Aleke Mawu Bua Aha Sesẽe?
MÍA Wɔla, si dia míaƒe nyui la, metsri aha sesẽ nono le ŋuɖɔɖo me na mí o.a Ke boŋ ena “wain be wòado dzidzɔ na amegbetɔ, ami be wòana eƒe mo naklẽ, kple abolo be wòado ŋusẽe.” (Psalmo 104:15, Today’s English Version [TEV]) Gbe ɖeka la, Yesu Kristo na be dzidzɔ gadzi ɖe edzi le srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe aɖe esi wòtrɔ tsi wòzu “wain nyuitɔ.”—Yohanes 2:3-10.
Esɔ be míagblɔ be mía Wɔla la nya ale si tututu aha sesẽ kpɔa ŋusẽ ɖe ŋutilã kple susu ƒe dɔwɔwɔ dzi la nyuie. Mía Fofo si le dziƒo la to Biblia dzi ‘fia nu si nyo na mí la mí,’ eye wòxlɔ̃ nu mí vevie tso aha sesẽ nono fũu ŋu. (Yesaya 48:17) Lé ŋku ɖe nuxlɔ̃ame siawo siwo le tẽe la ŋu kpɔ:
“Miganɔ wain mum, si me nu baɖabaɖa wɔwɔ le la o.” (Efesotɔwo 5:18) ‘Ame siwo noa aha muna manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome akpɔ o.’ (1 Korintotɔwo 6:9-11, Nubabla Yeye La) Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsi tsitre ɖe “ahamumuwo, [kple kplɔ̃ɖoɖo] siwo gbɔ eme” ŋu.—Galatiatɔwo 5:19-21.
Azɔ na míadzro afɔku siwo le aha muame geɖe nono me kpɔ.
Afɔku Siwo Le Aha Tsu Nono Me
Togbɔ be aha sesẽ nyo le mɔ aɖewo nu hã la, nu muame aɖewo le eme siwo ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe susu kple ŋutilã ƒe dɔwɔwɔ ŋu. Aha tsu nono ate ŋu ahe kuxi siwo gbɔna la dometɔ ɖe sia ɖe avae:
Aha tsu nono kpɔa ŋusẽ ɖe ame ƒe nyametsotso ŋutete dzi, eye esia awɔe be ‘mate ŋu abu nuwo ŋu nyuie o.’ (Lododowo 23:33, TEV) Allen, si nye ahanoxe tsã, si ŋu míeƒo nu tso le nyati gbãtɔa me la, gblɔ be: “Menye dɔléle si gblẽa nu le ame ƒe ŋutilã ŋu koe aha tsu nono nye o; ke enye dɔléle si gblẽa nu le ale si ame bua tame kple ale si wòwɔa nui hã ŋu. Màgatsɔ ɖeke le nu si wò aha tsu nonoa gblẽna le ame bubuwo ŋu la me o.”
Aha tsu nono ate ŋu aɖe ame ƒe ŋutenɔnɔ hã dzi kpɔtɔ. Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu be: “Wein kple aha yeye ɖe wòdoa lã ame.” (Hosea 4:11) Aleke wòdzɔnae? Ne aha muame le ŋusẽ gbegblẽ kpɔm ɖe mía dzi la, enana be míeva kpɔa tamesusu kple dzodzro siwo dzi míeɖuna tsã la be naneke megblẽ le wo ŋu o—míeva dina be míaɖi kɔ na wo gɔ̃ hã. Míaƒe didi vevie be míalé ɖe nu si nyo la ŋu me ate ŋu agbɔdzɔ. Aha muame ate ŋu agblẽ nu le míaƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe ŋutete ŋu, eye wòakplɔ mí ade afɔku si agblẽ mía kple Mawu dome ƒomedodo me la me.
Le kpɔɖeŋu me, nyahehe aɖe ɖo John kple srɔ̃a dome eye wòdzo le egbɔ kple dziku heyi ahanoƒe. Esi wòno aha kɔŋkɔ ɖeka alo eve aɖe tsɔ fa akɔ na eɖokui vɔ la, nyɔnu aɖe te ɖe eŋu. Esi John gano kɔŋkɔ aɖewo kpee vɔ la, woa kple nyɔnua wodzo eye wòyi ɖawɔ ahasi. Esia megbe la, eva ve John ŋutɔ be yewɔ nu si yemasusu gbeɖe be yeawɔ, ne menye ahae kpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o.
