INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/15 axa 12-17
  • Nyɔnuwo, Nu Ka Tae Wòle Be Miabɔbɔ Ðe Tanyenye Te?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnuwo, Nu Ka Tae Wòle Be Miabɔbɔ Ðe Tanyenye Te?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ‘Mawɔ Kpeɖeŋutɔ Nɛ’
  • Ne Srɔ̃ŋutsua Menye Haxɔsetɔ O
  • Ðe Wòle Be Woanye Kpeɖeŋutɔ Siwo Magblɔ Woƒe Nukpɔsusu Oa?
  • Nyɔnu Eve Siwo Mezi Kpi O
  • ‘Nyɔnu Si Wokafuna’
  • Mikpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunana La Ŋu
  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Ðe Sia Ðe Le Ðoƒe Si Ŋu Bubu Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nu Kae Wòfia Be Srɔ̃ŋutsue Nye Ta?
    Nyɔ!—2008
  • Srɔ̃nyɔnuwo—mide Bubu Deto Mia Srɔ̃wo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • ‘Nyɔnu Ƒe Tae Nye Ŋutsu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/15 axa 12-17

Nyɔnuwo, Nu Ka Tae Wòle Be Miabɔbɔ Ðe Tanyenye Te?

‘Nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu.’—1 KOR. 11:3.

1, 2. (a) Nya kae apostolo Paulo gblɔ ku ɖe tanyenye kpakple ɖokuibɔbɔ ɖe tanyenye te ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ la ŋu? (b) Nyabiase kawo mee míadzro le nyati sia me?

YEHOWA gbɔe ɖoɖo si ŋu Paulo ƒo nu tsoe esi wòŋlɔ be “ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la” eye “Kristo la hã ƒe tae nye Mawu,” la tso. (1 Kor. 11:3) Nyati si do ŋgɔ la ɖee fia be Yesu bui be mɔnukpɔkpɔe wònye na ye be yeabɔbɔ ɖe yeƒe Ta, Yehowa Mawu te, eye wòkpɔ dzidzɔ le esia wɔwɔ me, eye míekpɔe hã be ŋutsu Kristotɔwo ƒe tae nye Kristo. Kristo wɔ nu ɖe amewo ŋu le dɔmenyo, tufafa, kple veveseɖeamenu me ɖokuitɔmadimaditɔe. Ele be ŋutsu siwo le hamea me hã nawɔ nu ɖe amewo ŋu nenema ke, vevietɔ ɖe wo srɔ̃wo ŋu.

2 Ke aleke wòle le nyɔnuwo ya gome? Ame kae nye woƒe ta? Paulo ŋlɔ bena: ‘Nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu.’ Aleke wòle be nyɔnuwo nabu nya sia si tso gbɔgbɔ me lae? Ðe woawɔ ɖe gɔmeɖose sia dzi ne srɔ̃ŋutsua menye haxɔsetɔ o gɔ̃ hã? Ðe srɔ̃nyɔnu ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe srɔ̃aŋutsu ƒe tanyenye te fia be ele be wòanye kpeɖeŋutɔ si magblɔ eƒe nukpɔsusu le nyametsotso siwo wowɔna le ƒomea me ŋu oa? Nu kae nyɔnu awɔ si ana wòadze na kafukafu?

‘Mawɔ Kpeɖeŋutɔ Nɛ’

3, 4. Nu ka tae wɔwɔ ɖe tanyenye ƒe ɖoɖoa dzi le srɔ̃ɖeɖe me ɖea vi?

3 Mawu gbɔe tanyenye ƒe ɖoɖoa dzɔ tso. Esi Yehowa Mawu wɔ Adam megbe la, egblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” Esi Mawu wɔ Xawa hekplɔe vae na Adam la, dzi dzɔ Adam be kpeɖeŋutɔ su ye si ale gbegbe be wògblɔ be: “Azɔ ko! Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me.” (1 Mose 2:18-24) Mɔnukpɔkpɔ gã wònye nɔ ʋuʋu ɖi na Adam kple Xawa be woava zu amegbetɔƒome deblibo siwo anɔ agbe tegbee le dzidzɔ me le xexea me katã ƒe paradiso me la fofo kple dada.

4 Le mía dzila gbãtɔawo ƒe aglãdzedze ta la, wobu agbe deblibo nɔnɔ le Eden-bɔa me ƒe mɔnukpɔkpɔa. (Mixlẽ Romatɔwo 5:12.) Gake tanyenye ƒe ɖoɖoa ya metrɔ o. Ne srɔ̃ŋutsu wɔ eƒe tanyenye ŋu dɔ nyuie eye srɔ̃nyɔnu hã bɔbɔ ɖe tanyenyea te la, eɖea vi geɖe eye wòhea dzidzɔ gã aɖe vaa srɔ̃ɖeɖe me. Esia wɔnɛ be wosena le wo ɖokuiwo me abe ale si ko Yesu se le eɖokui me esi wòbɔbɔ ɖe eƒe Ta, Yehowa, te ene. Esime Yesu nɔ dziƒo hafi wòava anyigba dzi abe amegbetɔ ene la, ekpɔ “dzidzɔ le [Yehowa] ŋkume ɣeawokatãɣi.” (Lod. 8:30, NW) Le blibomademade ta la, ŋutsuwo metea ŋu wɔa woƒe tanyenye ŋu dɔ le mɔ deblibo nu o, eye nyɔnuwo hã metea ŋu bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe tanyenye te bliboe o. Ke hã, ne srɔ̃ŋutsuwo kple srɔ̃nyɔnuwo yi edzi wɔ woƒe ŋutete katã la, dzidzɔ gãtɔ kekeake si woate ŋu akpɔ le srɔ̃ɖeɖe me le nuɖoanyi sia me la sua wo si.

5. Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo natsɔ aɖaŋuɖoɖo si le Romatɔwo 12:10 la awɔ dɔe?

5 Nu vevi aɖe si ana srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze ye nye be srɔ̃tɔawo nawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo sia si yi na Kristotɔwo katã la dzi be: “Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene. Ame sia ame nedi be yeade bubu ye nɔvi ŋu gbã.” (Rom. 12:10) Gakpe ɖe eŋu la, ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siaa nadze agbagba vevie ‘azu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, woƒe dɔme natrɔ ɖe wo nɔewo ŋu vevie, eye woatsɔ anɔ wo nɔewo kem faa.’—Ef. 4:32.

Ne Srɔ̃ŋutsua Menye Haxɔsetɔ O

6, 7. Nu kae ate ŋu ado tso eme ne srɔ̃nyɔnu Kristotɔ bɔbɔa eɖokui na srɔ̃a si menye haxɔsetɔ o?

6 Ke ne srɔ̃wò menye Yehowa subɔla o ya ɖe? Zi geɖe la, srɔ̃ŋutsua ye menyea haxɔsetɔ o. Le go sia me la, alekee wòle be nyɔnua nawɔ nu ɖe eŋu? Biblia ɖo eŋu ale: “Mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, ale be ne wo dometɔ aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo, esi wokpɔa miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple bubu deto la ta.”—1 Pet. 3:1, 2.

7 Mawu ƒe Nya la gblɔ na srɔ̃nyɔnu be wòabɔbɔ eɖokui na srɔ̃a si menye haxɔsetɔ o la. Nyɔnua ƒe agbenɔnɔ nyui ate ŋu aʋã ŋutsua wòadi be yeanya nu si na wòwɔa nu ɖe ame ŋu nyuie nenema gbegbe ɖo. Esia ate ŋu ana srɔ̃ŋutsua nawɔ numekuku tso srɔ̃a Kristotɔ la ƒe dzixɔsewo ŋu, eye eya ŋutɔ hã nava xɔ nyateƒea mlɔeba.

8, 9. Nu kae srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ate ŋu awɔ nenye be srɔ̃a si menye haxɔsetɔ o la mewɔa nu ɖe eŋu nyuie o togbɔ be eya ɖea nɔnɔme nyuiwo fiana hã?

8 Ke nenye be ewɔ esiawo gake srɔ̃aŋutsua metsɔa ɖeke le nyateƒea me o ya ɖe? Ŋɔŋlɔawo de dzi ƒo na srɔ̃nyɔnu xɔsetɔ la be wòaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo afia ɣeawokatãɣi aleke kee esia wɔwɔ asesẽe o. Le kpɔɖeŋu me, 1 Korintotɔwo 13:4 gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu.” Eya ta anyo be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ la nayi edzi awɔ nu “le tamebɔbɔɖeanyi kple tufafa blibo me, le dzigbɔgbɔ blewu me,” eye wòado dzi anɔ anyi kple srɔ̃a le lɔlɔ̃ me. (Ef. 4:2) Le Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ, si nye eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, ƒe kpekpeɖeŋu me la, srɔ̃nyɔnua ate ŋu ayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖem anɔ fiafiam le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

9 Paulo ŋlɔ bena: “Le nuwo katã gome la, mekpɔa ŋusẽ tso ame si doa ŋusẽm la gbɔ.” (Flp. 4:13) Mawu ƒe gbɔgbɔ la kpena ɖe srɔ̃nyɔnu Kristotɔ la ŋu be wòawɔ nu siwo anye ne mate ŋu awɔ le eɖokui si hafi o la. Le kpɔɖeŋu me, nenye be srɔ̃a wɔa nu manyomanyowo ɖe eŋu la, esia ate ŋu ana wòadi be yeawɔ wɔɖenui. Gake Biblia gblɔ na Kristotɔwo katã be: “Migatsɔ vɔ̃ ɖo vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o. . . . Elabena woŋlɔ ɖi be: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, maɖo eteƒe, Yehowa ye gblɔe.’” (Rom. 12:17-19) Nenema kee 1 Tesalonikatɔwo 5:15 hã ɖo aɖaŋu na mí be: “Mikpɔ egbɔ be ame aɖeke nagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe na ame aɖeke o, ke boŋ miti nyuididi na mia nɔewo kple ame bubuwo katã yome ɣesiaɣi.” Le Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, míetea ŋu wɔa nu si míate ŋu awɔ le míawo ŋutɔwo ƒe ŋutete me hafi o la. Eya ta aleke gbegbe wòsɔe nye esi be míado gbe ɖa abia Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe mía ŋu le afi si míegbɔdzɔ le!

10. Aleke Yesu wɔ nui esi amewo wɔ nu alo gblɔ nya manyomanyo ɖe eŋu?

10 Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí le ale si wòwɔ nu ɖe ame siwo wɔ nu alo gblɔ nya manyomanyo ɖe eŋui ŋu la me. Míexlẽ le 1 Petro 2:23 be: “Esi wonɔ edzum la, medzu ame ɖe eteƒe o. Esi wònɔ fu kpem la, medo ŋɔdzi na ame o, ke boŋ eyi edzi tsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe la.” Wode dzi ƒo na mí be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu nyui la. Mègana nu gbegblẽ si amewo wɔ ɖe ŋuwò la nana nàbi dzi o. Abe ale si woxlɔ̃ nu Kristotɔwo katã ene la, ‘wò dɔme netrɔ ɖe ame ŋu, bɔbɔ ɖokuiwò le dzi me, mègaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe alo dzudzu dzudzu teƒe o.’—1 Pet. 3:8, 9.

Ðe Wòle Be Woanye Kpeɖeŋutɔ Siwo Magblɔ Woƒe Nukpɔsusu Oa?

11. Mɔnukpɔkpɔ gã kae asu nyɔnu Kristotɔ aɖewo si?

11 Ðe srɔ̃nyɔnuwo ƒe wo ɖokui bɔbɔ ɖe wo srɔ̃wo ƒe tanyenye te fia be mele be woagblɔ woƒe nukpɔsusu le ƒomea ƒe nyawo kpakple nya bubuwo me oa? Menye nenemae kura o. Yehowa na mɔnukpɔkpɔ geɖewo ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa. Wò ya bu bubu gã si gbegbe wònye na ame 144,000 la be woaɖu fia ahanye nunɔlawo le dziƒo le Kristo te ne eva le anyigba sia dzi ɖum la ŋu kpɔ! Nyɔnuwo hã le ame siawo dome. (Gal. 3:26-29) Edze ƒãa be Yehowa na mɔnukpɔkpɔ nyɔnuwo hã be woawɔ akpa vevi aɖe le eƒe ɖoɖowo me.

12, 13. Gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si fia be nyɔnuwo hã gblɔ nya ɖi.

12 Le kpɔɖeŋu me, le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nyɔnu aɖewo gblɔ nya ɖi. Yehowa gblɔ ɖi le Yoel 3:1, 2 be: “Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe ŋutilãwo katã dzi, eye miaƒe ŋutsuviwo kple miaƒe nyɔnuviwo agblɔ nya ɖi. . . . Matrɔ nye gbɔgbɔ la akɔ ɖe kluviwo kple kosiviwo hã dzi ɣemaɣi.”

13 Le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi esime Yesu ƒe nusrɔ̃la siwo ade 120 ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem la, menye ŋutsuwo ɖeɖee nɔ afi ma o, nyɔnuwo hã nɔ wo dome. Wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖe ame siwo ƒo ƒu la katã dzi. Eya ta Petro te ŋu yɔ nya si nyagblɔɖila Yoel gblɔ ɖi la heɖee fia be eva eme ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa dzi. Petro gblɔ be: “Nya si wogblɔ to nyagblɔɖila Yoel dzi ye nye esi: ‘Mawu gblɔ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, matrɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe akɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe ƒomevi dzi, eye mia viŋutsuwo kple mia vinyɔnuwo agblɔ nya ɖi, . . . eye makɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe ɖe nye kluviŋutsuwo kple kluvinyɔnuwo kura gɔ̃ hã dzi le ŋkeke mawo me, eye woagblɔ nya ɖi.”’”—Dɔw. 2:16-18.

14. Le ƒe alafa gbãtɔ me la, akpa kae nyɔnuwo wɔ le Kristotɔnyenye ƒe takeke me?

14 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, nyɔnuwo wɔ akpa vevi aɖe le Kristotɔnyenye ƒe takeke me. Woɖe gbeƒã na amewo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu eye wowɔ nu bubuwo hã tsɔ do alɔ gbeƒãɖeɖedɔa. (Luka 8:1-3) Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo gblɔ tso Foibe ŋu be enye “Kenxrea hamea ƒe subɔla.” Eye esi Paulo nɔ gbedonamewo ɖom ɖe eƒe hadɔwɔlawo la, eyɔ nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo ƒe ŋkɔwo. Ame siawo dometɔ aɖewoe nye “Trifena kple Trifosa, siwo nye nyɔnu siwo dzea agbagba geɖe le Aƒetɔ la me.” Egagblɔ kpee be, “Mido gbe na míaƒe lɔlɔ̃tɔ Persis nam, elabena ewɔ dɔ sesẽ geɖewo le Aƒetɔ la me.”—Rom. 16:1, 12.

15. Le míaƒe ŋkekea me la, akpa kae nyɔnuwo le wɔwɔm le Kristotɔnyenye ƒe takeke me?

15 Le míaƒe ɣeyiɣia me la, ame siwo wu miliɔn adre siwo le gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexea me godoo la dometɔ geɖe nye nyɔnu siwo xɔ ƒe vovovowo. (Mat. 24:14) Wo dometɔ geɖewo nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, kple Betel ƒomea me tɔwo. Hakpala David dzi ha be: “Aƒetɔ la ƒo nu, eye wòna nyɔnu du nyui xɔlawo de ha kpaŋ.” (Ps. 68:12) Aleke gbegbe nya siawo nye nyateƒee nye esi! Yehowa dea asixɔxɔ akpa si nyɔnuwo wɔna le gbeƒãɖeɖe nya nyuia kple eƒe tameɖoɖowo me vava me la ŋu. Edze kɔtɛ be eƒe nudidi si nye be nyɔnu Kristotɔwo nabɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe tanyenye te mefia be woazi kpi ɖi naneke mawɔmawɔe o.

Nyɔnu Eve Siwo Mezi Kpi O

16, 17. Aleke Sara ƒe kpɔɖeŋua ɖee fia be le srɔ̃ɖeɖe me la, nyɔnuwo ate ŋu agblɔ woƒe nukpɔsusu?

16 Esi wònye be Yehowa na mɔnukpɔkpɔ geɖewo nyɔnuwo ta la, ɖe mele be srɔ̃ŋutsuwo nabia wo srɔ̃wo ƒe nukpɔsusu hafi awɔ nyametsotso veviwo oa? Nunya anɔ eme be woawɔe nenema. Kpɔɖeŋu geɖewo le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe srɔ̃nyɔnu aɖewo siwo melala wo srɔ̃wo bia woƒe nukpɔsusu hafi wogblɔ woƒe susu alo kura gɔ̃ hã ɖe afɔ aɖewo o la ŋu. Bu wo dometɔ eve ŋu kpɔ.

17 Sara, si nye blemafofo Abraham srɔ̃ la, nɔ egbɔgblɔ dzi nɛ be wòanyã srɔ̃a evelia kple via le woƒe amemabumabu ta. “Nya la medze Abraham ŋu o”—gake edze Mawu ya ŋu. Yehowa gblɔ na Abraham be: “Mègana nya sia nave wò le ŋutsuvi la kple wò kosi la ta o; ke boŋ ɖo to Sara.” (1 Mose 21:8-12) Abraham wɔ nya si Yehowa gblɔ nɛ la dzi, eɖo to srɔ̃a Sara, eye wòwɔ nu si wòbia tso esi la.

18. Afɔ nyui kae Abigail ɖe le srɔ̃a ƒe manyamanya me?

18 Bu Abigail si nye Nabal srɔ̃ hã ŋu kpɔ. Esi David nɔ sisim le Fia Saul, si nɔ ŋu ʋãmee nu la, eya kple eƒe amewo va ƒu asaɖa anyi ɖe teƒe aɖe si te ɖe afi si Nabal ƒe lãhawo le ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. David kple eƒe amewo metsɔ ŋutsu kesinɔtɔ sia ƒe nunɔamesiwo dometɔ aɖeke o, ke wokpɔ eƒe nuwo ta boŋ. Ke hã, Nabal “nye ŋlɔmitɔ, evɔ̃ɖi,” eye ‘wòda gbe ɖe’ David ƒe amewo gbɔ. Enye “ŋutsu vɔ̃ɖi” kple “movitɔ.” Esi David ƒe amewo bia Nabal bubutɔe be wòana nuɖuɖu kple nunono yewo la, egbe. Alekee Abigail wɔ nui esi wòse nya sia? Megblɔ nya aɖeke na Nabal o, ke boŋ “[ewɔ] kaba tsɔ abolo alafa eve, wein lãgbalẽgolo eve, alẽ atɔ̃, siwo woɖa, bli tɔtɔe dzidzenu atɔ̃, weintsetse ƒuƒu bolo alafa ɖeka kple gbotsetsebolo alafa eve” yi na David kple eƒe amewo. Nu nyui wònye Abigail wɔa? Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe asi va Nabal dzi, eye wòku.” Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, David ɖe Abigail wòzu srɔ̃a.—1 Sam. 25:3, 14-19, 23-25, 38-42.

‘Nyɔnu Si Wokafuna’

19, 20. Nu kae nana be nyɔnu dzena na kafukafu?

19 Ŋɔŋlɔawo kafu srɔ̃nyɔnu si wɔa nu ale si Yehowa dii. Biblia gbalẽ si nye Lododowo kafu “nyɔnu zazɛ̃” la hegblɔ tso eŋu be: ‘Exɔ asi wu adzagba, srɔ̃a ɖoa dzi ɖe eŋu, eye nuwo kpɔkpɔ mavee o. Ewɔa nyuie [na srɔ̃aŋutsua], eye menye vɔ̃ o, le eƒe agbe me ŋkekewo katã me.’ Gakpe ɖe eŋu la, wogblɔ be: “Ekea eƒe nu kple nunya, eye nufiame fafɛwo le eƒe aɖe dzi. Eléa ŋku ɖe nuwɔwɔwo ŋu le eƒe me, eye meɖua kuviabolo o. Viaŋutsuwo tsona heyranɛ; srɔ̃a kafunɛ.”—Lod. 31:10-12, 26-28.

20 Nu kae nana be nyɔnu dzena na kafukafu? Wogblɔ le Lododowo 31:30 be: “Nyonyo la, alakpae, eye tugbedzedze la, yae; nyɔnu, si vɔ̃a Yehowa la, ele be, woakafui.” Yehowa vɔvɔ̃ bia be ame nalɔ̃ faa abɔbɔ eɖokui ɖe tanyenye ƒe ɖoɖo si wòɖo anyi la te. ‘Nyɔnu ƒe tae nye ŋutsu’ abe ale si ko “ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la” eye “Kristo la hã ƒe tae nye Mawu” ene.—1 Kor. 11:3.

Mikpɔ Ŋudzedze Ðe Mawu Ƒe Nunana La Ŋu

21, 22. (a) Susu kawoe li siwo tae wòle be srɔ̃tɔ Kristotɔwo nada akpe na Mawu ɖe eƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe ta? (b) Nu ka tae wòle be míade bubu ame siwo Yehowa ɖo ŋusẽnɔƒewo kpakple tanyenye ƒe ɖoɖo si wòwɔ la ŋu? (Kpɔ aɖaka si le axa 17.)

21 Susu geɖe li siwo tae wòle be srɔ̃tɔ Kristotɔwo nada akpe na Mawu ɖo! Woate ŋu ada akpe na Mawu ɖe eƒe nunana nyui si nye srɔ̃ɖeɖe la ta, vevietɔ esi esia naa mɔnukpɔkpɔ wo be woawɔ nu asi le asi me le Yehowa subɔsubɔ me abe srɔ̃tɔ kpɔdzidzɔwo ene la ta. (Rut 1:9; Mixa 6:8) Yehowa, ame si nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila la, nya nu si tututu wòle be srɔ̃tɔwo nawɔ be woakpɔ dzidzɔ. Wɔ nu ale si wòdii ɣeawokatãɣi, eye ‘dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu anye wò mɔ̃ sesẽ’ le egbexexe tɔzi sia gɔ̃ hã me.—Nex. 8:10.

22 Srɔ̃ŋutsu Kristotɔ si lɔ̃a srɔ̃a abe eya ŋutɔ ɖokui ene la awɔ eƒe tanyenye ŋu dɔ le lɔlɔ̃ kple ameŋububu me. Srɔ̃anyɔnu mawuvɔ̃la la anye ame si ƒe nya gbɔ wòalɔ̃ vavã, elabena nyɔnua anye kpeɖeŋutɔ nyui nɛ eye ade bubu deto hã eya amea ŋu. Esi le vevie wu ɖe sia ɖee nye be, woƒe srɔ̃ɖeɖe kpɔdzidzedze la ade bubu Yehowa, mía Mawu si dze na kafukafu la, ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Tanyenye kpakple ɖokuibɔbɔ ɖe tanyenye te ƒe ɖoɖo kae Yehowa wɔ?

• Nu ka tae wòle be srɔ̃tɔwo nade bubu wo nɔewo ŋu?

• Aleke wòle be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nawɔ nu ɖe srɔ̃a si menye haxɔsetɔ o la ŋu?

• Nu ka tae wòle be srɔ̃ŋutsuwo nabia wo srɔ̃wo ƒe nukpɔsusu hafi awɔ nyametsotso veviwo?

[Aɖaka si le axa 17]

Nu Ka Tae Wòle Be Míabɔbɔ Ðe Tanyenye Te?

Yehowa wɔ ɖoɖo be le yeƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le dome la, ame aɖewo nanɔ ŋusẽnɔƒewo eye tanyenye ƒe ɖoɖo hã nanɔ anyi. Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo kple amegbetɔwo siaa ƒe nyonyo tae wòwɔ esia ɖo. Esia naa mɔnukpɔkpɔ wo be woawɔ woƒe tiatiawɔblɔɖe ŋu dɔ ahade bubu Mawu ŋu to esubɔsubɔ le ɖekawɔwɔ me, le ɖoɖo nu.—Ps. 133:1.

Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea bɔbɔna ɖe Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple tanyenye te. (Ef. 1:22, 23) Le lɔlɔ̃ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ dzi me la, “Vi la ŋutɔ hã atsɔ eɖokui ade Ame si tsɔ nuwo katã de ete la te” mlɔeba, “bene Mawu nanye nuwo katã na ame sia ame.” (1 Kor. 15:27, 28) Eya ta ɖe masɔ ŋutɔ be amegbetɔ siwo tsɔ wo ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Mawu la nade bubu tanyenye ƒe ɖoɖo si le hamea me kple esi le ƒomea me la siaa ŋu oa? (1 Kor. 11:3; Heb. 13:17) Ne míewɔ esia la, aɖe vi na mí, elabena Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu ahayra mí.—Yes. 48:17.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe srɔ̃nyɔnu Kristotɔ ŋu wòaɖe mawumenɔnɔmewo afia

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Yehowa dea asixɔxɔ akpa si nyɔnuwo wɔna tsɔ doa Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ la ŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe