INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 1/15 axa 24-29
  • Woxlɔ̃ Nu Mawu ƒe Nya Fialawo be Woawɔ Woƒe Dɔdasi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Woxlɔ̃ Nu Mawu ƒe Nya Fialawo be Woawɔ Woƒe Dɔdasi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋkeke Gbãtɔ—Ŋɔŋlɔ Siwo Tso Gbɔgbɔ Me Nyo na Nufiafia
  • Ŋkeke Evelia—Míedze Nyuie Afia Nu Amewo
  • Ŋkeke Etɔ̃lia—Minye Nufialawo le Ɣeyiɣia ƒe Didi Nu
  • Takpekpe Dodzidzɔnamewo Do Mawu Ƒe Nufiafia Ðe Ŋgɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Kpe Ta Dzidzɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Naa Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Ame
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Mawu Ƒe Nya Dzi Wɔlawo Kpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 1/15 axa 24-29

Woxlɔ̃ Nu Mawu ƒe Nya Fialawo be Woawɔ Woƒe Dɔdasi

NUFIALA akpe alafa geɖe kpe ta nyitsɔ laa hexɔ nufiame. Tso May si va yi me la, woƒo ƒu ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe alafa geɖewo me le xexeame godoo. Woxlɔ̃ nu takpekpea valawo be woafia nu wo ɖokui, be woasu te nyuie wu tsã, eye be woawɔ woƒe nufiafiadɔa ade goe.

Ède takpekpe siawo dometɔ aɖea? Ne ède la, ke ɖikeke mele eme o be èkpɔ ŋudzedze ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui siwo wona le kpekpe siawo me hena Mawu vavã, Yehowa subɔsubɔ ŋu. Nukata màwɔ ɖeka kple mí fifia míadzro takpekpea me nuƒo tuameɖoawo me o?

Ŋkeke Gbãtɔ—Ŋɔŋlɔ Siwo Tso Gbɔgbɔ Me Nyo na Nufiafia

Takpekpea ƒe zimenɔla do dzaa na vavalawo vividoɖeameŋutɔe kple nuƒo sia be “Mina Woafia Nu Mi, Mi Mawu ƒe Nya Fialawo.” Esi Yesu Kristo srɔ̃ nu tso Yehowa, ‘Nufiala Gãtɔ,’ gbɔ ta la, eva zu Nufiala Gã. (Yesaya 30:20; Mateo 19:16) Be míawɔ ŋgɔyiyi azu Mawu ƒe Nya fialawo la, ke ele be Yehowa nafia nu míawo hã.

Nuƒo si kplɔe ɖo enye “Fiaɖuƒe Nufiafia Tsea Ku Nyuiwo.” Woto gbebiabia Mawu ƒe Nya fiala bibiwo me na dzidzɔ kple yayra siwo le nusrɔ̃lawo wɔwɔ me dze ƒã.

Nuƒo ʋãme aɖe si ƒe tanyae nye “ ‘Mawu ƒe Nu Dzɔtsuwo’ Ʋãa Mí” kplɔe ɖo. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ‘nu dzɔtsu’ siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu ʋã amewo wowɔ afɔɖeɖewo. (Dɔwɔwɔwo 2:11) Míawo hã míate ŋu ato “nu dzɔtsuwo” abe Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafia siwo ku ɖe tafea, tsitretsitsi, kple nubabla yeyea ŋu fiafia me aʋã amewo woawɔ afɔɖeɖe.

Nuƒo si kplɔe ɖo de dzi ƒo na amesiame be ‘Wòakpɔ Dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe Dzɔdzɔenyenye Ŋu.’ (Psalmo 35:27) Wokpe ɖe mía ŋu be míati dzɔdzɔenyenye yome to alesi míasrɔ̃ nu dzɔdzɔe lɔlɔ̃ kple fuléle nu gbegblẽ, to Biblia sɔsrɔ̃, to tsitretsitsi ɖe gbɔgbɔ me ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽwo ŋu sesĩe, kple to ɖokuibɔbɔ tutuɖo me. Afɔɖeɖe siawo akpɔ mía ta tso hadede maɖɔʋuwo, tso xexeame ƒe ŋutilãmenudidiwo, kple tso modzakaɖeɖe gbegblẽwo kple esiwo me ŋutasẽnuwɔwɔwo le me.

Nuƒo tɔxɛa, si ƒe tanyae nye “Míenye Mawu ƒe Nya Fiala Siwo Su Te Bliboe” ɖo ŋku edzi na mí be Yehowa to eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe, kple eƒe anyigba dzi habɔbɔa dzi wɔ mí míenye esubɔla siwo dze. Nuƒola la xlɔ̃ nu mí le Mawu ƒe Nya la zazã ŋu be: “Míaƒe taɖodzinue nye be míaɖe Biblia ƒe gbedasia tso agbalẽ si dzi wotae ɖo dzi ade míaƒe nyaselawo ƒe dzi me.”

Takpekpea me nuƒo kpuiwo ƒe gbãtɔ ƒe tanyae nye “Nufiafia Mía Ðokui esi Míele Nu Fiam Amewo.” Eƒe akpa gbãtɔ te gbe ɖe edzi be ele be mía ŋutɔwo míawɔ ɖe Kristotɔwo ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo míefiaa amewo la ke dzi. Akpa evelia xlɔ̃ nu mí be ‘míawɔ nyateƒenya la ŋudɔ pɛpɛpɛ.’ (Timoteo II, 2:15) Be míafia nu mía ɖokui la, ɣeyiɣi didi ka kee míele Mawu subɔm o, ɖokui si Biblia sɔsrɔ̃ edziedzi kutrikukutɔe le vevie. Nuƒo kpuiawo ƒe akpa mamlɛa ɖee fia be Abosam ƒe ŋku le mía ŋu hele didim be nɔnɔme siawo abe dada, ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ, ɖokuiŋudzedze, ŋuʋaʋã, ŋubiabiã, nu ƒe ame veve helĩhelĩ, nyaléleɖedɔme, kple vodadadidileameŋu naɖo mía me. Gake ne míetsi tre ɖe Abosam ŋu sesĩe la, asi le mía gbɔ. Be míatsi tre ɖe eŋu la, ehiã be míate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli.—Yakobo 4:7, 8.

“Milé Fu Amamaɖeɖe Nuwɔna Siwo Xɔ Aƒe ɖe Xexeame,” si nye nuƒo si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu la ɖe alesi míakpe akɔ kple nuwɔna gbegblẽ ma si nye afɔku na mí le gbɔgbɔ mee la fia. Nyagblɔɖila Xabakuk gblɔ le Yehowa ŋu be: “Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o.” (Xabakuk 1:13) Ele be ‘míatsri nu vɔ̃ɖi.’ (Romatɔwo 12:9) Woxlɔ̃ nu dzilawo be woalé ŋku ɖe wo viwo ƒe Internet zazã kple television kpɔkpɔ ŋu. Nuƒolaa gblɔ be amesiwo amamaɖeɖe nuwɔnawo kpɔkpɔ dzrona la nadi kpekpeɖeŋu tso wo xɔlɔ̃ aɖe si tsi le gbɔgbɔ me la gbɔ. Akpe ɖe wo ŋu hã ne woade ŋugble le mawunyakpukpuiwo abe Psalmo 97:10; Mateo 5:28; Korintotɔwo I, 9:27; Efesotɔwo 5:3, 12; Kolosetɔwo 3:5; Tesalonikatɔwo I, 4:4, 5 ene ŋu ahalé wo ɖe tame.

Nuƒo si kplɔe ɖo, “Na Mawu ƒe Ŋutifafa Nadzɔ Ŋuwò,” fa akɔ na mí esi wona míekpɔ kakaɖedzi be ne dzimaɖitsitsi te mí ɖe anyi la, míate ŋu adro míaƒe agbawo ɖe Yehowa dzi. (Psalmo 55:23) Ne míegblɔ míaƒe dzimenyawo faa le gbedodoɖa me la, Yehowa ana “Mawu ƒe ŋutifafa,” si nye dziɖeɖi kple tomefafa si tsoa ƒomedodo xɔasi si le mía kple eyama dome me la mí.—Filipitɔwo 4:6, 7.

