Nu Si Yesu Fia Tso Eɖokui Ŋu
“Ame si Yesu nye, afi si wòtso, nu si ta wòva míaƒe xexea me ɖo, kple ale si eƒe etsɔme ava nɔ la katã nɔ nyanya na eya ŋutɔ nyuie.”—HERBERT LOCKYER.
HAFI míate ŋu axɔ Yesu ƒe nufiafiawo dzi ase la, ele be míanya nanewo tso eya ŋutɔ ŋu. Ame ka tututue Yesu nye? Afi kae wòtso? Nu ka tae wòva anyigbaa dzi? Míate ŋu akpɔ nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo le Yesu ŋutɔ ƒe numenya siwo le Nyanyuigbalẽawo—Mateo, Marko, Luka, kple Yohanes—me la me.
Enɔ agbe kpɔ hafi wova dzii le anyigbaa dzi Yesu gblɔ gbe ɖeka be: “Hafi Abraham nava dzɔ la, nye ya meli xoxo.” (Yohanes 8:58) Abraham ku ƒe 2,000 aɖewo megbe hafi wova dzi Yesu le anyigba dzi. Ke hã, Yesu nɔ agbe do ŋgɔ na blemafofo nuteƒewɔla ma. Ke afi kae Yesu nɔ? Eya ŋutɔ ɖe eme be: “Meɖi tso dziƒo va.”—Yohanes 6:38.
Mawu ƒe Vi Gbɔgbɔmevi geɖewo le Yehowa si, siwo woyɔna be mawudɔlawo. Gake Yesu ya le etɔxɛ. Eyɔ eɖokui be “Mawu ƒe Tenuvi.” (Yohanes 3:18) Nya ma fia be Yesu koe nye ame si Mawu ŋutɔ wɔ tẽe. Tenuvi sia dzie Mawu to wɔ nu bubuawo katã.—Kolosetɔwo 1:16.
“Amegbetɔvi la” Yesu zã nya sia wu bubuawo tsɔ ɖɔ eɖokui. (Mateo 8:20) Eto esia dzi ɖee fia be menye mawudɔla aɖe si do amegbetɔ ƒe ŋutilã loo, alo amegbugbɔgadzɔe yenye o. Amegbetɔ ŋutɔŋutɔe wònye. Mawu to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi trɔ Via sia si nɔ dziƒo la ƒe agbe de Maria, si nye ɖetugbui nɔaƒe la, ƒe vidzidɔ me le anyigba dzi. Esia wɔe be wodzi Yesu wònye amegbetɔ deblibo si ŋu nu vɔ̃ aɖeke menɔ o.—Mateo 1:18; Luka 1:35; Yohanes 8:46.
Mesia si ŋugbe wodo Samaria nyɔnu aɖe gblɔ na Yesu be: “Menyae be Mesia, si woyɔna be Kristo, la gbɔna.” Yesu ɖo eŋu be: “Nye ame si le nu ƒom na wò la, nyee nye ame ma.” (Yohanes 4:25, 26) Nya “Mesia” kple “Kristo” siaa gɔmee nye “Amesiamina.” Wosi ami na Yesu, alo Mawu tiae be wòawɔ akpa vevi aɖe le yeƒe ŋugbedodowo me vava me.
Eƒe dɔdeasi vevietɔ Yesu gblɔ gbe ɖeka be: “Ele be magblɔ Mawu fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, . . . elabena esia tae wodɔm ɖo.” (Luka 4:43) Togbɔ be ewɔ nu nyui geɖewo na ame siwo hiã kpekpeɖeŋu hã la, gbeƒãɖeɖe tso Mawu Fiaɖuƒea ŋue nye eƒe agbemedɔ vevitɔ. Míadzro nu siwo wòfia tso Fiaɖuƒe ma ŋu la me emegbe.
Eme kɔ ƒãa be menye amegbetɔ dzro aɖe koe Yesu nye o.a Abe ale si míakpɔe ene la, agbe si wònɔ do ŋgɔ le dziƒo la gana kpekpeme nɔ nya siwo wòva gblɔ le anyigba dzi la ŋu. Eya ta mewɔ nuku o be gbedeasi si wòɖe gbeƒãe la kpɔa ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe dzi le xexea me godoo.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ nyatakaka bubu siwo ku ɖe Yesu kple eƒe ɖoƒe le Mawu ƒe tameɖoɖo me ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta la ƒe ta 4 lia me.