Nu Ka Tae Mawu Wɔ Aʋa Kple Kanaantɔwo?
“Tsrɔ̃ Xititɔwo, Amoritɔwo, Kanaantɔwo, Perizitɔwo, Xiwitɔwo, kple Yebusitɔwo gbidigbidi, abe ale si Yehowa, wò Mawu, de se na wò ene.”—5 MOSE 20:17.
“Minɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me.”—ROMATƆWO 12:18.
DE WÒDZE abe mawunyakpukpui eve siawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu enea? Ame geɖewo mesea nu si tae Mawu de se be woatsrɔ̃ Kanaantɔwo evɔ Biblia xlɔ̃ nu be woanɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me la gɔme o.a (Yesaya 2:4; 2 Korintotɔwo 13:11) Le woawo gome la, edze abe mɔfiame siawo tsi tsitre ɖe wo nɔewo ŋu le nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenuwo nu ene.
Ne mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be mia kple Mawu miadzro nya sia me la, nya kae nàbiae? Kpɔ nyabiase atɔ̃ aɖe siwo amewo lɔ̃a biabia kple ale si Biblia ɖo wo ŋui la ɖa.
1. Nu ka tae wonya Kanaantɔwo ɖa le woƒe anyigba dzi ɖo? Le mɔ aɖe nu la, Kanaantɔwo va nɔ anyigba aɖe si dzi womekpɔ mɔ anɔ hafi o la dzi. Nu ka tae míegblɔ nenema? Ƒe 400 aɖewo do ŋgɔ la, Mawu do ŋugbe na nuteƒewɔla Abraham be eƒe dzidzimeviwo anɔ Kanaan nyigba la dzi. (1 Mose 15:18) Mawu wɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi esi wòna Israel viwo, siwo dzɔ tso Abraham me la va nɔ anyigba ma dzi. Ame aɖewo ahe nya be Kanaantɔwo nɔ anyigba la dzi xoxoxo, eya ta wodze anɔ afi ma. Gake le nyateƒe me la, Mawu, ame si nye xexea katã ƒe Dziɖulagã la, kpɔ mɔ atia teƒe si wole be ame aɖe nanɔ la nɛ.—Dɔwɔwɔwo 17:26; 1 Korintotɔwo 10:26.
2. Nu ka tae Mawu meɖe mɔ Kanaantɔwo kple Israel viwo siaa nɔ anyigba la dzi ɖekae o? Mawu xlɔ̃ nu dukɔa ku ɖe Kanaantɔwo ŋu be: ‘Womeganɔ wò anyigba dzi o, ne womagava ble wò nawɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Elabena ne èsubɔ woƒe mawuwo la, atrɔ zu mɔ̃ aɖe wò.’ (2 Mose 23:33) Nyagblɔɖila Mose gblɔ na Israel viwo emegbe be: “Dukɔ sia ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi ta Yehowa, wò Mawu, nyã wo ɖa le ŋgɔwò.” (5 Mose 9:5) Aleke gbegbee dukɔ mawo vɔ̃ɖii?
Agbe gbegblẽ nɔnɔ, trɔ̃subɔsubɔ, kple ɖeviwo tsɔtsɔ sa vɔe xɔ Kanaan nyigba bliboa dzi. Biblia ŋutinyaŋlɔla Henry H. Halley gblɔ be esi tomenukulawo ku nuto mawo me la, “wokpɔ ze gbogbo aɖewo siwo me ɖevi siwo wotsɔ sa vɔe na Baal [Kanaantɔwo ƒe mawu xɔŋkɔ aɖe] la ƒe ƒuwo nɔ.” Egblɔ kpee be: “Nuto bliboa zu vidzĩwo ƒe yɔdo. . . . Kanaantɔwo nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ le woƒe mawuwo ŋkume abe subɔsubɔ kɔnu ene; eye wowua woƒe ŋgɔgbeviwo tsɔ saa vɔ na mawu mawo. Le mɔ geɖe nu la, ɖeko wòva dze abe Kanaan dukɔ bliboa va zu abe Sodom kple Gomora ene. . . . Ewɔ nuku na tomenukula siwo ku Kanaan duwo ƒe aƒedowo la be Mawu metsrɔ̃ wo do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wòva tsrɔ̃ wo o.”
3. Ðe ame vɔ̃ɖi bubuwo menɔ anyigba dzi ɣemaɣi oa? Ke nu ka tae Kanaantɔwo koe wotsrɔ̃? Edzɔ zi geɖe be Mawu tsrɔ̃ ame vɔ̃ɖi aɖewo hegblẽ bubuwo ɖi. Esi “nu vlo wɔwɔ xɔ anyigbaa dzi” le Noa ƒe ŋkekeawo me la, Mawu na tɔɖɔɖɔ tsrɔ̃ amewo katã ɖa le anyigba dzi negbe ƒome ɖeka, Noa ƒe ƒomea, koe susɔ. (1 Mose 6:11; 2 Petro 2:5) Mawu tsrɔ̃ Sodom kple Gomora esi ame siwo nɔ wo me la ƒe nu vɔ̃wo va do “agbogbo ŋutɔ.” (1 Mose 18:20; 2 Petro 2:6) Togbɔ be Yehowa gblɔ be woatsrɔ̃ Asiriatɔwo ƒe dugã Niniwe, “hlɔ̃dodu” la hã la, esi emenɔlawo trɔ dzi me la, metsrɔ̃ wo o. (Naxum 3:1; Yona 1:1, 2; 3:2, 5-10) Gake le Kanaantɔwo ya gome la, ɖe Mawu tsrɔ̃ wo be yeatsɔ akpɔ Israel, dukɔ si me Mesia la adzɔ tso mlɔeba la ta.—Psalmo 132:11, 12.
4. Ðe Kanaantɔwo tsɔtsrɔ̃ wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃a? Ne míagblɔe gbadza la, edze abe Kanaantɔwo tsɔtsrɔ̃ mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃ o ene. (1 Yohanes 4:8) Gake eƒe lɔlɔ̃a va dzena nyuie wu ne míelé ŋku ɖe nya la ŋu nyuie.
Mawu nyae xoxoxo be Kanaantɔwo nɔ nu gbegblẽ wɔm. Ke hã, metsrɔ̃ wo enumake o, ke boŋ elala dzigbɔɖitɔe ƒe 400 sɔŋ va se ɖe esime woƒe vodadawo ‘sɔ gbɔ’ hafi.—1 Mose 15:16.
Esi Kanaantɔwo ƒe nu vɔ̃wo ɖo afi si mɔkpɔkpɔ aɖeke megava nɔ anyi be woawɔ tɔtrɔ o ko hafi Yehowa tsrɔ̃ wo. Togbɔ be ele alea hã la, metsrɔ̃ Kanaantɔwo katã eŋumabumabui o. Nu ka tae? Elabena wo dometɔ aɖewo ate ŋu atrɔ woƒe nɔnɔme. Wokpɔ nublanui na wo dometɔ siwo lɔ̃ be yewoawɔ tɔtrɔ, abe Raxab kple Gibeontɔwo ene.—Yosua 9:3-11, 16-27; Hebritɔwo 11:31.
5. Nu ka tae wòle be Mawu lɔ̃ame natsrɔ̃ amegbetɔ? Gɔmesese le nyabiase ma ŋu, elabena amegbetɔ ƒe agbe tsɔtsrɔ̃ menye nu si ŋu woakpɔ dzidzɔ ɖo o. Ke hã, le nyateƒe me la, lɔlɔ̃ si le Mawu si lae ʋãe be wòɖe afɔ ma tɔgbi ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu. Míate ŋu awɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne abi vɔ̃ dze abɔ alo afɔ na ame aɖe la, zi geɖe la, nu si ko ɖɔktawo ate ŋu awɔ koe nye be woalã abɔa alo afɔa. Esia wɔwɔ mavivi na ɖɔkta geɖe o, gake ɖɔkta nyui nyae be nu si ado tso eme ne womelãe o la vɔ̃ɖi wu—eyae nye be abi vɔ̃a akeke ɖe edzi. Esi ɖɔkta la tsɔ ɖe le eme na dɔnɔa ta la, awɔ dɔ madodzidzɔname sia le dɔnɔa ƒe lãmesẽ ta.
Le mɔ ma ke nu la, menye dzidzɔe wònye na Yehowa be woatsrɔ̃ Kanaantɔwo o. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o.” (Xezekiel 33:11) Le ɣeyiɣi ma ke me la, eɖo tame be Mesia, ame si aʋu ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ ɖi na ame siwo katã xɔ eyama dzi se, la nado tso Israel dukɔa me. (Yohanes 3:16) Susu sia tae Mawu mate ŋu aɖe mɔ be Kanaantɔwo ƒe ŋunyɔnuwo naƒo ɖi Israel viwo o. Eya ta, ede se be woatsrɔ̃ Kanaantɔwo alo anya wo ɖa le Kanaan anyigba la dzi. Mawu wɔ esia tsɔ ɖe lɔlɔ̃ gã si le esi—lɔlɔ̃ si ʋãe wòwɔ nu si mevivia enu hafi o la le esubɔla wɔnuteƒewo ƒe nyonyo ta.
Nufiame Si Le Eme Na Mí
Ðe nufiame aɖe le nuŋlɔɖi si ku ɖe Kanaantɔwo tsɔtsrɔ̃ ŋu me na mía? Ɛ̃, elabena Romatɔwo 15:4 gblɔ be: “Nu siwo katã woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔ wo ɖi le míaƒe nufiafia ta, bene to míaƒe dzidodo kple akɔfafa si míekpɔna le Ŋɔŋlɔawo me dzi la, mɔkpɔkpɔ nasu mía si.” Nufiame kae le nu si dzɔ le Kanaan la me na mí, eye aleke wòate ŋu ana mɔkpɔkpɔ mí?
Nuŋlɔɖi siawo fia nu geɖe mí. Le kpɔɖeŋu me, Mawu ve Raxab kple Gibeontɔwo nu wotsi agbe le esi woxɔ edzi se ta. Esia na míekpɔe be ame sia ame si di ŋutɔŋutɔ be yeawɔ nu wòadze Mawu ŋu la ate ŋui, metsɔ le du si me wòtso alo nu vɔ̃ siwo wòwɔ va yi me o.—Dɔwɔwɔwo 17:30.
Tsɔtsrɔ̃ si va Kanaantɔwo dzi la ŋuti nuŋlɔɖia na mɔkpɔkpɔ mí hã, elabena ena míekpɔ nu si Mawu ava wɔ le etsɔme la do ŋgɔ. Ena míeka ɖe edzi be Mawu maɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye navu atsyɔ nyuiwɔwɔ dzi o. Ke boŋ, Biblia ka ɖe edzi na mí be atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã kpuie, eye wòaɖe ame siwo lɔ̃nɛ la ahakplɔ wo ayi xexe yeye dzɔdzɔe aɖe me. (2 Petro 2:9; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Le ɣemaɣi la, nya fakɔname sia ava eme be: “Kpɔ mɔ na Yehowa, eye nalé ŋku ɖe eƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nanyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.”—Psalmo 37:34.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le nyati sia me la, nyagbɔgblɔ “Kanaantɔwo” fia dukɔ siwo katã Mawu de se na Israel viwo be woatsrɔ̃.
[Aɖaka si le axa 14]
Ðe Biblia Ðe Mɔ Ðe Aʋawɔwɔ Ŋua?
Ðe se si Mawu de be Israel viwo natsrɔ̃ Kanaantɔwo fia be eda asi ɖe aʋawɔwɔ dzia? Ao, ɖe susu etɔ̃ aɖewo ya teti ta:
▪ Dukɔ tɔxɛ aɖeke megale Mawu si le anyigba dzi egbea o. Esi Israel viwo gbe Yesu si nye Mesia la ta la, Mawu megazãa wo abe eteƒenɔlawo ene o—megazãa wo tsɔ tsrɔ̃a ame bubuwo o. (Mateo 21:42, 43) Eya ta Yehowa wɔa nu ɖe Israel viwo ŋu abe ale si ko wòwɔa nu ɖe dukɔ bubuwo hã ŋui ene. (3 Mose 18:24-28) Tso ɣemaɣi la, anyigba dzi dukɔ aɖeke mate ŋu agblɔe wòasɔ be Mawu le megbe na ye le aʋawɔwɔ me o.
▪ Yehowa megaɖo teƒe alo nuto tɔxɛ aɖe koŋ ɖi be afi mae ye subɔlawo anɔ o. Ke boŋ esubɔlawo le anyigba dzi “dukɔwo kple towo” katã me.—Nyaɖeɖefia 7:9; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
▪ Yesu gblɔe eme kɔ ƒãa be ye yomedzelawo makpɔ gome le aʋawɔwɔ me o. Esi wònɔ nu xlɔ̃m eƒe nusrɔ̃lawo ku ɖe Yerusalem dzi dzedze si nɔ aƒe tum ŋu la, megblɔ na wo be woanɔ dua me awɔ aʋa o, ke boŋ egblɔ na wo be woasi, eye wosi hã vavã. (Mateo 24:15, 16) Kristotɔwo metsɔa lãnu ɖe amewo ŋu o, ke boŋ woɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si aɖe vɔ̃ɖinyenye katã ɖa le anyigba dzi kpuie la ŋu bliboe.—Daniel 2:44; Yohanes 18:36.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Raxab ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be ame sia ame si di ŋutɔŋutɔ be yeawɔ nu wòadze Mawu ŋu la, ate ŋui