Sɔhɛwo—Mido Ŋusẽ Didi Si Le Mia Me Be Yewoasubɔ Yehowa
“Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.”—NYAGB. 12:1.
1. Nu kae wokpe ɖeviwo le Israel be woawɔ?
ƑE 3,500 aɖewoe nye esia la, Yehowa ƒe nyagblɔɖila Mose de se na Israel ƒe nunɔlawo kple ame tsitsiwo be: ‘Miƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi.’ (5 Mose 31:12) Ède dzesi ame siwo wogblɔ be woava ƒo ƒu hena tadedeagua? Woyɔ ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo hã. Ɛ̃, ɖeviwo gɔ̃ hã nɔ ame siwo wogblɔ na be woase Yehowa ƒe mɔfiamewo, asrɔ̃ wo ahawɔ ɖe wo dzi la dome.
2. Aleke Yehowa ɖee fia be yetsɔ ɖe le eme na ɖeviwo kple sɔhɛ siwo nɔ Kristo hame gbãtɔa me?
2 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Yehowa ɖee fia be yegakpɔtɔ tsɔ ɖe le eme na ɖeviwo kple sɔhɛ mawuvɔ̃lawo kokoko. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ eƒe gbɔgbɔa ʋã apostolo Paulo wòŋlɔ mɔfiame siwo yi na ɖeviwo tẽe la ɖe lɛta siwo wòŋlɔ ɖo ɖe hamewo la me. (Mixlẽ Efesotɔwo 6:1; Kolosetɔwo 3:20.) Ðeviwo kple sɔhɛ Kristotɔ siwo wɔ ɖe mɔfiame mawo dzi la kpɔ ŋudzedze ɖe wo Fofo lɔ̃ame si le dziƒo la ŋu geɖe wu, eye wòyra wo.
3. Alekee ɖeviwo kple sɔhɛwo ɖea didi si le wo me be yewoasubɔ Mawu la fiana egbea?
3 Ðe wole ɖeviwo kple sɔhɛ siwo li egbea hã kpem be woava ƒo ƒu ade ta agu na Yehowa? Ɛ̃! Eye dzidzɔ gã aɖee wònye na Mawu ƒe amewo katã be woakpɔe be ɖeviwo kple sɔhɛ Mawu subɔla gbogbo siwo le xexea me godoo la wɔna ɖe apostolo Paulo ƒe nuxlɔ̃amenya sia dzi tso dzi blibo me. Egblɔ be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom ta.” (Heb. 10:24, 25) Gakpe ɖe eŋu la, ɖevi geɖewo kpɔa gome kple wo dzilawo le gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia me. (Mat. 24:14) Eye ƒe sia ƒe la, ɖeviwo kple sɔhɛ akpe geɖe ɖea adzɔgbe na Yehowa hexɔa nyɔnyrɔ tsɔ ɖenɛ fiana be yewolɔ̃ eyama tso dzi blibo me, eye esia wɔnɛ be yayra siwo Kristo ƒe nusrɔ̃lawo kpɔna la sua woawo hã si.—Mat. 16:24; Mar. 10:29, 30.
Wɔ Ðe Amekpekpea Dzi Fifia
4. Ɣekaɣie ɖeviwo kple sɔhɛwo ate ŋu awɔ ɖe amekpekpe si nye be woasubɔ Mawu la dzi?
4 Nyagblɔla 12:1 gblɔ be: “Ðo ŋku wɔwòla dzi le wò ɖekakpuiŋkekewo me.” Ƒe nenie wòle be mi ɖeviwo kple sɔhɛwo miaxɔ hafi miawɔ ɖe amekpekpe dodzidzɔname sia si nye be miade ta agu na Yehowa ahasubɔe la dzi? Womeyɔ ƒe aɖeke kã le Ŋɔŋlɔawo me o. Eya ta migahe ɖe megbe ahanɔ susum be yewometsi haɖe be yewoaɖo to Yehowa ahasubɔe o. Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, míele dzi dem ƒo na wò be nàwɔ ɖe amekpekpea dzi, mègahe ɖe megbe o.
5. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be woawɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me?
5 Le mia dometɔ geɖe gome la, mia dzila eveawo alo wo dometɔ ɖekae kpe ɖe mia ŋu miewɔ ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me. Le go sia me la, miele abe Timoteo si nɔ anyi le blema la ene. Esi wònye ɖevi dzaa ko la, dadaa, Eunike, kple mamaa, Loide, fia ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo eyama. (2 Tim. 3:14, 15) Anɔ eme be dziwòlawo le hehe ma tɔgbi nam wò; wosrɔ̃a Biblia kpli wò, doa gbe ɖa kpli wò, kplɔa wò yia hamea ƒe kpekpewo kple takpekpe siwo lolo wu, siwo Mawu ƒe amewo dena, eye wokplɔa wò yia gbeadzi hã. Le nyateƒe me la, Mawu ƒe mɔwo fiafia wò nye agbanɔamedzi vevi aɖe si Yehowa ŋutɔ tsɔ de asi na dziwòlawo. Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ si woɖena fiaa wò kple ale si wotsɔ ɖe le eme na wò la ŋua?—Lod. 23:22.
6. (a) Le Psalmo 110:3 ƒe nya nu la, tadedeagu ka tɔgbie dzea Yehowa ŋu? (b) Nu kawo mee míadzro fifia?
6 Ke hã, Yehowa di be esi miele tsitsim la, “miado Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nyui dzeameŋu si le blibo la kpɔ na mia ɖokui,” abe ale si Timoteo wɔe ene. (Rom. 12:2) Ne miewɔ esia la, menye esi mia dzilawo di be miakpɔ gome le hamea ƒe dɔwo me tae miawɔ wo ɖo o, ke boŋ miawɔ wo le esi miedi be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ta. Ne mietso miaƒe dzi me faa subɔ Yehowa la, miaƒe nu adze eŋu. (Ps. 110:3) Ekema, aleke nàte ŋu aɖee afia be èdi be yeado ŋusẽ didi si le mewò be yeaɖo to Yehowa ahawɔ ɖe eƒe mɔfiamewo dzi? Míadzro mɔ vevi etɔ̃ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esiae la me. Woawoe nye nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kple agbenɔnɔ. Mina míadzro wo me ɖekaɖeka.
Na Yehowa Nanye Ame Ŋutɔŋutɔ Na Wò
7. Aleke Yesu ɖo kpɔɖeŋu ɖi le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ gome, eye ame kawoe kpe ɖe eŋu wòte ŋu wɔ esia?
7 Mɔ gbãtɔ si dzi nàto aɖee afia be èdi be yeado ŋusẽ didi si le mewò be yeasubɔ Yehowa ye nye Biblia xexlẽ gbe sia gbe. Àte ŋu akpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ ahana Biblia ŋuti sidzedze xɔasiwo nasu asiwò to Mawu ƒe Nya la xexlẽ edziedzi me. (Mat. 5:3) Yesu ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Esime wòxɔ ƒe 12 la, edzɔ gbe ɖeka be edzilawo yi ɖake ɖe eŋu le gbedoxɔa me “wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe nufialawo dome, eye wònɔ to ɖom wo henɔ nyawo biam wo.” (Luka 2:44-46) Tso keke Yesu ƒe ɖevime ke la, elɔ̃ Ŋɔŋlɔawo vevie eye wòdina vevie be yease wo gɔme. Nu ka gbɔe esia tso? Ðikeke mele eme o be, dadaa, Maria, kpakple fofoa, Yosef, si xɔe nyi la, wɔ akpa vevi aɖe le esia me. Wonye Mawu subɔlawo eye wofia nu Yesu tso Mawu ŋu tso eƒe ɖevime ke.—Mat. 1:18-20; Luka 2:41, 51.
8. (a) Ɣekaɣie wòle be dzilawo nadze egɔme anɔ lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nya la ƒãm ɖe wo viwo ƒe dzi me? (b) Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖo kpe hehenana ɖeviwo tso woƒe ɖevime ke ƒe vevienyenye dzi.
8 Nenema kee dzila mawuvɔ̃la siwo li egbea hã kpɔe be ele vevie be yewoaƒã didia ɖe yewo viwo ƒe dzi me be woalɔ̃ Biblia me nyateƒea tso woƒe ɖevime ke. (5 Mose 6:6-9) Nu mae nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Rubi wɔ esime wònya dzi eƒe ŋgɔgbevi, Joseph, teti ko. Exlẽa Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo nɛ gbe sia gbe. Esi ɖevia nɔ tsitsim la, nɔvinyɔnua kpe ɖe eŋu wòsrɔ̃ mawunyakpukpui vovovowo me nyawo ɖe tame. Ðe nu nyui aɖewo do tso hehe si wona Joseph la mea? Esi wònya te nuƒoƒo ko la, etea ŋu ɖoa ŋku Biblia me ŋutinya geɖe dzi gblɔna le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo me. Eye esime wòxɔ ƒe atɔ̃ la, ewɔ eƒe dɔdeasi gbãtɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me.
9. Nu ka tae Biblia xexlẽ kple ŋugbledede le nu siwo nèxlẽ ŋu le vevie?
9 Ðeviwo, be miayi edzi anɔ ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me la, ele be miana Biblia xexlẽ gbe sia gbe nazu numame na mi, eye mialé eme ɖe asi le miaƒe sɔhɛmenɔɣiwo katã me yi ɖe miaƒe tsitsime. (Ps. 71:17) Nu ka tae Biblia xexlẽ akpe ɖe mia ŋu miawɔ ŋgɔyiyi? De dzesi nya si Yesu gblɔ na Fofoa le gbedodoɖa aɖe me. Egblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la: be woanɔ wò, Mawu vavã ɖeka la . . . ŋuti sidzedze xɔm.” (Yoh. 17:3) Le nyateƒe me la, ne èle nu geɖe wu srɔ̃m tso Yehowa ŋu la, àva kpɔe adze sii kɔtɛ wu be Ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye, eye lɔlɔ̃ si le asiwò nɛ la ade to ɖe edzi. (Heb. 11:27) Eya ta ɣesiaɣi si nèxlẽ Biblia ƒe akpa aɖe la, wɔ mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ nàtsɔ asrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kae nya sia fiam tso Yehowa ƒe amenyenye ŋu? Alekee Biblia ƒe akpa sia ɖee fia be Mawu lɔ̃m eye wòtsɔ ɖe le eme nam?’ Ne ègbɔa dzi ɖi dea ŋugble tso biabia mawo tɔgbi ŋu la, akpe ɖe ŋuwò nànya ale si Yehowa bua nuwo ŋui, ale si wòsena le eɖokui me, kple nu siwo wòdi tso asiwò. (Mixlẽ Lododowo 2:1-5.) Abe sɔhɛ Timoteo ene la, ‘àkpɔ kakaɖedzi’ le nu siwo nèsrɔ̃ tso Ŋɔŋlɔawo me la ŋu ‘ahaxɔ wo dzi ase,’ eye esia aʋã wò be nàlɔ̃ ade ta agu na Yehowa tso dzi me faa.—2 Tim. 3:14.
Ale Si Gbedodoɖa Ana Wò Lɔlɔ̃ Na Yehowa Nade To Ðe Edzi
10, 11. Aleke gbedodoɖa akpe ɖe ŋuwò be didi si le mewò be yeasubɔ Mawu la me nasẽ ɖe edzi?
10 Mɔ evelia si dzi nàte ŋu ato ana wò didi be yeasubɔ Yehowa tso dzi blibo me la me nasẽ ɖe edzie nye gbedodoɖa. Míexlẽ le Psalmo 65:3 be: “Èɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.” Esime Israel nye dukɔ si Mawu bla nu kpli gɔ̃ hã, amedzro siwo vaa Yehowa ƒe gbedoxɔa me la tea ŋu doa gbe ɖa nɛ. (1 Fia. 8:41, 42) Mawu mekpɔa ame ŋkume o. Ame siwo wɔa eƒe sewo dzi la ka ɖe edzi be aɖo to yewo. (Lod. 15:8) Ðikeke mele eme o be mi ɖeviwo kple sɔhɛwo hã miele “ŋutilãwo katã,” siwo ŋu woƒo nu tso le psalmoa me la, dome.
11 Ènya be nu si naa xɔlɔ̃wo dome nɔa kplikplikpli ye nye dzeɖoɖo nyui. Anɔ eme be edzɔa dzi na wò be nàgblɔ nu siwo ŋu nèbuna, nu siwo ɖea fu na wò, kple ale si nèsena le ɖokuiwò me la na xɔ̃wò veviwo. Nenema kee ne èdoa gbe ɖa tso dzi blibo me la, efia be èle dze ɖom kple Wɔwòla Gã la. (Flp. 4:6, 7) Gblɔ wò dzimenyawo na Yehowa abe ale si ko nàgblɔ wo na dziwòla si lɔ̃ wò vevie alo xɔ̃wò vevi aɖe ene. Le nyateƒe me la, kadodo sẽŋu aɖe le ale si nèdoa gbe ɖae kple ale si nèsena le ɖokuiwò me le Yehowa ŋu dome. Àde dzesii be zi ale si mia kple Yehowa dome xɔlɔ̃wɔwɔa me le sesẽm ɖe edzii la, zi nenemae wò gbedodoɖawo hã anɔ nyonyom ɖe edzi.
12. (a) Nu ka tae gbedodoɖa nyuie lɔ nu geɖe ɖe eme wu nyawo gbɔgblɔ ko? (b) Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàva de dzesii be Yehowa tsɔ ɖe gbɔwò?
12 Ke hã, nenɔ susu me na wò be gbedodoɖa nyuie lɔ nu geɖe ɖe eme wu nyawo gbɔgblɔ ko. Elɔ wò dzimenyawo gbɔgblɔ ɖe eme. Ne èle gbe dom ɖa la, ɖe ale si gbegbe nèlɔ̃ Yehowae, ale si nèdea bubu deto eŋu heɖoa ŋu ɖe eŋu bliboe la gblɔ nɛ. Ne èle dzesi dem ale si Yehowa ɖoa wò gbedodoɖawo ŋui la, wò ŋutɔ àva kpɔe adze sii kɔtɛ be ‘Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ.’ (Ps. 145:18) Ɛ̃, Yehowa ate ɖe ŋuwò, ado ŋusẽ wò be nàtsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye akpe ɖe ŋuwò nàwɔ nyametsotso nyuitɔ le agbe me.—Mixlẽ Yakobo 4:7, 8.
13. (a) Aleke ƒomedodo kplikplikpli si le nɔvinyɔnu aɖe kple Mawu dome la kpe ɖe eŋu? (b) Alekee xɔlɔ̃wɔwɔ si le mia kple Mawu dome kpena ɖe ŋuwò nètea ŋu nɔa te ɖe hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu dzidzedzetɔe?
13 Bu ale si ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa do ŋusẽ Cherie ŋu kpɔ. Esime nɔvinyɔnu sia nɔ sekɛndrisuku (lycée) la, exɔ kafukafununanawo le esi wòdzea agbagba le sukunusɔsrɔ̃ kple kamedefefewɔwɔ me ta. Esi wòwu suku nu la, wona sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔ si awɔe be wòate ŋu ade suku kɔkɔ lae. Cherie gblɔ be: “Nunana si wotsɔ ɖo ŋkunyeme la dzrom ŋutɔ, eye kamedefefefialawo kple hati sukuviwo ƒo nya ɖe nunye vevie be maxɔe.” Gake Cherie de dzesii be suku kɔkɔ dede abia tso ye si be yeazã yeƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe nusɔsrɔ̃ kple dzadzraɖo ɖe kamedefefewo ŋu, si awɔe be ɣeyiɣi vi aɖe koe asusɔ na ye yeatsɔ asubɔ Yehowa. Nu kae Cherie wɔ? Egblɔ be: “Esi medo gbe ɖa na Yehowa vɔ la, megbe sukudede femaxee ƒe mɔnukpɔkpɔa eye medze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme.” Ele mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe atɔ̃e nye esia. Egblɔ be: “Mevem kpɔ be mewɔ nyametsotso sia o. Nyanya be mewɔ nyametsotso si dze Yehowa ŋu la naa dzi dzɔam. Nyateƒee, ne ètsɔ Mawu Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ la, woatsɔ nu bubuawo katã akpe ɖe eŋu na wò.”—Mat. 6:33.
Agbe Ðɔʋu Nɔnɔ Ðenɛ Fiana Be Wò “Dzi Me Kɔ”
14. Nu ka tae wò agbe ɖɔʋu nɔnɔ le vevie le Yehowa ŋkume?
14 Mɔ etɔ̃lia si dzi nàto aɖee afia be èle Yehowa subɔm tso dzi me faa ye nye ale si nènɔa agbee. Yehowa yraa sɔhɛ siwo léa agbe dzadzɛ nɔnɔ me ɖe asi. (Mixlẽ Psalmo 24:3-5.) Esi Samuel nye ɖevi la, mesrɔ̃ Nunɔlagã Eli viŋutsuawo ƒe agbenɔnɔ gbegblẽawo o. Mawu kple amewo siaa de dzesi Samuel ƒe agbe ɖɔʋu nɔnɔa. Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ke Samuel ɖevi la tsi ɖe dzi, eye eƒe nu nyo Yehowa kple amegbetɔwo ŋu.”—1 Sam. 2:26.
15. Susu siwo ta nèyia edzi nɔa agbe ɖɔʋu la dometɔ aɖewo nye kawo?
15 Xexe si me míele la me yɔ fũu kple ɖokuilɔ̃lawo, ɖokuidoɖedzilawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame wɔadãwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu—abe ale si Paulo gblɔe ɖi ene. (2 Tim. 3:1-5) Eya ta ate ŋu asesẽ na wò ŋutɔ be nàyi edzi anɔ agbe nyui le ame gblẽku siawo ƒomevi dome. Ke hã, ɣesiaɣi si nèwɔ nu si le eteƒe eye nèƒo asa na mawumavɔmavɔ̃ nuwɔnawo la, èɖenɛ fiana be èle Yehowa ƒe akpa dzi le xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me. (Hiob 2:3, 4) Wò dzi hã adze eme le esi nènyae be èle Yehowa ƒe amekpekpe vividoɖeameŋutɔe sia si gblɔ be, ‘Vinye, dze nunya, be nàdo dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na ame siwo le alɔme ɖem le ŋunye,’ dzi wɔm ta. (Lod. 27:11) Gawu la, nyanya be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ŋuwò ado ŋusẽ didi si le mewò be yeasubɔe.
16. Alekee nɔvinyɔnu aɖe do dzidzɔ na Yehowa ƒe dzie?
16 Esime nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Carol nye ƒewuivi la, elé Biblia me gɔmeɖosewo me ɖe asi sesĩe esime wònɔ suku dem, eye amewo de dzesi eƒe agbe nyui nɔnɔa. Nu kae wòwɔ? Carol ƒe sukuhatiwo konɛ le esi eƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee la meɖea mɔ nɛ wòkpɔa gome le ŋkekenyuiwo kple dulɔlɔ̃kɔnuwo me o ta. Ne wɔna mawo wɔɣi ɖo la, mɔnukpɔkpɔ sua esi ɣeaɖewoɣi wòɖea eƒe dzixɔsewo me na amewo. Ƒe geɖewo megbe la, Carol xɔ agbalẽvi aɖe tso ame aɖe si woa kplii wonɔ sukuxɔ me kpɔ la gbɔ. Amea ŋlɔ ɖe agbalẽa me be: “Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia mele diwòm be mada akpe na wò. Mede dzesi agbe ɖɔʋu si nènɔ kple kpɔɖeŋu nyui si nèɖo abe sɔhɛ Kristotɔ ene, kpakple ale si nègbe dzinɔameƒotɔe be yemakpɔ gome le ŋkekenyuiwo ɖuɖu me o la. Wòe nye Yehowa Ðasefo gbãtɔ si medze si.” Kpɔɖeŋu nyui si Carol ɖo la wɔ dɔ ɖe eƒe sukuhatia dzi ɣemaɣi ale gbegbe be wòva dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme emegbe. Eŋlɔ ɖe agbalẽvi si wòɖo ɖe Carol la dzi be ƒe 40 kple edzivɔwoe nye ema yenye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ! Abe Carol ene la, mi sɔhɛ siwo léa Biblia me gɔmeɖosewo me ɖe asi dzinɔameƒotɔe la ƒe agbenɔnɔ ate ŋu awɔ dɔ ɖe dzi anukwaretɔwo dzi woava dze si Yehowa.
Sɔhɛwo Le Yehowa Kafum
17, 18. (a) Alekee nèsena le ɖokuiwò me ɖe sɔhɛ siwo le miaƒe hamea me ŋu? (b) Aleke etsɔme ava nɔ na sɔhɛ mawuvɔ̃lawo?
17 Enyea dzidzɔ na mí ame siwo katã le Yehowa ƒe habɔbɔa me le xexea me godoo la be sɔhɛ dovevienu akpe geɖewo le gome kpɔm le tadedeagu vavãtɔa me! Sɔhɛ siawo to Biblia xexlẽ gbe sia gbe, gbedodoɖa, kple agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu me doa ŋusẽ didi si le wo me be yewoasubɔ Yehowa. Sɔhɛ siawo siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui alea la nyea dzidzɔ kple akɔfafa na wo dzilawo kpakple Yehowa ƒe amewo katã.—Lod. 23:24, 25.
18 Le etsɔme la, sɔhɛ wɔnuteƒewo anɔ ame siwo atsi agbe age ɖe xexe yeye si ŋugbe Mawu do me la dome. (Nyaɖ. 7:9, 14) Le xexe yeye ma me la, yayra manyagblɔwo asu wo si esime woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu ayi edzi anɔ to dem ɖe edzi, eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woakafui yi ɖe mavɔmavɔ me.—Ps. 148:12, 13.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Aleke ɖeviwo kple sɔhɛwo ate ŋu akpɔ gome le tadedeagu vavãtɔ me egbea?
• Be Biblia xexlẽ naɖe vi na wò la, nu ka tae ŋugbledede le vevie?
• Alekee gbedodoɖa akpe ɖe ŋuwò be nàte ɖe Yehowa ŋu?
• Ne Kristotɔ nɔa agbe ɖɔʋu la, nu kae wòɖena fiana, eye nu kae ate ŋu ado tso eme?
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Ðe Biblia xexlẽ gbe sia gbe nye numame na wòa?