INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/15 axa 28-32
  • Ame Kae Aɖe Ame Siwo Le Ɣli Dom Be Woaxɔ Na Yewo La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Aɖe Ame Siwo Le Ɣli Dom Be Woaxɔ Na Yewo La?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Kristo Ƒe Dziɖuɖua Anɔ Ƒe Kpɔɖeŋu
  • Míakpɔ Gbɔdzɔe Le Salomo Gãtɔ Ƒe Dziɖuɖu Te
  • Paradiso Si Axɔ Anyigba Bliboa Dzi Le Ŋgɔ Gbɔna!
  • Yesu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Veveseɖeamenutɔe
  • Xexe Yeye Si Me Nuɖuɖu Abɔ Ðo La Le Mía Ŋgɔ
  • Ðe Wònye Kpɔɖeŋu Nyui Nàsrɔ̃a, Alo Nuxlɔ̃amekpɔɖeŋue?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Yesu Si Nye David Gãtɔ Kple Salomo Gãtɔ La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • “Ànɔ Paradiso Me Kplim”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Nunyala Fia Salomo
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/15 axa 28-32

Ame Kae Aɖe Ame Siwo Le Ɣli Dom Be Woaxɔ Na Yewo La?

“Mawu, tsɔ wò ʋɔnudɔdrɔ̃ na fia la . . . Elabena aɖe ame dahe, si le ɣli dom [la].”—PS. 72:1, 12.

1. Nu kae míesrɔ̃ tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu le nu si me David to la me?

ALEKE gbegbe mawunyakpukpui si dzi wotu nusɔsrɔ̃nyati sia ɖo, si anɔ eme be blema Israel Fia David ye ŋlɔe, la faa akɔ na amee enye esi! Ƒe geɖe do ŋgɔ na nya siawo ŋɔŋlɔ la, exa nu vevie le woa kple Bat-Seba ƒe ahasiwɔwɔa ta. Ɣemaɣi la, David ɖe kuku na Mawu gblɔ be: ‘Le wò nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la nu tutu nye dzidadawo ɖa! . . . Nye nu vɔ̃ le ŋkunye me ɖaa. . . . Kpɔ ɖa, vodada me wodzim ɖo, eye nu vɔ̃ me danye fɔ nye fu ɖo.’ (Ps. 51:3-7) Le Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ta la, eɖoa ŋku edzi be nu vɔ̃ mee wodzi mí ɖo.

2. Alekee Psalmo 72 lia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu?

2 Yehowa se nɔnɔme wɔnublanui si me míele la gɔme. Ke hã, abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Fia si Mawu si ami na la “aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” (Ps. 72:12, 13) Alekee wole xɔxɔ ge na ameƒomea? Psalmo 72 lia na míenya. Hadzidzi sia si me nyawo ku ɖe David vi Salomo ƒe fiaɖuɖu ŋu la ɖe ale si Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, ƒe dziɖuɖu ava ɖe ameƒomea tso xaxawo me la fia.

Ale Si Kristo Ƒe Dziɖuɖua Anɔ Ƒe Kpɔɖeŋu

3. Nu kae Salomo bia, eye nu kae Mawu nae?

3 Esime David, si ku amegã ɣemaɣi la, na woɖo Salomo fia vɔ la, ede se aɖewo koŋ nɛ, siwo dzi Salomo va zɔ ɖo pɛpɛpɛ. (1 Fia. 1:32-35; 2:1-3) Emegbe la, Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo le drɔ̃e me hegblɔ nɛ be: ‘Bia nu si mana wò.’ Nu ɖeka pɛ ko Salomo bia. Egblɔ bena: “Na dzi nyanu wò dɔla, ne wòadrɔ̃ ʋɔnu wò dukɔ, eye wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome.” Esi Salomo ɖe ɖokuibɔbɔ fia le nu si wòbia me ta la, Mawu na nu si wòbia lae eye wòtsɔ nu bubu geɖewo kpe ɖe eŋu nɛ.—1 Fia. 3:5, 9-13.

