edzi be nu atɔ̃ siawo adzɔ ɖe ɖoɖo si Yehowa di nu eye woadzɔ le ɣeyiɣi si tututu wòɖo dzi.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Ðikeke mele eme o be Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɣia anye . . .
nukoɣi . . .
asikplakɔɣi . . .
lɔlɔ̃ɣi . . .
nudoɣi . . .
fefeɣi . . .
xɔtuɣi . . .