Ŋutsuwo, Ðe Miebɔbɔa Mia Ðokui Ðe Kristo Ƒe Tanyenye Tea?
“Ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo.”—1 KOR. 11:3.
1. Nu kae ɖee fia be ɖoɖo ƒe Mawue Yehowa nye?
“YEHOWA, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” Nya siawoe dze le Nyaɖeɖefia 4:11 lia me. Esi wònye be Yehowa Mawue nye nuwo katã Wɔla ta la, eyae nye xexea me katã ƒe Dziɖulagã, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nuwɔwɔwo katã dzi. Eye nyateƒe si wònye be Yehowa “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ” la dzena kɔtɛ le ɖoɖo si nu eƒe dziƒodɔlawo le la me.—1 Kor. 14:33; Yes. 6:1-3; Heb. 12:22, 23.
2, 3. (a) Ame kae nye Yehowa ƒe nuwɔwɔ gbãtɔ la? (b) Ðoƒe kae Ŋgɔgbevi la le ne wotsɔe sɔ kple Fofoa tɔ?
2 Hafi Mawu nadze nuwo wɔwɔ gɔme la, eya ɖeka koe nɔ anyi ƒe gbogbo manyaxlẽ aɖewo. Eƒe nuwɔwɔ gbãtɔe nye gbɔgbɔmenuwɔwɔ si woyɔna be “Nya la”; woyɔe nenema le esi wònye Yehowa ƒe Nyanuɖela ta. Nya la dzie woto wɔ nu bubuwo katã. Emegbe la, eva anyigba dzi va zu amegbetɔ deblibo eye woyɔ eŋkɔ be Yesu Kristo.—Mixlẽ Yohanes 1:1-3, 14.
3 Nya kae Ŋɔŋlɔawo gblɔ ku ɖe Mawu kple eƒe Ŋgɔgbevi la ƒe ɖoƒewo ŋu ne wotsɔ wo sɔ kple wo nɔewo? Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wògblɔ na mí be: “Medi be mianya be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; ke Kristo la hã ƒe tae nye Mawu.” (1 Kor. 11:3) Kristo la le Fofoa ƒe tanyenye te. Tanyenye kple ɖokuibɔbɔ ɖe tanyenye te le vevie bena ŋutifafa nanɔ nuwɔwɔ siwo si nunya le la dome eye woawɔ nu ɖe ɖoɖo nu. Wobia tso ame si ‘dzi woto wɔ nu bubuwo katã’ la gɔ̃ hã si be wòabɔbɔ ɖe Mawu ƒe tanyenye te.—Kol. 1:16.
4, 5. Aleke Yesu se le eɖokui me ku ɖe nyateƒe si wònye be Yehowa nye ta nɛ la ŋu?
4 Alekee Yesu se le eɖokui me ɖe ɖokuibɔbɔ ɖe Yehowa ƒe tanyenye te kple anyigba dzi vava ŋu? Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Togbɔ be [Kristo Yesu nɔ] Mawu ƒe nɔnɔme me hã la, susu aɖeke meva tame nɛ be yeaʋli ɖoƒe, si nye be ye kple Mawu yewoasɔ o. Ao, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, eye wòtsɔ kluvi ƒe nɔnɔme, eye wòva nɔ abe amegbetɔwo ene. Nu si gawu emae nye be, esi wòkpɔ eɖokui le amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la, ebɔbɔ eɖokui, eye eɖo to yi ɖase keke ku me ke, ɛ̃, yi ɖase ku me ke le fuwɔameti ŋu.”—Flp. 2:5-8.
5 Yesu lɔ̃na faa bɔbɔa eɖokui ɖe Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu te ɣesiaɣi. Egblɔ bena: “Nyemate ŋu awɔ nu ɖeka pɛ hã le ɖokuinye si o; . . . ʋɔnu si medrɔ̃na la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu boŋ.” (Yoh. 5:30) Egagblɔ hã be: “Mewɔa nu siwo dzea [Fofonye ŋu] ɣesiaɣi.” (Yoh. 8:29) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ le gbedodoɖa me na Fofoa be: “Medo wò ɖe dzi le anyigba dzi, esi mewu dɔ si nètsɔ nam be mawɔ la nu.” (Yoh. 17:4) Edze ƒãa be meɖe fu na Yesu be wòalɔ̃ ɖe Mawu ƒe tanyenye dzi ahabɔbɔ eɖokui ɖe ete o.
