INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/1 axa 13
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Mikafu Yehowa Ƒe Ŋgɔgbevi La!
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Eka Mo Na Subɔsubɔhakplɔla Siwo Tsi Tre Ðe Eŋu
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/1 axa 13

Ènyaa?

Mɔnukpɔkpɔ kple agbanɔamedzi kawoe kpe ɖe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesia ŋu?

▪ Le blemafofowo ŋɔli la, Mawu subɔlawo naa gomenɔamesi tɔxɛ aɖewo woƒe ŋgɔgbeviwo. Ne vifofoa ku la, eƒe ŋgɔgbevie tsɔa tanyenye ƒe agbanɔamedziawo le ƒomea me. Eyae akpɔ ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ, eye eƒe kpɔkplɔ tee ƒomea me tɔ susɔeawo katã anɔ. Ŋgɔgbevia kee nɔa ƒomea teƒe le Mawu ŋkume. Togbɔ be viŋutsu siwo katã le ƒomea me xɔa domenyinu aɖe hã la, ŋgɔgbevia ye xɔa akpa vevitɔ. Ŋgɔgbevia xɔa domenyinu si viŋutsu susɔeawo xɔna la ƒe teƒe eve.

Le ɣeyiɣi mawo me la, ŋgɔgbeviwo te ŋu ɖea asi le woƒe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Esau tsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenyea dzra na eyometɔ. (1 Mose 25:30-34) Yakob tsɔ via Ruben ƒe ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesia na nɔvia Yosef. Agbe gbegblẽ si Ruben nɔ tae woxɔ gomenɔamesi ma le esi ɖo. (1 Kronika 5:1) Ke hã, le Mose ƒe Sea te la, ne ŋutsu aɖe ɖe nyɔnu geɖe, eye nyɔnu si melɔ̃na o ye dzi ŋgɔgbevi ŋutsu nɛ la, mate ŋu atsɔ ŋgɔgbevi ma ƒe gomenɔamesia ana srɔ̃a bubu ƒe viŋutsu gbãtɔ le esi wòlɔ̃ nyɔnu ma wu ta o. Ele be vifofoa natsɔ ŋgɔgbevinyenye ƒe gomenɔamesia ana ŋutsuvi gbãtɔ si wodzi nɛ.—5 Mose 21:15-17.

Nu ka tae “nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo le” nɔa agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ŋu?

▪ Yesu ƒo nu tsi tsitre ɖe agbalẽfiala kple Farisitɔ siwo lé fui la ŋu le esi wowɔa woƒe ‘nugoe siwo me ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo le la wòkekena, eye wònɔa wo ŋu be wòanye ametakpɔnu na yewo’ ta. (Mateo 23:2, 5) Subɔsubɔha ma me tɔwo blaa nugoe yibɔ sue si nɔa dzogoe ene me, si wotsɔa lãgbalẽ wɔna la ɖe ŋgo nu. Woblanɛ ɖe woƒe abɔ ƒe dzigbe gome hã be wòate ɖe woƒe dzi ŋu. Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖewo nɔa nugoe siawo me. Mɔfiame aɖe si Mawu na Israel viwo, si gɔme wose bubui, dzie wotu nuwɔna ma ɖo, si nye be: “Nya, siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò . . . Bla wo ɖe wò asi ŋu abe dzesi ene, eye bla wo ɖe ŋgonu le ŋudome.” (5 Mose 6:6-8) Míenya ɣeyiɣi si tututu me nugoe siwo me Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa aɖe le la babla ɖe ŋgonu kple abɔ ŋu ƒe nuwɔna sia dze egɔme o; gake agbalẽnyala geɖewo gblɔ be anye ƒe alafa etɔ̃lia alo evelia D.M.Ŋ. mee.

Susu eve tae Yesu ƒo nu tsi tsitre ɖe nuwɔna sia ŋu ɖo. Gbã la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo wɔa nugoe siawo wokekena be yewoadze ame dzɔdzɔewoe le amewo ŋkume. Evelia, wobua nugoe siawo siwo me Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa ɖewo nɔna la vodadatɔe be wonye ametakpɔnu na yewo. Wogaɖea phylakterion, si nye ale si woyɔa nugoe siawo le Helagbe me, le agbalẽ bubu siwo menye Biblia o me, la gɔme be “xɔ sesẽ” alo “ametakpɔnu.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe