Ðo To Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La
“Nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mía si, eye miewɔe nyuie bena, [mieɖoa toe].”—PETRO II, 1:19.
1, 2. Aʋatsomesiawo ƒe kpɔɖeŋu kae nàte ŋu ana?
ƑE ALAFA geɖe enye sia si aʋatsomesiawo le agbagba dzem be yewoagblɔ etsɔme ɖi. Le ƒe alafa atɔ̃lia M.Ŋ. me la, ŋutsu aɖe si be ye ŋkɔe nye Moses na Yudatɔ siwo nɔ Crete-ƒukpo dzi se egɔme be yee nye mesia la eye be yeaɖe wo tso teteɖeanyi me. Le ŋkeke si wòɖo be yeaɖe wo dzi la, wokplɔe ɖo yi kɔkɔƒe aɖe si le Mediterranea Ƒua ŋu. Egblɔ na wo be ne wodzo dze ƒua me ko la, eme ama wòazu mɔ le wo ŋgɔ. Amesiwo dzo dze ƒua me dometɔ gbogbo aɖewo no tsi ku, eye aʋatsomesia ma bu vĩ.
2 “Mesia” bubu hã do le Yemen le ƒe alafa 12 lia me. Afima ƒe tatɔ, alo dziɖula, biae be wòafia nusi nye eƒe mesianyenye ƒe dzesi. “Mesia” sia gblɔ na dziɖula la be wòana woatso ta le ye nu. Egblɔe ɖi be yeagatsi tre enumake eye emae anye dzesi na wo. Dziɖula la lɔ̃ ɖe ɖoɖo sia dzi—eye emae nye “mesia” ma ƒe nuwuwu.
3. Amekae nye Mesia vavãtɔ la, eye nuka dzie eƒe subɔsubɔdɔ ɖo kpee?
3 Ameflulawoe aʋatsomesiawo nye eye woƒe nyagblɔɖiwo hã doa kpo emevava keŋkeŋ, gake toɖoɖo Mawu ƒe nyagblɔɖinya makplɔ mí atrae gbeɖe o. Yesu Kristo, amesi nye Mesia vavãtɔ la na Biblia ƒe nyagblɔɖi geɖe va eme. Le kpɔɖeŋu me, esi Nyanyuiŋlɔla Mateo nɔ nya yɔm tso Yesaya ƒe nyagblɔɖi me la, eŋlɔ be: “ ‘Zebulon-nyigba kple Naftali-nyigba, ƒutamɔ, Yordan godo, trɔ̃subɔlawo ƒe Galilea, dukɔ, si ke nɔ viviti me la, kpɔ kekeli gã aɖe, eye amesiwo nɔ ku ƒe anyigba dzi kple eƒe vɔvɔli me la, kekeli dze na wo.’ Tso ekema dzi la Yesu de asi gbeƒãɖeɖe me le gbɔgblɔm bena: Mitrɔ le miaƒe dzi me, elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ!” (Mateo 4:15-17; Yesaya 9:1, 2) Yesue nye “kekeli gã” ma, eye eƒe subɔsubɔdɔ ɖo kpe edzi be eyae nye Nyagblɔɖila si Mose gblɔ ɖi be ava. Woatsrɔ̃ amesiwo agbe toɖoɖo Yesu.—Mose V, 18:18, 19; Dɔwɔwɔwo 3:22, 23.
4. Aleke Yesu na Yesaya 53:12 va emee?
4 Yesu na Yesaya 53:12 hã va eme, si nye: “Etsɔ eƒe agbe de ku me, eye wòna wobui kpe ɖe vodalawo ŋu, evɔ wònye ede ta ame geɖewo ƒe nuvɔ̃wo te, eye wòɖe kuku ɖe vodalawo ta hafi.” Esi Yesu nya be madidi o yeatsɔ yeƒe agbe axe tafee ta la, edo ŋusẽ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe xɔse. (Marko 10:45) Ewɔ esia le mɔ ɖedzesi aɖe nu le eƒe nɔnɔmetɔtrɔa me.
Nɔnɔmetɔtrɔa Doa Ŋusẽ Xɔse
5. Ne àzã wò ŋutɔ wò nyagbewo la, aleke nàɖɔ nɔnɔmetɔtrɔ lae?
5 Nudzɔdzɔ si ganye nyagblɔɖie nɔnɔmetɔtrɔa nye. Yesu gblɔ be: “Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo . . . Vavã mele egblɔm na mi bena, ame aɖewo le amesiwo le tsitre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.” (Mateo 16:27, 28) Ðe apostoloawo dometɔ aɖewo kpɔ Yesu wògbɔna le eƒe Fiaɖuƒea me nyateƒea? Mateo 17:1-7 gblɔ be: “Le ŋkeke ade megbe la Yesu tsɔ Petro kple Yakobo kple nɔvia Yohanes kpe ɖe eɖokui ŋuti, eye wòkplɔ wo yi to kɔkɔ aɖe dzi, woawo ɖeɖe. Eye eƒe nɔnɔme trɔ le woƒe ŋku me.” Nudzɔdzɔ wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye si! “Eƒe mo klẽ sigbe ɣe ene, eye eƒe awuwo fu tititi abe kekeli ene. Eye kpɔ ɖa, Mose kple Eliya woɖe wo ɖokui fia wo hele dze ɖom kplii.” Azɔ hã, “alilikpo, si klẽ la, do vɔvɔli ɖe wo dzi,” eye wose Mawu ŋutɔ ƒe gbe wònɔ gbɔgblɔm be: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama! Eye esi nusrɔ̃lawo see la, wotsyɔ mo anyi, eye wovɔ̃ ŋutɔ. Eye Yesu va wo gbɔ, eye wòde asi wo ŋu gblɔ bena: Mitsi tre, eye migavɔ̃ o!”
6. (a) Nukatae Yesu yɔ nɔnɔmetɔtrɔa be ŋutega? (b) Nukae nɔnɔmetɔtrɔa na wokpɔ do ŋgɔ?
6 Anye Hermon Toa ƒe togbaka aɖe si dzi Yesu kple eƒe apostolo etɔ̃awo tsi dɔ dzie nu dziŋɔ sia dzɔ le. Edze ƒã be zã mee nɔnɔmetɔtrɔa dzɔ le, si na be wògadze nyuie wu. Susu si ta Yesu yɔe be ŋutega enye be Mose kple Eliya siwo ku xoxoxo la menɔ agbe ŋutɔŋutɔ o. Kristo koe nye ame ŋutɔŋutɔ nɔ wo dome. (Mateo 17:8, 9, NW) Ðeɖefia sia si klẽ nenema gbegbe la na Petro, Yakobo, kple Yohanes kpɔ Yesu ƒe anyinɔnɔ le ŋutikɔkɔe me le Fiaɖuƒeŋusẽ me do ŋgɔ. Mose kple Eliya tsi tre ɖi na Yesu ƒe hadomenyila amesiaminawo, eye ŋutegaa gaɖo kpe Fiaɖuƒea kple eƒe fianyenye si nɔ ŋgɔ si ŋu wòɖia ɖase le la dzi.
7. Aleke míewɔ nya be Petro gaɖo ŋku ŋutegaa dzi nyuie?
7 Nɔnɔmetɔtrɔa do ŋusẽ apostolo siawo siwo gbɔna ŋgɔ xɔ ge le Kristo-hamea me la ƒe xɔse. Kristo ƒe mo si klẽ, eƒe awu siwo fu tititi, kple Mawu ŋutɔ ƒe gbe si gblɔ be Yesu nye Ye Vi si gbɔ yemelɔ̃a nu le o si wòle be woaɖo toe—la katã wɔ woƒe dɔ nyuie. Gake mele be apostoloawo nagblɔ ŋutegaa ŋu nya na ame aɖeke o vaseɖe esime wofɔ Yesu ɖe tsitre hafi. Anɔ ƒe 32 megbe la, ŋutega sia ganɔ Petro ƒe susu me nyuie. Esi wònɔ susu hem yi nudzɔdzɔa kple nusi wòfia dzi la, eŋlɔ be: “Menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esime míena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe vava la o; ke boŋ míenye eƒe gãnyenye, si míekpɔ kple ŋku la, ƒe ɖaseɖilawo. Elabena exɔ bubu kple ŋutikɔkɔe tso Mawu Fofo la gbɔ, esime nenem gbe sia ɖi tso ŋutikɔkɔe gã nyui la me va egbɔ bena: ‘Amesia nye Vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye!’ Eye mía ŋutɔwo míese gbe sia tso dziƒo, esime míeli kplii le to kɔkɔe la dzi.”—Petro II, 1:16-18.
8. (a) Nuka dzie nya si Mawu gblɔ le Via ŋu he susu yii? (b) Nukae alilikpo si dze le nɔnɔmetɔtrɔa me fia?
8 Nu vevitɔe nye nya siwo Mawu gblɔ be: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!” Nya sia he susu yi Yesu dzi be enye Fia si Mawu ɖo zi dzi, amesi wòle be nuwɔwɔwo katã naɖo toe. Alilikpo si do vɔvɔli la fia be womakpɔ ŋutega sia me vava kple ŋku o. Amesiwo ate ŋu akpɔ Yesu ƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔa le Fiaɖuƒeŋusẽ me ƒe ‘dzesia’ koe ate ŋu atsɔ woƒe nugɔmeseseŋkuwo akpɔe. (Mateo 24:3) Le nyateƒe me la, alesi Yesu xlɔ̃ nu wo be woagagblɔ ŋutegaa na ame aɖeke o vaseɖe esime yefɔ tso ame kukuwo dome hafi la fia be eƒe tsitretsitsia megbe hafi woadoe ɖe dzi ahakɔ eŋuti.
9. Nukatae wòle be nɔnɔmetɔtrɔa nado ŋusẽ míaƒe xɔse?
9 Esi Petro he susu yi nɔnɔmetɔtrɔa dzi vɔ la, egblɔ be: “Nyagblɔɖi, si li ke sesĩe wu la, le mía si, eye miewɔe nyuie bena, [mieɖoa toe], abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣleti ladze le miaƒe dziwo me; eye minya esia gbã bena, ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖiwo katã metso ame ŋutɔ ƒe gɔmefiafia gbɔ o; elabena nyagbɔgblɔɖi aɖeke metso ame ƒe lɔlɔ̃nu me kpɔ o, ke boŋ [gbɔgbɔ] kɔkɔe lae ʋã Mawu ƒe ame kɔkɔewo, hafi wogblɔ nya ɖi.” (Petro II, 1:19-21) Nɔnɔmetɔtrɔa ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa ŋu. Ele be míalé to ɖe nya sia ŋu ke menye “gli, siwo wokpa kple aɖaŋu,” siwo metso Mawu gbɔ alo esiwo dzi meda asi ɖo o la o. Ele be nɔnɔmetɔtrɔa nado ŋusẽ alesi míexɔ nyagblɔɖinyaa dzi see elabena Yesu ƒe ŋutikɔkɔe me nɔnɔ le Fiaɖuƒeŋusẽ me si wokpɔ le ŋutegaa me do ŋgɔ la nye nu ŋutɔŋutɔ fifia. Ẽ, kpeɖodzi si ŋu ɖikeke mele o la le mía si be Kristo nye Dziƒofia sẽŋu si li egbea.
Alesi Ŋukeɣletivia Dzenae
10. Ameka alo nukae nye “ŋukeɣletivi” si Petro yɔ, eye nukatae nèɖo eŋu nenema?
10 Petro ŋlɔ be: “Miewɔe nyuie bena, [mieɖoa to nyagblɔɖinya la], abe akaɖi, si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, halase esime ŋu lake, eye ŋukeɣletivi ladze le miaƒe dziwo me.” Ameka alo nukae nye “ŋukeɣletivi” la? Zi ɖeka koe nya “ŋukeɣletivi” dze le New World Translation Biblia me, eye nusi wòfia sɔ kple ‘ɣletivi si dzena le ŋdi me.’ Woyɔ Yesu Kristo be “ŋukeɣletivi keklẽ” le Nyaɖeɖefia 22:16. Le ƒea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me la, ɣletivi siawoe nye mamlɛtɔ siwo dzena tsoa ɣedzeƒe. Wodzena wokpɔna do ŋgɔ teti na ɣe ƒe dzedze, eyata wonaa amewo nyana be ŋu ke vɔ. Petro zã nya “ŋukeɣletivi” na Yesu le Eƒe Fiaɖuƒeŋusẽ xɔxɔ vɔ megbe. Yesu do ɣemaɣi le xexeame katã, kple anyigba dzi hã! Esi wònye Mesia Ŋukeɣletivi ta la, eɖea gbeƒãe be ŋkeke, alo azã, yeye aɖe ɖo vɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo.
11. (a) Nukatae Petro II, 1:19 mefia be “ŋukeɣletivi” dzena le amegbetɔwo ƒe dzi ŋutɔŋutɔ me o? (b) Aleke nàɖe Petro II, 1:19 mee?
11 Biblia-gɔmeɖeɖe geɖe na wosea egɔme be amegbetɔ ƒe dzi ŋutɔŋutɔ ŋue apostolo Petro ƒe nya siwo le Petro II, 1:19 la ku ɖo. Ame tsitsi ƒe dzi ƒe kpekpeme nɔa gram 250 vaseɖe 300 ko. Aleke wòanya wɔ be Yesu Kristo—amesi nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumaku si wodo ŋutikɔkɔe na wòle dziƒo fifia—nadze le amegbetɔ ƒe ŋutinu sue siawo me? (Timoteo I, 6:16) Gake míaƒe kpɔɖeŋudzi wɔa akpa aɖe le nya sia me, elabena míete ŋu tsɔa wo dzroa Mawu ƒe nyagblɔɖinya la me. Gake gbugbɔ lé ŋku ɖe Petro II, 1:19 ŋu nyuie, eye àkpɔe be le New World Translation Biblia me la, wotsɔ gbɔviedzesiwo ma nyagbɔgblɔ “halase esime ŋu lake eye ŋukeɣletivi ladze” kpakple esiwo wogblɔ do ŋgɔ le kpukpuia me la dome, eye wotsɔe ma wo kple nyagbɔgblɔ “le miaƒe dziwo me” hã dome. Míagate ŋu aŋlɔ kpukpui sia ale: ‘Nyagblɔɖinya si dzi wogbugbɔ ɖo kpee la le mía si; eye miewɔe nyuie be míeléa fɔ ɖe eŋu abe akaɖi si le keklẽm le tsyɔtsyɔƒe ene, si nye, miaƒe dziwo me, vaseɖe esime ŋu lake eye ŋukeɣletivi ladze.’
12. Nɔnɔme ka mee amegbetɔwo katã kloe ƒe dziwo le, gake aleke wòle le Kristotɔ vavãwo gome?
12 Aleke ameƒome nuvɔ̃mewo ƒe kpɔɖeŋudzia ƒe nɔnɔme le koŋ? Nya lae nye be, woƒe dziwo le gbɔgbɔmeviviti me! Gake ne Kristotɔ vavãwoe míenye la, ɖeko wòle abe ɖe akaɖi le keklẽm le míaƒe dzi siwo anye ne wo me do viviti hafi la me ene. Abe alesi Petro ƒe nyawo fia ene la, fɔléle ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinya si kɔa nu me ŋu dzi koe Kristotɔ vavãwo ato hafi anɔ ŋudzɔ ɖe ŋu yeyea ƒe keke ŋu ahase nuwo gɔme. Woadze sii be Ŋukeɣletivia do be nuwɔwɔwo katã nakpɔ, ke menye le amegbetɔwo ƒe dzi ŋutɔŋutɔ me o.
13. (a) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be Ŋukeɣletivia do xoxo? (b) Nukatae Kristotɔwo ate ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo Yesu gblɔ ɖi be woadzɔ le míaƒe ŋkekea me la me?
13 Ŋukeɣletivia do xoxo! Míate ŋu akpɔ kakaɖedzi na nya sia ne míelé ŋku ɖe nyagblɔɖi gã si Yesu gblɔ ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu la ŋuti. Nusiwo le dzɔdzɔm míele kpɔkpɔm egbea siwo nye emevava siwo tɔgbewo medzɔ kpɔ o enye aʋawɔwɔwo, dɔwuame, anyigbaʋuʋuwo, kple gbeƒãɖeɖe nyanyuia le xexeame katã. (Mateo 24:3-14) Togbɔ be nɔnɔme sesẽ siwo Yesu gblɔ ɖi lɔ mí Kristotɔwo hã ɖe eme hã la, ŋutifafa kple dzidzɔ le míaƒe dzi me míetsɔ le dzi domee. Nukatae? Elabena míeléa to ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa ŋu eye míexɔ nusiwo wòdo ŋugbe be yeava wɔ le etsɔme dzi se. Míenya be míeɖo ɣeyiɣi nyuitɔwo kekeake ƒe agbo nu elabena míele ‘nuwuɣia’ me ʋĩ ŋutɔ! (Daniel 12:4) Xexeame ɖo mɔkpɔkpɔbuɖeame ƒe nɔnɔme sesẽ si wogblɔ ɖi le Yesaya 60:2 la me, si gblɔ be: “Viviti xɔ anyigba dzi, eye blukɔ tsyɔ dukɔwo.” Aleke ame awɔ anya mɔ si dzi wòato le viviti sia me? Ele be wòatsɔ ɖokuibɔbɔ alé fɔ ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa ŋu fifia hafi wòava tsi megbe akpa. Ele be dzianukwaretɔwo natrɔ ɖe Yehowa Mawu, amesi nye agbe kple kekeli Dzɔtsoƒe la ŋu. (Psalmo 36:10; Dɔwɔwɔwo 17:28) Esia wɔwɔ koe ana gɔmesese vavãtɔ nasu ame si eye mɔkpɔkpɔ anɔ esi be yease vivi na etsɔme mavɔ si Mawu ɖo be yeana ameƒomea me tɔ toɖolawo.—Nyaɖeɖefia 21:1-5.
“Kekeli Va Xexeame”
14. Nukae wòle be míawɔ hafi akpɔ Biblia ƒe nyagblɔɖi wɔnukuwo me?
14 Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ be Yesu Kristo le Fia ɖum fifia. Le esi wòxɔ ŋusẽ le ƒe 1914 me ta la, nyagblɔɖi wɔnuku bubuwo gale eme va ge. Hafi míakpɔ wo me vava teƒe la, ele be míaɖee afia be míenye ɖokuibɔbɔla siwo xɔ Yesu Kristo dzi se, eye míatrɔ dzime adzudzɔ nuvɔ̃ kple nu gbegblẽ siwo míewɔna le manyamanya me la wɔwɔ. Gake amesiwo lɔ̃ vivitia makpɔ agbe mavɔ o. Yesu gblɔ be: “Esiae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la bena, kekeli va xexeame, eye amewo lɔ̃a viviti la wu kekeli la; elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi. Elabena amesiame, si wɔa nu vlo la, léa fu kekeli la, eye meva kekeli la gbɔ o, bena woagahe adãnya ɖe eƒe dɔwɔwɔwo ŋu o. Ke amesi wɔa nuteƒe la, eya va kekeli la gbɔ, bena woaɖe eƒe dɔwɔwɔwo ɖe go afia; elabena Mawu me wòwɔ wo le.”—Yohanes 3:19-21.
vava teƒe?
15. Nukae adzɔ ne míegbe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ to Via dzi?
15 Gbɔgbɔmekekeli to Yesu dzi va xexeame, eye ele vevie ŋutɔ be míaɖo toe. Paulo ŋlɔ be: “Esime Mawu ƒo nu na fofoawo le blemaŋɔli to nyagblɔɖilawo dzi zi geɖewo le nya ƒomevi geɖewo me la, eƒo nu kple míawo hã le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me le Via me, amesi wòɖo nuwo katã ƒe domenyila.” (Hebritɔwo 1:1, 2) Nukae adzɔ ne míegbe ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnu si Mawu ʋu ɖi to Via dzi? Paulo yi edzi gblɔ be: “Ne nya, si wogblɔ ɖi to mawudɔlawo dzi la, li ɖi sesĩe, eye vodada sia vodada kple tosesẽ sia tosesẽ kpɔ eŋuti fetu vɔ̃, si dze la, aleke gɔ̃ míawo míele sisi gee, ne míelé be na ale xɔxɔ gã sia o mahã? Esia ŋutinya Aƒetɔ la gblɔ gbã, eye amesiwo see la, ka ɖe edzi na mí, eye Mawu ŋutɔ hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽ bubu ƒomevi geɖewo kple [gbɔgbɔ] kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.” (Hebritɔwo 2:2-4) Ẽ, Yesu nye ame vevi le gbeƒãɖeɖe nyagblɔɖinyaa me.—Nyaɖeɖefia 19:10.
16. Nukatae míate ŋu axɔ Yehowa Mawu ƒe nyagblɔɖiwo katã dzi ase bliboe?
16 Abe alesi míekpɔe ene la, Petro gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ la me nyagblɔɖiwo katã metso ame ŋutɔ ƒe gɔmefiafia gbɔ o.” Amegbetɔwo mate ŋu agblɔ nyateƒenya ɖi le wo ɖokui si o, gake míate ŋu aka ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖiwo katã dzi bliboe. Yehowa Mawu ŋutɔ gbɔe wotso. Eto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi na esubɔlawo te ŋu se alesi Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vamee la gɔme. Le nyateƒe me la, míeda akpe na Yehowa be tso ƒe 1914 me la, míekpɔ nyagblɔɖi siawo dometɔ geɖe me vava teƒe. Eye míeka ɖe edzi bliboe be nyagblɔɖi susɔe siwo ku ɖe xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ŋu la katã ava eme. Ele vevie be míayi edzi alé fɔ ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖiwo ŋu ahana míaƒe akaɖiwo naklẽ. (Mateo 5:16) Aleke gbegbe míedaa akpee nye si be Yehowa na ‘kekeli le keklẽm na mí le viviti tsiɖitsiɖi’ si xɔ anyigba dzi egbea me!—Yesaya 58:10.
17. Nukatae míehiã gbɔgbɔmekekeli tso Mawu gbɔ?
17 Kekeli ŋutɔŋutɔ na míekpɔa nu. Egana agblemenuwo tsina henaa nuɖuɖu hamehame gbogbo aɖewo hã mí. Míate ŋu anɔ agbe ne kekeli ŋutɔŋutɔ meli o. Ke gbɔgbɔmekekeli ya ɖe? Efiaa mɔ mí eye wòna míenyaa alesi etsɔme anɔ abe alesi wogblɔe ɖi le Mawu ƒe Nya, Biblia me ene. (Psalmo 119:105) Lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa Mawu ‘ɖoa eƒe kekeli kple nyateƒea ɖa.’ (Psalmo 43:3) Ele kokoko be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ deto afia ɖe nunana siawo ŋu. Eyata mina míatsɔ míaƒe ŋutete katã axɔ “Mawu ƒe ŋutikɔkɔe sidzedze” ƒe kekeli la, be wòaklẽ ɖe míaƒe kpɔɖeŋudziwo me.—Korintotɔwo II, 4:6; Efesotɔwo 1:18.
18. Nukae Yehowa ƒe Ŋukeɣletivia le klalo be yeawɔ fifia?
18 Aleke gbegbe woyra míi enye si be wona míenya be Yesu Kristo, amesi nye Ŋukeɣletivi la, do le xexeame katã le ƒe 1914 me eye wòna nɔnɔmetɔtrɔa ƒe ŋutegaa te eme vava! Yehowa ƒe Ŋukeɣletivia do heli fifia, eye ele klalo be yeawɔ Mawu ƒe tameɖoɖo dzi, si aganye nɔnɔmetɔtrɔa me vava dzi yiyi—si nye “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ne woɖe nuɖoanyi xoxo sia ɖa vɔ la, Yehowa ana “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ƒe ŋugbe si wòdo la nava eme, afisi míate ŋu akafui le tegbetegbe be enye xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã kple nyagblɔɖi vavã ƒe Mawu. (Petro II, 3:13) Vaseɖe esime ŋkeke gã ma naɖo la, mina míayi edzi anɔ zɔzɔm le Mawu ƒe kekelia me to toléle ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa ŋu me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nukae nàte ŋu agblɔ tso Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa ŋu?
• Aleke nɔnɔmetɔtrɔa doa ŋusẽ xɔsee?
• Ameka alo nukae nye Yehowa ƒe Ŋukeɣletivia, eye ɣekaɣie wòdo?
• Nukatae wòle be míalé to ɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa ŋu?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Àte ŋu aɖe nusi nɔnɔmetɔtrɔa fia mea?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Ŋukeɣletivia do xoxo. Ènya alesi wòdo kple ɣeyiɣi si wòdoa?