Ðokuibɔbɔ Ðe Fofo La Te Ðe Vi Na Vi La
6. Nɔnɔme nyoameŋu kawoe Yesu ɖe fia?
6 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe nɔnɔme nyoameŋu geɖewo fia. Wo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃ si gbegbe nɔ esi na Fofoa. Egblɔ bena: “Melɔ̃ Fofo la.” (Yoh. 14:31) Eɖe lɔlɔ̃ gã aɖe fia amewo hã. (Mixlẽ Mateo 22:35-40.) Yesu nyoa dɔme hebua ame ŋu, eƒe nya me mesẽ kpaɖii o, eye meɖua amegã ɖe ame dzi hã o. Egblɔ bena: “Miva gbɔnye, mi ame siwo katã le dagbadagbam, eye agba le mia wum la, eye mana gbɔdzɔe mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye misrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena ame fafa menye, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:28-30) Yesu ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo kple gbedeasi dedziƒoname la nye akɔfafa gã aɖe na ame siwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—vevietɔ ame siwo wote ɖe anyi.
7, 8. Le Mose ƒe Sea nu la, nu kae mele be nyɔnu si ŋu ʋusisidɔ nɔ la nawɔ o, gake alekee Yesu wɔ nu ɖe eŋui?
7 De ŋugble le ale si Yesu wɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui ŋu kpɔ. Le ŋutinya katã me la, ŋutsu geɖe wɔa nu manyomanyowo ɖe nyɔnuwo ŋu ale gbegbe. Nenemae subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ blema Israel la wɔa nui. Gake Yesu ya de bubu nyɔnuwo ŋu. Esia dze ƒãa le ale si wòwɔ nu ɖe nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe 12 sɔŋ ŋui la me. Nyɔnua “[kpe] fu” le atikewɔla geɖewo si me, eye wòzã eƒe nunɔamesiwo katã esi wònɔ agbagba dzem be yeƒe lãme nasẽ. Togbɔ be edze agbagba siawo katã hã la, dɔa ‘nyra ɖe edzi boŋ.’ Le Mose ƒe Sea nu la, eŋu mekɔ o. Ame sia ame si ka asi eŋu hã ŋu mekɔ o.—3 Mose 15:19, 25.
8 Esi nyɔnua se be Yesu nɔ dɔ dam na dɔnɔwo la, ege ɖe ameha siwo le Yesu ŋu la dome henɔ gbɔgblɔm na eɖokui be: “Ne meka asi eƒe awudziwuiwo teti ŋu la, mahaya.” Eka asi Yesu ŋu, eye enumake eƒe lãme sẽ. Yesu nyae be mele nɛ be wòaka asi yeƒe awu ŋu hafi o. Ke hã, meka mo nɛ o. Ke boŋ ewɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe. Ese ale si nyɔnua anya se le eɖokui me le eƒe dɔléle ƒe gbogbo ma megbe la gɔme, eye wòde dzesii be nyɔnua nɔ kpekpeɖeŋu dim vevie. Yesu gblɔ nɛ veveseɖeamenutɔe be: ‘Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye wò lãme nasẽ.’—Mar. 5:25-34.
9. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nɔ agbagba dzem be yewoaxe mɔ na ɖeviwo be woagava egbɔ o la, aleke wòwɔ nui?
9 Ðeviwo gɔ̃ hã ƒe dzi dzea eme ne wole Yesu gbɔ. Esi amewo kplɔ wo viwo va Yesu gbɔ gbe ɖeka la, eƒe nusrɔ̃lawo blu ɖe ameawo ta, ɖewohĩ le esi wosusui be Yesu madi be ɖeviwo naɖe fu na ye o ta. Gake menye aleae Yesu se le eɖokui me o. Biblia me nuŋlɔɖia gblɔ na mí be: “Esi Yesu kpɔ esia la, dɔme vee, eye wògblɔ na [eƒe nusrɔ̃lawo] be: ‘Mina ɖevi sueawo nava gbɔnye; migate kpɔ be yewoaxe mɔ na wo o, elabena ame siawo ƒomevi tɔe nye Mawu fiaɖuƒe la.’” Azɔ hã, “[exɔ] ɖeviawo ɖe eƒe akɔnu, eye wòda eƒe asiwo ɖe wo dzi hete wo yayra.” Menye ɖeko Yesu ɖe mɔ ɖeviwo te ɖe eŋu ko o; exɔ wo nyuie hã.—Mar. 10:13-16.
10. Aleke Yesu wɔ nɔnɔme nyui siwo wòɖe fia la su esi?
10 Aleke Yesu wɔ nɔnɔme nyui siwo wòɖe fia esime wònɔ anyigba dzi la su esi? Esime wònɔ dziƒo do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu la, etsɔ ƒe gbogbo manyaxlẽwo lé ŋku ɖe Fofoa si le dziƒo la ŋu eye wòsrɔ̃ eƒe mɔwo. (Mixlẽ Lododowo 8:22, 23, 30.) Elé ŋku ɖe ale si Yehowa wɔa eƒe tanyenye ŋu dɔ lɔlɔ̃tɔe le Eƒe nuwɔwɔwo katã dzi ɖuɖu me la ŋu eye wòsrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Ðe Yesu ate ŋu awɔ esia ne ɖe mebɔbɔ eɖokui oa? Dzidzɔ wònye nɛ be wòabɔbɔ ɖe Fofoa te, eye enye dzidzɔ na Yehowa hã be Vi sia le ye si. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe Fofoa si le dziƒo la ƒe nɔnɔme nyoameŋuwo fia le mɔ deblibo nu. Mɔnukpɔkpɔ gã kae nye esi wònye be míabɔbɔ ɖe Kristo, ame si nye Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia si Mawu ɖo la te!
Misrɔ̃ Kristo Ƒe Nɔnɔmewo
11. (a) Ame kae wòle be míadze agbagba vevie asrɔ̃? (b) Nu ka tae wòle vevie be Kristotɔ ŋutsuwo koŋ nadze agbagba asrɔ̃ Yesu?
11 Ele be Kristo hamea me tɔwo katã, vevietɔ ŋutsuwo, nayi edzi anɔ agbagba dzem vevie anɔ Kristo ƒe nɔnɔmewo srɔ̃m. Abe ale si míede dzesii va yi ene la, Biblia gblɔ be: “Ŋutsu ƒe tae nye Kristo la.” Abe ale si ko Kristo srɔ̃ eƒe Ta, si nye Mawu vavã la ene la, ele be ŋutsu Kristotɔwo hã nadze agbagba asrɔ̃ woƒe ta, si nye Kristo la. Nu sia tututue apostolo Paulo wɔ esi wòva zu Kristotɔ. Ede dzi ƒo na ehati Kristotɔwo be: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe ale si nye hã menye Kristo srɔ̃la ene.” (1 Kor. 11:1) Eye apostolo Petro hã gblɔ be: “Agbenɔnɔmɔ sia tae woyɔ mi ɖo, elabena Kristo ŋutɔ kura gɔ̃ hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze yeƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.” (1 Pet. 2:21) Susu bubu aɖe hã gali si tae wòle be nuxlɔ̃ame si ku ɖe Kristo sɔsrɔ̃ ŋu nanɔ vevie na ŋutsuwo koŋ ɖo. Woawoe va zua hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo. Abe ale si ko Yehowa sɔsrɔ̃ nye dzidzɔ na Yesu ene la, nenema kee wòle be wòanye dzidzɔ na Kristotɔ ŋutsuwo hã be yewoasrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋu ahasrɔ̃ eƒe nɔnɔmewo hã.
12, 13. Alekee wòle be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe alẽ siwo le woƒe dzikpɔkpɔ te la ŋu?