Aha tsu nono ate ŋu awɔe be ame maɖɔ ŋu ɖo le nuƒoƒo kple nuwɔna me o. Biblia bia be, “Ame kae ɖoa xaxa me ɣesiaɣi? Ame kae hea nya hewɔa dzre? Ame siwo tsia wein te dedie la tɔe; ame siwo yina, be woade nu aha, si wotɔtɔ me akpɔ la tɔe.” (Lododowo 23:29, 30, Contemporary English Version [CEV]) Aha tsu nono ate ŋu awɔe be nànɔ sesem le ɖokuiwò me ‘abe ame si le atsiaƒu gɔme kple ame si le abalati ta me ene.’ (Lododowo 23:34) Ahamula ate ŋu anyɔ tso alɔ̃ me ahakpɔe be “ye ŋuti katã dro, evɔ mate ŋu aɖo ŋku nu si gbɔ wòtso la dzi o.”—Lododowo 23:35, CEV.
Aha tsu nono ate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu. “[Aha muame ɖua] ame abe da ene, eye wònyɔa aɖi abe ƒli ene.” (Lododowo 23:32) Atikeŋutinunya ɖo kpe nunya si le blemalododo ma me dzi. Aha geɖe nono ate ŋu anye aɖi wuame si ahe kansadɔ vovovowo, aha muame ƒe aklãdɔ, aklãlialiadɔ, ƒomeɖe ƒe tete, sukli ƒe agbɔsɔsɔ si sɔ la ƒe ɖiɖi le ʋua me, nugbegblẽ le vinɔdɔme ŋu, tutudɔ alo gbagbadɔ loo, alo dzidɔ avae—eye esiawo nye nu siwo wòate ŋu agblẽ le ame ŋu la dometɔ ʋɛ aɖewo ko. Eye aha sesẽ nono fũu zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã ate ŋu ana ame nayi ɖi me alo aku. Gake womeɖe aha tsu nono me tsonu vɔ̃ɖitɔwo kekeake me le atikeŋutinunyagbalẽwo me o.
Emetsonu vɔ̃ɖitɔ kekeake. Ahanono ŋumaɖɔɖotɔe ate ŋu agblẽ nu le ame kple Mawu dome ƒomedodo ŋu ne amea memu o gɔ̃ hã. Biblia gblɔ tẽe be: ‘Baba na ame siwo fɔna fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi va se ɖe zãtiƒe, ne wain nade dzo lã me na wo!’ Nu ka tae? Yesaya ɖe ale si ahanono ŋumaɖɔɖotɔe ate ŋu agblẽ nu le ame ŋu le mawusubɔsubɔ gome la me be: “Womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.”—Yesaya 5:11, 12.
Mawu ƒe Nya ɖo aɖaŋu na mí be ‘míaganɔ wain tsu nolawo dome o.’ (Lododowo 23:20) Woxlɔ̃ nu nyɔnu tsitsiwo be “woagazu kluvi na wain geɖe nono o.” (Tito 2:3) Nu ka tae? Elebena ʋɛʋɛʋɛ la, amewo va tea aha geɖe wu nono henɔa enom edziedzi wu tsã—eye zi geɖe la, ahanolaa ŋutɔ medea dzesii o. Mlɔeba la, ahamulaa ate ŋu anɔ anyimlɔƒe anɔ eɖokui biam be, “Ɣekaɣi gɔ̃ manyɔ, ne magadi eyome mɔ?” (Lododowo 23:35) Ahanolawo ƒe kuxia va zua ŋkubiãnya ne eva dzroa wo ŋdi kanya be yewoatsɔ aha afu mo, alo atsɔ ado le etsɔ me.
Biblia xlɔ̃ nu be ame siwo kpɔa gome le “wain tsu nonowo, aglotutu siwo gbɔ eme, hoʋiʋli le ahanono me . . . [me la] abu akɔnta na ame si le klalo be yeadrɔ̃ ʋɔnu ame gbagbewo kple ame kukuwo.” (1 Petro 4:3, 5) Eye Yesu xlɔ̃ nu tso ɣeyiɣi sesẽ siwo me míele ŋu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, be nu tsu ɖuɖu kple aha tsu nono kple agbe me dzimaɖitsitsiwo nagate miaƒe dzi ɖe to gbeɖe o, ne [Yehowa ƒe] ŋkeke ma nagava lili mi abe mɔ ene o.”—Luka 21:34, 35.
Gake nu kae ame siwo meɖɔa ŋu ɖo le ahanono me o la ate ŋu awɔ be ‘aha tsu nono nagate woƒe dzi ɖe to o’?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le nyati sia me la, nya siwo nye “aha,” “aha sesẽ,” kple “aha muame” fia biya, wain, soɖabi, kple aha sesẽ bubu ɖe sia ɖe.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]
Aha tsu nono ate ŋu ahe kuxi geɖewo avae