Ale Si Tafe La Ðea Mí
“Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ Vi la dzi se la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.”—YOH. 3:36.
1, 2. Susu siwo tae wodze Zion’s Watch Tower la tata gɔme la dometɔ ɖekae nye eka?
“BIBLIA srɔ̃la dovevienu aɖeke mate ŋu ado kpo vevienyenye si gbegbe le Kristo ƒe kua ŋu la kpɔkpɔ dze sii o.” Nya siae magazine sia ƒe tata enelia gblɔ le keke October 1879 me ke. Wowu nyati si me nya sia dze le la nu kple nya vevi sia be: “Mina míakpɔ nyuie le nu sia nu si aɖe vevienyenye si le Kristo ƒe kua ŋu la dzi akpɔtɔ alo ana wòadze be eƒe kua menye avulévɔsa ɖe nu vɔ̃wo ta o la ŋu.”—Mixlẽ 1 Yohanes 2:1, 2.
2 Susu siwo tae wodze Zion’s Watch Tower la tata gɔme le July 1879 me la dometɔ ɖekae nye be woaʋli Biblia ƒe nufiafia si ku ɖe tafea ŋu la ta. Nyati siwo wotana ɖe eme la nye ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi,’ elabena le ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu me la, ame siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la dometɔ geɖe va nɔ ɖi kem ale si Yesu ƒe kua nye tafe ɖe míaƒe nu vɔ̃wo tae. (Mat. 24:45) Ɣemaɣi la, ame geɖe va nɔ asi dam ɖe amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa dzi, evɔ nufiafia sia tsi tsitre ɖe nyateƒe si nye be amegbetɔ si de blibo le gɔmedzedzea me la va dze nu vɔ̃ me la ŋu. Ame siwo doa amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa ɖe ŋgɔ la fiaa nu be, amegbetɔwo ƒe dzɔdzɔme le nyonyom ɖe edzi eye womehiã na tafe o. Eya ta aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na Timoteo la sɔ nyuie ŋutɔ. Egblɔ be: “Kpɔ nu si wotsɔ de asi na wò la dzi, eye nàgbe dzeɖoɖo ƒuƒlu siwo medea asixɔxɔ nu kɔkɔewo ŋu o, kple nu si woyɔna alakpatɔe be ‘sidzedze’ la ƒe glãkahehewo. To boblododo sidzedze sia ƒomevi me la, ame aɖewo trɔ ɖa le xɔse la gbɔ.”—1 Tim. 6:20, 21.
3. Nyabiase kawo mee míadzro fifia?
3 Ðikeke mele eme o be, enye wò tameɖoɖo kplikpaa be ‘yematrɔ ɖa le xɔse la gbɔ o.’ Le esia ta la, anyo be nàde ŋugble le biabia siawo ŋu: Nu ka tae mehiã na tafea ɖo? Nu ka gbegbee Yehowa kple Yesu tsɔ sa vɔe le tafea ta? Nu kae wòle be mawɔ be nunana xɔasi sia si ate ŋu aɖem tso Mawu ƒe dɔmedzoe me la naɖe vi nam?
Woate Ŋu Aɖe Mí Tso Mawu Ƒe Dɔmedzoe La Me
4, 5. Nu kae ɖee fia be Mawu ƒe dɔmedzoe tsi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi?
4 Biblia la kple ŋutinya me nudzɔdzɔwo siaa ɖee fia be Mawu ƒe dɔmedzoe ‘tsi’ amegbetɔƒomea ‘dzi’ tso keke esime Adam ge ɖe nu vɔ̃ me ke. (Yoh. 3:36) Esia dze ƒãa le nyateƒe si wònye be amegbetɔ aɖeke mete ŋu si le ku nu o la me. Satana ƒe dziɖuɖu si tsi tsitre ɖe Mawu tɔ ŋu la do kpo nu keŋkeŋ le ameƒomea ta kpɔkpɔ tso fukpekpe siwo me tom wole la me, eye amegbetɔ ƒe dziɖuɖu aɖeke mete ŋu le eteviwo katã ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ kpɔm na wo o. (1 Yoh. 5:19) Eya ta aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, kple hiãkame kpɔtɔ le fu wɔm ameƒomea.
5 Eya ta eme kɔ ƒãa be, Yehowa ƒe yayra mele fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi o. Paulo gblɔ be, ‘wole Mawu ƒe dziku ɖem le fiafiam tso dziƒo ɖe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo katã ŋu.’ (Rom. 1:18-20) Eya ta ame siwo katã nɔa agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me dzimematrɔmatrɔe la mate ŋu asi le woƒe nuwɔnawo me tsonuwo nu o. Egbea la, wole nyanya nam amewo tso Mawu ƒe dɔmedzoe la ŋu to ʋɔnudrɔ̃gbedasi siwo le abe dɔvɔ̃ siwo wole kɔkɔm ɖe Satana ƒe xexea dzi ene la me, eye wota gbedeasi siawo ɖe míaƒe Biblia srɔ̃gbalẽ geɖe me.—Nyaɖ. 16:1.
6, 7. Dɔ kae Kristotɔ amesiaminawo le ŋgɔ xɔm na, eye mɔnukpɔkpɔ kae gakpɔtɔ le ʋuʋu ɖi na ame siwo nye Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖe?
6 Ðe esia fia be etsi megbe akpa be ame aɖe nado le Satana ƒe dziɖuɖu te eye wòava nɔ ƒomedodo nyui me kple Mawua? Ao, elabena mɔnukpɔkpɔa gakpɔtɔ le ʋuʋu ɖi be amewo nadzra woa kple Yehowa dome ɖo. Kristotɔ amesiamina siwo nye “ame dɔdɔwo le Kristo teƒe” la le ŋgɔ xɔm le dutoƒosubɔsubɔdɔ aɖe si dzi tom wole le dukɔwo katã me tɔwo kpem be, “Mina woadzra mia kple Mawu dome ɖo,” la me.—2 Kor. 5:20, 21.
7 Apostolo Paulo gblɔ be, Yesu “ɖe mí tso dziku si gbɔna la me.” (1 Tes. 1:10) Yehowa ƒe dɔmedzoe ɖeɖe fia zi mamlɛtɔ sia anye tsɔtsrɔ̃ mavɔ na nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo. (2 Tes. 1:6-9) Ame kawoe akpɔ ɖeɖe? Biblia gblɔ be: “Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ Vi la dzi se la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.” (Yoh. 3:36) Ɛ̃, ame siwo katã le agbe eye woxɔa Yesu kple tafe la dzi se la atsi agbe le Mawu ƒe dɔmedzoedogbe mamlɛa me, le nuɖoanyi sia tsrɔ̃ɣi.
Akpa Vevi Si Tafea Wɔna
8. (a) Etsɔme nyui kae nɔ ŋgɔ na Adam kple Xawa? (b) Aleke Yehowa ɖee fia be dzɔdzɔenyenye deblibo ƒe Mawue yenye?
8 Wowɔ Adam kple Xawa wode blibo. Ne ɖe woɖo to Mawu la, anye ne woƒe dzidzimeviwo ayɔ anyigba dzi fifia eye woa kpli wo siaa woanɔ dzidzɔ kpɔm le Paradiso me. Gake nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔawo ɖoe koŋ da le Mawu ƒe se dzi. Esia wɔe be wotso kufia na wo be woaku ɖikaa, eye wonya wo do goe le Paradiso gbãtɔa me. Hafi Adam kple Xawa nate vidzidzi la, amegbetɔ ge ɖe nu vɔ̃ me xoxo, eye atsu kple asi gbãtɔawo va ku amegã heku mlɔeba. Esia fia be Yehowa ƒe nya vaa eme godoo. Gawu la, dzɔdzɔenyenye deblibo ƒe Mawue wònye. Yehowa xlɔ̃ nu Adam be, ne eɖu atikutsetse si ŋu yede se ɖo la aku—eye eku hã vavã.
9, 10. (a) Nu ka tae Adam ƒe dzidzimeviwo kuna? (b) Nu kae míawɔ be míaku ɖikaa o?
9 Esi míenye Adam ƒe dzidzimeviwo ta la, míenyi ŋutilã madeblibo, si dzi nu vɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖo, si ava ku mlɔeba ƒe dome. Esime Adam wɔ nu vɔ̃ la, ne míagblɔe la, míekpɔtɔ nɔ eƒe alime. Eya ta kufia si wotso nɛ la lɔ míawo hã ɖe eme. Ne Yehowa te fli ɖe kufia si wòtso nɛ la me evɔ womexe tafe aɖeke o la, afia be mewɔ eya ŋutɔ ƒe nya dzi o. Esia ta Paulo ƒo nu ɖe mí katã nu esime wògblɔ be: “Míenyae be gbɔgbɔmenue Se la nye; gake ŋutilãmeme, si wodzra ɖe nu vɔ̃ te, ye nye ya menye. Oo, nye nublanuitɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã sia si ana maku la si me?”—Rom. 7:14, 24.
10 Yehowa Mawu ɖeka koe ate ŋu ana nane si dzi wòanɔ te ɖo le se nu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí wòasɔ le dzɔdzɔenyenye nu, eye wòaɖe mí tso ku ɖikaa la me. Ewɔ esia to ale si wòdɔ Via malɔ̃nugbɔa ɖa tso dziƒo be woadzii wòanye amegbetɔ deblibo si ate ŋu atsɔ eƒe agbe ana wòanye tafe ɖe mía ta me. Adam wɔ nu vɔ̃, gake Yesu ya “mewɔ nu vɔ̃ aɖeke o,” ekpɔtɔ nye ame deblibo. (1 Pet. 2:22) Eya ta ŋutete nɔ Yesu si be wòadzi amegbetɔwo ƒe dzidzime deblibo. Gake le esia teƒe la, eɖe mɔ Mawu ƒe futɔwo wui ale be wòate ŋu axɔ Adam ƒe dzidzimevi siwo nyi nu vɔ̃ ƒe dome la abe viawo ene, eye wòana mɔnukpɔkpɔ ame siwo xɔ edzi se la be agbe mavɔ nasu wo si. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Mawu ɖeka kple avuléla ɖeka, si le Mawu kple amegbetɔwo dome, si nye ame Kristo Yesu, ye li, ame si tsɔ eɖokui na wònye tafe si sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta.”—1 Tim. 2:5, 6.
11. (a) Aleke míate ŋu awɔ ale si tafea ɖea vi na míi la ƒe kpɔɖeŋu? (b) Ame kawoe tafea aɖe vi na?
11 Míate ŋu awɔ akpa vevi si tafea wɔna la ƒe kpɔɖeŋu ale: Tsɔe be ame aɖewo dzra ga ɖo ɖe gadzraɖoƒe aɖe, eye gadzraɖoƒea ƒe nu fitifiti wɔwɔ wɔe be amewo ƒe gawo katã fiã eye wonyi fe. Wolé gadzraɖoƒea dzi kpɔlawo de ga hena ƒe geɖe, eye esɔ nenema. Ke ame siwo ƒe gawo fiã ya ɖe? Fifia woɖo hiã me, eye naneke meli woawɔ le woƒe nɔnɔmea ŋu o, negbe ɖe kesinɔtɔ dɔmenyotɔ aɖe ƒle gadzraɖoƒea eye wògbugbɔ ame siwo katã ƒe ga fiã la ƒe ga na wo heɖe wo tso fe me. Le mɔ sia ke nu la, Yehowa Mawu kple Via malɔ̃nugbɔa ƒle Adam ƒe dzidzimeviwo eye wonɔ te ɖe Yesu ƒe ʋu si wokɔ ɖi la dzi tsɔ nu vɔ̃ ƒe fe si wonyi la ke wo. Esia tae Yohanes Amenyrɔɖetsimela la te ŋu gblɔ tso Yesu ŋu be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe Alẽvi si le xexea ƒe nu vɔ̃ ɖem ɖa lae nye esi!” (Yoh. 1:29) Ameƒomea si ƒe nu vɔ̃wo woɖe ɖa la lɔ agbagbeawo kple kukuawo gɔ̃ hã ɖe eme.
Nu Si Gbegbe Yehowa Kple Yesu Tsɔ Sa Vɔe Le Tafea Ta
12, 13. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Abraham lɔ̃ faa be yeatsɔ Isak asa vɔe la me?
12 Míate ŋu ase nu si gbegbe mía Fofo si le dziƒo la kple Via si gbɔ melɔ̃a nu le o la tsɔ sa vɔe le tafea ta la gɔme bliboe gbeɖe o. Gake Biblia me ŋutinya aɖewo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míade ŋugble tso nya sia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Mawu de se na Abraham be: ‘Kplɔ Isak, wò tenuvi, si gbɔ mèlɔ̃a nu lena o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye nàtsɔe amè nui le afi ma le vɔsamlekpui dzi le to aɖe, si mafia wò la dzi!’ Bu ale si Abraham anya se le eɖokui me esime wòzɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ yi Moria nyigba dzi le wɔwɔ ɖe Mawu ƒe se sia dzi me ŋu kpɔ!—1 Mose 22:2-4.
13 Abraham ɖo teƒe si Mawu fiae la mlɔeba. Bu ale si gbegbe wòate ɖe Abraham dzi be wòabla Isak ƒe asiwo kple afɔwo ahakɔe ada ɖe vɔsamlekpui si eya ŋutɔ ɖi dzi la ŋu kpɔ. Aleke gbegbee Abraham anya nɔ veve sem le dzi me esime wòdo asi ɖa tsɔ hɛ si wòatsɔ awu viae enye esi! Kpɔ ale si Isak anɔ sesem le eɖokui me esime wòmlɔ vɔsamlekpuia dzi henɔ lalam be woatsɔ hɛ ɖaɖɛa atso ye yease veve helĩhelĩ ahakui la le susu me ɖa. Yehowa ƒe dɔla ɖo asi Abraham dzi kaba ale be mewɔ naneke via o. Nu si Abraham kple Isak wɔ ɣemaɣi la kpe ɖe mía ŋu míese ale si Yehowa anya se le eɖokui me esime wòɖe mɔ Satana dzi delawo wu Via la gɔme. Ale si Isak lɔ̃ faa bɔbɔ eɖokui na fofoa Abraham la nye kpɔɖeŋu si sɔ nyuie na ale si Yesu lɔ̃ faa be yeakpe fu ahaku ɖe mía ta.—Heb. 11:17-19.
14. Yakob ƒe agbemenudzɔdzɔ kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nu si gbegbe me Yehowa to le tafea ta la gɔme?
14 Míate ŋu atsɔ nane si dzɔ ɖe Yakob dzi la hã awɔ nu si gbegbe me Yehowa to le tafea ta la ƒe kpɔɖeŋu. Yosef ye Yakob lɔ̃ wu le viaŋutsuwo katã dome. Nublanuitɔe la, Yosef nɔviŋutsuwo nɔ ŋu ʋãmee eye wolé fui. Ke hã, Yosef lɔ̃ be ye fofo nadɔ ye yeayi aɖakpɔ ye nɔviŋutsuawo ƒe fɔfɔ me ɖa. Ɣemaɣi la, Yosef nɔviawo nɔ wo fofo ƒe alẽwo kplɔm le teƒe aɖe si didi tso wo de Xebron, anɔ kilometa 100, le dziehe gome. Kpɔ ale si Yakob se le eɖokui me esime viaŋutsuwo gbɔ kple Yosef ƒe awu si ƒo ʋui la ɖa le susu me! Edo ɣli be: “Vinye ƒe awu enye esia; lã wɔdã aɖe vuvui, oo, evuvu Yosef vavã!” Nu sia te ɖe Yakob dzi ale gbegbe be wòfa Yosef ŋkeke geɖewo. (1 Mose 37:33, 34) Yehowa mewɔa nu ɖe nudzɔdzɔwo ŋu pɛpɛpɛ abe ale si amegbetɔ madeblibowo wɔnɛ ene o. Ke hã, ŋugbledede le Yakob ƒe agbemenudzɔdzɔ sia ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase ale si Mawu anya se le eɖokui me esime wowɔ fu Via lɔlɔ̃a hewui ŋutasesẽtɔe esime wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la gɔme va se ɖe afi aɖe ya teti.
Ale Si Tafea Ðea Vi Na Mí
15, 16. (a) Aleke Yehowa ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe tafea ŋu? (b) Aleke tafea ɖe vi na wòe?
15 Yehowa Mawu fɔ Via wɔnuteƒea ɖe tsitre kple gbɔgbɔŋutilã si wodo ŋutikɔkɔe na. (1 Pet. 3:18) Le Yesu fɔfɔ tso ku me megbe la, eɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo ŋkeke 40 henɔ ŋusẽ dom woƒe xɔse, eye wònɔ wo dzram ɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔ gã aɖe si nɔ ŋgɔ la ŋu. Esia megbe la, elia yi dziƒo. Esi wòyi dziƒo la, etsɔ eƒe ʋu si wokɔ ɖi la ƒe asixɔxɔ na Mawu be woawɔ eŋu dɔ wòaɖe vi na eyomedzela vavã siwo xɔ asixɔxɔ si le eƒe tafevɔsaa ŋu dzi se la. Yehowa Mawu na Yesu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe eƒe nusrɔ̃la siwo ƒo ƒu ɖe Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekosteŋkekea dzi la dzi tsɔ ɖee fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Kristo ƒe tafea ŋu.—Dɔw. 2:33.
16 Enumake, Kristo yomedzela amesiamina siawo te dzidede ƒo na wo havi amegbetɔwo be woaxɔ nyɔnyrɔ le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔ ke, bene woasi le Mawu ƒe dɔmedzoe la nu. (Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 2:38-40.) Tso ŋkeke ɖedzesi ma dzi va de asi na egbea la, wokpe ɖe ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me ŋu wova le ƒomedodo nyui me kple Mawu to Yesu ƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔ se me. (Yoh. 6:44) Azɔ ehiã be míagadzro biabia eve bubu me: Ðe agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa su mía si le míawo ŋutɔwo ƒe dɔwɔwɔ nyuiwo ta? Esi mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia su mía si la, ɖe wòate ŋu adzɔ be wòabu ɖe mía?
17. Aleke wòle be nàbu yayra wɔnuku si wònye be ènye Mawu xɔlɔ̃ lae?
17 Mía dometɔ aɖeke medze na tafe la kura hafi o. Gake to edzi xɔxɔ se me la, ame miliɔn geɖe va zu Mawu xɔlɔ̃wo egbea, eye wole mɔ kpɔm be yewoava nɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi. Gake ne míeva zu Yehowa xɔlɔ̃wo la, esia menye kpeɖodzi be míayi edzi anɔ ƒomedodo sia me kplii ɖaa o. Hafi míate ŋu akpɔ ɖeɖe le Mawu ƒe dɔmedzoedogbe si gbɔna me la, ele be míayi edzi anɔ eɖem fia be míekpɔ ŋudzedze deto ɖe “tafe si Kristo Yesu xe” la ŋu.—Rom. 3:24; mixlẽ Filipitɔwo 2:12.
Lé Tafe La Dzi Xɔxɔ Se Me Ðe Asi
18. Nu kae tafea dzi xɔxɔ se lɔ ɖe eme?
18 Mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃nyati sia ɖo, si nye Yohanes 3:36, la ɖee fia be Aƒetɔ Yesu Kristo dzi xɔxɔ se lɔ toɖoɖo eyama ɖe eme. Ele be ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu naʋã mí míanɔ agbe ɖe Yesu ƒe nufiafiawo nu—eƒe nufiafia siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋu hã le eme. (Mar. 7:21-23) “Mawu ƒe dziku gbɔna” ame siwo katã kpɔa gome le matrewɔwɔ, fefenya madzetowo gbɔgblɔ, kple “makɔmakɔnyenye ƒomevi” ɖe sia ɖe, si me amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ enuenu hã le la me dzimematrɔmatrɔe la dzi.—Ef. 5:3-6.
19. Mɔ nyui kawo nue míate ŋu aɖee afia le be míexɔ tafea dzi se?
19 Ele be míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu naʋã mí míado vevie nu le “dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le me.” (2 Pet. 3:11) Mina míaɖo ɣeyiɣi geɖe ɖi hena gbedodoɖa vevie edziedzi, ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃, kpekpewo dede, ƒometadedeagu, kple gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me dzonɔamemetɔe me. Eye mina “[míagaŋlɔ] nyuiwɔwɔ kple nunana ame bubuwo be o, elabena nenem vɔsa siawo dzea Mawu ŋu ŋutɔ.”—Heb. 13:15, 16.
20. Etsɔmeyayra kawoe ame siwo katã léa tafe la dzi xɔxɔ se me ɖe asi la ate ŋu akpɔ mɔ na?
20 Ne Yehowa ƒe dɔmedzoe va nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi mlɔeba la, aleke gbegbee míakpɔ dzidzɔe enye esi be míexɔ tafea dzi se eye míeyi edzi ɖee fia be míekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu! Eye le xexe yeye si ƒe ŋugbe Mawu do me la, míada akpe tegbee ɖe nunana wɔnuku sia si ɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me la ta.—Mixlẽ Yohanes 3:16; Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 13, 14.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu ka tae míehiã na tafea?
• Nu ka gbegbee Yehowa kple Yesu tsɔ sa vɔe le tafea ta?
• Aleke tafea ɖea vi na míi?
• Aleke míeɖenɛ fiana be míexɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Mɔnukpɔkpɔa gakpɔtɔ le ʋuʋu ɖi be amewo nadzra woa kple Yehowa dome ɖo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]
Ŋugbledede tso Abraham, Isak, kple Yakob ƒe kpɔɖeŋuawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nu si gbegbe me Yehowa kple Via to le tafea ta la gɔme