INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 5/1 axa 4-7
  • Alesi Nuwɔamewo Nu Ava Yii

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nuwɔamewo Nu Ava Yii
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu ƒe Nukunuwo—Gbedada le Xexeame Katã ŋu ƒe Kpɔɖeŋu Sue Aɖee Wonye
  • Dɔdada Femaxee si me Vevesese Menɔ O
  • Ele Be Gbɔgbɔ me Gbedada Naxɔ Nɔƒe Gbãtɔ!
  • Elɔ̃ Amewo Vevie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nukunu Siwo Adzɔ Kpuie
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Gbedada na Ameƒomea Nukutɔe Gogo Vɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Aleke Yesu Ate Ŋu Atrɔ Wò Agbee?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 5/1 axa 4-7

Alesi Nuwɔamewo Nu Ava Yii

KPƆE ɖa le susu me be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tokunɔwo le nu sem, aɖetututɔwo le ha dzim kple dzidzɔ, eye bafawo ƒe afɔwo me sẽ eye wote ŋu le zɔzɔm! Menye atikewɔwɔ me dzidzedzekpɔkpɔ ŋu nya gblɔm míele o, ke boŋ nusiwo ado tso Mawu ŋutɔ ƒe asidede ameƒomea ƒe nyawo me ŋu nya gblɔm míele. Biblia gblɔ ɖi be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” (Yesaya 35:5, 6) Gake aleke míate ŋu aka ɖe edzi be nyagblɔɖi wɔnuku sia ava eme?

Gbã la, esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eda gbe le amesiwo ŋu dɔléle kple nuwɔame vovovowo nɔ ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, ame geɖe kpɔ eƒe nukunu akpa gãtɔ teƒe—eƒe futɔwo kura gɔ̃ hã kpɔe. Le nyateƒe me la, ne mede ɖeke o la, tsitretsiɖeŋula siwo mexɔ Yesu dzi se o ku nu me tsitotsito le eƒe dɔdadawo dometɔ ɖeka ŋu be yewoatsɔ ado ŋukpee zi ɖeka ya teti. Gake ezu ŋukpe na wo esi nusiwo katã wowɔ la ɖeko woɖo kpe nukunu si wòwɔ la dzi boŋ. (Yohanes 9:1, 5-34) Esi Yesu gawɔ nukunu aɖe si ŋu womate ŋu asẽ nu le o vɔ la, wogblɔ dziɖeleameƒotɔe be: “Nuka míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm.” (Yohanes 11:47) Ke hã ame tsɛwo ƒe dzime mesẽ nenema gbegbe o, elabena wo dometɔ geɖe dze Yesu dzi xɔxɔ se gɔme.—Yohanes 2:23; 10:41, 42; 12:9-11.

Yesu ƒe Nukunuwo—Gbedada le Xexeame Katã ŋu ƒe Kpɔɖeŋu Sue Aɖee Wonye

Menye Mesia kple Mawu ƒe Vi nyenye dzi koe Yesu ƒe nukunuwo ɖo kpee be Yesu nye o. Wonye kpeɖodzi na mí be míaxɔ Biblia ƒe ŋugbedodowo be woada gbe le ameƒomea ŋu le etsɔme hã dzi ase. Nyagblɔɖi si le Yesaya 35 si míeyɔ le memama si mietsɔ dze nyati sia gɔme hã le ŋugbedodo siawo dome. Yesaya 33:24 gblɔ le lãmesẽ si me Mawu vɔ̃lawo anɔ le etsɔme ŋu be: “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” Nyaɖeɖefia 21:4 hã do ŋugbe be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo [egbegbe fukpekpewo] nu va yi.”

Amewo doa gbe ɖa edziedzi be nyagblɔɖi siawo nava eme ne wole Yesu ƒe Kpɔɖeŋugbedodoɖa la dom ɖa, esi ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Ẽ, anyigba kple amegbetɔƒomea le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Togbɔ be woɖe mɔ ɖe dɔléle kple nuwɔamewo ŋu ɖe susu aɖe ta hã la, eteƒe madidi hafi wo nu ava yi o; womagblẽ Mawu ƒe “afɔɖodzinu” la dome tegbee o.—Yesaya 66:1.a

Dɔdada Femaxee si me Vevesese Menɔ O

Fu ka ke amewo kpe o, Yesu da dɔ na wo vevesese manɔmee, enumake, naneke maxɔmaxɔe. Ðikeke mele eme o be esia ŋuti nya kaka de didiƒe, eye eteƒe medidi o “ameha geɖe va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, aɖetututɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi vɛ, eye wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu.” Aleke amewo se le wo ɖokui me? Mateo, amesi kpɔ nudzɔdzɔ sia teƒe, ŋlɔ yi edzi be: “Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu lsrael ƒe Mawu la.”—Mateo 15:30, 31.

De dzesii be menye ɖe wobua tia amesiwo ŋu Yesu da gbe le la ayetɔe le ameha la dome o—esi nye ayemenu si alakpagbedalawo zãna le woƒe dɔdada me. Ke boŋ ɖe ƒometɔ kple xɔlɔ̃wo tsɔ woƒe dɔnɔwo “da ɖe [Yesu ƒe] afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu.” Mina míadzro Yesu ƒe dɔdaŋutete ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖewo me kpɔ.

Ŋkuagbã: Esime Yesu nɔ Yerusalem la, eʋu ŋku na ŋutsu aɖe “si nye ŋkuagbãtɔ tso eƒe dzidzi me ke.” Wonya ŋutsu sia nyuie le dua me be enye nubiala ŋkuagbãtɔ. Eyata àte ŋu akpɔ dzidzɔ kple zitɔtɔ si anɔ anyi esime amewo kpɔe wòle zɔzɔm hele nu kpɔm le susu me! Ke hã menye amewo katãe kpɔ dzidzɔ ɖe eŋu o. Le alesi Yesu ʋu go Yudatɔwo ƒe kɔmama xɔŋkɔ si woyɔna be Farisitɔwo ƒe vɔ̃ɖinyenye do ŋgɔ ta la, wo dometɔ aɖewo di vevie be yewoakpɔ kpeɖodzi aɖe be ameflunue Yesu wɔ. (Yohanes 8:13, 42-44; 9:1, 6-31) Le esia ta la, wobia gbe ŋutsu si ŋu wòda gbe le la, emegbe edzilawo, eye mlɔeba wogabia gbe ŋutsua ake. Gake Farisitɔwo ƒe numekuku siwo wowɔ ɖeko wòɖo kpe Yesu ƒe nukunua dzi, si nye nusi ku dzi na wo. Mawu subɔsubɔ me alakpanuwɔla siawo ƒe tsitretsitsi ɖe nyateƒea ŋu wɔ nuku na ŋutsu sia si ŋu woda gbe le ŋutɔ, eye eya ŋutɔ gblɔ be: “Tso xexemedzɔgbe taa la womese kpɔ bena, ame aɖe ʋu ŋkuwo na amesi wodzi ŋkugbagbã o. Ðe amesia metso Mawu gbɔ o la, ne mate ŋu awɔ naneke o.” (Yohanes 9:32, 33) Le xɔse alakpamanɔmee ƒe nya sẽŋu si me susu le si ŋutsua gblɔ ta la, Farisitɔwo “nyãe do goe,” si fia be wonyã ŋutsu si nye ŋkuagbãtɔ kpɔ la le ƒuƒoƒea me.—Yohanes 9:22, 34.

Tokuku: Esime Yesu nɔ Dekapoli, si le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒekpa dzi la, “wotsɔ ame aɖe, si nye tokunɔ kple aɖetututɔ la, va egbɔ.” (Marko 7:31, 32) Menye ɖeko Yesu da gbe le amesia ŋu ko o, ke eɖe nugɔmesese deto hã fia ɖe tokunɔa ƒe seselelãme ŋu, le esi ŋu ate ŋu akpee le amehawo dome ta. Biblia gblɔ na mí be Yesu kplɔ tokunɔa “heƒo asae tso ameha la gbɔ” eye wòda gbe le eŋu. Le esia me hã la, ‘ewɔ nuku na eteƒekpɔlawo ŋutɔŋutɔ,’ eye wogblɔ bena: “Ewɔ nuwo katã nyuie, ena tokunɔwo sea nu, eye aɖetututɔwo hã ƒoa nu.”—Marko 7:33-37.

Lãmetutudɔ: Esime Yesu nɔ Kapernaum la, wotsɔ lãmetututɔ aɖe si mlɔ aba dzi la, va egbɔe. (Mateo 9:2) Kpukpui 6 vaseɖe 8 gblɔ nusi dzɔ. “[Yesu gblɔ] na lãmetututɔ la bena: Tsi tre, kɔ wò aba dzi, eye nayi aƒewò me. Eye wòtsi tre heyi ɖe aƒe me. Eye esi amehawo kpɔe la, wovɔ̃, eye wokafu Mawu, si tsɔ nenem ŋusẽ sia tɔgbe na amegbetɔwo.” Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kple eƒe futɔwo siaa ŋkumee wòwɔ nukunu sia hã le. De dzesii be esi wònye fuléle kple nazãbubu megbã ŋku na Yesu ƒe nusrɔ̃lawo o ta la, “wokafu Mawu” ɖe nusi teƒe wokpɔ la ta.

Dɔléle: “Eye anyidzelaa ɖe va [ Yesu gbɔ] le kuku ɖem nɛ, eye wòdze klo nɛ gblɔ bena: ‘Ne èlɔ̃ ko, àte ŋu aklɔ ŋutinye.’ Eye esi eƒe dɔme trɔ ɖe eŋuti la, edo eƒe abɔ ɖa, eye wòde asi eŋu hegblɔ nɛ bena: ‘Melɔ̃ ŋutiwò nakɔ!’ Eye enumake la anyi la vɔ le eŋuti, eye eŋuti kɔ.” (Marko 1:40-42) De dzesii be Yesu meda gbe le ŋutsu sia ŋu dɔmedzoetɔe o, ke boŋ nublanuikpɔkpɔ vavãe ʋãe tae wòdae ɖo. Tsɔe ko be anyidzelae yenye. Aleke nàse le ɖokuiwò me ne woda dɔ vɔ̃ɖi si ava kplɔ wò ayi yɔ mee si gblẽ nu le wò ŋutilã ŋu vivivi eye wòna be mete ŋu ganɔa ame dome o la na wò enumake vevemasemasee? Ðikeke mele eme o be àse nusitae anyidzela bubu aɖe “dze klo tsyɔ mo anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu hele akpe dam nɛ” le esi wòda dɔ nɛ ta la gɔme.—Luka 17:12-16.

Nuveviwɔame: Yesu ƒe nukunu mlɔetɔ si wòwɔ hafi wolée kplɔe yi ɖaklã ɖe ati ŋue nye dɔdada na ame aɖe. Le dzitsitsi nuwɔwɔ ɖe amesiwo va Yesu lé ge adzoe me la, apostolo Petro, “di yi, si le esi la, heda nunɔlagã la ƒe dɔla, eye wòkpa eƒe nuɖusimeto, eye dɔla ma ƒe ŋkɔe nye Malxo.” (Yohanes 18:3-5, 10) Luka ƒe nuŋlɔɖi si sɔ kple esia gblɔ na mí be, Yesu “de asi eƒe to ŋu, eye wòda gbe le eŋu.” (Luka 22:50, 51) Le afisia hã Yesu xɔlɔ̃wo kple eƒe futɔwo siaa ŋkumee wòwɔ amenuvevenu sia le—le esia gome la, futɔ siawoe nye elélawo.

Ẽ, zi alesi míedzro Yesu ƒe nukunuwo me tsitotsitoe la, zi nenemae míekpɔa eƒe nyateƒenyenye si ɖe dzesi la dzea sii. (Timoteo II, 3:16) Eye abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, ele be nusɔsrɔ̃ mawo naʋã mí míaxɔ Mawu ƒe ŋugbe si wòdo be yeada gbe le amegbetɔ siwo nye toɖolawo ŋu la dzi ase. Biblia ɖe Kristotɔwo ƒe xɔse gɔme be enye ‘dziɖoɖo ɖe nusiwo wokpɔ mɔ na ŋu kple kaka ɖe nusiwo womekpɔna o la dzi.’ (Hebritɔwo 11:1) Edze ƒã be menye nusianu ko dzixɔxɔse alo didi be nusiwo míele mɔ kpɔm na nava eme ƒe dzi dem ƒo Mawu le na mí o, ke boŋ xɔse sẽŋu si ŋu kpeɖodzi le ye wòdi tso mía si. (Yohanes I, 4:1) Ne xɔse ma tɔgbe va le mía si sum la, míakpɔe adze sii be míele ŋu sẽm hele lãmesẽ me le gbɔgbɔ me, eye míele dzidzɔ kpɔm wu.—Mateo 5:3; Romatɔwo 10:17.

Ele Be Gbɔgbɔ me Gbedada Naxɔ Nɔƒe Gbãtɔ!

Amesiwo si lãmesẽ le la dometɔ geɖe mekpɔa dzidzɔ o. Wo dometɔ aɖewo tea wo ɖokui wuwu kpɔna gɔ̃ hã elabena etsɔmemɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si o alo le esi kuxiwo wu tsɔtsɔ na wo ta. Ne woagblɔe tututu la, wonye nuwɔametɔwo le gbɔgbɔ me—esi nye ŋkubiãnya le Mawu ŋkume wu ŋutilã me nuwɔametɔ nyenye. (Yohanes 9:41) Le go bubu me la, ame geɖe siwo nye ŋutilã me nuwɔametɔwo, abe Christian kple Junior siwo ŋu nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me ene la, le dzidzɔ kpɔm le agbenɔnɔ si me dzidzeme le me. Nukatae? Elabena wole gbɔgbɔ me lãmesẽ me eye mɔkpɔkpɔ na Biblia me ŋugbedodo siwo ŋu kakaɖedzi le doa ŋusẽ wo.

Yesu gblɔ le nuhiahiã tɔxɛ si wode amegbetɔwo ko me ŋu be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Ẽ, to vovo na lãwo tɔ la, amegbetɔwo ya hiã na nu geɖe wu ŋutilã me dedienɔnɔ ko. Mawu wɔ mí ɖe eya ŋutɔ ƒe “nɔnɔme” nu, le esia ta míehiã na gbɔgbɔmenuɖuɖu—sidzedze Mawu kple afisi míele na eƒe tameɖoɖo hekpe ɖe wɔwɔ ɖe eƒe gɔmeɖosewo dzi ŋu. (Mose I, 1:27; Yohanes 4:34) Sidzedze Mawu wɔnɛ be taɖodzinu nɔa míaƒe agbe ŋu eye wòdoa ŋusẽ mí le gbɔgbɔ me. Eya dzie míaƒe agbe tegbee nɔnɔ le paradisonyigba dzi hã nɔ te ɖo. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Enyo be míade dzesii be Yesu ŋɔlimetɔwo meyɔnɛ be “Gbedala” o, ke “Nufiala” boŋ. (Luka 3:12; 7:40) Nukatae? Elabena Yesu fia nu amewo tso ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu si anɔ anyi ɖaa ŋu—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea. (Luka 4:43; Yohanes 6:26, 27) Dziƒodziɖuɖu sia si le Yesu Kristo ƒe kpɔkplɔ te la aɖu anyigba bliboa katã dzi eye wòana Biblia me ŋugbedodo siwo katã ku ɖe ame dzɔdzɔewo kple woƒe aƒe si nye anyigba la dzadzraɖo si anɔ anyi ɖaa la nava eme. (Nyaɖeɖefia 11:15) Susu ma tae Yesu yɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le anyigba dzi tɔ ɖe Fiaɖuƒea ƒe vava ŋu le eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa me ɖo.—Mateo 6:10.

Le nuwɔametɔ geɖe gome la, nusɔsrɔ̃ tso mɔkpɔkpɔ ʋãme siawo ŋu wɔe be woƒe blanuilélea trɔ zu dzidzɔ boŋ. (Luka 6:21) Le nyateƒe me la, menye dɔléle kple nuwɔame koe Mawu aɖe ɖa o; aɖe nusi tututu naa ameƒomea kpea fu hã ɖa kura—nusiae nye nuvɔ̃. Nyateƒee, Yesaya 33:24 kple Mateo 9:2-7 siwo míeyɔ do ŋgɔ la ɖee fia be kadodo le dɔléle kple nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme si me míele la dome. (Romatɔwo 5:12) Le esia ta la, ne woɖe nuvɔ̃ ɖa vɔ keŋkeŋ la, ameƒomea ase vivi le “mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me,” mlɔeba, ẽ, anye ablɔɖe si me blibodede le susu me kple ŋutilã me hã anɔ la me nɔnɔ.—Romatɔwo 8:21.

Amesiwo le lãmesẽ me ate ŋu aŋe aɖaba aƒu alesi lãmesẽ me nɔnɔ hiã mí dzi. Gake amesiwo le fu kpem vevie le nuwɔamewo si me ya mabui nenema gbeɖe o. Wonya alesi gbegbe lãmesẽ kple agbe xɔ asii kple alesi nuwo ate ŋu atrɔ kpata le esime míele mɔ kpɔm nɛ o la. (Nyagblɔla 9:11) Le esia ta la, enye míaƒe mɔkpɔkpɔ be nuwɔametɔ siwo xlẽ nyati siawo la nabu ŋugbe wɔnuku siwo Mawu do woŋlɔ ɖe Biblia me la ŋu vevie. Yesu tsɔ eƒe agbe na ale be ŋugbedodo siawo nate ŋu ava eme. Kakaɖedzi kae agade ŋgɔ wu ema?—Mateo 8:16, 17; Yohanes 3:16.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Hena numekɔkɔ tsitotsito le nusita Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?, si Yehowa Ðasefowo ta.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe