Dzra Ðo Ðe Ƒe Akpe Si Le Vevie Ŋu!
KRISTO ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ahe yayra manyagblɔwo vɛ na amegbetɔƒomea. Le Yesu ƒe kpɔkplɔ lɔlɔ̃tɔe te la, woaɖɔ ameƒomea ƒe fifi nɔnɔme wɔnublanuia ɖo ale be woade blibo le ŋutikɔkɔe me. Bu nusi wòate ŋu afia na wò ŋu kpɔ. Lãmesẽ deblibo! Kpɔe ɖa ko be nàfɔ ŋdi ɖesiaɖe akpɔ be yeƒe lãme gasẽ wu ŋkeke si va yi. Ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi miliɔn geɖe le mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le dzidzɔɣeyiɣi ma me. Woɖoa ŋu ɖe eŋu, doa gbe ɖa bianɛ. Kakaɖedzi va su wo si to woƒe Biblia-sɔsrɔ̃ me be yewoƒe asi ate ŋu asu yayra siawo dzi.
Gake hafi Yesu Kristo nadze eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua gɔme la, ele be wòaɖe amesiwo katã tsia tre ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu la ɖa. Awɔ nusia le aʋa si woyɔ le Biblia me be Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 16:16) Kristotɔ vavã siwo le anyigba dzi makpɔ gome le aʋa ma me o. Mawu ƒe aʋae. Eye manye anyigba ƒe teƒe ɖeka aɖe koe woawɔe le o. Biblia gblɔ be aɖo anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Woawu Kristo ƒe dziɖuɖua ƒe futɔwo. Wo dometɔ aɖeke masi o!—Yeremya 25:33.
Emegbe Yesu atrɔ susu ɖe Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu. Kpɔ nɔnɔmea ɖa le susu me, abe alesi amesi ŋlɔ Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa kpɔe ene: “Mekpɔ mawudɔla aɖe [Yesu Kristo] le ɖiɖim tso dziƒo, eye aʋli me safui kple kɔsɔkɔsɔ gã aɖe le esi. Eye wòlé ʋɔ driba, da xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.” (Nyaɖeɖefia 20:1, 2) Emegbe woatsrɔ̃ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tegbee.—Mateo 25:41.
“Ameha gã, si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o la” atsi agbe le Harmagedon me. (Nyaɖeɖefia 7:9) Kristo akplɔ amesiawo bene woano “agbetsi dzidziwo” wòasu wo nyuie, abe alesi alẽkplɔla kplɔa eƒe alẽwo yia agbetsiwo gbɔe ene. (Nyaɖeɖefia 7:17) Esi Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo mado kplamatse Harmagedon me agbetsila siawo ƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi o ta la, woakpe ɖe wo ŋu vivivi be woaɖu woƒe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔmewo dzi vaseɖe esime woade blibo mlɔeba!
Le Kristo ƒe dziɖuɖu lɔlɔ̃tɔe te la, agbenɔnɔ anɔ kakam ɖe eme vivivi. Yehowa Mawu ato Yesu Kristo dzi aɖe nusiwo katã na wosea veve hexaa nu la ɖa. “[Atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:4) Nyagblɔɖila Yesaya wu nɔnɔmea ɖɔɖɔ nu be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” (Yesaya 35:5, 6) Eye ame kukuwo, “ame tsitsiwo kple ɖeviwo,” agagbɔ agbe eye mɔkpɔkpɔ li be womagaku akpɔ o!—Nyaɖeɖefia 20:12.
Fifi laa gɔ̃ hã la, wole “ameha gã” si atsi agbe le Harmagedon me la nu ƒom ƒu. Wole dzadzram ɖo ɖe Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ŋu. Togbɔ be womenya ɣeyiɣi si me dziɖuɖua adze egɔme o hã la, woka ɖe edzi be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ana wòadze egɔme. Àte ŋu anɔ wo dome, gake ele be wò hã nàdzra ɖo—menye be nàdzra wò nunɔamesiwo azɔ mɔ ayi anyigba ƒe teƒe aɖeke o, ke boŋ to Yehowa Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋuti sidzedze vavãtɔ xɔxɔ to Biblia-sɔsrɔ̃ dzie. Anye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be woafia alesi Biblia-sɔsrɔ̃ ate ŋu aɖe vi na mia kple wò ƒomeae la wò femaxee eye womazii ɖe dziwò o. Adzɔ dzi na magazine sia talawo be yewoana nyatakaka bubuwo wò.
[Aɖaka si le axa 7]
Ƒe Akpe Ðeka La—Nu Ŋutɔe Alo Kpɔɖeŋu Ye?
Esi wònye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo mee woŋlɔ Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me nya akpa gãtɔ ɖo ta la, biabia aɖe do mo ɖa. Ke Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si woyɔ le Nyaɖeɖefia me hã ɖe? Ɣeyiɣi ŋutɔŋutɔe loo alo kpɔɖeŋuɣeyiɣie?
Nu geɖe li si fia be ƒe akpe ɖeka ŋutɔŋutɔe wowɔnɛ. Bu eŋu kpɔ: Apostolo Paulo yɔ Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka si me wòadrɔ̃ ʋɔnu ameƒomea le be enye ŋkeke. (Dɔwɔwɔwo 17:31; Nyaɖeɖefia 20:4) Apostolo Petro ŋlɔ be ŋkeke ɖeka (gaƒoƒo 24) le na Yehowa abe ƒe akpe ɖeka ene. (Petro II, 3:8) Ema ɖo kpe edzi be ‘ʋɔnudrɔ̃ŋkekea’ nye ƒe akpe ɖeka ŋutɔŋutɔ. Gakpe ɖe eŋu la, míexlẽ nu tso “ƒe akpe ɖeka la” ŋu zi gbɔ zi ene, ke menye be “ƒe akpe ɖeka aɖe” o le Nyaɖeɖefia 20:3, 5-7. Esia fia ɣeyiɣi si ƒe didime le nyanya me.