Ŋkeke gbãtɔ wu enu kple dzidzɔ tɔxɛ esi woƒo nuƒo si nye “Yehowa Tsɔ Kekeli Ðo Atsyɔ̃e na Eƒe Amewo,” si me woɖe Yesaya ta 60 lia ƒe emevava me le. Le fifi xexe doviviti sia me la, Yehowa ƒe kekeli klẽ na ‘amedzrowo’—ameha gã si le agbɔ sɔm ɖe edzi eye woƒe nɔnɔme ɖi alẽwo—kpakple Kristotɔ amesiaminawo siaa. Esime nuƒolaa nɔ nu ƒom tso kpukpui 19 kple 20 lia ŋu la, eɖe nu me be: “Yehowa ‘maɖo to’ abe ɣe ene alo ‘aɖo xɔ’ abe dzinu ene o. Ayi edzi anɔ keklẽm ɖe eƒe amewo dzi wòanye atsyɔ̃ na wo. Kakaɖedzinya nyui ka gbegbee nye si wònye na mí esi míele xexe doviviti sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me tom!” Le nuƒoa ƒe nuwuwu la, nuƒolaa ɖe agbalẽ si nye Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã, Babla Evelia ɖe go. Èxlẽ agbalẽ yeye sia wu nua?

Ŋkeke Evelia—Míedze Nyuie Afia Nu Amewo

Le mawunyakpukpuia me dzodzro megbe le ŋkeke evelia dzi la, míenɔ to dzi vevie se takpekpea me nuƒo kpuiwo ƒe evelia, si ƒe tanyae nye be, “Subɔla Siwo Dzi Amewo Tona Zua Xɔsetɔwo.” Nuƒo kpui siawo, siwo ma ɖe akpa etɔ̃ me, ƒolaawo te gbe ɖe kpekpeɖeŋunana amewo be woava zu xɔsetɔwo ƒe afɔɖeɖe etɔ̃awo dzi—Fiaɖuƒegbedasia gbɔgblɔ, amewo ƒe ɖetsɔleme tutuɖo, kple nufiafia ɖetsɔlemetɔwo be woawɔ nusiwo katã ƒe se Kristo de. To gbebiame kple wɔwɔfiawo me la, míete ŋu kpɔ alesi tututu míate ŋu afia nu amewo be woava zu nusrɔ̃lawoe.

Nuƒo si kplɔe ɖo ƒe tanyae nye “Tsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Wò Dzidodo Ŋu.” Nuƒolaa ɖee fia be nusi le vevie wue nye ‘dzidodo vaseɖe nuwuwu.’ (Mateo 24:13) Ele be míawɔ Mawu ƒe mɔnuɖoɖowo katã—gbedodoɖa, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, kple gbeadzisubɔsubɔdɔa—ŋudɔ atsɔ atu mawusosroɖa ɖo. Ehiã be míaxe mɔ ɖe xexeme nudzodzro kple nuwɔnawo nu be woagatɔtɔ míaƒe mawusosroɖa alo agblẽ edome o.

Aleke amesiwo le fu kpem eye agba le wo wum ate ŋu akpɔ gbɔɖeme egbeae? Nuƒo si nye “Gbɔɖeme Kpɔkpɔ le Kristo ƒe Kɔkuti Te” ɖo biabia ma ŋu. Yesu kpe eyomedzelawo dɔmenyotɔe be woava nɔ yeƒe kɔkuti te eye woasrɔ̃ nu tso ye gbɔ. (Mateo 11:28-30) Míate ŋu ava nɔ Yesu ƒe kɔkuti te ne míesrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu pɛpɛpɛ henɔa agbe si le tsɛ eye míedana sɔna le agbe me. Nuƒo sia me nyati veviawo dze nyuie esime wobia gbe amesiwo wɔ woƒe agbe wòle bɔbɔe.

Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo gãwo me wɔna dodzidzɔnamewo dometɔ ɖekae nye Mawu ƒe subɔla adzɔgbeɖela yeyewo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ. Nɔviŋutsu si ƒo nuƒoa, si nye “Nyɔnyrɔxɔxɔ Nana Woxɔa Nufiafia ƒe Mɔnukpɔkpɔ Siwo Lolo Wu” la do dzaa na nyɔnyrɔxɔlaawo vividoɖeameŋutɔe eye wòkpe wo be woava kpɔ gome le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ siwo lolo wu la me. Mawu ƒe Nya fiala siwo xɔ nyɔnyrɔ yeyee siwo ɖo Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ la ate ŋu aminya agbanɔamedzi vovovowo le hamea me.

