Ènyaa?
To vovo na Biblia la, kpeɖodzi bubu kae li be Yesu nɔ anyigba dzi kpɔ?
▪ Ŋutinyaŋlɔla geɖe siwo nɔ agbe le Yesu ƒe ku megbe teti la ƒo nu tso Yesu ŋu tẽ. Wo dometɔ ɖekae nye Cornelius Tacitus, si ŋlɔ nu tso ɣeyiɣi si me fiagãwo nɔ dzi ɖum le Roma ŋu. Tacitus ka nya ta tso dzo aɖe si bi hegblẽ nu le Roma le ƒe 64 M.Ŋ. me ŋu be amewo nɔ gbɔgblɔm be anye Fiagã Nero ŋutɔe tɔ dzo dua. Tacitus gblɔ be Nero trɔ fɔbubua da ɖe ame aɖewo siwo dukɔa me tɔwo yɔna be Kristotɔwo la dzi. Tacitus ŋlɔ be: “Mɔmefia Pontio Pilato na wowu Kristo, ame si ƒe ŋkɔ dzi wotu ŋkɔ [Kristotɔwo] ɖo la le Tiberio ƒe fiaɖuɣi.”—Annals, XV, 44.
Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus hã ƒo nu tso Yesu ŋu. Esi Josephus nɔ nu ƒom tso nane si dzɔ le Festus, si nye Roma dziɖuɖua teƒenɔla le Yudea, ƒe ku le ƒe 62 M.Ŋ. me kple Albinus, ame si va xɔ ɖe eteƒe ƒe zia dzi vava dome ŋu la, egblɔ be Nunɔlagã Ana “kpe ta kple Sanhedrin la ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo hehe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Yakobo, si nye Yesu si wogayɔna be Kristo nɔviŋutsu la, kple ame bubu aɖewo va wo ŋkume.”—Jewish Antiquities, XX, 200 (ix, 1).
Nu ka tae woyɔ Yesu be Kristo?
▪ Nyanyuigbalẽawo na míenya be esi mawudɔla Gabriel ɖe eɖokui fia Maria hegblɔ nɛ be afɔ fu la, egblɔ hã be wòayɔ vi si wòadzi la be Yesu. (Luka 1:31) Esia nye ŋkɔ aɖe si bɔ le Yudatɔwo dome le ɣiyiɣi siwo me woŋlɔ Biblia. Ŋutinyaŋlɔla Josephus ŋlɔ nu tso ame 12 siwo woyɔ be Yesu, siwo to vovo na esiwo ŋu woƒo nu tso le Ŋɔŋlɔawo me la ŋu. Woyɔ Maria ƒe vi la be ‘Nazaretetɔ la,’ tsɔ dea dzesii be eyae nye Yesu si tso Nazaret. (Marko 10:47) Wogayɔe hã be Kristo, alo Yesu Kristo. (Mateo 16:16) Nu kae esia fia?
Woɖe ŋkɔ “Kristo” tso Helagbe me nya Khri·stosʹ, si sɔ kple Hebrigbe me nya Ma·shiʹach (Mesia) la me. Nya eveawo siaa gɔmee nye “Amesiamina.” Do ŋgɔ na Yesu la, wozã ŋkɔ sia na ame bubuwo wòsɔ ŋutɔ. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Mose, Aron, kple Fia David be amesiamina, si fia be wonye ame siwo Mawu tia hena ŋusẽ wo be woanɔ ɖoƒe tɔxɛ aɖe. (3 Mose 4:3; 8:12; 2 Samuel 22:51; Hebritɔwo 11:24-26) Yesu, si nye Mesia si ŋugbe wodo lae nye Yehowa teƒenɔla gãtɔ. Eya ta esɔ ŋutɔ be woyɔ Yesu be “Kristo la, Mawu gbagbe la ƒe Vi.”—Mateo 16:16; Daniel 9:25.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Flavius Josephus ƒe nɔnɔmetata