‘Xɔ Ðokuiwò Kple Amesiwo Ðoa To Wò Ðe Agbe’
“Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, . . . ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.”—TIMOTEO I, 4:16.
1, 2. Nukae ʋãa Kristotɔ vavãwo be woyia agbeɖeɖedɔa dzi?
LE SAÐAGA kɔƒe aɖe me le Thailand ƒe dziehe la, srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖe siwo nye Yehowa Ðasefowo tee kpɔ gblɔ gbe si wosrɔ̃ yeyee la kple todzinɔla aɖewo. Srɔ̃tɔawo srɔ̃ Lahugbe teti enye ma kple susu be yewoate ŋu agblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia na kɔƒea me nɔlawo.
2 Srɔ̃ŋutsua ɖe nu me be: “Míenya alesi míaɖɔ dzidzɔ kple dzidzeme si kpɔm míele esi míele dɔ wɔm le amesiawo dome o. Le nyateƒe me míekpɔe be míele gome kpɔm le Nyaɖeɖefia 14:6, 7 me vava me, hele gbeƒã ɖem dzidzɔnyawo na ‘dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ.’ Anyigbamama ʋɛ aɖewo kpɔtɔ li siwo me nyanyuia meɖo haɖe o, eye míeka ɖe edzi be teƒe sia nye wo dometɔ ɖeka. Biblia nusrɔ̃vi siwo le mía si sɔ gbɔ kloe wu xexlẽme si gbɔ míate ŋu akpɔ.” Edze ƒã be srɔ̃tɔ siawo le mɔ kpɔm be yewoaxɔ amesiwo ɖoa to yewo la ɖe agbe ke menye yewo ŋutɔ ɖeɖeko o. Esi míenye Kristotɔwo la, ɖe menye nusia ke koe mí katã míele mɔ kpɔm be míawɔ oa?
‘Kpɔ Ðokuiwò Dzi Ɣesiaɣi’
3. Nukae wòle be míawɔ gbã hafi ate ŋu axɔ ame bubuwo ɖe agbe?
3 Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be ‘wòakpɔ eɖokui kple eƒe nufiafia dzi ɣesiaɣi,’ eye eyi na mí Kristotɔwo katã. (Timoteo I, 4:16) Le nyateƒe me, hafi míakpe ɖe ame bubuwo ŋu woakpɔ ɖeɖe la, ele be míakpɔ mía ŋutɔwo mía ɖokui dzi gbã. Aleke míawɔ nusiae? Nusiwo míawɔ dometɔ ɖekae nye be míanɔ ŋudzɔ ɖe ɣeyiɣi siwo me míele ŋu. Yesu na dzesi ƒokpli aɖe be wòakpe ɖe eyomedzelawo ŋu woanya ɣeyiɣi si me ‘nuɖoanyiawo awu enu.’ Gake Yesu gblɔ hã be míanya ɣeyiɣi si tututu nuwuwua ava o. (Mateo 24:3, 36) Aleke wòle be míawɔ nu ɖe nyateƒenya sia ŋui?
4. (a) Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe ɣeyiɣi si susɔ le nuɖoanyi sia me ŋu? (b) Nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na?
4 Mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu abia eɖokui be, ‘Ðe mele ɣeyiɣi ɖesiaɖe si susɔ na nuɖoanyi sia zãm be matsɔ axɔ nye ŋutɔ kple amesiwo ɖoa tom la ɖe agbea? Alo ɖe mele susum be, “Esi míenya ɣeyiɣi si tututu nuwuwua ava o la, mele be matsi dzi ɖe eŋu oa”?’ Afɔku le nɔnɔme sia me. Etsi tre ɖe nuxlɔ̃ame si Yesu na ŋu kura, be: ‘Minɔ dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.’ (Mateo 24:44) Ðikeke mele eme o be menye ɣeyiɣi sia mee wòle be míaƒe lãme nafa ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu alo atrɔ ɖe xexeame ŋu na dedienɔnɔ alo dzidzemekpɔkpɔ o.—Luka 21:34-36.
5. Kpɔɖeŋu kawoe Yehowa ƒe ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ɖo?
5 Mɔ bubu si dzi míagate ŋu aɖee fia le be míele mía ɖokui dzi kpɔm nyuie enye be míado dzi nuteƒewɔwɔtɔe esi míenye Kristotɔwo ta. Mawu subɔla blematɔwo nɔ dzidodo dzi, eɖanye wonɔ mɔ kpɔm na ɖeɖekpɔkpɔ enumake loo alo egbɔ adidi hã. Esi Paulo yɔ ɖasefo siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli, abe Habel, Henox, Noa, Abraham, kple Sara ene ƒe kpɔɖeŋuwo vɔ la, egblɔ be: “Woƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o, ke wokpɔe, eye wodo ɖoaƒe nɛ le adzɔge, eye woʋu me be, yewonye amedzrowo kple mɔzɔlawo le anyigba la dzi.” Womeɖe asi le wo ɖokui ŋu agbebɔbɔenɔnɔ ƒe dzodzro ɖu wo dzi o, eye womeƒo wo ɖokuiwo ɖe agbevlonɔnɔ si ƒo xlã wo me hã o, ke boŋ wokpɔ mɔ na ‘ŋugbedodoawo me vava vevie.’—Hebritɔwo 11:13; 12:1.
6. Aleke ɖeɖekpɔkpɔ ƒe nukpɔsusu si nɔ ƒe alafa gbãtɔa me Kristotɔwo si kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii?
6 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo hã kpɔe be yewonye “amedzrowo” le xexe sia me. (Petro I, 2:11) Esi woɖe Kristotɔ vavãwo tso tsɔtsrɔ̃ si va Yerusalem dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me vɔ hã la, womedzudzɔ gbeƒãɖeɖe alo ƒo wo ɖokui ɖe xexemegbenɔnɔ me o. Wonya be xɔxɔ gã aɖe le ŋgɔ na amesiwo ayi edzi awɔ nuteƒe. Le nyateƒe me, va ɖo keke ƒe 98 M.Ŋ. me ke la, apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17, 28.
7. Aleke Yehowa Ðasefowo do dzi le egbeŋkekeawo mee?
7 Le egbeŋkekewo me la, Yehowa Ðasefowo hã doa dzi le Kristotɔwo ƒe dɔa me, togbɔ be wotia wo yome anyratɔe hã. Ðe woƒe dzidodoa nye dzodzroa? Kura o, elabena Yesu ka ɖe edzi na mí be: “Amesi ke lado dzi vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe,” ne wòanye nuɖoanyi xoxo sia ƒe nuwuwu alo amea ƒe agbe si wòle fifia ƒe nuwuwue hã. Le tsitretsitsia me la, Yehowa aɖo ŋku esubɔla wɔnuteƒe siwo ku la katã dzi aɖo eteƒe na wo.—Mateo 24:13; Hebritɔwo 6:10.
8. Aleke míaɖee afia be míedaa akpe ɖe Kristotɔ siwo nɔ anyi tsã ƒe dzidodo ta?
8 Gakpe ɖe eŋu la, enye dzidzɔ na mí be Kristotɔ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi tsã la metsi dzi ɖe woawo ŋutɔ ko ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu o. Ðikeke mele eme o be mí amesiwo srɔ̃ nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu le woƒe agbagbadzedze ta la daa akpe be wodo dzi le Yesu ƒe sededea dzi wɔwɔ me, si nye: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi.” (Mateo 28:19, 20) Zi alesi mɔnukpɔkpɔa gale ʋuʋu ɖi na mí ko la, míate ŋu aɖe míaƒe akpedada afia to gbeƒãɖeɖe na ame bubu siwo mese nyanyuia haɖe o me. Gake afɔɖeɖe gbãtɔ koe gbeƒãɖeɖe nye le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me.
‘Kpɔ Wò Nufiafia Dzi’
9. Aleke nukpɔsusu nyui ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmee?
9 Menye gbeƒãɖeɖe koe nye dɔ si wode mía si o ke nufiafia hã le eme. Yesu de dɔ asi na mí be míafia amewo be woawɔ nusiwo katã ƒe se yede. Enye nyateƒe be le anyigbamama aɖewo me la, ame ʋɛ aɖewo koe dina be yewoasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ya. Gake ne nukpɔsusu manyomanyo le mía si ɖe anyigbamamaa ŋu la, ate ŋu ado kplamatse agbagba siwo míadze be míadze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔme. Yvette nye mɔɖela le anyigbamama si ame aɖewo buna be metsea ku o me, eye ekpɔe be amedzro siwo vaa nutoa me eye nukpɔsusu gbegblẽ sia mele wo si o la te ŋu dzea aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔwɔ gɔme. Emegbe esi nukpɔsusu nyui va su Yvette si ɖe teƒea ŋu la, eya hã ke ɖe amesiwo di be yewoasrɔ̃ Biblia ŋu.
10. Wɔƒe vevi kae nye mía tɔ le Biblia fiafia me?
10 Ðewohĩ akpe lãme na Kristotɔ aɖewo be yewoado Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ɖe ɖetsɔlemetɔwo gbɔ le esi wosusu be yewomate ŋu akpɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ dzi o ta. Ele eme be míaƒe ŋutetewo le vovovo ya. Gake mehiã be míabi ŋutɔ hafi anye Mawu ƒe Nya la fiala kpɔdzidzedzewo o. Gbedasi dzadzɛ si le Biblia me sẽa ŋu, eye Yesu gblɔ be amesiwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le la nyaa Alẽkplɔla vavã la ƒe gbe ne wosee. Eyata míaƒe dɔ koe nye be míagblɔ Yesu, Alẽkplɔla Nyui la ƒe gbedasia eme nakɔ alesi míate ŋui.—Yohanes 10:4, 14.
11. Aleke nàwɔ akpɔ dzidzedze geɖe wu le kpekpeɖeŋu nana Biblia-nusrɔ̃vi me?
11 Aleke nàte ŋu agblɔ Yesu ƒe gbedasia wòaɖe kpe wui? Gbã la, nya nusi Biblia gblɔ tso nyati si me dzrom miele ŋu nyuie. Ele be wò ŋutɔ nàse nyatia gɔme nyuie hafi ate ŋu afia ame bubuwo. Azɔ hã na bubu nanɔ nusɔsrɔ̃a me gake xɔlɔ̃wɔwɔ hã nadze le eme. Nusrɔ̃vi ɖesiaɖe, ɖeviwo hã le eme, srɔ̃a nu nyuie wu ne woɖe dzi ɖi eye nufiala la de bubu wo ŋu hekɔ dɔme ɖe wo ŋu.—Lododowo 16:21.
12. Aleke nàwɔ akpɔ egbɔ be nusrɔ̃via se nusi fiam nèlee la gɔme?
12 Abe nufiala ene la, màdi be yeagblɔ nyaawo na nusrɔ̃via ne wòalé ɖe susu me agbugbɔ agblɔ ko o. Kpe ɖe eŋu be wòase nusi srɔ̃m wòle la gɔme. Nusrɔ̃via ƒe agbalẽnyanya, eƒe nuteƒekpɔkpɔ le agbe me, kple eƒe Biblianyanya akpɔ ŋusẽ ɖe alesi wòase nusi gblɔm nèle nɛ gɔme dzi. Eyata àte ŋu abia ɖokuiwò be, ‘Ese nusi mawunyakpukpui siwo woyɔ le nusɔsrɔ̃a me fia gɔmea?’ Àte ŋu abia nya siwo mahiã ẽ alo ao ƒe ŋuɖoɖowo o ke boŋ wòabia numeɖeɖe lae be nàtsɔ anya eƒe susu. (Luka 9:18-20) Gake ekpea lãme na nusrɔ̃vi aɖewo be woabia nya nufiala. Eyata woate ŋu anɔ nua srɔ̃m gbadzaa ko evɔ womele nusi wole wo fiam gɔme sem tututu o. De dzi ƒo na nusrɔ̃via be wòabia nya eye wòagblɔe ne nya aɖe me mekɔ nɛ tututu o.—Marko 4:10; 9:32, 33.
13. Aleke nàte ŋu akpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu be wòazu nufialae?
13 Taɖodzinu vevi aɖe si le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔwɔ ŋue nye be woakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòava zu nufiala. (Galatiatɔwo 6:6) Eyata le nusɔsrɔ̃a me toto me la, àte ŋu agblɔ nɛ be wòazã nyagbe bɔbɔewo atsɔ aɖe nya aɖe me, wòatsɔe abe amesi mese nyaa kpɔ o ye wòle eme ɖem na zi gbãtɔ ene. Emegbe ne wòdze na gbeadziyiyi la, àte ŋu akpee be wòakplɔ wò ɖo miayi gbeadzi. Ðewohĩ avo le eɖokui me ne mia kplii miele gbeadzi, eye nusi teƒe wòakpɔ akpe ɖe eŋu be eƒe kakaɖedzi nanɔ dzidzim ɖe edzi vaseɖe esime wòasu te ayi gbeadzi le eɖokui si.
Kpe Ðe Nusrɔ̃via Ŋu be Wòazu Yehowa Xɔlɔ̃
14. Nukae nye wò taɖodzinu gbãtɔ esi nènye nufiala, eye nukae ana nàkpɔ dzidzedze le egbɔɖoɖo me?
14 Kristotɔ nufiala ɖesiaɖe ƒe taɖodzinu gbãtɔe nye be yeakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòazu Yehowa xɔlɔ̃. Menye nyagbɔgblɔ dzi koe nàte ŋu ato awɔ nusia o ke to wò kpɔɖeŋuɖoɖo me hã. Nufiafia to kpɔɖeŋuɖoɖo me kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe nusrɔ̃viwo ƒe dzi dzi. Nyateƒee, kpɔɖeŋuɖoɖo wɔa dɔ wu nyagbɔgblɔ, vevietɔ ne wòbia be woaƒã agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple dzonɔameme ɖe nusrɔ̃via me. Ne wòkpɔe be wò nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo tso ƒomedodo nyui si le mia kple Yehowa dome gbɔ la, aʋãe geɖe wu be eya hã natu ƒomedodo ma tɔgbe ɖo.
15. (a) Nukatae wòle vevie be nusrɔ̃via natu Yehowa subɔsubɔ ƒe nukpɔsusu nyuitɔ ɖo? (b) Aleke nàkpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòakpɔtɔ anɔ ŋgɔ yim le gbɔgbɔ mee?
15 Èdi be nusrɔ̃via nasubɔ Yehowa menye le esi wòle vɔvɔ̃m be woatsrɔ̃ ye le Harmagedon ta o ke le esi wòlɔ̃e ta. Ne èkpe ɖe eŋu wòtu didi dzadzɛ sia tɔgbe ɖo la, ke ètsɔ nusiwo dzo mate ŋu abi o siwo ate ŋu ato xɔse ƒe dodokpɔwo me le etum ɖo enye ma. (Korintotɔwo I, 3:10-15) Seselelãme gbegblẽ abe didi vivivo be yeasrɔ̃ wò alo asrɔ̃ amegbetɔ bubu aɖe mana wòasẽ ŋu ate ŋu atsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo medze Kristotɔ o ŋu o, eye dzi manɔ eƒo be wòawɔ nu nyui hã o. Ðo ŋku edzi be mànye eƒe nufiala tegbee o. Esi mɔnukpɔkpɔa gale asiwò la, àte ŋu ade dzi ƒo nɛ be wòato Mawu ƒe Nya la xexlẽ gbesiagbe kple tamebubu le eŋu dzi ate ɖe Yehowa ŋu. To mɔ sia dzi la, ate ŋu ayi edzi anɔ ‘nya tuameɖowo’ xɔm tso Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo me ne èsrɔ̃ nu kplii ɣeyiɣi didi aɖe va yi gɔ̃ hã.—Timoteo II, 1:13.
16. Aleke nàfia nusrɔ̃via be wòado gbe ɖa tso dzi mee?
16 Àgate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ne èfiae be wòado gbe ɖa tso dzi me. Aleke nèle ewɔ gee? Ðewohĩ àte ŋu ahe eƒe susu ayi Yesu ƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa la, kpakple gbe gbogbo siwo wodo ɖa tso dzi me woŋlɔ ɖe Biblia me, abe esiwo le psalmowo me ene dzi. (Psalmo 17, 86, 143; Mateo 6:9, 10) Gakpe ɖe eŋu la, ne wò nusrɔ̃via se gbe siwo nèdona ɖa tsɔ dzea nusɔsrɔ̃a gɔme kple esiwo nètsɔna wua enui la, akpɔ seselelãme si le mewò ɖe Yehowa ŋu. Eyata ele be anukwareɖiɖi kple dzimekɔkɔ nadze le wò gbedodoɖawo me ɣesiaɣi, eye wòadze hã be èda sɔ le gbɔgbɔ me kple seselelãme gome.
Agbagbadzedze be Nàxɔ Viwòwo ɖe Agbe
17. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woanɔ xɔxɔ ƒe mɔ la dzi?
17 Godoo la, míaƒe ƒometɔwo hã le amesiwo míedi be míaxɔ ɖe agbe la dome. Dzila Kristotɔwo ƒe vi gbogbo aɖewo subɔna le anukwareɖiɖi me eye ‘woli ke le xɔse me.’ Gake ɖewohĩ nyateƒea meƒo ke ɖe to sesĩe le bubuwo ƒe dzi me o. (Petro I, 5:9; Efesotɔwo 3:17; Kolosetɔwo 2:7) Sɔhɛ siawo dometɔ geɖe dzona le Kristotɔwo ƒe mɔ la dzi ne wole tsitsim alo ne wotsi. Ne dzilae nènye la, nukae nàte ŋu awɔ be nu ma tɔgbe madzɔ bɔbɔe o? Gbã la, àte ŋu adze agbagba be nɔnɔme tuameɖo nanɔ ƒomea me. Ƒomegbenɔnɔ ɖɔʋu nyea nusi dzi tanyenye ƒe nukpɔsusu nyuitɔ, ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dzidzenu nyuiwo ŋu, kple nɔvisiléle dodzidzɔnamewo nɔ te ɖo. (Hebritɔwo 12:9) Eyata ne ƒometɔwo dome le kplikplikpli la, ate ŋu awɔe be ƒomedodo si anɔ ɖevi kple Yehowa dome natsi ɖe edzi. (Psalmo 22:11) Ƒome siwo sẽŋu la wɔa nu ɖekae—ne wòahiã be dzilawo natsɔ ɣeyiɣi si woate ŋu azã wòaɖe vi na woawo ŋutɔ asa vɔe hã. Àte ŋu ato kpɔɖeŋuɖoɖo alea dzi afia viwòwo be woawɔ nyametsotso nyuitɔwo le agbe me. Dzilawo, nusi mia viwo hiã tso mia gbɔ wue nye mia ŋutɔwo—miaƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ, kple lɔlɔ̃—ke menye ŋutilãmenuwo o. Ðe miele nusiawo nam mia viwoa?
18. Biabia kawo ƒomevie dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woakpɔ ta na?
18 Dzila Kristotɔwo nagasusu gbeɖe be yewo viwo hã azu Kristotɔwo kokoko o. Daniel, amesi nye vi atɔ̃ fofo ganye hamemegã gblɔ be: “Ele be dzilawo nagbɔ dzi ɖi akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖe ɖikeke siwo woado goe godoo le suku kple teƒe bubuwo ɖa le susu me. Ele be woagbɔ dzi ɖi akpe ɖe wo viwo ŋu bene woakpɔ ta na biabiawo abe esiwo gbɔna ene: ‘Nuwuɣia mee míele nyateƒea? Subɔsubɔha vavã ɖeka koe li nyateƒea? Nukatae sukuhati si dze abe enye ame nyui ene mate ŋu anye zɔhɛ nyui o? Ðe gbɔdɔdɔ do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe nye nu gbegblẽ ɣesiaɣia?’” Dzilawo, miate ŋu akpɔ mɔ na Yehowa be wòayra ɖe miaƒe agbagbadzedzewo dzi, elabena eya hã tsɔ ɖe le mia viwo ƒe nyonyo me.
19. Nukatae wònyo sasasã wu be dzilawo ŋutɔ nasrɔ̃ nu kple wo viwo?
19 Ðewohĩ dzila aɖewo ase le wo ɖokui me be yewomedze asrɔ̃ nu kple yewo viwo o. Gake mele be miasusui nenema o, elabena ame aɖeke medze wu mi be wòafia nu mia viwo wu alesi miawo miawɔe o. (Efesotɔwo 6:4) Nusɔsrɔ̃ kple mia ŋutɔ mia viwo aʋu mɔ na mi be mia ŋutɔwo mianya nusi le woƒe dzi kple susu me. Ðe woƒe nyagbɔgblɔwo tso dzi mea, alo ɖeko wogblɔa wo koa? Ðe woxɔ nusi srɔ̃m wole dzi se nyateƒea? Ðe Yehowa nye ame ŋutɔŋutɔ na woa? Miate ŋu akpɔ nya siawo kple biabia vevi bubuwo ƒe ŋuɖoɖo ne mia ŋutɔ miesrɔ̃ nu kple mia viwo.—Timoteo II, 1:5.
20. Aleke dzilawo awɔ be ƒomenusɔsrɔ̃a navivi eye wòaɖe vi?
20 Aleke nàwɔ be ne miedze ƒomenusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖoa gɔme ko la, miayi edzi ɖaa? Joseph, amesi nye viŋutsuvi ɖeka kple vinyɔnuvi fofo eye wòganye hamemegã la, gblɔ be: “Ele be ƒomenusɔsrɔ̃a navivi abe Biblia-nusɔsrɔ̃wo katã ene, ele be wòanye nusi amesiame nanɔ mɔ kpɔm na. Be wòanɔ alea le míaƒe ƒomea me la, mele be míaƒe nya me nasẽ le gamedzinɔnɔ ŋu o. Míaƒe nusɔsrɔ̃a ate ŋu axɔ gaƒoƒo ɖeka, gake ne aɖabaƒoƒo ewo koe su mía si ɣeaɖewoɣi hã la, míesrɔ̃a nu kokoko. Nu ɖeka si na míaƒe nusɔsrɔ̃a nyea nu vevi le kwasiɖaa me na ɖeviawoe nye be míewɔa Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawoa me nyawo ƒe wɔwɔfia. Alesi gbegbe nusɔsrɔ̃a tsia susu mee kple gɔmesese si gbegbe sua mía si le vevie sasasã wu memama agbɔsɔsɔme si míasrɔ̃.”
21. Ɣekaɣie dzilawo ate ŋu afia nu wo viwo?
21 Gake menye nusrɔ̃ɣi siwo mieɖo koe miafia nu mia viwo o. (Mose V, 6:5-7) Ðasefo si le Thailand, si ƒe nya míegblɔ le gɔmedzedzea me la gblɔ be: “Megaɖoa ŋku alesi Papa kplɔam míedoa míaƒe gasɔwo yia gbeƒãɖeɖedɔa wɔƒe le keke míaƒe anyigbamamaa ƒe seƒewo ke la dzi. Ðikeke mele eme o be mía dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo kple alesi wofiaa nu mí le nɔnɔme ɖesiaɖe mee kpe ɖe mía ŋu be míetso nya me be míawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Eye woƒe nufiameawo ɖe vi. Mekpɔtɔ le dɔ wɔm dea anyigbamamawo ƒe seƒe ke!”
22. Nukae ado tso eme ne ‘èkpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia dzi’?
22 Ŋkeke aɖe gbɔna kpuie, si anye ɣeyiɣi nyuitɔ, si Yesu ava drɔ̃ Mawu ƒe toheʋɔnu nuɖoanyi sia. Emegbe nudzɔdzɔ gã ma azu xexeame ƒe blemanya, gake Yehowa subɔla wɔnuteƒewo akpɔtɔ anɔ esubɔm anɔ mɔ kpɔm be woaxɔ yewo ɖe agbe tegbee. Èle mɔ kpɔm be mia kple viwòwo kpakple wò Biblia-nusrɔ̃viwo mianɔ wo domea? Ekema ɖo ŋku nya sia dzi: “Kpɔ ɖokuiwò kple wò nufiafia la dzi nyuie, nɔ nusiawo dzi; elabena ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.”—Timoteo I, 4:16.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si esi míenya ɣeyiɣi si tututu Mawu adrɔ̃ ʋɔnu o ta?
• Mɔ kawo nue míate ŋu ‘akpɔ míaƒe nufiafia dzi’ le?
• Aleke nàkpe ɖe nusrɔ̃vi ŋu be wòazu Yehowa xɔlɔ̃?
• Nukatae wòle vevie be dzilawo nadi ɣeyiɣi afia nu wo viwo?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Nu nya srɔ̃na ne wowɔe bubutɔe gake xɔlɔ̃wɔwɔ hã le eme
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Biblia me ŋutinyawo abe alesi Salomo drɔ̃ ʋɔnu gbolo eveawo ene ƒe wɔwɔfiawo wɔwɔ naa ƒomenusɔsrɔ̃wo vivina