Te Ðe Mawu Ŋu
“Nye Yehowa, Mia Mawu La, Mele Kɔkɔe”
3 Mose Ta 19
“KƆKƆE, kɔkɔe, kɔkɔe nye Yehowa Mawu.” (Nyaɖeɖefia 4:8) Nya siawoe Biblia gblɔ tsɔ ɖe ale si gbegbe Yehowa le kɔkɔe la fia, si lɔ dzadzɛnyenye deŋgɔ si ɖeke mesɔ kple o la ɖe eme. Mawu le adzɔge boo tso nu vɔ̃ gbɔ; nu vɔ̃ ƒe ɖi mate ŋu agogoe le mɔ aɖeke nu kura o. Ðe esia fia be amegbetɔ madeblibowo mate ŋu ate ɖe Mawu sia si le kɔkɔe nenema gbegbe la ŋu kura oa? Menye nenemae kura o! Mina míadzro nya siwo dze le 3 Mose ta 19 lia me, siwo ana mɔkpɔkpɔ mí be míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu la me.
Yehowa gblɔ na Mose be: “Ƒo nu kple Israel ƒe ha blibo la.” Nya ka gblɔ gee Mose le na wo? Nya siwo Mawu gblɔ nɛ be wòagblɔ la yi na dukɔa me tɔ ɖe sia ɖe. Egblɔ be: “Nàgblɔ na wo bena: Ame kɔkɔewo mianye, elabena nye Yehowa, mia Mawu la, mele kɔkɔe.” (Kpukpui 2) Enɔ na Israel vi ɖe sia ɖe be wòanɔ kɔkɔe. Esi wògblɔ be “ame kɔkɔewo mianye” la, efia be sededee wònye, ke menye aɖaŋuɖoɖo dzro aɖe ko o. Ðe Mawu le nu si womate ŋu awɔ o la biam tso wo sia?
De dzesii be menye ɖee Yehowa he susu yi eya ŋutɔ ƒe kɔkɔenyenye dzi be amegbetɔwo hã nanɔ kɔkɔe nenema pɛpɛpɛ o, ke boŋ be wòanye susu si tae wòle be woanɔ kɔkɔe ɖo. Ne míagblɔe bubui la, menye ɖe Yehowa nɔ gbɔgblɔm na esubɔla madeblibo siwo nɔ Israel la be woanɔ kɔkɔe abe ye ene o. Ema mate ŋu anya wɔ o. Yehowa, “kɔkɔetɔ la,” ƒe kɔkɔenyenye ƒo ame bubu ɖe sia ɖe tɔ ta sãsãsã. (Lododowo 30:3) Ke hã, esi wònye be Yehowa le kɔkɔe ta la, ekpɔa mɔ be ye subɔlawo hã nanɔ kɔkɔe—va ɖo afi si amegbetɔ madeblibowo ate ŋu anɔ kɔkɔe ase ɖo ya teti. Mɔ kawo nue woate ŋu anɔ kɔkɔe le?
Esi Yehowa de se be woanɔ kɔkɔe vɔ megbe la, eto Mose dzi gblɔ nudidi siwo dzi wòle be woawɔ ɖo le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa me la na wo. Enɔ na Israel vi ɖe sia ɖe be wòawɔ ɖe agbenɔnɔ ƒe dzidzenu siwo gbɔna la dzi: woade bubu wo dzilawo kple ame tsitsiwo ŋu (kpukpui 3, 32); woakpɔ nublanui na mumuiwo, ŋkuagbãtɔwo, kple nuwɔametɔ bubuwo (kpukpui 9, 10, 14); woaɖi anukware le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me ahaƒo asa na ameŋkumekpɔkpɔ (kpukpui 11-13, 15, 35, 36); eye woalɔ̃ wo hati tadeagulawo abe woawo ŋutɔ ɖokuiwo ene. (Kpukpui 18) Ne Israel vi aɖe wɔ ɖe dzidzenu siawo kple bubu siwo ŋu woƒo nu tso dzi la, ‘anɔ kɔkɔe na eƒe Mawu.’—4 Mose 15:40.
Kɔkɔenyenye ƒe sea na Yehowa Mawu ƒe nuŋububu kple eƒe mɔwo ŋuti gɔmesese deto aɖe ŋutɔ gasu mía si. Esiawo dometɔ ɖekae nye be, míesrɔ̃e be hafi míate ŋu anɔ ƒomedodo kplikplikpli me kplii la, ele be míadze agbagba ale si míate ŋui anɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu siwo ku ɖe agbe dzadzɛ nɔnɔ ŋu la nu. (1 Petro 1:15, 16) To dzidzenu mawo me léle ɖe asi dzi la, míate ŋu anɔ agbe le mɔ nyuitɔ kekeake si aɖe vi na mí la nu.—Yesaya 48:17.
Se si Yehowa de be míanɔ kɔkɔe la gaɖe ale si wòka ɖe esubɔlawo dzii la hã fia. Yehowa media nu si míate ŋu awɔ o la tso mía si o. (Psalmo 103:13, 14) Enyae be ŋutete le mí amegbetɔ siwo wòwɔ ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu la si be míate ŋu anɔ kɔkɔe va se ɖe afi aɖe ya teti. (1 Mose 1:26) Ðe esia meʋã wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso ale si nàwɔ ate ɖe Mawu kɔkɔe, Yehowa, ŋu geɖe wu la ŋu oa?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Ŋutete le mía si be míatu kɔkɔenyenye ɖo