Ðe Nèbua Yehowa Be Enye Fofowòa?
“AƑETƆ, fia gbedodoɖa mí.” Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka bia nu sia tso esi la, Yesu ɖo eŋu be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migblɔ be, ‘Fofo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.’” (Luka 11:1, 2) Anye ne Yesu ate ŋu azã dzesideŋkɔ wɔdɔɖeamedziwo abe “Ŋusẽkatãtɔ,” ‘Nufiala Gã,’ ‘Wɔla,’ ‘Ame si li tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke,’ kple “Fia mavɔmavɔtɔ” ene na Mawu hafi. (1 Mose 49:25; Yes. 30:20; 40:28; Dan. 7:9; 1 Tim. 1:17) Gake Yesu zã dzesideŋkɔ si nye “Fofo” boŋ. Nu ka tae? Ðewohĩ edi be míate ɖe Ame si le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake le xexea me la ŋu abe ale si ɖevi si bɔbɔa eɖokui la tena ɖe fofoa ŋui ene.
Gake esesẽna na ame aɖewo be woabu Mawu be enye yewo Fofo. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Atsukoa gblɔ be, “Ƒe geɖe le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe gɔ̃ hã la, menɔa bɔbɔe nam be mate ɖe Yehowa ŋu abe Fofonye ene le gbedodoɖa me o.” Egblɔ susu siwo tae wònɔ alea la dometɔ ɖeka be, “Nyemeɖo ŋku edzi be fofonye si dzim la wɔ nu ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe kpɔ o.”
Le ŋkeke mamlɛ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ me la, vifofo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia viawo nye nu si megabɔ kura o. (2 Tim. 3:1, 3) Eya ta ame geɖe li siwo sena le wo ɖokui me abe ale si Atsuko senɛ le eɖokui me ene. Gake mele be dzi naɖe le mía ƒo o, elabena susu nyui geɖewo li siwo tae wòle be míabu Yehowa be enye Fofo lɔ̃ame ɖo.
Yehowa Nye Nunala Lɔ̃ame
Hafi míate ŋu abu Yehowa be enye mía Fofo la, ele be míadze agbagba anyae nyuie. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke menya Vi la nyuie o, negbe Fofo la ko, eye ame aɖeke menya Fofo la nyuie o, negbe Vi la, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko.” (Mat. 11:27) Mɔ nyui aɖe si dzi míate ŋu ato anya Fofo si tɔgbi Yehowa nye lae nye be míade ŋugble le nu siwo Yesu ɖe fia tso Mawu vavã la ŋu ŋuti. Ke nu kae Yesu ɖe fia tso Fofo la ŋu?
Esi Yesu nɔ eɖem fia be Yehowa gbɔe yeƒe agbe dzɔ tso la, egblɔ be: “Mele agbe le Fofo la ta.” (Yoh. 6:57) Fofo la gbɔe míawo hã míaƒe agbe dzɔ tso. (Ps. 36:10; Dɔw. 17:28) Nu kae ʋã Yehowa wòna agbe eƒe nuwɔwɔwo? Ðe menye lɔlɔ̃e ʋãe oa? Eya ta ele vevie be míalɔ̃ mía Fofo si le dziƒo la ɖe nunana gã sia ta.
Lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Mawu ɖe fia ameƒomea ye nye ale si wòtsɔ Yesu na wònye tafe ɖe mía ta. Lɔlɔ̃ɖeɖefia sia na mɔnukpɔkpɔ su amegbetɔ nuvɔ̃mewo si be woava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa to Via lɔlɔ̃a dzi. (Rom. 5:12; 1 Yoh. 4:9, 10) Eye esi wònye be mía Fofo si le dziƒo la wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be ame siwo katã lɔ̃nɛ heɖoa toe la ava se vivi na “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la” mlɔeba.—Rom. 8:21.
Mía Fofo si le dziƒo la ‘ganana eƒe ɣe dzena’ na mí gbe sia gbe hã. (Mat. 5:45) Mevaa susu me na mí be míado gbe ɖa be ɣe nadze o. Ke hã, míehiã na ɣea ale gbegbe, eye ale si wòdea dzo lãme na mí la hã vivia mía nu! Gawu la, mía Fofo la nye Nunala si ɖeke mesɔ kplii o, eye enya nu siwo hiã mí la hafi míeva bianɛ gɔ̃ hã. Eya ta ɖe mele be míanɔ anyi alé ŋku ɖe ale si mía Fofo si le dziƒo la léa be na eƒe nuwɔwɔwo la ŋu ahade ŋugble le wo ŋu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe oa?—Mat. 6:8, 26.
Mía Fofo La Nye ‘Ametakpɔla Lɔ̃ame’
Yesaya ƒe nyagblɔɖinya na kakaɖedzi mawusubɔla siwo nɔ anyi le blema la be: “Towo ate ɖa, eye togbɛwo aʋã, gake xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía kpli wò dome la nu mayi o, eye nye ŋutifafa nubabla hã maʋã o, Yehowa, si kpɔa tawò lɔlɔ̃tɔe, ye gblɔe.” (Yes. 54:10, The Bible in Living English) Gbe si Yesu do ɖa le eƒe anyigbadzinɔnɔ ƒe zã mamlɛa me la te gbe ɖe nya sia dzi, eye wòɖee fia be Yehowa nye ‘ametakpɔla lɔ̃ame’ vavã. Yesu do gbe ɖa ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta be: “Woawo ya wole xexea me, eye megbɔna gbɔwò. Fofo kɔkɔe, kpɔ wo ta le wò ŋutɔ wò ŋkɔ . . . la ta.” (Yoh. 17:11, 14) Yehowa kpɔ Yesu yomedzelawo ta helé be na wo.
Mɔ ɖeka si dzi Mawu tona kpɔa mía ta tso Satana ƒe aɖaŋu vɔ̃wo me egbea ye nye ale si wònaa gbɔgbɔmenuɖuɖu mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi to “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la dzi. (Mat. 24:45) Gbɔgbɔmenu mawo siwo doa ŋusẽ mí la ɖuɖu hiã vevie hafi míate ŋu ado “aʋawɔnu blibo si tso Mawu gbɔ la.” Le kpɔɖeŋu me, bu ‘xɔse ƒe akpoxɔnu gã’ la, si ‘míate ŋu atsɔ atsi vɔ̃ɖitɔ la ƒe aŋutrɔ bibiawo nu’ la ŋu kpɔ. (Ef. 6:11, 16) Xɔse si míeɖena fiana la kpɔa mía ta tso gbɔgbɔmefɔkuwo me, eye wònye mía Fofo si le dziƒo la ƒe ametakpɔŋusẽ ŋuti kpeɖodzi.
Míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso mía Fofo si le dziƒo la ƒe beléname lɔlɔ̃tɔe ŋu to ŋkuléle ɖe ale si Mawu ƒe Vi la wɔ nui esi wònɔ anyigba dzi la ŋu me. De ŋugble tso nya si woŋlɔ ɖe Marko 10:13-16 la ŋu kpɔ. Le afi ma la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye.” Esi ɖevi sue mawo va ƒo ƒu ɖe Yesu ŋu la, exɔ wo ɖe eƒe akɔnu lɔlɔ̃tɔe heyra wo. Aleke gbegbee dzi anya adzɔ ɖevi mawoe nye esi! Eye esi wònye be Yesu gblɔ be, “ame si kpɔm la, ekpɔ Fofo la hã” ta la, míenya be Mawu vavã la di be míate ɖe ye ŋu.—Yoh. 14:9.
Seɖoƒe meli na lɔlɔ̃ si le Yehowa Mawu si na eƒe nuwɔwɔwo o. Enye Nunala gãtɔ kple Ametakpɔla si ɖeke mesɔ kplii o, si dina be míate ɖe ye ŋu. (Yak. 4:8) Eya ta ɖikeke aɖeke mele eme o be Yehowa ye nye Fofo nyuitɔ kekeake si li!
Eɖea Vi Na Mí Ale Gbegbe!
Viɖe geɖe dona tso eme na mí ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa, mía Fofo lɔ̃ame si le dziƒo si léa be na mí la ŋu. (Lod. 3:5, 6) Yesu kpɔ viɖe geɖe tso ŋuɖoɖo ɖe Fofoa ŋu bliboe me. Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Menye nye ɖekae li o, ke boŋ Fofo si dɔm ɖa la li kplim.” (Yoh. 8:16) Yesu kana ɖe edzi ɣesiaɣi be Yehowa li kpli ye. Le kpɔɖeŋu me, le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, Fofoa gblɔ kakaɖedzinamenya siawo nɛ lɔlɔ̃tɔe be: “Ame siae nye Vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ŋu mekpɔ ŋudzedze ɖo.” (Mat. 3:15-17) Eye esi wòsusɔ vie ko Yesu naku la, edo ɣli gblɔ bena: “Fofo, asiwò me metsɔ nye gbɔgbɔ la de.” (Luka 23:46) Ɛ̃, Yesu ƒe ŋuɖoɖo ɖe Fofoa ŋu dzi meɖe kpɔtɔ kura o.
Ate ŋu anɔ nenema le míawo hã gome. Esi Yehowa li kpli mí ta la, nu ka míagavɔ̃ na? (Ps. 118:6) Tsã la, Atsuko, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi la, lɔ̃a ŋuɖoɖo ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ ŋu ne kuxiwo dze ŋgɔe. Gake eva srɔ̃ nu ku ɖe Yesu ƒe agbenɔnɔ kple eƒe subɔsubɔdɔa ŋu, vevietɔ ku ɖe ƒomedodo kplikplikpli si le woa kple Fofoa si le dziƒo dome la ŋu. Nu kae do tso eme? Atsuko gblɔ be: “Mesrɔ̃ nu si wòfia be Fofo nanɔ ame si eye wòaɖo ŋu ɖe eŋu.” Egblɔ hã be: “Ŋutifafa kple dzidzɔ vavãtɔ va su asinye. Le nyateƒe me la, susu aɖeke meli si ta míanɔ dzimaɖi tsim ɖe nane ŋu ɖo o.”
Viɖe bubu kawo hãe gadona tso eme ne míebu Yehowa be enye mía Fofo? Ele dzɔdzɔme nu be ɖeviwo lɔ̃a wo dzilawo hedina be yewoadze wo ŋu. Esi Mawu ƒe Vi la hã lɔ̃ Fofoa ta la, ‘ewɔa nu siwo dzea eŋu ɣesiaɣi.’ (Yoh. 8:29) Nenema kee lɔlɔ̃ si le mía si na mía Fofo si le dziƒo la ate ŋu aʋã mí míawɔ nu le nunya me ‘ahakafui le dutoƒo.’—Mat. 11:25; Yoh. 5:19.
Mía Fofo La ‘Lé Míaƒe Nuɖusi Ðe Asi’
Mía Fofo si le dziƒo la gana “kpeɖeŋutɔ” aɖe, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la, hã mí. Yesu gblɔ tso eŋu be: “Afia mɔ mi le nyateƒe blibo la katã me.” (Yoh. 14:15-17; 16:12, 13) Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be gɔmesese nyuitɔ nasu mía si ku ɖe mía Fofo la ŋu. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míamu “nu siwo ƒo ke ɖe to sesĩe,” siwo nye nukpɔsusu totro siwo le amewo si xoxo, la aƒu anyi ahato esia dzi ‘aɖe aboyo tamesusu ɖe sia ɖe be míana wòaɖo to Kristo la.’ (2 Kor. 10:4, 5) Eya ta mina míado gbe ɖa na Yehowa be wòana “kpeɖeŋutɔ,” si ƒe ŋugbe wòdo la mí, le esi míeka ɖe edzi be mía ‘Fofo si le dziƒo la ana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la’ ta. (Luka 11:13) Esɔ hã be míado gbe ɖa be gbɔgbɔ kɔkɔe la nakpe ɖe mía ŋu be míate ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu.
Ne ɖevi sue aɖe lé fofoa ƒe asi hele zɔzɔm kplii la, eɖea dzi ɖi hesena le eɖokui me be yele dedie, eye mevɔ̃na hã o. Ne èbua Yehowa be enye Fofowò nyateƒe la, àte ŋu aka ɖe akɔfanamenya siawo dzi: ‘Nye Yehowa, wò Mawu, ame si le gbɔgblɔm na wò be, mègavɔ̃ o, makpe ɖe ŋuwò lae lé wò nuɖusi ɖe asi.’ (Yes. 41:13) Mɔnukpɔkpɔ gã si nye be nànɔ ‘zɔzɔm’ kple Mawu tegbee la ate ŋu asu asiwò. (Mixa 6:8) Yi edzi nànɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔm, eye àse vivi le lɔlɔ̃, dzidzɔ, kple dzidzeme si dona tso Yehowa bubu abe Fofowò ene la me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔa.