Nu Si Míesrɔ̃ Tso Yesu Gbɔ
Ale Si Míawɔ Akpɔ Dzidzɔ
Nu kae nana ame kpɔa dzidzɔ?
▪ Le todzimawunya xɔŋkɔ si Yesu gblɔ me la, eƒo nu tso dzidzɔ ŋu le nya gbãtɔ siwo wògblɔ me. Egblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.” (Mateo 5:3) Eƒe nya mawo gɔme ɖe? Nu kae nye gbɔgbɔmenu siwo hiã mí?
Hafi míate ŋu anɔ agbe la, ehiã be míagbɔ ya, ano tsi ahaɖu nu, abe ale si lãwo hã wɔna ene. Gake hafi míakpɔ dzidzɔ la, ele be míakpɔ nu hiahiã vevi aɖe gbɔ, si mehiã lãwo ya o—eyae nye be míase nu si tae míele agbe ɖo la gɔme. Mía Wɔla, si na míele agbe, koe ate ŋu agblɔe na mí. Eya tae Yesu gblɔ be: “Mele be ame nanɔ agbe ɖe abolo ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe nya sia nya si dona tso Yehowa ƒe nu me ŋu.” (Mateo 4:4) Ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo la kpɔa dzidzɔ, elabena wotena ɖe Yehowa, si nye “Mawu dzidzɔtɔ” la ŋu, eye wònaa nane si le vevi hafi ame nakpɔ dzidzɔ la wo—si nye mɔkpɔkpɔ.—1 Timoteo 1:11.
Aleke Yesu na mɔkpɔkpɔ amewo?
▪ Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5) Yesu da dɔ na dɔnɔwo, eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre wogava nɔ agbe le anyigba dzi, tsɔ fia be amegbetɔwo ate ŋu anɔ mɔ kpɔm na nu nyuiwo le etsɔ me. Gbedeasi si wòtsɔ vae hã na amewo le mɔ kpɔm. Egblɔ be: “Mawu lɔ̃ xexea ale gbegbe be wòtsɔ eƒe Tenuvi la na, bene ame sia ame si ɖenɛ fiana be yexɔ edzi se la nagatsrɔ̃ o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ame siwo ɖoa to Mawu la anɔ agbe tegbee le anyigba dzi. Wò ya bu eŋu kpɔ: be nànɔ ame fafawo dome, eye màgatsi aku amegã alo nyagã gbeɖe o! Eya tae mewɔ nuku o be Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Dzi nedzɔ mi le mɔkpɔkpɔ me.” (Romatɔwo 12:12) Yesu gblɔ ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ fifia hã.
Nu kae Yesu gblɔ be eya wɔwɔe ana míakpɔ dzidzɔ?
▪ Yesu ɖo aɖaŋu nyuiwo le nu geɖewo ŋu, siwo dometɔ aɖewoe nye srɔ̃ɖeɖe, ɖokuibɔbɔ, ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu, kple ale si wòle be míabu ŋutilãmenuwoe. (Mateo 5:21-32; 6:1-5, 19-34) Ne èwɔna ɖe Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi la, ekema àkpɔ dzidzɔ.
Ne míenaa nu ame la, míakpɔ dzidzɔ. (Dɔwɔwɔwo 20:35) Le kpɔɖeŋu me, Yesu gblɔ be: “Ne èɖo kplɔ̃ la, kpe ame dahewo, nuwɔametɔwo, atatututɔwo, ŋkuagbãtɔwo; eye àkpɔ dzidzɔ, elabena naneke mele wo si woatsɔ aɖo eteƒe na wò o.” (Luka 14:13, 14) Ɛ̃, menye ame siwo dina be yewoado dzidzɔ na yewo ɖokui lae kpɔa dzidzɔ ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ ame siwo dina be yewoado dzidzɔ na ame bubuwoe.
Nu kae nana ame kpɔa dzidzɔ wu?
▪ Ne èwɔa nu nyui na amewo la, àkpɔ dzidzɔ, gake ne èwɔa nu si Mawu di la, àgakpɔ dzidzɔ wu. Dzidzɔ si nàkpɔ le esia wɔwɔ me la awu esi dzilawo kpɔna ɖe wo vi lɔlɔ̃awo ŋu. Nu si dzɔ gbe ɖeka, esime Yesu le nu fiam le dutoƒo la, akpe ɖe mía ŋu míase nya sia me. “Nyɔnu aɖe si le ameha la dome kɔ gbe dzi gblɔ nɛ be: ‘Dzidzɔtɔe nye vidzidɔ si me nèmlɔ kple no si nèno!’ Gake egblɔ be: ‘Ao, ke boŋ: Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!’”—Luka 11:27, 28.
Esi Yesu ŋutɔ hã wɔ Fofoa si le dziƒo la ƒe lɔlɔ̃nu ta la, ekpɔ dzidzɔ, eye eƒe dzi dze eme. Mawu ƒe lɔlɔ̃nue nye be amewo nase nu tso mɔkpɔkpɔ si li be amegbetɔwo ava nɔ agbe tegbee la ŋu. Gbe ɖeka, esi Yesu ɖe mɔkpɔkpɔ sia me na ame aɖe si nɔ to ɖomee vɔ la, egblɔ kpee be: “Nye nuɖuɖu ye nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu.” (Yohanes 4:13, 14, 34) Ne wò hã ègblɔa nu si tututu Biblia fia la na amewo la, ekema dzi anɔ dzɔwòm be yele nu si dzea Mawu ŋu la wɔm.
Ne èdi be woagakɔ nya bubuwo me na ye la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 1. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Ne míese nu si tae míele agbe ɖo gɔme ko hafi míate ŋu akpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