Te Ðe Mawu Ŋu
Ekpɔa Nyuiƒe Si Le Mía Ŋu
“YEHOWA dzroa dziwo katã me kpɔna, eye wònya tamesusuwo katã!” (1 Kronika 28:9) Ðe Yehowa na wogblɔ nya mawo be wòaʋã mí míakpɔ ale si gbegbe wòtsɔ ɖe le eme na míi. Togbɔ be míede blibo o hã, Yehowa kpɔa nu nyui siwo le míaƒe dzi me. Esia dze ƒãa le nya siwo wògblɔ ku ɖe Abiya ŋu me, le 1 Fiawo 14:13.
Ƒome vɔ̃ɖi aɖe mee Abiya nɔ tsi. Fofoa Yerobeam nye fia si na ame geɖe de megbe le Yehowa ŋu.a Yehowa ɖoe be yeakplɔ Yeroboam ƒe aƒe la ƒiaƒiaƒia “abe ale si wokplɔa aɖuɖɔ ene.” (1 Fiawo 14:10) Gake Mawu de se be woaɖi Yeroboam ƒe ƒomea me tɔ ɖeka pɛ ko bubutɔe, eye ame mae nye Abiya, si dze dɔ vevie ɣemaɣi.b Nu ka tae? Mawu ɖe eme be: “Eya ko ŋu wokpɔ nane, si dze Yehowa, Israel ƒe Mawu la ŋu le Yerobeam ƒe me la le.” (1 Fiawo 14:1, 12, 13) Nu kae nya siawo fia mí le Abiya ŋu?
Biblia megblɔ be Abiya nye Mawu subɔla vavã o. Gake nyuiƒe aɖe le eŋu. Nu nyui aɖe le eme “ɖe Yehowa ŋu,” ɖewohĩ ku ɖe eƒe subɔsubɔ ŋu. Rabiwo ƒe nuŋlɔɖiwo gblɔ be Abiya yia gbedoxɔa me le Yerusalem alo ɖe dzɔla siwo fofoa ɖo be woaxe mɔ na Israel viwo be woagayi Yerusalem o la ɖa.
Nu nyui ka kee Abiya ɖawɔ o, Yehowa de dzesii. Susu siwo tae la dometɔ ɖekae nye be ewɔe tso dzi blibo me. Esia tae wogblɔ be wokpɔe le eŋu. Susu eveliae nye be eƒe nuwɔnaa ɖe dzesii. Abiya wɔ nu nyui sia togbɔ be ‘Yerobeam ƒe aƒe mee’ wònɔ hã. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be: “Ame siwo lé nɔnɔme nyuiwo me ɖe asi togbɔ be wole ame gbegblẽwo dome la dze na kafukafu.” Agbalẽnyala bubu hã gblɔ be Abiya ƒe nyuiwɔwɔa “ɖe dzesi . . . abe ale si ko ɣletiviwo klẽna nyuie wu ne dziŋgɔlia nyrɔ tsiɖitsiɖi, alo abe ale si sedertiwo dzea ani wu ne ati bubu siwo ƒo xlã wo la ƒe aŋgbawo lũ xe ene.”
Vevietɔ wu la, 1 Fiawo 14:13 me nyawo fia nu vevi aɖe mí tso Yehowa kple nu si wòkpɔna le mía me ŋu. Ðo ŋkui be ‘ekpɔ’ nu nyui aɖe le Abiya ŋu. Edze ƒãa be ɖe Yehowa dzro Abiya ƒe dzi me ʋuu va se ɖe esime wòkpɔ nu nyui sue aɖe le eme. Abe ale si agbalẽnyala aɖe gblɔe ene la, ɖeko Abiya nɔ abe dzonu ɖeka le “kpewo dome” ene, alo abe seƒoƒo ɖeka le dzogbe ene. Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe nyuiƒe ma si le eŋu la ŋuti heɖo eteƒe nɛ esi wòkpɔ nublanui na eya ɖeka pɛ le ƒome vɔ̃ɖi ma me.
Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanyae be Yehowa kpɔa nyuiƒe si le mía ŋu hedea asixɔxɔ mía ŋu togbɔ be míede blibo o hã oa? (Psalmo 130:3) Ele be esia naʋã mí míate ɖe Yehowa, Mawu si dzroa míaƒe dziwo me tsitotsito be yeakpɔ nu nyui suetɔ si le eme la ŋu geɖe wu.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Yeroboam ɖo nyivisubɔsubɔ anyi ɖe Israel ƒe dzieheto ewo fiaɖuƒea me bene amewo nagayi Yerusalem aɖade ta agu na Yehowa le gbedoxɔa me le afi ma o.
b Ɣemaɣi la, ne womeɖi ame aɖe bubutɔe o la, efia be eƒe nu medze Mawu ŋu o.—Yeremiya 25:32, 33.