“Ame Suewo” Zu “Akpe”
“Ame suewo azu akpe, eye ame ʋeewo azu dukɔ sesẽ.”—YESAYA 60:22.
1, 2. (a) Nukatae viviti tsyɔ anyigba dzi egbea? (b) Aleke Yehowa ƒe kekeli klẽ ɖe eƒe amewo dzi vivivi?
“VIVITI xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo, ke wò la, Yehowa adze ɖe dziwò, eye eƒe ŋutikɔkɔe ado ɖe dziwò.” (Yesaya 60:2) Nya siawo ɖɔ alesi nuwo le le anyigba dzi tso ƒe 1919 me ke la nyuie. Kristodukɔa gbe dzesi si fia be Yesu Kristo, amesi nye “xexeame ƒe kekeli” la va li eye wòle fia ɖum. (Yohanes 8:12; Mateo 24:3) Le alesi gbegbe “dzi le” Satana, si nye “xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me” ƒe tatɔ ‘kum ŋutɔ’ ta la, ƒe alafa 20 lia siae nye esi me wowɔ anyra le hegblẽ nu le wu le amegbetɔ ƒe ŋutinya me. (Nyaɖeɖefia 12:12; Efesotɔwo 6:12) Ame akpa gãtɔ le gbɔgbɔmeviviti me.
2 Ke hã kekeli le keklẽm egbea. Yehowa ‘klẽ ɖe’ esubɔla amesiamina susɔea, siwo nye eƒe ‘dziƒonyɔnu’ la teƒenɔla siwo le anyigba dzi la ‘dzi.’ (Yesaya 60:1) Vevietɔ tso esime woɖe asi le wo ŋu tso Babilon ƒe kluvinyenye me le ƒe 1919 me la, wona Mawu ƒe ŋutikɔkɔe klẽ nyuie eye ‘wona woƒe kekeli klẽ le amewo ƒe ŋkume.’ (Mateo 5:16) Tso ƒe 1919 va ɖo ƒe 1931, esime amesiaminaawo ɖe asi le Babilon nukpɔsusu siwo hea ame ɖe megbe katã ŋu keŋkeŋ la, Fiaɖuƒea ƒe kekelia klẽ ɖe edzi geɖe wu. Woƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ɖo akpeakpewo esi Yehowa wɔ eƒe ŋugbedodoa dzi be: “Maƒo Yakob nu ƒu blibo, eye makplɔ Israel ƒe ame [mamlɛawo] ɖe du; maƒo wo nu ƒu ɖe lãkpɔ me abe alẽwo ene, abe lãha le lãnyiƒe titina ene; eye afima agblẽ kple amegbetɔwo.” (Mixa 2:12) Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ƒe keklẽ ɖe eƒe amewo dzi gadze geɖe wu le ƒe 1931 me esime wotsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo.—Yesaya 43:10, 12.
3. Aleke wòva dze ƒãe be Yehowa ƒe kekelia aklẽ ɖe ame bubuwo dzi kpe ɖe amesiaminawo ŋu?
3 ‘Alẽha suea’ me tɔ susɔeawo dzi koe Yehowa aklẽ ɖoa? (Luka 12:32) Ao. September 1, 1931, ƒe Gbetakpɔxɔ fia asi hatsotso bubu. Le Xezekiel 9:1-11 me ɖeɖe nyuie me la, eɖee fia be ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le aklito na la tsi tre ɖi na amesiamina susɔeawo. Amekawoe nye amesiwo ‘ŋutsua’ de dzesi ŋgonu na? Woawoe nye “alẽ bubu” siwo le mɔ kpɔm na agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi. (Yohanes 10:16; Psalmo 37:29) Le ƒe 1935 me la, wose egɔme be ‘alẽ bubuawo’ ƒe hatsotso siae nye “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ” me si apostolo Yohanes kpɔ le ŋutega me. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Tso ƒe 1935 me vaseɖe fifia la, ameha gã sia nu ƒoƒo ƒu dzie wohe susu yii geɖe wu.
4. Amekawoe nye “fiawo” kple “anyigba dzi dukɔwo” me tɔ siwo woyɔ le Yesaya 60:3?
4 Amewo nu ƒoƒo ƒu dɔ sia dzie wohe susu yii le Yesaya ƒe nyagblɔɖia me, esi wogblɔ be: “Anyigba dzi dukɔwo azɔ le wò kekeli nu kple fiawo le wò keklẽ ƒe dzedze nu.” (Yesaya 60:3) Amekawoe nye ‘fia’ siwo woyɔ le afisia? Woawoe nye ame 144,000 la ƒe susɔea siwo kple Yesu Kristo nye dziƒo Fiaɖuƒea ƒe hadomenyilawo eye woxɔ ŋgɔ le ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ me. (Romatɔwo 8:17; Nyaɖeɖefia 12:17; 14:1) Egbea la, “anyigba dzi dukɔwo” me tɔ siwo si anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le eye wovaa Yehowa gbɔ be yewoaxɔ mɔfiame eye wokpea ame bubuwo hã be woava xɔ mɔfiame la sɔ gbɔ sasasã wu amesiamina akpe ʋɛ siwo susɔ.—Yesaya 2:3.
Yehowa Subɔla Veviedonulawo
5. (a) Nukawoe fia be Yehowa ƒe amewo ƒe dzonɔameme nu metsi o? (b) Dukɔ kawo ƒe dzidziɖedzie ɖe dzesi le ƒe 1999 me? (Kpɔ akɔntabubu si le axa 17-20.)
5 Aleke gbegbe Yehowa ƒe Ðasefo egbegbetɔwo do vevie nu le ƒe alafa 20 lia sia mee nye si! Eye togbɔ be wotsia tsitre ɖe wo ŋu edziedzi hã la, woƒe dzonɔamemea nu metsi esi ƒe 2000 lia tu aƒe o. Wogatsɔ Yesu ƒe sededea nya vevii kokoko, si nye: “[Miwɔ] dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19, 20) Nyanyuigbeƒãɖela siwo tsɔ dzo ɖe dɔ ŋu ƒe xexlẽme ɖo agbɔsɔsɔ yeye si nye 5,912,492 le ƒe alafa 20 lia ƒe subɔsubɔƒe mamlɛa me. Wozã gaƒoƒo gbogbo si nye 1,144,566,849 tsɔ ƒo nu na amewo tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Wotrɔ yi ɖetsɔlemetɔ 420,047,796 gbɔ eye wowɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ femaxee kple ame 4,433,884. Subɔsubɔ veviedonutɔe ka gbegbee wɔ nuku ale!
6. Ðoɖo yeye kae wowɔ na mɔɖelawo, eye aleke amewo xɔe?
6 Le January si va yi me la, Dziɖuha la ɖe gbeƒã asitɔtrɔ aɖe si wowɔ le mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidia ŋu. Ame geɖe zã mɔnukpɔkpɔa hege ɖe gbesiagbe alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa me. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1999 ƒe ɣleti ene gbãtɔwo me la, Netherlands-lɔdzedɔwɔƒea xɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe dɔbiagbalẽ si de esi woxɔ le ƒe si do ŋgɔ ƒe ɣeyiɣi ma ke me ƒe teƒe ene sɔŋ. Ghana ka nya ta be: “Tso esime mɔɖelawo ƒe gaƒoƒonudidi yeyea dze egɔme la, dzidzim ɖe edzi koe míaƒe gbesiagbe mɔɖelawo ƒe xexlẽme le.” Le ƒe 1999 subɔsubɔƒea me la, mɔɖelawo ƒe xexlẽme le xexeame godoo ɖo 738,343—enye ‘veviedodo le dɔ nyuiwo wɔwɔ me’ ɖeɖe fia nyui aɖe.—Tito 2:14.
7. Aleke Yehowa yra ɖe esubɔlawo ƒe dɔwɔwɔ veviedodotɔe dzii?
7 Ðe Yehowa yra ɖe subɔsubɔdɔ sia si wowɔ veviedodotɔe dzia? Ẽ. Egblɔ to Yesaya dzi be: “Fɔ kɔ dzi nakpɔ nu godoo va kpe, wo katã woƒo ta kpli gbɔna gbɔwò! Wò ŋutsuviwo atso didiƒe ava, eye woakpa wò nyɔnuviwo ɖe axada me.” (Yesaya 60:4) ‘Viŋutsuvi’ kple ‘vinyɔnuvi’ amesiamina siwo nu woƒo ƒu la gale Mawu subɔsubɔ dzi veviedodotɔe. Eye fifia la, wole Yesu ƒe alẽ bubuawo nu ƒom ƒu ɖe Yehowa ƒe ‘viŋutsuwo’ kple ‘vianyɔnuvi’ siwo wosi ami na la xa le dukɔ kple ƒukpo 234 dzi.
“Dɔ Nyui Sia Dɔ Nyui”
8. ‘Dɔ nyui’ kawo wɔwɔ ŋue Yehowa Ðasefowo biã ŋku ɖo?
8 Enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒenyanyuia ahakpe ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu be woazu nusrɔ̃lawo. Gake wole ‘dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’ (Timoteo II, 3:17) Eyata wokpɔa woƒe ƒomewo dzi lɔlɔ̃tɔe, wowɔa amedzro, eye wosrãa dɔnɔwo kpɔna. (Timoteo I, 5:8; Hebritɔwo 13:16) Eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le dɔ geɖe wɔm, siwo dome Fiaɖuƒe Akpatawo tutu hã le—enye dɔwɔna si hã nyea ɖaseɖiɖi. Esi wowu akpata aɖe tutu nu le Togo la, gbɔgbɔha aɖe ƒe tatɔwo va bia be yewoanya nusita Yehowa Ðasefowo ŋutɔwo te ŋu tua woƒe xɔwo gake wòle be sɔlemehaa ya nahaya amewo hafi atu wo tɔ hã! Nyatakaka tso Togo be Fiaɖuƒe Akpata nyuiwo tutu kpɔ ŋusẽ nyui ɖe nutoa me tɔwo dzi ale gbegbe be amewo dzea agbagba be yewoahaya xɔ alo atu xɔ ɖe nuto siwo wogbɔna akpatawo tu ge ɖo la me.
9. Aleke Yehowa Ðasefowo wɔ nui esi afɔkuwo dzɔ?
9 Dɔ nyui bubuwo wɔwɔ hiãna ɣeaɖewoɣi. Afɔkuwo gblẽ nu le dukɔ geɖe me le subɔsubɔƒe si va yi me, eye enuenu la, Yehowa Ðasefowoe ɖoa teƒeawo gbã be yewoana kpekpeɖeŋu. Le kpɔɖeŋu me, ahom sesẽ si woyɔna be Mitch gblẽ nu le Honduras ƒe akpa geɖe. Enumake alɔdzedɔwɔƒea ɖo nyadzɔkpata kɔmitiwo be woakpɔ kpekpeɖeŋunanadɔwo gbɔ. Ðasefo siwo le Honduras kple dukɔ bubuwo me dzɔ nudodowo, nuɖuɖu, atike, kple nuhiahiã vevi bubuwo. Nutome Xɔtukɔmitiwo zã woƒe aɖaŋuwo tsɔ gbugbɔ tu xɔwoe. Eteƒe medidi o, wokpe ɖe mía nɔvi siwo dzi nyaa dzɔ ɖo la ŋu be wogadze woƒe gbesiagbedɔwɔnawo gɔme. Le Ecuador la, Yehowa Ðasefowo va kpe ɖe wo nɔviwo ŋu esi tsiɖɔɖɔ gãwo gblẽ woƒe aƒe aɖewo. Esi dziɖuɖumegã aɖe lé ŋku ɖe mɔ nyui si dzi woto kpɔ nɔnɔmea gbɔ ŋu vɔ la, egblɔ be: “Ne ɖe ƒuƒoƒo sia tɔgbe le asinye la, anye ne mawɔ nu gãwo! Ðe wòle be miawo tɔgbe nanɔ xexeame ƒe akpa sia akpa hafi.” Dɔ nyui siawo tɔgbe wɔwɔ nyea kafukafu na Yehowa Mawu eye wònye kpeɖodzi be ‘mawusosroɖa si nyo na nusianu’ la le mía si.—Timoteo I, 4:8.
‘Wole Ya Ʋum abe Alilikpo Ene’
10. Togbɔ be amesiaminawo ƒe xexlẽme le ɖiɖim hã la, nukatae wokpɔtɔ le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ŋkɔ wu tsã?
10 Azɔ Yehowa bia be: “Amekawoe nye esiawo, siwo le ya ʋum abe alilikpo ene, eye abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene? Nyee ƒukpowo le mɔ kpɔm na, eye Tarsis-ƒukpowo do ŋgɔ, be woakplɔ viwòwo tso didiƒe vɛ . . . Amedzroviwo aɖo wò gliwo, eye woƒe fiawo asubɔ wò.” (Yesaya 60:8-10) Amesiwo tso ɖe Yehowa ƒe ‘keklẽ’ ŋu gbãe nye ‘viawo,’ siwo nye Kristotɔ amesiaminawo. Emegbe ‘amedzrovi’ siwo nye ameha gã siwo subɔa wo nɔvi amesiaminawo nuteƒewɔwɔtɔe la kplɔe ɖo, eye woxɔa woƒe mɔfiame le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Eyata togbɔ be amesiaminawo ƒe xexlẽme le ɖiɖim hã la, wokpɔtɔ le gbeƒã ɖem Yehowa ƒe ŋkɔ le anyigba dzi godoo wu tsã.
11. (a) Nukae gale edzi yim kokoko eye nukae do tso eme le ƒe 1999 me? (b) Dukɔ kawo ƒe nyɔnyrɔxɔlawo ƒe xexlẽmee ɖe dzesi le ƒe 1999 me? (Kpɔ akɔntabubu si le axa 17-20.)
11 Ewɔe be ame miliɔn geɖe le ya ʋum “abe ahɔnee yina ɖe eƒe xɔ gbɔ ene,” eye wokpɔa sitsoƒe le Kristo-hamea me. Ame akpe geɖe va kpenɛ ƒe sia ƒe, eye mɔa gale ʋuʋu ɖi na ame bubu geɖewo. Yesaya gblɔ be: “Wò agbowo anɔ nuvo ɖaa, eye womado wo o zã kple keli, ne woahe dukɔwo ƒe kesinɔnuwo vɛ na wò, eye woƒe fiawo nanɔ wo nu.” (Yesaya 60:11) Le ƒe si va yi me la, ame 323,439 ye xɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzi, eye metu agboawo haɖe o. “Dukɔwo katã ƒe nu vevitɔ” siwo nye ameha gã la me tɔwo lɔ hoo le agboawo nu tom kokoko. (Xagai 2:7) Womenyãa amesiwo di be yewoado go le vivitia me la dometɔ aɖeke o. (Yohanes 12:46) Megadzɔ gbeɖe be amesiawo nadzudzɔ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe kekelia ŋu o!
Womevɔ̃na ne Wotsi Tre Ðe Wo Ŋu O
12. Aleke amesiwo lɔ̃ vivitia te kpɔ be yewoatsi akaɖia?
12 Amesiwo lɔ̃ vivitia léa fu Yehowa ƒe kekelia. (Yohanes 3:19) Wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã tena kpɔ be yewoatsi akaɖia. Nusia mewɔ nuku o. Yesu gɔ̃ hã si nye “kekeli vavã, si klẽna ɖe amesiame me la” detɔwo ɖu fewu le eŋu, wotsi tre ɖe eŋu, eye wowui mlɔeba. (Yohanes 1:9) Le ƒe alafa 20 lia sia katã me, esi Yehowa Ðasefowo hã tsɔ nuteƒewɔwɔ na be Yehowa ƒe kekelia le keklẽm ta la, wodoa vlo wo, wodea wo gaxɔ me, woxea mɔ ɖe woƒe dɔ nu, eye wowua wo gɔ̃ hã. Le míaƒe ƒe siawo me la, tsitretsiɖeŋulawo te alakpanyawo gbɔgblɔ to nyatakakamɔnuwo me tso amesiwo naa Mawu ƒe kekelia klẽna ŋu. Ame aɖewo di be yewoana amewo naxɔe ase be Yehowa Ðasefowo nye ame vɔ̃ɖiwo eye ele be woaɖo asi woƒe dɔ dzi loo alo woaxe mɔ ɖe enu. Ðe wòdze edzi na tsitretsiɖeŋula siawoa?
13. Nukae do tso nyakakamɔnu siwo wozã le ŋuɖɔɖo me tsɔ na numekɔkɔ tso míaƒe dɔa ŋu la me?
13 Ao. Le afisiwo wòsɔ le la, Yehowa Ðasefowo zã nyakakamɔnuwo tsɔ ɖe nyaawo me. Ewɔe be woɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le nyadzɔdzɔgbalẽwo kple magazinewo me kple le television kple radio dzi. Nusia na gbeƒãɖeɖedɔa tse ku nyuiwo. Le kpɔɖeŋu me le Denmark la, wɔna aɖe yi edzi le dukɔa ƒe television dzi si ku ɖe nyati si nye “Nusita Denmarktɔwo ƒe xɔse le gbɔdzɔgbɔdzɔm” ŋu. Wobia gbe Yehowa Ðasefowo kple ha bubu me tɔwo. Emegbe aƒenɔ aɖe si kpɔ wɔnaa gblɔ be: “Amesiwo dzi Mawu ƒe gbɔgbɔa le dze ƒã.” Wodze nusɔsrɔ̃ gɔme kplii.
14. Nukae tsitretsiɖeŋulawo ava kpɔ adze sii kokoko eye wòazu ŋukpe na wo?
14 Yehowa Ðasefowo nya be xexe sia me tɔ geɖe atsi tre ɖe yewo ŋu. (Yohanes 17:14) Ke hã la, Yesaya ƒe nyagblɔɖi sia doa ŋusẽ wo, si nye: “Amesiwo sẽ ŋuta le ŋuwò la ƒe viwo ado dɔgɔ̃e ava gbɔwò, amesiwo katã ɖe alɔme le ŋuwò la, ade ta agu ɖe wò afɔ nu ahayɔ wò be ‘Yehowa ƒe du,’ ‘Israel ƒe kɔkɔetɔ ƒe Zion.’ ” (Yesaya 60:14) Eteƒe madidi o ŋu akpe tsitretsiɖeŋulaawo ne wova kpɔe be Mawu ŋutɔe yewole avu wɔm kplii. Amekae ate ŋu aɖu aʋa sia tɔgbe dzi?
15. Aleke Yehowa Ðasefowo ‘noa dukɔwo ƒe notsi,’ eye aleke esia dze le nufiafia kple nyanyuigbɔgblɔ dɔa mee?
15 Yehowa gado ŋugbe be: “Matsɔ wò awɔ atsyɔ̃e tegbee . . . Àno dukɔwo ƒe notsi, eye àno fiawo ƒe no, ne nadze sii be, nye Yehowa enye wò xɔnametɔ.” (Yesaya 60:15, 16) Ẽ, Yehowae nye Xɔnametɔ na eƒe amewo. Ne woɖo ŋu ɖe eŋu la, woanɔ anyi “tegbee.” Eye ‘woano dukɔwo ƒe notsi’ azã mɔnu siwo li dometɔ aɖewo atsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe. Le kpɔɖeŋu me, kɔmpiuta kple kadodoɖaŋuwo zazã nunyatɔe wɔe be wote ŋu taa Gbetakpɔxɔ ɖe gbegbɔgblɔ 121 me eye Nyɔ! ɖe 62 me le ɣeyiɣi ɖeka me. Wotrɔ asi le kɔmpiutadɔwɔɖoɖo tɔxɛ aɖe ŋu bene woate ŋu aɖe New World Translation Biblia la gɔme ɖe gbegbɔgblɔ yeyewo me, eye gbegɔmeɖeɖe alea hea dzidzɔ geɖe vɛ. Esi woɖe Croatiagbe me Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖe go le ƒe 1999 me la, ame akpe geɖe fa dzidzɔvi. Nɔviŋutsu tsitsi aɖe gblɔ be: “Melala Biblia sia eteƒe didi. Mate ŋu aku le ŋutifafa me azɔ!” New World Translation Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖe si wota hema la wu miliɔn 100 le gbegbɔgblɔ 34 me.
Agbenyuinɔnɔ ƒe Dzidzenu Kɔkɔwo
16, 17. (a) Togbɔ be esesẽ hã la, nukata wòle vevie ŋutɔ be woanɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔawo nu? (b) Nuteƒekpɔkpɔ kae ɖee fia be sɔhɛwo ate ŋu aƒo asa na xexeame ƒe ɖiƒoamenuwo?
16 Yesu gblɔ be: “Amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la.” (Yohanes 3:20) Gake amesiwo yia edzi nɔa kekelia me la lɔ̃a Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔawo. Yehowa gblɔ to Yesaya dzi be: “Wò dukɔ anye ame dzɔdzɔewo sɔŋ.” (Yesaya 60:21a) Anye nu sesẽ ŋutɔ be woayi edzi anɔ agbe ɖe dzidzenu dzɔdzɔewo nu le xexe si me gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, aʋatsokaka, ŋukeklẽ, kple dada bɔ ɖo la me. Le kpɔɖeŋu me le dukɔ aɖewo me la, ganyawo le nyonyom ɖe edzi eye ele bɔbɔe be woatrɔ susu ɖe kesinɔnudidi koŋ ŋu. Gake Paulo xlɔ̃ nu be: “Amesiwo dina be, yewoazu kesinɔtɔwo la, gena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.” (Timoteo I, 6:9) Aleke wòwɔ nublanui enye si ne ame aɖe nyrɔ eɖokui ɖe gadidɔwo me ale gbegbe be wòɖea asi le nusiwo le vevie ŋutɔŋutɔ abe hadede kple Kristotɔwo, subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ, agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo, kple ƒomegbanɔamedziwo ŋu!
17 Agbenɔnɔ ɖe dzidzenu dzɔdzɔewo nu ate ŋu anye nu sesẽ, vevietɔ na sɔhɛwo, esi wo hati geɖe zãa atikevɔ̃ɖiwo henɔa agbe gbegblẽ ta. Le Suriname la, ŋutsuvi dzeɖekɛ aɖe te ɖe nyɔnuvi ƒe 14 vi aɖe ŋu le suku hegblɔ nɛ be yewoadɔ. Nyɔnuvia gbe, eye wòɖe nu me be Biblia tsri nusia na amesiwo meɖe srɔ̃ o. Nyɔnuvi bubu siwo le sukua ɖe alɔme le eŋu eye wodze agbagba be yewoaƒoe ɖe enu wòatrɔ eƒe susu, eye wogblɔ nɛ be amesiame di be yeadɔ kple ŋutsuvi ma tututu. Ke hã nyɔnuvia tɔ afɔ to sesĩe. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, wodo ŋutsuvia kpɔ eye wokpɔe be AIDS-dɔlékuia le eŋu ale be wòdze dɔ vevie. Dzi dzɔ nyɔnuvia be yewɔ ɖe se si Yehowa de be ‘woatsri matrewɔwɔ’ la dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Sɔhɛ siwo le Yehowa Ðasefowo dome siwo ɖonɛ kplikpaa hewɔa nu dzɔdzɔe la nye dada na wo ale gbegbe. Wo kple wo dzilawo ƒe xɔse ‘ɖoa atsyɔ̃’—enyea bubu—na Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ.—Yesaya 60:21b.
Yehowa Gbɔe Dzidziɖedzia Tso
18. (a) Nu gã kae Yehowa wɔ na eƒe amewo? (b) Kpeɖodzi kae li si fia be dzidziɖedzia aganɔ edzi yim, eye etsɔme nyui kae li na amesiwo akpɔtɔ anɔ kekelia me?
18 Ẽ, Yehowae na kekelia klẽ ɖe eƒe amewo dzi, eye wòyra wo, fiaa mɔ wo, hedoa ŋusẽ wo. Wokpɔ Yesaya ƒe nyawo me vava le ƒe alafa 20 lia sia me, si gblɔ be: “Ame suewo azu akpe, eye ame [ʋɛwo] azu dukɔ sesẽ. Nye Yehowa, nye asi matsɔ awɔe le ewɔɣi.” (Yesaya 60:22) Tso ame ʋɛ siwo nɔ anyi le ƒe 1919 me dzi la, “ame suewo” va wu “akpe” kura. Eye dzidziɖedzia mewu enu haɖe o! Le ƒe si va yi me la, ame 14,088,751 ye de Yesu ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Amesiawo dometɔ geɖe menye Ðasefo ŋutɔŋutɔwo o. Enye dzidzɔ na mí be wova azã vevi ma ɖuƒe, eye míele wo kpem be woayi edzi anɔ tetem ɖe kekelia ŋu. Yehowa kpɔtɔ le keklẽm ɖe eƒe amewo dzi. Eƒe habɔbɔa ƒe ʋɔtru gale ʋuʋu ɖi. Ekema neva eme be mí katã míaɖoe kplikpaa be míanɔ Yehowa ƒe kekelia me. Yayra kawo gbegbee nye si ado tso eme na mí fifia! Eye dzidzɔ ka gbegbee nye si wòanye na mí le etsɔ si gbɔna me esime nuwɔwɔwo katã akafu Yehowa eye woatso aseye le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe kekeli gã la me!—Nyaɖeɖefia 5:13, 14.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Amekawoe na Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe klẽ le ŋkeke mamlɛ siawo me?
• Nukae fia be Yehowa ƒe amewo ƒe dzonɔamemea nu metsi o?
• Dɔ nyui siwo wɔwɔ ŋu Yehowa Ðasefowo biã ŋku ɖo dometɔ aɖewo ɖe?
• Togbɔ be wotsia tre ɖe mía ŋu vevie hã la, kakaɖedzi kae le mía si?
[Nyaɖoɖo si le 17-20]
YEHOWA DASEFO SIWO LE XEXEAME KATÃ ƑE ƑE 1995 SUBƆSUBƆƑEA ƑE AKƆNTABUBU
(See bound volume)
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Amewo gale zi nyem va Yehowa ƒe habɔbɔa me kokoko
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Enye dzidzɔ na mí be Yehowa na ʋɔa le ʋuʋu ɖi na amesiwo lɔ̃ kekeli la