‘Ele Be Míaɖo To Mawu Abe Dziɖula Ene Wu Amewo’
“Dzideƒo Sẽŋu” Tsɔtsɔ Aɖi Ðasee Tsitotsito
NUVLOWƆHA aɖe le klalo be yewoaƒo Mawu subɔla wɔnuteƒe aɖe wòaku. Ke esi nusianu sɔ gbe eye ɣeyiɣia de be woatu nu kple nuteƒewɔla sia la, Roma-srafowo va xɔe sesẽe le amedzidzelawo si me ɖada ɖe wo ɖokui gbɔ. Esia nye nudzɔdzɔ aɖewo siwo yi edzi tsya ɖe wo nɔewo nu hena ƒe atɔ̃ la ƒe gɔmedzedze. Esia wɔe be Roma-dziɖuɖumegã siwo nye ame ŋkutawo la va se nu tso Yesu Kristo ŋu.
Nuteƒewɔla si dzi wodze sesẽe ye nye apostolo Paulo. Anɔ abe ƒe 34 M.Ŋ. lɔƒo la, Yesu ɖee fia be Paulo (Saul) aɖi ɖase tso ye ŋu le “fiawo” ŋkume. (Dɔwɔwɔwo 9:15) Le ƒe 56 M.Ŋ. me la, nya sia mekpɔ va eme o. Gake esi wòsusɔ vie hafi apostolo Paulo nawu eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ ƒe mɔzɔzɔ etɔ̃lia nu la, nuwo va trɔ bubui.
Wowɔ Anyra le Eŋu Gake Elé Dzi Ðe Ƒo
Paulo yi eƒe mɔzɔzɔa dzi ɖo ta Yerusalem, eye “to Gbɔgbɔ la” ƒe kpekpeɖeŋu me la, Kristotɔ aɖewo na wònya be woati eyome vevie le du ma me. Paulo gblɔ dzideƒotɔe be: “Nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woablam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.” (Dɔwɔwɔwo 21:4-14) Esi Paulo nya ɖo Yerusalem ƒe gbedoxɔa me ko la, Yudatɔ aɖewo siwo tso Asia, amesiwo nya nu tso alesi apostoloa le dzidzedze kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔa mee ŋu, de zitɔtɔ amewo dome ale be woate ŋu akpɔ mɔnu awu apostoloa. Roma-srafowo va tsoe xɔ enumake. (Dɔwɔwɔwo 21:27-32) Esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ aɖewo va ʋu ɖi na Paulo be wòɖe gbeƒã Kristo ŋuti nyateƒea na ameha siwo lé fui la kple dziɖuɖumegãwo kpakple ame ŋkutawo.
Gbeƒãɖeɖe na Amesiwo Gbɔ Ðoɖo Sesẽ
Wokplɔ Paulo yi dziƒoxɔgã nyadrii si woyɔna be Antonia-mɔ̃ la dzi, bene wòanɔ dedie.a Apostoloa nɔ dziƒoxɔ sia ƒe atrakpuiwo dzi heɖi ɖase dzonɔamemetɔe na subɔsubɔha si me tɔwo di be yewoatu nu kplii hafi la. (Dɔwɔwɔwo 21:33–22:21) Esi wònya ke nu hegblɔ be wode dɔ asi na ye be yeaɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo ko la, ameawo ƒe mo ganyra ɖe eŋu ake. Asrafomegã si ŋkɔe nye Lisia ɖe gbe be woaƒo Paulo kple ati hafi woaɖe nusitae Yudatɔwo tsɔ nya ɖe eŋu me nɛ. Gake esi Paulo na wonya be Romatɔe yenye la, womegaxa ƒoe o. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, Lisia kplɔ Paulo yi ɖe Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ, ŋkume ne woase nusitae Yudatɔwo tsɔ nya ɖe Paulo ŋu me.—Dɔwɔwɔwo 22:22-30.
Esi Paulo tsi tre ɖe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ sia ŋkume la, mɔnukpɔkpɔ bubu gasu esi be wòaɖe gbeƒã na etɔ Yudatɔ bubuawo. Nyanyuigblɔla sia si mevɔ̃na o la ɖe alesi wòxɔ tsitretsitsia dzi see la gblɔ. (Dɔwɔwɔwo 23:1-8) Gake esia metɔ tsi fu si Yudatɔwo lé Paulo heɖoe kplikpa be yewoawui la le mɔ aɖeke nu o. Wokplɔ Paulo yi ɖe asrafoawo ƒe kpɔ me. Le ŋkeke si kplɔe ɖo ƒe zã me la, exɔ akɔfanamenya siawo tso Aƒetɔ la gbɔ be: “Wò dzi nedze eme; elabena alesi nèɖi ɖase le ŋutinye le Yerusalem la, nenema ke wòle be, naɖi ɖase le Roma hã.”—Dɔwɔwɔwo 23:9-11.