“Srɔ̃ Nufiala Gã La” ye nye nuƒo gbãtɔ le ŋdɔ me ƒe tanya. Yesu lé ŋku ɖe Fofoa ŋu le dziƒo hesrɔ̃e ƒe gbogbo aɖewo siwo mele xexlẽme o si na be wòva zu Nufiala Gã la. Esime wònɔ anyigba dzi la, ezã nufiafiaɖaŋu nyuiwo, abe nya siwo naa wobua tame biabia kple kpɔɖeŋu siwo me kɔ hele bɔbɔe ene wɔwɔ. Yesu tu eƒe nufiafia ɖe Mawu ƒe Nya dzi eye wòtsɔ dzonɔameme, vividodoɖeameŋu, kple kpeɖodzi adodoewo ƒo nui. Ðe míese le mía ɖokui me be míasrɔ̃ Nufiala Gã la oa?

Nuƒo ʋãme bubu, si ƒe tanyae nye, “Ðe Nèlɔ̃na be Yeasubɔ Amewoa?” de dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu le amewo subɔsubɔ me. (Yohanes 13:12-15) Nuƒolaa xlɔ̃ nu ŋutsu siwo dze la tẽ be woanɔ abe Timoteo ene bene woaxɔ mɔnukpɔkpɔwo atsɔ akpe ɖe amewo ŋui. (Filipitɔwo 2:20, 21) Wode dzi ƒo na dzilawo be woasrɔ̃ Elkana kple Xana ƒe kpɔɖeŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woaminya ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Eye woxlɔ̃ nu sɔhɛwo be woasrɔ̃ Yesu Kristo kple Timoteo ƒe kpɔɖeŋuwo ahalɔ̃ atsɔ wo ɖokui ana faa. (Petro I, 2:21) Amesiwo wɔ mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ hesubɔ amewo ƒe nyagbɔgblɔwo hã ʋã mí.

Nuƒo kpuiwo ƒe etɔ̃lia ƒe tanyae nye “Kpɔ Viɖe Bliboe tso Teokrasi Hehenana Me.” Nuƒola gbãtɔ te gbe ɖe alesi wòhiã be míadzi míaƒe susu ƒe nuŋunɔnɔ ŋutete ɖe edzii la dzi. Be míate ŋu aɖo taɖodzinu ma gbɔ la, míate ŋu adze egɔme anɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ siwo medidi fũ o wɔm, eye emegbe míadze agbagba adzii ɖe edzi. Ede dzi ƒo na nyaselawo hã be woaxlẽ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ le kpekpewo me eye woawɔ nuŋlɔɖiwo. Nuƒola evelia xlɔ̃ nu mí tso alesi wòhiã be míalé “nufiafia siwo le blibo” me ɖe asii ŋu. (Timoteo II, 1:13, 14) Be míakpɔ mía ɖokui ta tso nyakakamɔnuwo ƒe wɔna gbegblẽwo ɖeɖefia, xexemenunya, ɖikela siwo kua Biblia me ƒe nukpɔsusuwo, kple xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo gbɔ la, ele be míaƒle ɣeyiɣi na ɖokuisinusɔsrɔ̃ kple kpekpewo dede. (Efesotɔwo 5:15, 16) Nuƒo kpuiawo ƒola mamlɛtɔ te gbe ɖe edzi be ehiã be míatsɔ nusiwo míesrɔ̃ awɔ dɔe bene teokrasi hehenana nate ŋu aɖe vi na mí bliboe.—Filipitɔwo 4:9.

Dzidzɔ ka gbegbe nye si wònye esi míese nuƒo si ƒe tanyae nye “Nunana Yeyewo Hena Míaƒe Gbɔgbɔmeŋgɔyiyi Wɔwɔ”! Míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi míese be eteƒe madidi o woata agbalẽ yeye aɖe si ŋkɔe nye Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò. Agbalẽa xɔxɔ dzro mí vevie esime nuƒolaa ƒo nu tso emenya aɖewo ŋu. Egblɔ le agbalẽa ƒe akpa si ku ɖe nuƒoƒo ŋuti ɖaŋuɖoɖo aɖewo ŋu be: “Menye xexeme nusrɔ̃mɔnue wozã le nusɔsrɔ̃ tso nuxexlẽ, nuƒoƒo, kple nufiafia nyui ƒe akpa vovovo 53 ŋu le nusrɔ̃gbalẽ yeye sia me o. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo dzie wotu mɔnuawo ɖo.” Agbalẽa afia alesi nyagblɔɖilawo, Yesu, kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖe nufiafia nyui ƒe ŋutetewo fiae. Ẽ, nusrɔ̃gbalẽ sia kple Teokrasi Subɔsubɔ Sukua ƒe akpa yeyewo akpe ɖe mía ŋu míanye Mawu ƒe Nya fiala nyuiwo.

Ŋkeke Etɔ̃lia—Minye Nufialawo le Ɣeyiɣia ƒe Didi Nu

Le ŋkeke mamlɛa ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro megbe la, amesiame ɖo to nyuie se takpekpea me nuƒo kpuiwo ƒe mamlɛa, “Maleaxi ƒe Nyagblɔɖia Dzraa Mí Ðo ɖe Yehowa ƒe Ŋkekea Ŋu.” Maleaxi gblɔ nyaa ɖi le Yudatɔwo ƒe tɔtrɔ gbɔ tso Babilon ƒe alafa ɖeka lɔƒo megbe. Wogage ɖe xɔsegbegbe kple nuvɔ̃ɖiwɔwɔ me ake, eye woto Yehowa ƒe se dzɔdzɔewo dzi mawɔmawɔ kple lã ŋkuagbãwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo, kple lã lédɔwo tsɔtsɔ sa vɔe me do vlo Yehowa ƒe ŋkɔ. Gawu la, wonɔ woƒe ɖekakpuimesrɔ̃wo gbem, ɖewohĩ be yewoaɖe dutanyɔnuwo.

Maleaxi ƒe nyagblɔɖia ƒe ta gbãtɔ na kakaɖedzi mí be Yehowa lɔ̃ eƒe amewo. Ete gbe ɖe alesi wòhiãe be míavɔ̃ Mawu bubutɔe kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu kɔkɔewo ŋu dzi. Yehowa kpɔa mɔ be míawɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe ahasubɔ ye kple ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃. Mele be míaƒe subɔsubɔdɔ kɔkɔea nanye nuwɔna dzro aɖe ko o, eye ele be míabu akɔnta na Mawu.

Nuƒo kpuiawo ƒola evelia tsɔ Maleaxi ƒe agbalẽa ƒe ta evelia sɔ kple míaƒe ŋkekea eye wòbia be: “Ðe mía ŋutɔwo míeɖɔa ŋu ɖo ale be ‘womakpɔ madzɔmadzɔnyenye aɖeke le míaƒe nuyiwo dzi oa’?” (Maleaxi 2:6) Amesiwo xɔa ŋgɔ le nufiafia me nakpɔ egbɔ be yewotu yewoƒe nyawo ɖe Mawu ƒe Nya la dzi bliboe. Ele be míalé fu alakpanuwɔwɔ abe srɔ̃gbegbe madzemadzee ene.—Maleaxi 2:14-16.

Nuƒo kpuiawo ƒola mamlɛtɔ dzra mí ɖo ɖe Yehowa ƒe ŋkekea ŋu le nuƒo si nye “Amekawoe Atsi Agbe le Yehowa ƒe Ŋkekea Dzi?” ƒoƒo me. Nuƒolaa gblɔ be: “Aleke gbegbe wòfaa akɔ na Yehowa subɔlawoe nye si be wonya be Maleaxi ta 3, kpukpui 17 me nyawo ƒe emevava gãtɔ le eme vam ɖe yewo dzi!” Afima gblɔ be: “Woawoe azu tɔnye le ŋkeke, si wɔ ge mala la dzi, Yehowa Zebaot ye gblɔe, eye makpɔ wo ta, abe alesi ŋutsu kpɔa via, si subɔnɛ ta ene.”

Takpekpea me wɔna dodzidzɔname bubue nye drama si me wodo blemanuwo le, si ƒe tanyae nye “De Bubu Yehowa ƒe Dziɖuɖu Ŋu” si me woƒo nu tso Korax viŋutsuwo ŋu le. Togbɔ be wo fofo dze aglã ɖe Mose kple Aron ŋu hã la, woyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa kple eteƒenɔlawo. Esime Korax kple eyomedzelawo tsrɔ̃ la, Korax viŋutsuawo tsi agbe. Wotsɔ dramaa me nyawo sɔ kple mía dometɔ ɖesiaɖe le nuƒo si kplɔe ɖo me, si ƒe tanyae nye “Nɔ Mawu ƒe Dziɖuɖu Te Nuteƒewɔwɔtɔe.” Nuƒolaa xlɔ̃ nu tso nu ade siwo me Korax kple eyomedzelawo do kpo nu le ŋu: womenɔ Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe akpa dzi nuteƒewɔwɔtɔe o; woɖe mɔ dada, nɔƒegãdidi, kple ŋuʋaʋã ɖu wo dzi; woda susu ɖe amesiwo Yehowa tia ƒe blibomademadewo dzi; nyatoƒoetoto va zu numame na wo; woƒe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔwo megava nɔ wo ŋu dzem o; eye woɖe mɔ xɔlɔ̃ kple ƒome kadodowo ɖu nuteƒewɔwɔ na Yehowa dzi.

Dutoƒonuƒoa ƒe tanyae nye “Amekawoe Le Nyateƒea Fiam Dukɔwo Katã?” Nyateƒe si ŋu woƒo nu tsoe menye nyateƒe gbadzaa ko o, ke boŋ enye nyateƒe si ku ɖe Yehowa ƒe tameɖoɖo si ŋu Yesu Kristo ɖi ɖase le ŋu. Nuƒolaa ƒo nu tso nyateƒe si ku ɖe dzixɔsewo ŋu, nyateƒe si ku ɖe alesi woade ta agui ŋu, kple nyateƒe si ku ɖe ame ƒe agbenɔnɔ ŋu. Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tsɔtsɔ sɔ kple Yehowa Ðasefowo egbea me la, wodo ŋusẽ kakaɖedzi si le mía si be, ‘Mawu le mía dome vavã.’—Korintotɔwo I, 14:25.

Le kwasiɖaa ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃nyatia totoɖeme megbe la, woʋã Mawu ƒe nya fiala siwo katã le nyaselawo dome ɖe dɔ ŋu to nuƒo mamlɛa, si ƒe tanyae nye “Hiahiã Kpata Tsɔtsɔ Awɔ Míaƒe Nufiafiadɔae” la ƒoƒo me. Nuƒoawo me toto kpuie te gbe ɖe Ŋɔŋlɔawo zazã le nufiafia me, alesi míawɔ ate ŋu azu nufiala siwo dze, kple alesi wòhiã be míaka ɖe nyateƒea si míefiaa amewo dzii la dzi. Nuƒolaa xlɔ̃ nu mí be míana ‘míaƒe ŋgɔgbedede nadze ƒã’ eye be ‘míakpɔ mía ɖokui kple míaƒe nufiafia dzi nyuie.’—Timoteo I, 4:15, 16.

Gbɔgbɔmekplɔ̃ gã ka gbegbee nye si woɖo na mí le “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpea me! Mina míasrɔ̃ míaƒe Nufiala Gãtɔ Kekeake, Yehowa, kple míaƒe Nufiala Gã, Yesu Kristo, le Mawu ƒe nya fiafia amewo me.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Agbalẽ Yeyewo Hena Hiahiã Tɔxɛwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Amesiwo de “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe tsɔ dzidzɔ xɔ agbalẽ yeye eve siwo nyo ŋutɔ na Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea fiafia amewo le xexeame ƒe akpa aɖewo. Trakt, si ŋkɔe nye Ðe Gbɔgbɔ Makumaku aɖe Le Mewòa? anye dɔwɔnu nyui aɖe le dzeɖoɖo gɔmedzedze kple amesiwo le anyigba siwo dzi womede vovototo aɖeke “luʋɔ” kple “gbɔgbɔ” dome le woƒe gbegbɔgblɔwo me o. Trakt yeyea ɖee fia kɔte be vovototo le agbegbɔgbɔ kple gbɔgbɔmenuwɔwɔ dome eye be amewo meva zua gbɔgbɔmenuwɔwɔ ne woku o.

Woɖe agbalẽ gbadza si nye Agbe si Me Dzidzeme Le—Alesi Woawɔ Anɔe ɖe go le takpekpea ƒe ŋkeke evelia ƒe nuwuwu. Wota agbalẽ gbadza sia be woatsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple amesiwo mexɔe se kura be Wɔla aɖe li si si amenyenye le eye be agbalẽ aɖe li si tso eƒe gbɔgbɔ me o. Ète ŋu zã agbalẽ yeye siawo le wò subɔsubɔdɔa mea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Wona nyɔnyrɔ ame alafa geɖe le Milan, Italy, kple le takpekpe bubuwo me le xexeame godoo

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Drama si nye “De Bubu Yehowa ƒe Dziɖuɖu Ŋu” ʋã nyaselawo vevie

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe