Nu Vɔ̃ Me Ʋuʋu Mawu Ƒe Nudidi Yea?
Le sɔleme geɖe me egbea la, hameviwo gaʋua woƒe nu vɔ̃wo me na fada alo nunɔla kokoko. Gake le xexe sia si me wòdze abe ame sia ame kpɔ mɔ awɔ nu si dze eŋu ene me la, ɖe viɖe aɖe gale nu vɔ̃ me ʋuʋu ŋua, eye ɖe wòhiã gɔ̃ hã?
AMEWO ƒe susu to vovo le nya sia ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (National Post) si wotana le Canada ka nya ta be, ame aɖe gblɔ be, togbɔ be esesẽna ŋutɔ be nàyi aɖagblɔ nu gbegblẽ siwo nèwɔ la na ame bubu hã la, ne ame aɖe see na wò, do gbe ɖa kpli wò hegblɔ nu si wòhiã be nàwɔ na wò la, àvo le ɖokuiwò me. Gake agbalẽ aɖe (Bless Me, Father, for I Have Sinned) ka nya ta be ŋutsu aɖe gblɔ be: “Nu vɔ̃ me ʋuʋu nye Sɔlemea ƒe kɔnu siwo ɖea fu na ame wu la dometɔ ɖeka. Enana amewo tsia dzodzodzoe gbe sia gbe.” Nu kae Biblia ya gblɔ le nya sia ŋu?
Nu Si Biblia Gblɔ
Ne míexlẽ Se si Mawu tsɔ na Israel dukɔa la, míakpɔe be ena mɔfiame tɔxɛwo le nu si wòle be woawɔ ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe wɔ nu vɔ̃ ɖe ehavi ŋu alo da Mawu ƒe se aɖe dzi la, ele be wòaʋu eme na nunɔla si woɖo, si tso Lewi toa me, ne wòasa vɔ na Mawu ɖe eta ahalé avu ɖe eta ne woatsɔ eƒe nu vɔ̃a akee.—3 Mose 5:1-6.
Le ƒe alafa geɖe megbe, esi nyagblɔɖila Natan gbe nya na Fia David ɖe eƒe nu vɔ̃ ta la, aleke David wɔ nui? Elɔ̃ ɖe edzi enumake be: “Mewɔ nu vɔ̃ ɖe Yehowa ŋu.” (2 Samuel 12:13) Edo gbe ɖa hã na Mawu heɖe kuku nɛ be wòave ye nu. Nu kae do tso eme? David gblɔ emegbe be: “Meɖe nye nu vɔ̃wo fia wò, eye nyemetsɔ nu tsyɔ nye vodadawo dzi o; megblɔ be, maʋu nye dzidadawo me na Yehowa; tete nètsɔ nye nu vɔ̃ ƒe vodadawo kem.”—Psalmo 32:5; 51:3-6.
Esi woɖo Kristo hamea le apostoloawo ŋɔli le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me hã la, Mawu gadi kokoko be woaʋu nu vɔ̃ me. Yesu dadavi Yakobo, si nye Yerusalem hamea me tɔ vevi ɖeka, xlɔ̃ nu ehati Kristotɔwo be: “Miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me kɔtɛ na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, be miate ŋu ahaya.” (Yakobo 5:16) Ekema nu vɔ̃ kawo mee wodi tso Kristotɔwo si be woaʋu, eye na ame ka?
Nu Vɔ̃ Kawo Mee Woaʋu?
Esi míede blibo o ta la, edzɔna gbe sia gbe be míebua nuwo ŋu nyuie hafi wɔna o, alo míekpɔa míaƒe aɖe dzi o, si wɔnɛ be míewɔa nu vɔ̃ ɖe mía nɔewo ŋu. (Romatɔwo 3:23) Ðe esia fia be ele be míaʋu vodada siawo dometɔ ɖe sia ɖe me na amegbetɔ aɖe si woɖoa?
Togbɔ be Mawu bua nu vɔ̃ ɖe sia ɖe be enye agɔdzedze hã la, esi wòkpɔa nublanui ta la, esea egɔme be míate ŋu ada vo le esi míede blibo o ta. Psalmo ŋlɔla aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ame ka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le, ne woavɔ̃ wò.” (Psalmo 130:3, 4) Ekema nu kae wòle be míawɔ ne míeda vo alo wɔ nu vɔ̃ ɖe amewo ŋu le manyamanya me? Ðo ŋku edzi be, le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia eyomedzelawo me la, egblɔ be woado gbe ɖa be: “Tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, elabena mía ŋutɔwo hã míetsɔna kea ame sia ame si nyi fe le mía ŋu.” (Luka 11:4) Ɛ̃, ne míete ɖe Mawu ŋu hebiae be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le Yesu ƒe ŋkɔ me la, awɔe.—Yohanes 14:13, 14.
De dzesii be Yesu gblɔ be hafi Mawu natsɔ ake mí la, ele be míawo hã míatsɔ ake ame siwo “nyi fe le mía ŋu.” Apostolo Paulo ɖo ŋku edzi na haxɔsetɔwo be: “Mizu ame siwo nyoa dɔme na wo nɔewo, miaƒe dɔme netrɔ ɖe mia nɔewo ŋu vevie, eye mitsɔ nɔ mia nɔewo kem faa, abe ale si ko Mawu hã to Kristo dzi tsɔ ke mi faa ene.” (Efesotɔwo 4:32) Ne míetsɔa amewo ƒe vodadawo kea wo la, ekema míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be Mawu hã atsɔ mía tɔwo ake mí.
Ke nu vɔ̃ gãwo, abe fififi, aɖoe koŋ aka aʋatso, agbe gbegblẽ nɔnɔ, ahamumu kple bubuawo ene ya ɖe? Ame si wɔ nu vɔ̃ siawo la da Mawu ƒe se dzi, eya ta ewɔ nu vɔ̃ ɖe Mawu ŋu. Ekema nu kae wòle be wòawɔ?
Ame Kae Woaʋu Nu Vɔ̃ Me Na?
Mawu mena ŋusẽ amegbetɔwo be woatsɔ nu vɔ̃ siwo wowɔ ɖe ye ŋu la ake o; eya ŋutɔ ɖeka koe ate ŋu atsɔ wo ake. Biblia ɖe eme na mí kɔtɛ be: “Ne míeʋua míaƒe nu vɔ̃wo me la, [Mawu] atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋu, elabena nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔe wònye.” (1 Yohanes 1:9) Gake ame kae wòle be woaʋu nu vɔ̃ siawo me na?
Esi Mawu koe ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake ta la, eyae wòle be woaʋu eme na. Abe ale si míekpɔe ene la, nenemae David wɔe. Gake nu kae hiã hafi woatsɔ nu vɔ̃ ake? Biblia ɖo eŋu na mí be: “Eya ta mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa, bene miakpɔ dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ.” (Dɔwɔwɔwo 3:19) Ɛ̃, hafi woatsɔ ame ƒe nu vɔ̃wo akee la, menye ɖeko wòle be wòalɔ̃ ɖe wo dzi ahaʋu wo me o, ele hã be wòalɔ̃ adzudzɔ nu gbegblẽa wɔwɔ. Ale si woadzudzɔ ya sesẽna zi geɖe. Gake kpekpeɖeŋu li.
Ðo ŋku nusrɔ̃la Yakobo ƒe nya siwo míeyɔ va yi la dzi be: “Miʋu miaƒe nu vɔ̃wo me kɔtɛ na mia nɔewo, eye mido gbe ɖa ɖe mia nɔewo ta, be miate ŋu ahaya.” Yakobo gblɔ kpee be: “Ŋusẽ nɔa ame dzɔdzɔe ƒe kokoƒoƒo, si le dɔ dzi, la ŋu.” (Yakobo 5:16) “Ame dzɔdzɔe” si Yakobo yɔ la ate ŋu anye “hamemetsitsiwo,” ame siwo ŋu wòƒo nu tsoe le kpukpui 14 lia me, dometɔ ɖeka. Woɖo “hamemetsitsiwo” ɖe Kristo hamea me, siwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo di be Mawu natsɔ yewoƒe nu vɔ̃ ake yewo la ŋu. Nyateƒee, ‘hamemetsitsi’ siawo mate ŋu atsɔ ame aɖeke ƒe nu vɔ̃ akee o, elabena womeɖe mɔ na amegbetɔ aɖeke be wòatsɔ ehavi ƒe nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe Mawu ŋu la akee o.a Gake wodze le gbɔgbɔ me agbe nya na ame siwo wɔ nu vɔ̃ gã ahaɖɔ wo ɖo, ale be woakpe ɖe wo ŋu woakpɔ nu vɔ̃ si gbegbe wowɔ kple ale si wòhiã be woatrɔ dzi me.—Galatiatɔwo 6:1.
Nu Ka Tae Woaʋu Nu Vɔ̃ Me?
Ne menye nu vɔ̃ gãe ame wɔ o hã la, egblẽ woa kple ehavi amegbetɔ dome, eye wògblẽ woa kple Mawu hã dome. Eya ta ɖewohĩ nu si wòwɔ la aɖe fu nɛ alo ana wòatsi dzi. Dzitsinya si mía Wɔla na mí lae nana míesena le mía ɖokui me alea. (Romatɔwo 2:14, 15) Nu kae amea ate ŋu awɔ?
Na míagatrɔ ɖe Yakobo ƒe agbalẽa ŋu ake. Wode dzi ƒo na mí le afi ma be: “Ðe mia dometɔ aɖe le dɔ [lém le gbɔgbɔ mea?] Neyɔ hamemetsitsiwo woava egbɔ, eye woado gbe ɖa ɖe eta ahasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ aɖewo la, woatsɔe akee.”—Yakobo 5:14, 15.
Wogagblɔ le afi sia hã be ele be woayɔ hamemetsitsiwo avae be woakpe ɖe alẽawo ŋu. Aleke woakpe ɖe wo ŋui? Menye be amea naʋu eƒe nu vɔ̃wo me woase ko o. Ke boŋ esi ɖe amea dze dɔ le gbɔgbɔ me, si fia be woa kple Mawu dome gblẽ ta la, ehiã be woawɔ nane be “dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ.” Yakobo yɔ nu eve siwo woate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe amea ŋu.
Nu gbãtɔe nye be ‘woasi ami nɛ.’ Ale si Mawu ƒe Nya la tea ŋu nana ame hayana ƒe nya gblɔm wole. Apostolo Paulo ɖe eme be “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu, . . . eye wòte ŋu dzea si dzi me susuwo kple tameɖoɖowo,” si fia be etea ŋu dea ame ƒe susu kple dzi me ke. (Hebritɔwo 4:12) Hamemetsitsiwo ate ŋu azã Biblia la aɖaŋutɔe atsɔ akpe ɖe ame si dze dɔ le gbɔgbɔ me la ŋu wòakpɔ nu si gbɔ eƒe kuxia tso ahaɖe afɔ siwo hiã atsɔ adzra woa kple Mawu dome ɖo.
Azɔ hã, woƒo nu tso “xɔse ƒe gbedodoɖa” ŋu. Togbɔ be gbe si hamemetsitsiawo ado ɖa la matrɔ ʋɔnu si Mawu di be yeadrɔ̃ amea o hã la, Mawu bua gbedodoɖa siawo nu vevii, elabena elɔ̃na faa be yeato Kristo ƒe tafevɔsa la dzi atsɔ nu vɔ̃ ake. (1 Yohanes 2:2) Mawu le klalo be yeakpe ɖe nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me vavã, eye wòle “dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ” wɔm la ŋu.—Dɔwɔwɔwo 26:20.
Susu vevitɔ si tae wòle be míaʋu nu vɔ̃ me, eɖanye esi míewɔ ɖe mía havi amegbetɔ ŋu alo ɖe Mawu ŋu o, ye nye be mía kple Mawu dome naganɔ nyuie. Yesu Kristo ɖee fia be ele be míakpɔ masɔmasɔ ɖe sia ɖe si ɖo mía kple mía havi amegbetɔ dome la gbɔ ahawɔ ŋutifafa kple amea hafi míate ŋu atsɔ dzitsinya nyui asubɔ Mawu. (Mateo 5:23, 24) Lododowo 28:13 gblɔ be: “Amesi tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke amesi ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.” Ne míebɔbɔ mía ɖokui le Yehowa Mawu ŋkume hebiae be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí la, ave mía nu ahado mí ɖe edzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi.—1 Petro 5:6.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ame aɖewo sea Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 20:22, 23 gɔme be efia be amegbetɔwo ate ŋu atsɔ nu vɔ̃ ake. Woɖe nya sia me le Gbetakpɔxɔ April 15, 1996, axa 28-29.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 23]
Ne míete ɖe Mawu ŋu hebiae be wòatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí le Yesu ƒe ŋkɔ me la, aŋe aɖaba aƒu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ahatsɔwo ake mí
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Susu vevitɔ si tae wòle be míaʋu nu vɔ̃ me ye nye be mía kple Mawu dome naganɔ nyuie