12 Agba le hamemetsitsi siwo le Kristo hamea me la dzi be woasrɔ̃ ale si woanɔ abe Kristo ene. Petro ɖo aɖaŋu sia na ŋutsu tsitsiwo, alo hamemetsitsiwo be: “Mikplɔ Mawu ƒe alẽha si le miaƒe dzikpɔkpɔ te la, menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi; menye abe ame siwo ɖua aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu ƒe domenyinu la dzi ene o, ke boŋ abe ame siwo zua kpɔɖeŋu na alẽha la ene.” (1 Pet. 5:1-3) Mele be Kristotɔ hamemetsitsiwo nanye ameteɖeanyilawo, ame siwo ɖua aƒetɔ ɖe ame dzi, ame siwo metsɔa ɖeke le eme na alẽawo o, alo ameŋumabulawo o. Le Kristo sɔsrɔ̃ me la, wodzea agbagba be yewoaɖe lɔlɔ̃, ameŋububu, ɖokuibɔbɔ, kple dɔmenyonyo afia le nuwɔwɔ ɖe alẽha si wode woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu me.
13 Ŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me la nye ame madeblibowo, eye ele be ema nanɔ susu me na wo ɣesiaɣi. (Rom. 3:23) Eya ta ele be wòanye woƒe didi vevie be yewoasrɔ̃ nu tso Yesu ŋu ahaɖe lɔlɔ̃ si wòɖe fia la afia. Ehiã be woade ŋugble le ale si Mawu kple Kristo wɔa nu ɖe amewo ŋui la ŋu, eye woadze agbagba asrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Petro xlɔ̃ nu mí be: “Mi katã mitsɔ ɖokuibɔbɔ bla ali dzi le nuwɔwɔ kple mia nɔewo me, elabena Mawu tsia tsitre ɖe ɖokuidoɖedzilawo ŋu, gake evea ɖokuibɔbɔlawo nu.”—1 Pet. 5:5.
14. Aleke gbegbee wòle be hamemetsitsiwo nade bubu amewo ŋui?
14 Ele be ŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo le hamea me la naɖe nɔnɔme nyuiwo afia le nuwɔwɔ ɖe Mawu ƒe alẽha la ŋu me. Romatɔwo 12:10 gblɔ bena: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” Ele be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo nade bubu amewo ŋu. Mele be ŋutsu siawo ‘nawɔ naneke le dzrehehe ta alo le ɖokuiŋububu akpa ta o, ke boŋ ele be woatsɔ ɖokuibɔbɔ abu ame bubuwo be wonye gã wu yewo,’ abe ale si ko wòle na Kristotɔwo katã hã be woawɔe ene. (Flp. 2:3) Kakaɖedzitɔe la, ele be ame siwo le ŋgɔ xɔm la nabu ame bubuwo be wonye gã wu yewo. Ne ŋutsu siawo siwo woɖo la wɔnɛ alea la, afia be wole wɔwɔm ɖe Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Ele na mí ame siwo ŋu ŋusẽ le la be míatsɔ ame siwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye be míaganɔ mía ɖokui ŋu dzem o. Mina mía dometɔ ɖe sia ɖe nadze ehavi ŋu le nu si nyo hena etutuɖo la me. Elabena Kristo la kura gɔ̃ hã medze eɖokui ŋu o.”—Rom. 15:1-3.
‘Asixɔxɔdede Srɔ̃nyɔnuwo Ŋu’
15. Alekee wòle be srɔ̃ŋutsuwo nawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu?
15 Azɔ de ŋugble le aɖaŋu si Petro ɖo na srɔ̃ŋutsuwo ŋu kpɔ. Eŋlɔ bena: “Mi srɔ̃ŋutsuwo hã, miyi edzi mianɔ anyi kple [mia srɔ̃wo] le sidzedze me, eye mide asixɔxɔ wo ŋu abe nugoe si ate ŋu agbã bɔbɔe wu ene.” (1 Pet. 3:7) Ne èdea asixɔxɔ ame aɖe ŋu la, efia be èdea bubu deto amea ŋu. Le esia ta, àbu eƒe nukpɔsusuwo, hiahiãwo, kple didiwo ŋu, eye àwɔ ɖe eƒe didi dzi nɛ negbe ɖeko susu vevi aɖe li si tae màte ŋu awɔe o. Aleae wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui.
