Te Ðe Mawu Ŋu
Ŋugbedodowo Dzi Wɔla La
ÐE WÒSESẼNA na wò be nàka ɖe ame bubuwo dzia? Nublanuitɔe la, míele xexe aɖe si me kakaɖeamedzi le to yim le gbe sia gbe la me. Ne ame aɖe si dzi nèka ɖo do vevesese na wò—ɖewohĩ eda alakpa na wò alo mewɔ ɖe ŋugbe siwo wòdo na wò dzi o la—màgava nɔ kakam ɖe ame aɖeke dzi o. Gake ame aɖe li si dzi nàte ŋu aka ɖo si mana nàɖu ŋukpe gbeɖe o. Lododowo 3:5 gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me.” Nu ka tae Yehowa dze be nàka ɖe edzi nenema? Be míakpɔ ŋuɖoɖo na nya sia la, na míadzro Yosua, si nye ŋutsu aɖe si ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe, la ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Yosua 23:14 la me kpɔ.
Bu nɔnɔme si me Yosua nɔ hafi gblɔ nya mawo la ŋu kpɔ. Esusɔ vie Yosua, si va xɔ ɖe Mose teƒe abe Israel ƒe kplɔla ene la naxɔ ƒe 110. Le eƒe agbe didi si wònɔ me la, ekpɔ nukunu gã siwo Yehowa wɔ ɖe Israel viwo ta teƒe, esiawo dometɔ ɖekae nye ale si Yehowa ɖe Israel viwo to Ƒu Dzĩa me nukutɔe ƒe 60 aɖewo do ŋgɔ. Azɔ esi Yosua de ŋugble tso nu siwo dzɔ le eƒe agbe me ŋu vɔ la, eyɔ Israel ƒe “ame tsitsiwo kple tatɔwo, ʋɔnudrɔ̃lawo kple dzikpɔlawo.” (Yosua 23:2) Nya siwo wògblɔ na wo la menye nunya si sua ame si ne ele tsitsim la ɖeɖe fia o, ke boŋ enye nunya si tso dzi si yɔ fũu kple xɔse la ƒe nuŋububu me.
Yosua gblɔ be: “Mele demagbɔnugbe yi ge.” Nyagbɔgblɔ “demagbɔnugbe” nye adagana si wozãna na ku. Le nyateƒe me la, Yosua nɔ gbɔgblɔm be “Nyemegale agbe nɔ ge eteƒe nadidi o.” Ðikekemanɔmee la, esi Yosua nyae be esusɔ vie yeaku ta la, edi ɣeyiɣi ale be eya ɖeɖe nɔ anyi de ŋugble tso eƒe agbe ŋu. Kaklãnya kae nɔ esi na ehati tadeagulawo?
Yosua yi eƒe nyaa dzi be: “Nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi, eye nya ku ɖeka hɔ̃ hã meto le eme o.” Nya siawo ɖee fia be enye ame si ka ɖe Mawu dzi bliboe. Nu ka tae kakaɖedzi sia su esi? Esi Yosua de ŋugble tso nu siwo katã teƒe wòkpɔ ŋu la, eva kpɔe be Yehowa wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi.a Nu si tae wògblɔ nya mawo ɖo la me kɔ: Yosua di be Israel viwo naka ɖe edzi bliboe be ŋugbe siwo katã Yehowa do ku ɖe woƒe etsɔme ŋu la hã ava me.
Esi Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe nɔ nu ƒom tso Yosua 23:14 ŋu la, egblɔ be: “De dzesi ŋugbedodo siwo katã le Biblia me; emegbe dzro xexea me ƒe ŋutinyagbalẽwo me; eye nàwɔ numekuku tso wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu, eye nàkpɔe ɖa be ɖe Mawu gbe wɔwɔ ɖe eƒe ŋugbedodo aɖe dzi alo ŋlɔe be kpɔ hã.” Ne ɖe mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míawɔ numekuku ma tɔgbi la, anye ne míawo hã míaƒo nya ta abe Yosua ene be: Yehowa ƒe ŋugbedodowo medoa kpo emevava gbeɖe o.—1 Fiawo 8:56; Yesaya 55:10, 11.
Mawu ƒe ŋugbedodo siwo va eme la ŋuti nuŋlɔɖiwo le Biblia me, ŋugbedodo siawo dometɔ aɖewo le eme vam míawo ŋutɔ míele kpɔkpɔm fifia. Yehowa ƒe ŋugbedodo wɔnuku siwo ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la hã le Biblia me.b Ðe manyo ŋutɔ be wò ŋutɔ nàdzro nuŋlɔɖi mawo me oa? Biblia sɔsrɔ̃ ana nàkpɔe kɔtɛ be edze be yeaka ɖe ŋugbedodowo dzi wɔla la dzi bliboe.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ŋugbedodo siwo Yosua kpɔ be wova eme la dometɔ ʋɛ aɖewo nye esi. Yehowa do ŋugbe be yeatsɔ anyigba aɖe ana Israel viwo wòanye woawo ŋutɔ tɔ. (Tsɔ 1 Mose 12:7 sɔ kple Yosua 11:23.) Yehowa gblɔ be yeaɖe Israel viwo tso Egipte. (Tsɔ 2 Mose 3:8 sɔ kple 2 Mose 12:29-32.) Yehowa do ŋugbe be yeanyi wo.—Tsɔ 2 Mose 16:4, 13-15 sɔ kple 5 Mose 8:3, 4.
b Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowoe ta la ƒe ta 3, 7, kple 8 hena numeɖeɖe geɖe tso ŋugbe siwo Mawu do ku ɖe míaƒe etsɔme ŋu la ŋu.