Wogblẽ nugbe si woɖo be yewoawu Paulo la me esime wokplɔe dzo kaba le adzame yi ɖe Kaisarea, si nye Yudea ƒe fiadu si me wokpɔa Romatɔwo ƒe dukplɔɖoɖo ŋu nyawo gbɔ le. (Dɔwɔwɔwo 23:12-24) Le Kaisarea la, mɔnukpɔkpɔ nyuiwo gaʋu ɖi na Paulo, eye wòɖi ɖase na “fiawo.” Gake gbã la, apostoloa na Mɔmefia Felike nya be kpeɖodzi aɖeke mele nya siwo katã wotsɔ ɖe ye ŋu la ŋu o. Emegbe Paulo ɖe gbeƒã na Felike kple srɔ̃a Drusila tso Yesu ŋu, kpakple tso ɖokuidziɖuɖu, dzɔdzɔenyenye, kple ʋɔnudɔdrɔ̃ si le ŋgɔ gbɔna la ŋu. Gake wode Paulo mɔ hena ƒe eve, elabena Felike nɔ mɔ kpɔm na zãnu aɖe xɔxɔ, gake ɖeko wòto mìa me nɛ bliboe.—Dɔwɔwɔwo 23:33–24:27.
Esime Festo va xɔ ɖe Felike teƒe la, Yudatɔwo gbugbɔ dzo de nugbe si woɖo be yewoabu fɔ Paulo ahana woawui la me. Wogakplɔ Paulo yi ʋɔnui ake le Kaisarea, eye esi Paulo medi be woagakplɔ ye ayi Yerusalem ne woaɖadrɔ̃ ʋɔnu ye le afima hã o ta la, egblɔ be: “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe nye esi mele tsitre ɖo, . . . Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!” (Dɔwɔwɔwo 25:1-11, 20, 21) Le ŋkeke aɖewo megbe, esi Paulo ɖe eɖokui nu le Fia Herodes Agripa II ŋkume vɔ la, fia la gblɔ be: “Esusɔ ʋee, naƒoe ɖe nunye be, nawɔm mazu Kristotɔ.” (Dɔwɔwɔwo 26:1-28) Anɔ abe ƒe 58 M.Ŋ. me ene la, woɖo Paulo ɖe Roma. Esi wònɔ game le afima la, apostolo bibi sia gayi edzi ƒe eve sɔŋ di mɔ siwo dzi wòato aɖe gbeƒã tso Kristo ŋu. (Dɔwɔwɔwo 28:16-31) Edze abe wohe Paulo yi ɖe Fiagã Nero ŋkumee ene, wotso afia nɛ be meɖi fɔ o, si wɔe be wògate ŋu yi eƒe dutanyanyuigblɔdɔa dzi faa. Nuŋlɔɖi aɖeke meli si ɖee fia be mɔnukpɔkpɔ siawo tɔgbe su apostolo bubu aɖe si wòte ŋu gblɔ nyanyuia na ame ŋkutawo abe alesi Paulo te ŋu wɔe ene la o.
Abe alesi nudzɔdzɔ siwo ŋu míeƒo nu tsoe le etame la ɖee fia ene la, apostolo Paulo wɔ nu wòwɔ ɖeka kple gɔmeɖose vevi aɖe si ehati Kristotɔ bubu aɖewo ɖe gblɔ na Yudatɔwo ƒe ʋɔnua be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi wòɖo ɖi na mí! Togbɔ be amegbetɔwo wɔ ɖesiaɖe be yewoatɔ te dɔ si wɔm apostoloa nɔ hã la, ewɔ ɖe se si nye be woaɖe gbeƒã nyanyuia tsitotsito la dzi bliboe. Esi wònye Paulo ɖo to Mawu le nɔnɔme sesẽtɔ kekeakewo me ta la, edze na ŋkɔ si woda ɖe eyama dzi be enye “dɔwɔnu tiatia” si aɖe gbeƒã Yesu ƒe ŋkɔ na ‘trɔ̃subɔlawo kple fiawo kpakple Israel-viwo’ la.—Dɔwɔwɔwo 9:15.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ ƒe 2006 ƒe Calendar of Jehovah’s Witnesses, November/December (Calendrier des Témoins de Jéhovah 2006, Novembre/Décembre).
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
ALESI PAULO AÐE EÐOKUI NUI LA ME KOE WÒTSƆ ÐE LEA?
Esi agbalẽŋlɔla Ben Witherington III, nɔ nyabiase sia ŋu ɖom la, eŋlɔ bena: “Le Paulo ƒe susu nu la, menye nusi me wòtsɔ ɖe le vevie lae nye be wòaɖe eɖokui nu o, ke boŋ be yeaɖe gbeƒã nyanyuia na Yudatɔwo kple trɔ̃subɔlawo ƒe amegãwo. . . . Ne míagblɔe tẽ la, nyanyuia ŋue ameawo tsi tre ɖo.”