Marko—‘Nye Kpeɖeŋutɔ Le Subɔsubɔ Gome’
ANTIOXIA hamea do go kuxi aɖewo kpɔ, gake masɔmasɔ si ɖo apostolo siwo nye Paulo kple Barnaba dome ya to vovo kura. Wonɔ dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ ƒe ɖoɖo wɔm; ke esi ɣeyiɣia de be woatso nya me le ame si akplɔ wo ɖo le mɔzɔzɔa me ŋuti la, “woʋli nya kpli wo nɔewo dzikutɔe.” (Dɔw. 15:39) Wo ame evea dome klã, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ. Woƒe nyaʋiʋlia ku ɖe dutanyanyuigblɔla bubu aɖe ŋu—eyae nye Marko.
Ame kae nye Marko? Nu kae na apostolo eveawo ʋli nya le eta? Nu ka tae woƒe nukpɔsusuwo to vovo nenema gbegbe ɖo? Ðe wova ɖe asi le woƒe nukpɔsusuawo ŋu emegbea? Eye nu kae nàte ŋu asrɔ̃ tso Marko ƒe ŋutinya me?
Le Wo De Yerusalem
Yerusalem ye Marko tsi le, eye edze ƒãa be Yudatɔ kesinɔtɔwo ƒe ƒome aɖe mee wòtso. Zi gbãtɔ si woƒo nu tso Marko ŋu tẽe la ku ɖe Kristo hame gbãtɔa ƒe ŋutinya ŋu. Le ƒe 44 M.Ŋ. me lɔƒo, esime Yehowa ƒe dɔla ɖe apostolo Petro le gaxɔ si me Herodes Agripa I na wodee la me megbe la, Petro yi ɖe “Yohanes si wogayɔna be Marko la dada Maria ƒe aƒe me, afi si ame geɖewo ƒo ƒu ɖo nɔ gbe dom ɖa le.”—Dɔw. 12:1-12.a
Anɔ eme be ɣemaɣi la, Yerusalem hamea wɔa kpekpewo le Marko dada ƒe aƒe me. Nyateƒe si wònye be “ame geɖewo” ƒo ƒu ɖe afi ma la ɖee fia be aƒea anya lolo. Dɔlanyɔnuvi aɖe si ŋkɔe nye Roda la nɔ Maria si, eye esi Petro ƒo “agboa” la, eyae yi be yeakpɔ ɖa be ame kae hã. Nyatakaka sia ɖee fia be Maria nye nyɔnu aɖe si si alɔme anya nɔ. Eye esi womegblɔ tso aƒe si me woƒo ƒu ɖo la ŋu be enye Maria srɔ̃ ƒe aƒe me o ke boŋ wogblɔ be enye Maria ƒe aƒe me ta la, esia fia be Maria anya nye ahosi eye Marko manya tsi boo ɣemaɣi o.—Dɔw. 12:13.
Anɔ eme be Marko hã nɔ ame siwo ƒo ƒu henɔ gbe dom ɖa la dome. Eye anya dze si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpakple ame bubu siwo kpɔ nu siwo Yesu wɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me teƒe la nyuie. Le nyateƒe me la, esime wolé Yesu la, Marko ye anya nye ɖekakpui si do aklalawu ɖeɖe ko, si tee kpɔ be yeakplɔ Yesu ɖo gake wòsi esi wodi be woalée.—Mar. 14:51, 52.
Mɔnukpɔkpɔwo Su Esi Le Hamea Me
Ðikeke mele eme o be hadede kple Kristotɔ tsitsiwo kpɔ ŋusẽ nyui ɖe Marko dzi. Ewɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi eye nɔviŋutsu siwo nɔ ŋgɔ xɔm la de dzesi esia. Le ƒe 46 M.Ŋ. me lɔƒo, esime Paulo kple Barnaba xɔ ‘kpekpeɖeŋununanawo’ tso Antioxia yi Yerusalem be woatsɔ akpe ɖe nɔvi siwo nɔ afi ma la ŋu le dɔwuamea ta la, Marko ƒe nu do dzidzɔ na wo. Esi Paulo kple Barnaba gbugbɔ yina Antioxia la, wokplɔ Marko ɖe asi.—Dɔw. 11:27-30; 12:25.
Ne ame aɖe xlẽ ŋutinyaa gbadzaa ko la, ate ŋu asusu be ƒomedodo aɖeke mele ame etɔ̃ siawo dome tsɔ wu be wo katã wonye Kristotɔwo o, eye asusu be ŋutete siwo le Marko si ta koe Paulo kple Barnaba kplɔe ɖe asi ɖo. Ke hã, Paulo ƒe lɛtawo dometɔ ɖeka ɖee fia be Marko nye Barnaba ƒe ƒometɔ. (Kol. 4:10) Nyatakaka sia akpe ɖe mía ŋu míase nu siwo va dzɔ emegbe ku ɖe Marko ŋu la gɔme.
Anɔ abe ƒe ɖeka ene megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖee fia Paulo kple Barnaba be woazɔ mɔ aɖawɔ nya nyui gbɔgblɔ dɔ le duta. Wodze mɔ tso Antioxia ɖo ta Kipro. Marko sia si wogayɔna be Yohanes la nɔ wo ŋu “abe kpeɖeŋutɔ ene.” (Dɔw. 13:2-5) Ðewohĩ Marko nɔ apostoloawo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ kpɔm na wo ale be woate ŋu alé fɔ ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu.
Paulo, Barnaba, kple Marko zɔ mɔ to Kipro henɔ gbeƒã ɖem le mɔa dzi; emegbe woɖo ta Asia Sue. Esi wova ɖo afi ma la, Yohanes Marko wɔ nyametsotso aɖe si medo dzidzɔ na Paulo kura o. Nuŋlɔɖia gblɔ be esi wova ɖo Perge la, “Yohanes trɔ le wo yome yi Yerusalem.” (Dɔw. 13:13) Nuŋlɔɖia megblɔ nu si tae wòɖe afɔ sia ɖo o.
Anɔ abe ƒe eve ene megbe la, Paulo, Barnaba, kple Marko trɔ va Antioxia. Apostolo eveawo nɔ ɖoɖo wɔm ɖe woƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia ŋu be yewoatrɔ ayi aɖatu ame siwo yewoɖe gbeƒã na le yewoƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me la ɖo. Barnaba di be Marko, si nye yeƒe ƒometɔ la, nakplɔ yewo ɖo, gake Paulo ya medi be yease nya ma kple to o, elabena Marko gblẽ wo ɖi le woƒe mɔzɔzɔ gbãtɔa me. Nu siae he masɔmasɔ si ŋu míeƒo nu tso le ŋgɔdonyaa me la de wo dome. Esia wɔe be Barnaba kplɔ Marko ɖe asi woyi Kipro, afi si wodzi Barnaba le, ke Paulo ya ɖo ta Siria. (Dɔw. 15:36-41) Edze ƒãa be nukpɔsusu vovovowoe nɔ Paulo kple Barnaba si ku ɖe nyametsotso si Marko wɔ do ŋgɔ la ŋu.
Wogawɔ Ðeka Ake
Ðikeke mele eme o be masɔmasɔ si do mo ɖa la te ɖe Marko dzi vevie. Ke hã, eyi edzi wɔ eƒe subɔsubɔdɔa nuteƒewɔwɔtɔe. Ƒe 11 alo 12 aɖewo le esi masɔmasɔ sia do mo ɖa megbe la, wogava ƒo nu tso Marko ŋu ake le Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya me. Afi kae wònɔ ɣemaɣi? Afi si ɖewohĩ màsusu kura be anɔ o—enɔ Paulo gbɔ!
Le ƒe 60-61 M.Ŋ. me, esime Paulo nɔ gaxɔ me le Roma la, eŋlɔ lɛta geɖewo, siwo hã nye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo ƒe akpa aɖe egbea. Le lɛta mawo dometɔ ɖeka si wòŋlɔ na Kolosetɔwo me la, egblɔ be: “Aristarxo, hatinye gamenɔla, do gbe na mi, Barnaba nɔvi Marko hã, (ame si ŋu míede se le na mi be ne eva mia gbɔ la, miaxɔe nyuie,) . . . Ame siawo koe nye hanyedɔwɔlawo na Mawu fiaɖuƒe la, eye ame siawo tututue va zu ŋusẽdoame ƒe kpekpeɖeŋu nam.”—Kol. 4:10, 11.
Tɔtrɔ ka gbegbee nye esi! Fifia Marko meganye ame si ŋu Paulo do dziku ɖo o, ke boŋ egazu eƒe hadɔwɔla vevi aɖe. Edze ƒãa be Paulo na Kolosetɔwo nya be ɖewohĩ Marko ava srã wo kpɔ. Ne eva eme be Marko yi ɖasrã wo kpɔ la, ekema ayi abe Paulo teƒenɔla ene.
Ðe wòanye be ƒe aɖewoe nye ema va yi la, Paulo bu fɔ Marko fũu akpa esime masɔmasɔa do mo ɖa? Ðe wòanye be Marko hiã na ɖɔɖɔɖo aɖe si wonae, si va ɖe vi nɛ emegbea? Alo ɖe wòanye be nya eveawo siaa nye nyateƒe le mɔ aɖewo nua? Aleke kee wòɖale o, ale si wogava wɔ ɖeka ake la ɖo kpe edzi be Paulo kple Marko tsi le gbɔgbɔ me. Woɖi blemanyawo ɖe to me, eye wogawɔ dɔ aduadu ake. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi esia nye na ame sia ame si masɔmasɔ aɖe ɖo woa kple hati Kristotɔ aɖe dome kpɔ!
Marko Mɔzɔla La
Ne èxlẽ nu tso mɔ vovovo siwo Marko zɔ ŋu la, àde dzesii be ezɔ mɔ geɖe ŋutɔ. Yerusalem ye wòtso, eye wòʋu yi Antioxia, eye tso afi ma la, eɖo tɔdziʋu yi Kipro kple Perge. Emegbe ezɔ mɔ yi Roma. Eye le afi ma la, Paulo di be yeaɖoe ɖe Kolose. Gake mese ɖe afi ma o!
Apostolo Petro ŋlɔ eƒe lɛta gbãtɔa le ƒe 62 kple 64 M.Ŋ. dome lɔƒo. Eŋlɔ bena: ‘Ame si le Babilon la ɖo eƒe gbedonamewo ɖe mi, nenema kee nye vinye Marko hã.’ (1 Pet. 5:13) Esia fia be Marko zɔ mɔ yi Babilon ɖawɔ subɔsubɔdɔ kple apostolo ma si de Kristotɔwo ƒe kpekpewo le dadaa ƒe aƒe me ƒe geɖe do ŋgɔ la.
Le ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo, esime Paulo nɔ gaxɔ me zi evelia le Roma la, eŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Timoteo le Efeso be neva, eye wògblɔ nɛ hã be: “Kplɔ Marko, ne mia kplii miava.” (2 Tim. 4:11) Esia fia be Marko nɔ Efeso ɣemaɣi. Eye ɖikeke mele eme o be ewɔ ɖe Paulo ƒe yɔyɔa dzi kplɔ Timoteo ɖo trɔ yi Roma. Mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe ɣemaɣi o, ke hã, Marko lɔ̃ faa zɔ mɔ mawo katã.
Mɔnukpɔkpɔ Gã Aɖe Gasu Esi
Mɔnukpɔkpɔ gã siwo su Marko si la dometɔ ɖekae nye be Yehowa tsɔ gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ Nya Nyui Gbalẽawo dometɔ ɖeka. Togbɔ be Nya Nyui Gbalẽ evelia si wona ŋkɔe be Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽ la meyɔ eŋlɔlaa ƒe ŋkɔ o hã la, ƒe alafa gbãtɔ me xotutuwo yɔa Marko ƒe ŋkɔ tɔna ɖe eŋu, eye wogblɔna be Petro gbɔe wòse nyawo tso. Le nyateƒe me la, Petro kpɔ nudzɔdzɔ siwo ŋu Marko ŋlɔ nu tsoe la katã kloe teƒe.
Ame siwo srɔ̃ nu tso Marko ƒe Nya Nyui Gbalẽa ŋu la gblɔ be ame siwo menye Yudatɔwo o ye wòŋlɔ eƒe nyawo na; ena numeɖeɖe vevi aɖewo ku ɖe Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo ŋu. (Mar. 7:3; 14:12; 15:42) Marko ɖe Aramgbe me nya geɖewo, siwo gɔme nuxlẽla siwo menye Yudatɔwo o la mase hafi o la, gɔme. (Mar. 3:17; 5:41; 7:11, 34; 15:22, 34) Ezã Latingbe me nya geɖewo, eye wòɖe Helagbe me nya nyanyɛ aɖewo gɔ̃ hã gɔme ɖe Latingbe me. Esiawo katã nye kpeɖodzi siwo ɖee fia be Marko ŋlɔ eƒe Nya Nyui Gbalẽa le Roma abe ale si wogblɔnɛ le xotutu siwo nɔ anyi tso gbe aɖe gbe ke la mee ene.
“Enye Kpeɖeŋutɔ Nyui Aɖe Nam Le Subɔsubɔ Gome”
Ðikekemanɔmee la, menye Nya Nyui Gbalẽa ŋɔŋlɔ koe nye dɔ si Marko wɔ le Roma o. Ðo ŋku edzi be Paulo gblɔ na Timoteo be: “Kplɔ Marko, ne mia kplii miava.” Susu ka tae Paulo be wòava ɖo? Egblɔ be: “Elabena enye kpeɖeŋutɔ nyui aɖe nam le subɔsubɔ gome.”—2 Tim. 4:11.
Nuƒoƒo tso Marko ŋu le afi sia ye nye zi mamlɛtɔ si woyɔ eƒe ŋkɔ le Ŋɔŋlɔawo me le ɖoɖo si nu nuawo dzɔ ɖo la nu—eye esia gaɖe nu geɖe fia le ame si ƒomevi wònye la ŋu. Le Marko ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi katã la, womeƒo nu tso eŋu le afi aɖeke kpɔ wòdze abe apostolo, kplɔla, alo nyagblɔɖilae wònye ene o. Enye subɔla, si fia be, enye dɔtsɔla alo ame si subɔa ame bubuwo. Eye le ɣeyiɣi sia, si nye ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na apostolo Paulo ƒe ku me la, ɖikeke mele eme o be, Marko ƒe kpekpeɖeŋu anya ɖe vi na Paulo ŋutɔ.
Nyatakaka siwo katã su mía si ku ɖe Marko ŋu la na míekpɔe be enye ŋutsu aɖe si kaka nya nyuia dzonɔamemetɔe le xexea me ƒe teƒe vovovowo, eye be enye ame aɖe si kpɔa dzidzɔ ɖe amewo subɔsubɔ ŋu. Teƒeɖoɖo ka gbegbee nye esi su Marko si le esi mena ta o ta!
Abe Marko ene la, mí ame siwo nye Mawu ƒe amewo egbea hã míeɖea dzonɔameme ma ke fiana le gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. Abe ale si wònɔ le Marko gome ene la, mɔnukpɔkpɔ su mía nɔvi aɖewo si woʋu yi nuto bubu me, alo duta gɔ̃ hã, ɖakaka nya nyuia. Togbɔ be manya wɔ na mía dometɔ geɖe be míaʋu aɖakaka nya nyuia le teƒe bubuwo o hã la, mí katã míate ŋu asrɔ̃ Marko ƒe kpɔɖeŋua le go vevi bubu aɖe me. Abe ale si wòku kutri vevie subɔ nɔvia Kristotɔwo ene la, nenema kee míawo hã míelɔ̃na faa be míadze agbagba vevie ana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ míaƒe haxɔsetɔwo be woate ŋu ayi edzi asubɔ Mawu. Ne míewɔa esia la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi anɔ mía yram.—Lod. 3:27; 10:22; Gal. 6:2.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Enye nu si bɔ le Marko ŋɔli be ame natsɔ ŋkɔ evelia aɖe, si anye Hebrigbe me ŋkɔ alo dutaŋkɔ, na eɖokui alo alɔ̃ woatsɔe nɛ. Marko ƒe Yudagbe me ŋkɔe nye Yohanan, si woyɔna le Eʋegbe me be Yohanes. Eƒe ŋkɔ evelia, si nye Latingbe me ŋkɔ, ye nye Marcus, alo Marko, le Eʋegbe me.—Dɔw. 12:25.
[Map/Picture on page 8, 9]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Dugã Siwo Me Marko Zɔ Mɔ Yi La Dometɔ Aɖewo
Roma
Efeso
Kolose
Perge
Antioxia (si le Syria)
Kipro
MEDITERRANEA ƑU
Yerusalem
Babilon