Yesu Kristo—Ale Si Eƒe Gbedeasia Ka Wòe
“Nye la, meva be woakpɔ agbe, eye be woakpɔe wòasɔ gbɔ.”—YOHANES 10:10.
NU SI ta koŋ Yesu Kristo va anyigba dzie nye be wòana nu, ke menye be wòaxɔ nu o. Eto eƒe subɔsubɔdɔa dzi na nu xɔasi aɖe ameƒomea—si nye nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu ŋuti gbedeasi. Ame siwo aɖo to gbedeasi ma la ate ŋu anɔ agbe ɖɔʋu fifia, abe ale si wòle le Kristotɔ vavã miliɔn geɖewo gome ene.a Gake eƒo nu tso nunana aɖe si xɔ asi wu bubu ɖe sia ɖe la hã ŋu le eƒe gbedeasia me—agbe deblibo si wòtsɔ na ɖe mía ta. Be míakpɔ dzidzeme mavɔ la, enɔ te ɖe ale si míawɔ nu ɖe eƒe gbedeasia ƒe akpa vevi sia ŋu fifia la dzi.
Nu si Mawu kple Kristo na mí Yesu nyae be yeakpe fu ahaku le yeƒe futɔwo si me. (Mateo 20:17-19) Ke hã, egblɔ le eƒe nya nyanyɛ sia si dze le Yohanes 3:16 la me be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” Yesu gblɔ hã be yeva be “yeatsɔ yeƒe luʋɔ [alo agbe] ana wòanye tafe ɖe ame geɖewo ta.” (Mateo 20:28) Nu ka tae megblɔ be woaxɔ yeƒe agbe o, ke boŋ be yeatsɔe ana?
Lɔlɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o ʋã Mawu wòɖoe be yeaɖe amegbetɔwo tso nu vɔ̃ si dome wonyi, kple emetsonuawo—blibomademade kple ku—si me. Be Mawu nawɔ esia la, edɔ eƒe Tenuvi la ɖe anyigba dzi be wòava ku vɔsaku. Yesu megbe o, ke boŋ elɔ̃ faa va tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo la na ɖe mía ta. Nunana sia si woyɔna be tafe lae nye Mawu ƒe nunana gãtɔ kekeake na ameƒomea.b Enye nunana si ana míakpɔ agbe mavɔ.
Nu si wòle be nàwɔ Ðe nàxɔ tafe ƒe nunana la? Ekpo ɖe wò ŋutɔ gbɔwò. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ame aɖe bla nunana aɖe tsɔ le nawòm. Le nyateƒe me la, ne èdo asi ɖa xɔe ko hafi wòazu tɔwò. Nenema kee Yehowa hã tsɔ tafea le nawòm, gake ne wò ŋutɔ nèlɔ̃ xɔe ko hafi wòazu tɔwò. Aleke nàwɔe?
Yesu gblɔ be ame siwo ‘ɖenɛ fiana be yewoxɔ ye dzi se’ koe akpɔ agbe mavɔ. Ele be nàɖe xɔse afia to wò agbenɔnɔ dzi. (Yakobo 2:26) Eɖeɖe fia be nèxɔ Yesu dzi se fia be nàwɔ eƒe nyawo dzi ahasrɔ̃ eƒe agbenɔnɔ. Hafi nàte ŋu awɔ esia la, ele be nànya Yesu kple Fofoa nyuie. Yesu ŋutɔ gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la, ŋuti sidzedze xɔm.”—Yohanes 17:3.
Ƒe 2,000 aɖewoe nye esia la, Yesu Kristo va ɖe gbeƒã gbedeasi aɖe si trɔ ame miliɔn geɖewo ƒe agbenɔnɔ le xexea me godoo. Ðe nàdi be yeanya nu geɖe tso gbedeasi ma ŋu ahanya nu si wòle be mia kple wò ame veviwo miawɔ be wòaɖe vi na mi tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ mea? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò.
Nyati siwo kplɔe ɖo akpe ɖe ŋuwò nàganya Yesu Kristo, ame si ɖe gbeƒã gbedeasi si ate ŋu atrɔ wò agbenɔnɔ tegbee la ɖe edzi.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Menye ame sia ame si gblɔna be Kristotɔe yenyee nye Kristo yomedzela vavã o. Yesu yomedzela vavãwoe nye ame siwo nɔa agbe ɖe nyateƒe siwo wòfia tso Mawu kple eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la nu.—Mateo 7:21-23.
b Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 5 lia si nye, “Tafe La—Mawu Ƒe Nunana Gãtɔ Kekeake,” hena Ŋɔŋlɔawo me numeɖeɖe bubu siwo ku ɖe tafea ŋu.