4. Aleke dziɖula bubu aɖe si nɔ anyi le Salomo ŋɔli la ɖɔ eƒe dziɖuɖuae?

4 Esi Yehowa ƒe yayra nɔ Salomo dzi ta la, eƒe dziɖuɖua nye esi me ŋutifafa kple nudzedziname xɔ aƒe ɖo wòɖe dzesi wu dziɖuɖu ɖe sia ɖe si nɔ anyigba dzi kpɔ. (1 Fia. 5:5) Ame siwo yi be yewoaɖakpɔ ale si Salomo ƒe dziɖuɖua le la dometɔ ɖekae nye Seba fianyɔnu la kple eŋume gbogboawo. Egblɔ na Salomo be: ‘Nyateƒee nye nya, si mese le nye anyigba dzi . . . Womegblɔ woƒe afã gɔ̃ hã nam o; èƒo nya, si wogblɔ le wò nunya kple wò kesinɔnu ŋuti mese la ta.’ (1 Fia. 10:1, 6, 7) Ke hã, nunya si Yesu ɖe fia la de ŋgɔ sãsãsã wu, eya tae wòte ŋu gblɔ le eɖokui ŋu be: “Kpɔ ɖa! Nane si lolo wu Salomo la le afii.”—Mat. 12:42.

Míakpɔ Gbɔdzɔe Le Salomo Gãtɔ Ƒe Dziɖuɖu Te

5. Nu kae Psalmo 72 lia me nyawo ɖe fia, eye nu kae psalmo sia me nyawo nye kpɔɖeŋu na?

5 Azɔ na míadzro Psalmo 72 lia me ne míakpɔ yayra siwo Yesu Kristo, Salomo Gãtɔ la, ƒe dziɖuɖua ahe avae la ɖa. (Mixlẽ Psalmo 72:1-4.) Psalmo sia ɖe ale si Yehowa sena le eɖokui me le Via, Yesu Kristo, “Ŋutifafafia” la ƒe ‘dziɖuɖua’ ŋu la fia. (Yes. 9:5, 6) Le Mawu ƒe mɔfiafia te la, Salomo Gãtɔ la ‘adrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe na hiãtɔwo eye wòaxɔ na ame daheviwo.’ Ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖe eƒe dziɖuɖua me. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, ewɔ nu siwo wòava wɔ le eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si gbɔna me la ƒe kpɔɖeŋu.—Nyaɖ. 20:4.

6. Nu kawoe Yesu wɔ tsɔ ɖe yayra siwo míakpɔ le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la fia?

6 Yesu Kristo wɔ nu geɖe siwo na míekpɔ nu siwo wòava wɔ na ameƒomea le etsɔme si anye Psalmo 72 lia me nyagblɔɖiawo me vava. Na míade ŋugble tso nu siawo dometɔ aɖewo ŋu. Susu geɖewo li siwo tae wòle be nublanuikpɔkpɔ gã si wòɖe fia ame siwo nɔ fu kpem la nalé dzi na mí ɖo. (Mat. 9:35, 36; 15:29-31) Le kpɔɖeŋu me, kpodɔléla aɖe te ɖe Yesu ŋu heɖe kuku nɛ be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Melɔ̃. Ŋutiwò nekɔ.” Eye ŋutsua ƒe lãme sẽ! (Mar. 1:40-42) Ɣebubuɣi la, Yesu do go ahosi aɖe si ƒe tenuvi ku nɛ. “Eƒe nu wɔ nublanui” na Yesu eye wògblɔ na ɖekakpuia be, “Fɔ!” eye nyɔnua ƒe viŋutsu la fɔ. Ɛ̃, egbɔ agbe!—Luka 7:11-15.

7, 8. Ale si Yesu zã dɔdada ƒe ŋusẽ si Mawu nɛ la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?

7 Yehowa na ŋusẽ Yesu be wòawɔ nukunuwo. Esia dze le nu si dzɔ le “nyɔnu aɖe si nɔ ʋusisidɔ lém ƒe wuieve sɔŋ” gome la me. Togbɔ be “[ekpe] fu tsa le atikewɔla geɖewo dzi, eye wòzã eƒe nunɔamesiwo katã” hã la, ɖeko eƒe dɔa ganyra ɖe edzi. Nyɔnua ge ɖe ameha la dome heka asi Yesu ŋu, evɔ le Sea nu la, mele be nyɔnu si ŋu “ʋu le dodom le” nawɔ nu sia o. (3 Mose 15:19, 25) Yesu de dzesii be ŋusẽ do le ye me, eya ta ebia be ame kae ka asi ye ŋu mahã. Nyɔnu sia si “le vɔvɔ̃m hele dzodzom nyanyanya” la “[va] bɔbɔ ɖe ekɔme hegblɔ nyateƒe blibo la katã nɛ.” Esi Yesu kpɔe be Yehowa da gbe le nyɔnua ŋu la, ewɔ nu ɖe eŋu dɔmenyotɔe, egblɔ nɛ be: “Vinyenyɔnu, wò xɔse na nèhaya. Heyi le ŋutifafa me, eye wò lãme nahaya tso dɔléle vɔ̃ɖi sia me.”—Mar. 5:25-27, 30, 33, 34.

8 Yesu zã ŋusẽ si Mawu nɛ la tsɔ da dɔ na amewo eye esia anya wɔ dɔ ɖe eteƒekpɔlawo dzi ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, hafi Yesu nagblɔ eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa la, eda dɔ na ame gbogbo aɖewo, eye ɖikeke mele eme o be, esia wɔ nuku na ame geɖe ŋutɔ. (Luka 6:17-19) Esi Yohanes Amenyrɔɖetsimela la dɔ ame eve be woayi aɖabia Yesu be eyae nye Mesia la vavã hã la, wokpɔe be ‘enɔ dɔ geɖewo kple dɔléle vɔ̃ɖiwo dam, nɔ gbɔgbɔ vɔ̃wo nyam do goe, eye wòve ŋkuagbãtɔ geɖewo nu wokpɔ nu.’ Eyome Yesu gblɔ na ame eveawo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la na Yohanes: ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, atatututɔwo le zɔzɔm, kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, eye tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.” (Luka 7:19-22) Aleke gbegbee nya sia anya de dzi ƒo na Yohanes enye esi!

9. Nu ka ƒe kpɔɖeŋue nukunu siwo Yesu wɔ la nye?

9 Enye nyateƒe be, gbɔdzɔe si Yesu he vae na ame siwo nɔ fu kpem esime wònɔ eƒe subɔsubɔdɔa wɔm le anyigba dzi la nɔ anyi ɣeyiɣi vi aɖe ko. Ame siwo wòda dɔ na alo fɔ ɖe tsitre la va ku mlɔeba. Ke hã, nukunu siwo Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi la nye kpɔɖeŋu na gbɔdzɔe mavɔ si ameƒomea akpɔ le eƒe Mesia dziɖuɖua te.

Paradiso Si Axɔ Anyigba Bliboa Dzi Le Ŋgɔ Gbɔna!

10, 11. (a) Ɣeyiɣi didi kae yayra siwo Fiaɖuƒea ahe avae la anɔ anyi, eye alekee agbea anɔ le Yesu ƒe dziɖuɖua te? (b) Ame ka hãe anɔ Paradiso me kple Kristo, eye nu kae wòawɔ hafi ate ŋu anɔ agbe tegbee?

10 Dze agbagba nàkpɔ ale si agbenɔnɔ anɔ le Paradiso me le anyigba dzi la ɖa le susu me. (Mixlẽ Psalmo 72:5-9.) Mawu vavã ɖeka kolia la subɔlawo ayi edzi anɔ vivi sem le Paradiso me zi ale si ɣe kple dzinu li—ɛ̃, woase vivi tegbee! Fia Yesu Kristo ƒe dziɖuɖu ahe dzidzeme geɖe avae, anɔ “abe tsidzadza ɖe gbe talãlãe dzi ene, abe tsi gãe ƒo anyigba ene.”