16. Nuxlɔ̃ame kae Mawu ƒe Nya la na srɔ̃ŋutsuwo le asixɔxɔdede wo srɔ̃wo ŋu gome?
16 Esi Petro gblɔ na srɔ̃ŋutsuwo be woade asixɔxɔ wo srɔ̃wo la, etsɔ nuxlɔ̃amenya sia kpee be: “Bene naneke nagaxe mɔ na miaƒe gbedodoɖawo o.” (1 Pet. 3:7) Esia ɖe ale si gbegbe Yehowa bua srɔ̃ŋutsuwo ƒe nuwɔwɔ ɖe wo srɔ̃wo ŋu ŋkubiãnyae la fia kɔtɛ. Ne srɔ̃ŋutsu medea asixɔxɔ srɔ̃a ŋu o la, esia ate ŋu axe mɔ na eƒe gbedodoɖawo. Eye ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ne srɔ̃ŋutsuwo dea asixɔxɔ wo srɔ̃nyɔnuwo ŋu la, srɔ̃nyɔnuawo hã dea bubu wo ŋu oa?
17. Aleke gbegbee wòle be srɔ̃ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃ae?
17 Mawu ƒe Nya la gblɔ ku ɖe ale si wòle be ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃woe ŋu be: “[Ele] be srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene. . . . Elabena ame aɖeke melé fu ye ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o; ke boŋ enyinɛ, eye wòléa be nɛ nyuie, abe ale si Kristo la hã wɔna na hame la ene . . . Mia dome ŋutsu ɖe sia ɖe hã nelɔ̃ srɔ̃a abe ale si wòlɔ̃a eɖokui ene.” (Ef. 5:28, 29, 33) Aleke gbegbee wòle be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo? Paulo ŋlɔ bena: “Srɔ̃ŋutsuwo, miyi edzi mialɔ̃ mia srɔ̃wo, abe ale si ko Kristo la hã lɔ̃ hame la, eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta la ene.” (Ef. 5:25) Ɛ̃, ele be srɔ̃ŋutsu nalɔ̃ gɔ̃ hã atsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe srɔ̃a ta abe ale si ko Kristo wɔe na ame bubuwo ene. Ne srɔ̃ŋutsu Kristotɔ wɔa nu ɖe srɔ̃a ŋu tufafatɔe, ameŋububutɔe, kpɔa vovo ɖe eŋu, eye media eɖokui tɔ o la, anɔ bɔbɔe na srɔ̃a wu be wòabɔbɔ ɖe eƒe tanyenye te.
18. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋutsuwo ŋu be woade asixɔxɔ wo srɔ̃wo ŋu?
18 Ðe asixɔxɔdede srɔ̃nyɔnuwo ŋu alea nye nu si sesẽ akpa biabia tso srɔ̃ŋutsuwo sia? Ao, Yehowa mabia tso wo si be woawɔ nane si gbɔ woƒe ŋutete ŋu gbeɖe o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe esubɔlawo ŋu to gbɔgbɔ kɔkɔe la, si nye ŋusẽ triakɔtɔ kekeake si le xexea me, dzi. Yesu gblɔ bena: “Ne mi, ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Luka 11:13) Srɔ̃ŋutsuwo ate ŋu abia Yehowa le gbedodoɖa me be wòatsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe yewo ŋu le nuwɔwɔ ɖe yewo srɔ̃wo kple ame bubuwo siaa ŋu me.—Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:32.
19. Nu ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
19 Vavãe, agba gã aɖe le ŋutsuwo dzi be woasrɔ̃ ale si woabɔbɔ ɖe Kristo te ahasrɔ̃ ale si wòwɔa eƒe tanyenye ŋu dɔe. Ke nyɔnuwo, vevietɔ srɔ̃nyɔnuwo ya ɖe? Nyati si kplɔe ɖo la adzro ale si wòle be woabu ɖoƒe si wole le Yehowa ƒe ɖoɖoa me la me.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Yesu ƒe nɔnɔme kawoe wòle be míasrɔ̃?
• Aleke wòle be hamemetsitsiwo nawɔ nu ɖe alẽawo ŋu?
• Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Srɔ̃ Yesu to bubudede amewo ŋu me