Ðe Wòle Be Nàɖi Anukware Ɣesiaɣia?
AME sia ame ɖia anukware ɣeaɖewoɣi, eye ɖewohĩ ame aɖewo ɖinɛ zi geɖe. Gake ame nenie nènya, siwo dzea agbagba ɖia anukware ɣesiaɣi?
Anukwaremaɖimaɖi xɔ aƒe ɖe nuwɔna geɖewo me egbea ŋutɔ. Ke hã, ame geɖe nya ale si Mawu bua anukwaremaɖimaɖii nyuie. Le kpɔɖeŋu me, ame akpa gãtɔ nya Se Ewoawo dometɔ enyilia me nya kpui siawo nyuie be, “Megafi fi o.” (2 Mose 20:15) Gake ame geɖe susuna be ne nɔnɔmeawo sesẽ la, naneke megblẽ le eŋu be ame nafi fi alo ada alakpa o. Na míadzro fififi ƒomevi etɔ̃ aɖewo siwo amewo buna be naneke megblẽ le wo ŋu o la me kpɔ.
Ðe Wole Be Woafi Fi Le Ahedada Ta?
Roma dumegã aɖe gblɔ kpɔ be: “Ahedada gbɔe nu vlo wɔwɔ geɖe tsona.” Ame aɖe ate ŋu afi fi le ahedada ta ahasusui be naneke megblẽ le eŋu o. Ame siwo kpɔ eteƒe hã alɔ̃ ɖe edzi nenema. Nu kae nye Yesu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu? Eƒe dɔme trɔ ɖe ame dahewo ŋu ŋutɔ. “Woƒe nu wɔ nublanui nɛ.” (Mateo 9:36) Ke hã, meda asi ɖe fififi dzi le mɔ aɖeke nu kpɔ o. Ke nu kae wòle be ame dahe nawɔ?
Mawu ƒe dɔme trɔna ɖe ame siwo dzea agbagba be yewoaɖo toe la ŋu, eye ayra ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi bene nu siwo hiã la nasu wo si. (Psalmo 37:25) Biblia do ŋugbe be: “Yehowa megbea ame dzɔdzɔewo ƒe dɔwuamenutsitsi o; ke etutua ame vɔ̃ɖiwo ƒe didi ɖa.” (Lododowo 10:3) Ðe ame dahe ate ŋu aka ɖe nya sia dzia? Victorine ka ɖe edzi nenema.
Victorine nye ahosi, eye vi atɔ̃ siwo le suku dem la le esi, si wɔe be nuwo menɔ bɔbɔe nɛ kura o. Dukɔ madeŋgɔ si me dziɖuɖua menaa kpekpeɖeŋu boo aɖeke ame dahewo o mee wòle. Ablɔwo dzie wòzãa eƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ le gbe sia gbe, afi si fififi ƒe mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋuna ɖi le. Ke hã, medzroa Victorine be yeafi fi o. Ke boŋ edzraa nu le ablɔawo dzi anukwareɖiɖitɔe tsɔ kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Nu ka tae wòɖoe be yeanye anukwareɖila?
“Gbã la, meka ɖe edzi be Mawu nye anukwaretɔ eye be magblẽm ɖi ne medze agbagba be masrɔ̃ eyama o. Evelia, vinyewo ate ŋu asrɔ̃ anukwareɖiɖi ne wokpɔe be nye ŋutɔ meɖia anukware.”
Aleke nɔnɔmeawo nɔ nɛ? “Nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe le mía si. Gake ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be mabia kpekpeɖeŋu tso xɔ̃nyewo gbɔ—le kpɔɖeŋu me, ne mía dometɔ aɖe dze dɔ kpata, evɔ ga mele mía si o. Nu siwo hiã la sua asinye ɣesiaɣi. Nu ka tae? Elabena xɔ̃nyeawo nyae be meƒoa nu tso nye nɔnɔmea ŋu anukwareɖiɖitɔe, eye be nyemeblea yewo nu be maxɔ nu si mehiãm ŋutɔŋutɔ o la le yewo si o.
“Vinyeawo hã ɖia anukware. Nyitsɔ laa la, esi aƒelika aɖe kpɔ ga wluiwlui aɖewo siwo megblẽ ɖe kplɔ̃ dzi la, ebiam be nyemele vɔvɔ̃m be vinyeawo atsɔe o hã. Esi megblɔ nɛ be vinyewo mawɔ nu ma gbeɖe o la, mexɔe se o. Le nye manyamanya me la, eɖoe be yeado wo kpɔ. Eva tsɔ CFA 100 ƒe gaku eve da ɖe míaƒe aƒea ƒe afi si ɖeviawo ate ŋu akpɔe bɔbɔe le la dzaa. Esi wòtrɔ va le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be gakuawo gakpɔtɔ le afi ma. Ðevi ɖianukwarewo ƒe amesinɔnɔ nyo sãsãsã wu ŋutilãmenu geɖe ƒe amesinɔnɔ.”
“Ame Sia Ame Wɔnɛ”
Fififi le dɔ me bɔ egbea ŋutɔ. Esia wɔe be ame geɖe sena le wo ɖokuiwo me be, “Ame sia ame wɔnɛ ɖe, nu ka tae nyea nyemawɔe o?” Gake Biblia ya gblɔ be: “Meganɔ ha yome le nu vlo wɔwɔ me o.” (2 Mose 23:2) Victoire wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Ðe wòɖe vi nɛa?
Esi Victoire xɔ ƒe 19 la, ekpɔ dɔ le amidzẽɖaƒe aɖe. Eteƒe medidi o, eva kpɔe be nyɔnu 40 siwo hã wɔa dɔ le afi ma la fia neƒi ɖe woƒe kusiwo me yia aƒe mee. Kwasiɖanuwuwuwo la, wodzraa neƒiawo, eye ga si wokpɔna la dea ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe dɔwɔfetu nu. Victoire gblɔ be: “Le nyateƒe me la, ame sia ame wɔnɛ. Wokpɔa mɔ be nye hã mawɔe, gake megbena heɖea nu me na wo be medi be manye anukwareɖila ɣesiaɣi. Woɖua fewu le ŋunye be mele nu wɔm ɖokuinye.
“Gbe ɖeka, esi míekpã le dɔme henɔ dzodzom la, míaƒe amegã va do le vo me. Eka míaƒe kusiwo me, eye wòkpɔ neƒi le ame sia ame tɔ me, negbe tɔnye ko. Eɖoe be yeanyã ame siwo katã yelé la le dɔa me enumake, alo be woawɔ dɔ kwasiɖa eve fetumaxɔmaxɔe. Le kwasiɖa eve mawo me la, nyɔnuawo va se egɔme be yewo boŋ ye wɔ nu yewo ɖokui.”
“Ne Èfɔe Ko La Ezu Tɔwò”
Aleke nèsena le ɖokuiwò me ne èfɔ ame aɖe ƒe nu vevi aɖe si bu? Le ame geɖe gome la, ale si wosena le wo ɖokui me enumake koe nye be ezu yewo tɔ, si ta megavaa ta me na wo be yewoadi nua tɔ ƒe mɔ o. Le woƒe susu nu la, “ne èfɔe ko la ezu tɔwò.” Ame aɖewo asusui be naneke megblẽ le eŋu o. Wogblɔna be nua tɔ ŋutɔ nya be ebu xoxo. Ame bubuwo hã gblɔna be menye yewoƒe dɔe wònye be yewoanɔ fu kpem anɔ nua tɔ dim o.
Nu kae nye Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu? Wogblɔ le 5 Mose 22:1-3 eme kɔ ƒãa be mele be ame si fɔ nu búbu aɖe la nazi edzi o, ke boŋ be ‘nua nanɔ egbɔ va se ɖe esime nua tɔ bia eta; emegbe wòagbugbɔe nɛ.’ Ne nua fɔla mena wonya be yefɔ nane o la, woate ŋu abui be efi fi. (2 Mose 22:9) Ðe woagate ŋu awɔ nu ma egbea? Christine ka ɖe edzi nenema.
Sukudzikpɔlae Christine nye. Kuɖa aɖe gbe la, exɔ eƒe ɣletikukuiga. Abe ale si wowɔnɛ le woƒe Ɣetoɖoƒe Afrika nutoawo me zi geɖe ene la, eŋe pepa gawo hetigi wo ɖe eƒe akplo me. Emegbe eɖo dzokeke kpatakpata heyi kpekpe aɖe. Esi wòva ɖi la, etsa asi le eƒe akploa me heɖe gaku aɖewo tsɔ xe fe na dzokekea dola. Le eƒe manyamanya me la, pepa ga siwo wòŋe de akploa me la ge dze anyigba le vivitia me.
Miniti ʋɛ aɖewo megbe la, amedzro aɖe si ŋkɔe nye Blaise, si xɔ ƒe 19 la va to afi ma. Woa kple exɔlɔ̃ aɖe woɖoe be yewoado go le kpekpe si tututu Christine va la me. Ekpɔ ga la, eye wòtsɔe de kotoku me. Esi wokpã le kpekpea la, ena exɔlɔ̃a nya be yefɔ ga aɖe le xexea, eye be ne ame aɖe gblɔ emegbe be yeƒe ga bu la, ate ŋu aƒo ka na ye agblɔ home si bu nɛ.
Esi Christine ɖo aƒe me fiẽ ma hekpɔe be yeƒe ɣletikukuigaa bu la, eya ameti bliboa koe tɔtɔ. Le kwasiɖa ɖeka megbe, esi wòka eta na exɔlɔ̃ Josephine la, Josephine gblɔ nɛ be amedzro aɖe si va kpekpea gbe ma gbe la gblɔ be yefɔ ga aɖe. Christine ƒo ka na Blaise heyɔ eƒe ga home si bu la nɛ. Ekpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi Blaise trɔ ga la nɛ. Aleke Blaise ya se le eɖokui me? Gaa nɔ egbɔ kwasiɖa ɖeka sɔŋ, gake egblɔ be, “Dzidzɔ si mekpɔ esi metrɔ gaa na gaa tɔ la de ŋgɔ sãsãsã wu esi makpɔ ne ɖee mezi edzi.”
Nu Si Ta Wodzea Agbagba Ðia Anukware Ɣesiaɣi
Victorine, Victoire, kple Blaise mele teƒe ɖeka o, eye womenya wo nɔewo hã o. Gake nu kae na wo katã wote ŋu wɔ nu nenema? Yehowa Ðasefowoe wonye, eye wonɔa agbe ɖe nu si Biblia gblɔ tso anukwareɖiɖi ŋu la nu. Wole mɔ kpɔm na agbenɔnɔ le xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me. “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” Ame siwo katã anɔ agbe le xexe ma me la anye ame dzɔdzɔewo—ɛ̃, anukwareɖilawo—sɔŋ.—2 Petro 3:13.
Victorine mele mɔ kpɔm be yeƒe ganyawo aka ɖe eme hafi Mawu nava ɖɔ nuwo ɖo o. Ke hã, enye kesinɔtɔ le Mawu ŋkume, si nye nane si womate ŋu atsɔ ga aƒle o. Viawo ɖia anukware, eye wonɔa agbe ɖɔʋu. Kwasiɖagbe ɖe sia ɖe la, dzi dzɔa wo ŋutɔ ne wole nu ƒom tso Mawu ƒe dɔmenyonyo ŋu na woƒe aƒelikawo hele nu me ɖem na wo tso ale si Mawu akpɔ ‘ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe me’ ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo, eye wòakpɔ ‘ame siwo katã lɔ̃nɛ’ ta la ŋu.—Psalmo 145:7, 18, 20.
Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Victoire va dzo le amidzẽɖaƒea. Eya ŋutɔ dzraa gali le asime tsɔ kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Eƒe anukwareɖiɖi wɔe be ame geɖe va ƒlea nu le egbɔ. Mlɔeba la, eva te ŋu ɖe ɣeyiɣi si wòzãna le asia me la dzi kpɔtɔ ale be wòkpɔa ɣeyiɣi geɖe wu tsɔ ɖea gbeƒã na amewo tso agbenɔnɔ le xexe si me anukwaremaɖimaɖi maganɔ o ŋu. Eva ɖe srɔ̃, eye woa kple srɔ̃a wole ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ wɔm fifia.
Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata ŋkumee Christine ƒe gaa ge ɖo. Ame siwo va kpekpea la dometɔ ʋɛ aɖewo koe Blaise nya, gake enya be wo katã wonye ye nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siwo dzea agbagba be yewoaɖi anukware ɣesiaɣi.
Ame nenie nènya, siwo dzea agbagba be yewoaɖi anukware ɣeawokatãɣi? Wò ya bu ale si nàse le ɖokuiwò me ne èle ame 50, 100, alo 200 siwo wɔna nenema dome la ŋu kpɔ. Nɔnɔme dodzidzɔname ma mee Yehowa Ðasefowo nɔna le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me. Ðe manyo ŋutɔ be nàyi aɖade ha kpli wo le afi ma oa?
[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]
“Ðevi ɖianukwarewo ƒe amesinɔnɔ nyo sãsãsã wu ŋutilãmenu geɖe ƒe amesinɔnɔ.”—VICTORINE
[Aɖaka si le axa 14]
Ðe Lododowo 6:30 De Fififi Dzia?
Lododowo 6:30 gblɔ be: “Womedoa vlo fiafitɔ, ne efi fi, be wòatsɔ atsi eƒe dɔwuame nu, esime ƒomenui le ewɔm o.” Ðe nya siawo de fififi dzia? Kura o. Nya siwo ƒo xlãe ɖee fia be Mawu bua ame si fi fi le dɔwuame ta la be edze agɔ. Kpukpui si kplɔe ɖo la ɖe eme be: “Ke ne asi tui la, aɖo eteƒe zi adre, eye wòatsɔ eƒe nuwo katã ana.” (Lododowo 6:31) Togbɔ be ale si wowɔa nu ɖe ame si fi fi le dɔwuame ta ŋu la toa vovo na ale si woawɔe ɖe ame si fi fi le ŋukeklẽ ta, alo kple susu be yeagblẽ nu le nua tɔ ŋu hã la, ele be ‘wòaɖo eteƒe’ godoo. Mele be ame siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu la naɖi fififi ƒe fɔ le mɔ aɖeke nu gbeɖe o.