Na Sɔhɛwo
Mawu Ƒe Nublanuikpɔkpɔ Ŋuti Nufiame
YONA—AKPA EVELIA
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ YONA 3:1–4:11.
Aleke nèsusu be Yona se le eɖokui me esime wòge ɖe Niniwe dua me?
․․․․․
Seselelãme kae nède dzesi le Yona ƒe gbe me esime wònɔ Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedeasia gblɔm?
․․․․․
Alekee Yona nɔ sesem le eɖokui me esime wònɔ anyi ɖe dua godo? (Kpɔ Yona 4:5-8.)
․․․․․
2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Nu ka tae Yona di be Yehowa natsrɔ̃ Niniwetɔwo godoo abe ale si wògblɔe ɖii ene?
․․․․․
Wɔ numekuku tso (1) ale si treklɔnu ƒe dzedzeme le, kple nu siwo wote ŋu tsɔnɛ wɔna, kpakple (2) nu si Niniwe fia ƒe akpanyatata kple anyinɔnɔ ɖe dzofi me fia la ŋu.
․․․․․
Togbɔ be Yona menɔ lɔlɔ̃m gbã be yeayi Niniwe aɖagblɔ nya ɖi o hã la, nu ka tae woate ŋu agblɔ be Yona nye nyagblɔɖila dzinɔameƒotɔ kple nuteƒewɔla? (Mateo 21:28-31)
․․․․․
3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Ale si wòate ŋu adzɔ be amegbetɔ naɖe asi le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.
․․․․․
Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ.
․․․․․
Nu si ta wòle be míanye nublanuikpɔlawo.
․․․․․
4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․
Kpɔ April 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 14-18 hena numekuku bubuwo wɔwɔ.
NE BIBLIA MELE ASIWÒ O LA, ÀTE ŊU AXLẼ EŊLISIGBE ME TƆ LE www.watchtower.org