11 Esi nèle ale si psalmo sia me nyawo ava eme la kpɔm le susu me la, ɖe agbe tegbee nɔnɔ le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa melé dzi na wò oa? Kakaɖedzitɔe la, edzɔ dzi na nu vɔ̃ wɔla si woklã ɖe ati ŋu la ŋutɔ esi Yesu gblɔ nɛ be: “Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, agbɔ agbe ŋutsu ma. Ne ebɔbɔ ɖe Kristo ƒe dziɖuɖu te la, ate ŋu anɔ agbe tegbee le anyigba dzi le lãmesẽ deblibo me, le dzidzɔ me.

12. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, mɔnukpɔkpɔ kae asu ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo woafɔ ɖe tsitre la si?

12 Le Yesu Kristo, Salomo Gãtɔ la, ƒe dziɖuɖu te la, “ame dzɔdzɔe la amie,” si fia be, woakpɔ dzidzedze alo eme anyo na wo. (Ps. 72:7) Ɣemaɣi la, Kristo ƒe lɔlɔ̃ kple beléname agba go, abe ale si ko wònɔ esime wònɔ anyigba dzi ene. Le Mawu ƒe xexe yeye si ŋugbe wòdo me la, woana mɔnukpɔkpɔ ‘ame madzɔmadzɔ’ siwo woafɔ ɖe tsitre la gɔ̃ hã lɔlɔ̃tɔe be woabɔbɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo te be woanɔ agbe. (Dɔw. 24:15) Gake womaɖe mɔ na ame siwo gbe be yewomawɔ ɖe Mawu ƒe nudidiwo dzi o la be woayi edzi anɔ agbe ne woagblẽ ŋutifafa kple tomefafa si anɔ xexe yeyea me la me o.

13. Afi ka kee Fiaɖuƒe dziɖuɖua akeke ta ase ɖo, eye nu ka tae womate ŋu agblẽ ŋutifafa si anɔ eme la me gbeɖe o?

13 Ale si Salomo Gãtɔ la ƒe dziɖuɖu akeke ta axɔ anyigba bliboa dzi la dze le nya siawo me: ‘Aɖu fia tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu, tso [Frat] tɔsisi la nu ɖase ɖe anyigba ƒe mlɔenuwo ke. Gbegbenɔlawo adze klo ɖe eŋkume, eye eƒe futɔwo atu mo ke me.’ (Ps. 72:8, 9) Ɛ̃, Yesu Kristo aɖu anyigba bliboa dzi. (Zax. 9:9, 10) Ame siwo kpɔ ŋudzedze ɖe eƒe dziɖuɖua kple yayra siwo wòahe avae ŋu la ‘adze klo ɖe eŋkume,’ si fia be woalɔ̃ faa abɔbɔ ɖe ete. Gake woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo ya ɖa, ne woxɔ “ƒe alafa” gɔ̃ hã. (Yes. 65:20) “[Woatu] mo ke me.”

Yesu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Veveseɖeamenutɔe

14, 15. Aleke míewɔ nya be Yesu sea amegbetɔwo ƒe seselelãmewo gɔme eye be “aɖe ame dahe, si le ɣli dom” la?

14 Amegbetɔ nuvɔ̃mewo le nɔnɔme si wɔ nublanui ŋutɔ me, eye wohiã na kpekpeɖeŋu vevie. Gake mɔkpɔkpɔ li na mí. (Mixlẽ Psalmo 72:12-14.) Yesu, Salomo Gãtɔ la, sea veve ɖe mía nu, elabena ese blibomademade ƒe nɔnɔme si me míele la gɔme. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu kpe fu le dzɔdzɔenyenye ta, eye Mawu ɖe mɔ wòkpe akɔ kple dodokpɔwo le eɖokui si. Ɛ̃, nu te ɖe Yesu dzi ale gbegbe be “eƒe fifia zu abe ʋu ene nɔ dzadzam ɖe anyigba”! (Luka 22:44) Emegbe esime wònɔ fuwɔametia ŋu la, edo ɣli be: “Nye Mawu, nye Mawu, nu ka ta nègblẽm ɖi?” (Mat. 27:45, 46) Togbɔ be Yesu kpe fu siawo katã, eye Satana dze agbagba ɖe sia ɖe be yeana wòatrɔ le Yehowa yome hã la, Yesu yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa Mawu.

15 Míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu sea míaƒe vevesesewo gɔme na mí, eye “aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la.” Yesu ‘aɖo to ame dahewo’ lɔlɔ̃tɔe abe ale si Fofoa wɔnɛ ene, eye ‘ada gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye wòabla woƒe abiwo.’ (Ps. 69:34; 147:3) Yesu “ate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu” elabena “[wodoe] kpɔ le go sia go me abe mía ŋutɔwo ke ene.” (Heb. 4:15) Aleke gbegbe wòdoa dzidzɔ na míi enye esi be míanyae be Fia Yesu Kristo le dzi ɖum le dziƒo fifia, eye wòle didim vevie be yeana amegbetɔ siwo le fu kpem la nakpɔ gbɔdzɔe!

16. Nu ka tae Salomo te ŋu se veve ɖe eteviwo nu?

16 Esi wònye be nunya kple gɔmesese deto nɔ Salomo si ta la, ɖikeke mele eme o be ‘ese veve ɖe hiãtɔwo nu.’ Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpɔ nudzɔdzɔ wɔnublanuiwo kple esiwo gbãa dzi na ame la teƒe le agbe me. Nɔviaŋutsu Amnon dɔ nɔvianyɔnu Tamar gbɔ sesẽe, eye Salomo nɔviŋutsu Absalom na wowu Amnon ɖe nu vlo ma si wòwɔ ta. (2 Sam. 13:1, 14, 28, 29) Absalom dze agbagba be yeaxɔ David ƒe fiazikpuia sesẽe gake eƒe nugbeɖoɖoa medze edzi o, eye Yoab wui. (2 Sam. 15:10, 14; 18:9, 14) Emegbe la, Salomo nɔviŋutsu Adoniya tee kpɔ be yeaxɔ fianyenyea. Ne ɖe wòdze edzi nɛ la, ɖikeke mele eme o be aɖe Salomo ƒe agbe ɖa. (1 Fia. 1:5) Ale si Salomo se amegbetɔwo ƒe fukpekpewo gɔme la dze kɔtɛ le nya si wògblɔ le gbedodoɖa me le Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu kɔkɔ me la me. Fia la do gbe ɖa ɖe eteviwo ta gblɔ bena: ‘Wo dometɔ ɖe sia ɖe dze si eƒe fuɖename kple vevesesewo . . . [Yehowa,] nàtsɔe ake, eye nàɖo eteƒe na ame sia ame le eƒe zɔzɔmewo katã nu.’—2 Kron. 6:29, 30.

17, 18. Vevesese kawo mee wòhiã be Mawu subɔla aɖewo nanɔ dzi dom le, eye nu kae kpe ɖe wo ŋu?

17 ‘Míaƒe vevesesewo’ ate ŋu anye nanewo siwo me míeto le agbe me la me tsonu. Le kpɔɖeŋu me, Mary,a si nye Yehowa Ðasefo, si le eƒe ƒe 30-awo me la ŋlɔ bena: “Susu geɖewo li siwo tae wòle be dzi nanɔ dzɔyem ɖo, gake zi geɖe la, nu siwo me meto va yi la vaa susu me nam eye esia nana nye nu dzea ŋukpe dzi nam eye menyɔa ŋu ɖokuinye. Esia wɔnɛ be meléa blanui vevie, eye medea asi avifafa me abe etsɔ si va yi koe nu siawo katã dzɔ ɖe dzinye ene. Nu siwo dzɔ va yi la tsi susu me nam ale gbegbe be woganana mesena le ɖokuinye me kokoko be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o eye wonaa fɔbuame ƒe seselelãmewo nyɔna ɖe menye.”

18 Seselelãme siawo ƒomevi ɖea fu na Mawu subɔla geɖewo, gake nu kae ate ŋu akpe ɖe wo ŋu be ŋusẽ si wohiã bene woado dzi la nasu wo si? Mary gblɔ be: “Xɔlɔ̃ vavãwo kple gbɔgbɔmenɔvi siwo dome mele la na mele dzidzɔ kpɔm fifia. Medzea agbagba hã be matsɔ nye susu aɖo nu siwo Yehowa do ŋugbe be yeava wɔ na mí le etsɔme la ŋu, eye kakaɖedzi le asinye be nye aɖatsiwo ava trɔ azu dzidzɔvi.” (Ps. 126:5) Ehiã be míatsɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ aɖo Mawu ƒe Vi la, si nye Dziɖula si wòtia na mí la dzi. Wogblɔ ɖi ku ɖe eŋu be: “Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.” (Ps. 72:13, 14) Aleke gbegbe nya siawo faa akɔ na amee nye esi!

Xexe Yeye Si Me Nuɖuɖu Abɔ Ðo La Le Mía Ŋgɔ

19, 20. (a) Abe ale si wòdze le Psalmo 72 lia me ene la, kuxi ka gbɔe Fiaɖuƒe dziɖuɖua akpɔ? (b) Ame ka koŋ ye woatsɔ Kristo ƒe dziɖuɖua me yayrawo ŋuti kafukafua ana, eye alekee nèse le ɖokuiwò me ku ɖe nu siwo gbegbe eƒe dziɖuɖua awɔ ade goe la ŋu?

19 Dze agbagba nàkpɔ ale si ame dzɔdzɔewo ƒe etsɔme anɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me, le Salomo Gãtɔ la ƒe dziɖuɖua te la le susu me ɖa. Wodo ŋugbe na mí be: “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Ps. 72:16) Esi wònye be zi geɖe la, bli mewɔna le towo tame o ta la, nya siawo le gbe tem ɖe ale si gbegbe anyigbaa awɔ nui la dzi. Ɣemaɣi la, agblemenuwo ado zi “abe Libanon,” si nye nuto aɖe si me nuku wɔna le ŋutɔ le Salomo ƒe dziɖuɣi la ene. Bu eŋu kpɔ ko! Nuɖuɖu magave o, ame sia ame akpɔ nu nyui aɖu, eye dɔwuame maganɔ anyi o! Ame sia ame ase vivi na “nuɖuɖu damiwo.”—Yes. 25:6-8; 35:1, 2.

20 Ame kae woatsɔ yayra siawo katã ŋuti kafukafua ana? Ame si koŋ wòayi na ye nye Fia Mavɔmavɔtɔ la, Xexea Me Katã ƒe Dziɖula, Yehowa Mawu. Ke hã, ɣemaɣi la, mí katã míagblɔ ha vivi fakɔname sia me nya mamlɛawo dzidzɔtɔe be: ‘Eƒe ŋkɔ [Fia Yesu Kristo ƒe ŋkɔ] anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke ale si ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui. Woakafu Yehowa Mawu, Israel ƒe Mawu la, ame si ɖeɖe ko wɔ nukunuwo! Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la tegbee! Eƒe bubu ayɔ anyigba blibo la dzi fũu! Nenɔ alea, ẽ, nenɔ alea!’—Ps. 72:17-19.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔa.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu kae nyagblɔɖi siwo le Psalmo 72 lia me la nye kpɔɖeŋu na?

• Ame kae nye Salomo Gãtɔ la, eye afi ka kee eƒe dziɖuɖu akeke ta ase ɖo?

• Yayra siwo ŋu nya wogblɔ ɖi le Psalmo 72 lia me la dometɔ kae do dzidzɔ na wò?

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Nu kae nudzedziname si nɔ anyi le Salomo ƒe dziɖuɣi la nye kpɔɖeŋu na?

[Nɔnɔmetata si le axa 32]

Agbagba ɖe sia ɖe si míadze be míanɔ agbe le Paradiso me le Salomo Gãtɔ la ƒe dziɖuɖu te la manye dzodzro o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe