Ðe Xɔxɔ Ƒe Mɔkpɔkpɔ Aɖe Lia?
Woyɔ ƒe alafa 20 lia la be ƒe alafa siwo me wokɔ ʋu ɖi wu le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la dometɔ ɖeka. Nuvlowɔwɔ, aʋawɔwɔwo, gbevovodolawo dome dzrewɔwɔ, atikevɔ̃ɖizazã, anukwaremaɖimaɖi, kple ŋutasesẽ, dzi ɖe edzi ŋutɔ le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me. Nusiwo gakpe ɖe esiawo ŋue nye vevesese kple fukpekpe siwo dɔléle, tsitsi, kple ku he vɛ. Amekae medi be yeavo tso kuxi gã siwo le xexeame egbea la me o? Ne míekpɔ etsɔme la, ɖe xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ aɖe lia?
BU ŊUTEGA si woɖe fia apostolo Yohanes anye ƒe 2,000 aɖewo enye si va yi la ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Nyagblɔɖila Yesaya hã gblɔe ɖi nenema ke be: “Ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me, eye wòaɖe eƒe dɔlawo ƒe ŋukpe ɖa tso anyigba blibo la dzi. Elabena Yehowa ye gblɔe.”—Yesaya 25:8.
Wò ya bu nusi Mawu ƒe ŋugbedodowo ƒe me vava anye ŋu kpɔ ko! Woaɖe ameƒomea, alo axɔ na wo, tso ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ, tso nusiwo hea fukpekpe kple nuxaxa vɛ me. Dɔléle, tsitsi, kple ku gɔ̃ hã magawɔ fu mí o! Mawu ƒe Nya, Biblia, do agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba si dzi nɔnɔme deblibowo anɔ la ƒe ŋugbe. (Luka 23:43; Yohanes 17:3) Eye amesiame si wòdzro ate ŋu anɔ afima. ‘Mawu ƒe didie nye be yeaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.’—Timoteo I, 2:3, 4.
Gake be Mawu ƒe ŋugbedodoawo naɖe vi na mí la, ele be míanya akpa si Yesu Kristo wɔna le míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ me ahaxɔ eyama dzi ase. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Esi apostolo Petro nɔ nu ƒom tso akpa vevi si Yesu Kristo wɔna le nya sia me ŋu la, egblɔ be: “Menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o; elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.” (Dɔwɔwɔwo 4:12) Apostolo Paulo kple eƒe zɔhɛ Sila xlɔ̃ nu nyabiala dzianukwaretɔ aɖe be: “Xɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se, eye mia kple aƒewò me miakpɔ ɖeɖe”—Dɔwɔwɔwo 16:30, 31.
Ẽ, Yesu Kristoe nye “agbefia la,” eye eya dzi koe míate ŋu ato akpɔ xɔxɔ. (Dɔwɔwɔwo 3:15) Gake aleke ame ɖeka aɖe ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le mía xɔxɔ mee? Ele be akpa si wɔm wòle le go sia me gɔmesese nyuie nado ŋusẽ míaƒe xɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔa.
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]
Axa 3: Bɔmbdayameʋuwo: USAF photo; ɖevi siwo dɔ le wuwum: UNITED NATIONS/J. FRAND; aʋawɔtɔdziʋu si le bibim: U.S. Navy photo