Miyi Edzi Mianɔ “Mawu Ƒe Dzɔdzɔenyenye” Dim Gbãgbiagbã
“Eya ta miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dim gbã, eye woatsɔ nu bubu siawo katã akpe ɖe eŋuti na mi.”—MAT. 6:33.
1, 2. Nu kae nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eye nu ka dzie wònɔ te ɖo?
‘EYA TA miyi edzi mianɔ fiaɖuƒe la dim gbã.’ (Mat. 6:33) Egbea la, Yehowa Ðasefowo nya Yesu Kristo ƒe nya sia si wògblɔ le Todzimawunyaa me la nyuie. Míedzea agbagba ɖenɛ fiana le nu sia nu si míewɔna me be míelɔ̃ Fiaɖuƒedziɖuɖu ma eye míedi be míawɔ nuteƒe nɛ. Gake ele be Yesu ƒe nya sia ƒe akpa evelia, si nye “kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye” la, hã nanɔ susu me na mí. Nu kae nye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, eye nu kae wòfia be míadii gbãgbiagbã?
2 Woagate ŋu aɖe gbegbɔgblɔ gbãtɔ me nya si gɔme woɖe be “dzɔdzɔenyenye” la gɔme be “ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃” alo “nu si le eteƒe wɔwɔ.” Eya ta Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye nye nu si le eteƒe wɔwɔ le ɖekawɔwɔ me kple eya ŋutɔ ƒe dzidzenuwo kple eƒe sewo. Esi wònye be Yehowa ye nye nuwo katã Wɔla ta la, gome le esi be wòana dzidzenuwo ku ɖe nyui kple vɔ̃, alo nu si nyo kple nu menyo o, ŋu. (Nyaɖ. 4:11) Ke hã, menye se kple ɖoɖo kpaɖii gbogbo aɖewo siwo xexlẽme meli na o, siwo me ameŋububu aɖeke medze le o, ye Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye nye o. Ke boŋ, Yehowa ƒe amenyenye dzie wònɔ te ɖo eye edo ƒome kple eƒe nɔnɔme vevi bubuawo, siwo nye lɔlɔ̃, nunya, kple ŋusẽ. Eya ta Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye do ƒome kple eƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe tameɖoɖo. Elɔ nu siwo wòdi tso ame siwo di be yewoasubɔe la si ɖe eme.
3. (a) Nu kae wòfia be míadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã? (b) Nu ka tae míeléa Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo me ɖe asi?
3 Nu kae wòfia be woadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã? Kpuie ko la, efia be ame nawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ale be wòadze eŋu. Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi lɔ agbagbadzedze be míanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple eƒe sewo kple eƒe dzidzenu deblibowo ɖe eme, ke menye le ɖekawɔwɔ me kple míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo o. (Mixlẽ Romatɔwo 12:2.) Agbenɔnɔ le mɔ sia nu lɔ ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome la koŋ ɖe eme. Mefia be míanɔ wɔwɔm ɖe eƒe sewo dzi le vɔvɔ̃ na tohehe ta o. Ke boŋ, lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu la ʋãa mí be míadze agbagba adze eyama ŋu to eƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi me, ke menye be míaɖo míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo anyi o. Míekpɔe be esiae nye nu nyuitɔ si wòle be míawɔ, eyae nye nu si koŋ tae wowɔ mí ɖo. Abe Yesu Kristo, Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia, ene la, ele be míalɔ̃ dzɔdzɔenyenye.—Heb. 1:8, 9.
4. Nu ka tae wòle vevie ŋutɔ be míadi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye?
4 Aleke gbegbee wòle vevie be míadi Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye? Bu nyateƒenya sia ŋu kpɔ: Nu si dodokpɔ gbãtɔ si wowɔ le Eden bɔa me lɔ ɖe emee nye be, woakpɔe ɖa be Adam kple Xawa alɔ̃ ɖe edzi be gome le Yehowa si be wòaɖo dzidzenuwo na amegbetɔwo loo alo womalɔ̃ ɖe edzi o hã. (1 Mose 2:17; 3:5) Esi wodo kpo nu le dodokpɔ sia me ta la, esia he fukpekpe kple ku vae na mí ame siwo nye woƒe dzidzimeviwo. (Rom. 5:12) Ke hã, Mawu ƒe Nya la gblɔ be: ‘Ame si ti dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ yome la, eƒe asi atu agbe, dzɔdzɔenyenye kple bubu.’ (Lod. 21:21) Ɛ̃, Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbã nana míeva nɔa ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa, eye esia dzie míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ nɔ te ɖo.—Rom. 3:23, 24.
Ame Ðokui Bubu Ame Dzɔdzɔe—Afɔku Le Eme
5. Nu si me afɔku le kae wòhiã be míaƒo asa na?
5 Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma me la, ete gbe ɖe afɔku aɖe si wòhiã be mí katã míaƒo asa na ne míedi be míakpɔ dzidzedze le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbã me la dzi. Esi Paulo nɔ susu hem yi ehati Yudatɔwo dzi la, eŋlɔ bena: “Mele ɖase ɖim na wo be, dzo le wo me ɖe Mawu ŋu; gake menye le sidzedze vavãtɔ nu o; elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ wole didim be yewoaɖo yewo ŋutɔ tɔ anyi ta la, womebɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.” (Rom. 10:2, 3) Le Paulo ƒe nya nu la, tadeagula mawo mese nu si Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye fia la gɔme o, elabena woƒe susu katã nɔ ale si woawɔ aɖo woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye anyi la ŋu.a
6. Nɔnɔme kae wòle be míaƒo asa na, eye nu ka tae?
6 Nu ɖeka aɖe si gbɔ wòate ŋu atso be mɔ̃ sia naɖe mí ye nye, ne míeɖea hoʋiʋli ƒe gbɔgbɔ fiana le subɔsubɔdɔ si míewɔna na Mawu me hetsɔa mía ɖokuiwo nɔa sɔsɔm kple ame bubuwo. Nɔnɔme sia ate ŋu awɔe bɔbɔe be míava nɔ kakam ɖe mía ɖokui dzi akpa le ŋutete siwo le mía si la gome. Gake le nyateƒe me la, ne wòadzɔ be míawɔ nu nenema la, ekema míaŋlɔ Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye be. (Gal. 6:3, 4) Nu nyuitɔ si wòle be wòaʋã mí míawɔ nu si le eteƒe ye nye lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa. Nu sia nu si míawɔ, si afia be míele mía ɖokui bum ame dzɔdzɔe la ate ŋu ana nya si míegblɔna be míelɔ̃e la nazu nya gbɔlo.—Mixlẽ Luka 16:15.
7. Alekee Yesu ƒo nu tso ame ɖokui bubu ame dzɔdzɔe ƒe kuxia ŋu?
7 Yesu mekpɔ dzidzɔ ɖe “ame aɖewo, siwo kana ɖe wo ɖokuiwo dzi be yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobua ame susɔeawo be womele ɖeke me o” la ŋu o. Ehe susu yi nɔnɔme gbegblẽ si nye ame ɖokui bubu ame dzɔdzɔe la dzi le kpɔɖeŋu aɖe me ale: “Ame eve yi gbedoxɔ me be yewoado gbe ɖa, ame ɖeka nye Farisitɔ, eye evelia nye nudzɔla. Farisitɔ la nɔ tsitrenu, eye wòde asi nya siawo gbɔgblɔ me na eɖokui be: ‘Oo, Mawu, meda akpe na wò be nyemele abe ame bubuawo, akpasesẽnuxɔlawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, alo nudzɔla sia kura gɔ̃ hã, ene o. Metsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa ɖeka me, menana nu siwo katã mekpɔ la ƒe ewolia.’ Gake nudzɔlaa, si le tsitre ɖe adzɔge ke la, medi be yeawu mo dzi gɔ̃ hã akpɔ dziƒo o, ke enɔ eƒe akɔta ƒom nɔ gbɔgblɔm be, ‘Oo, Mawu, kpɔ nublanui nam, nye, nu vɔ̃ wɔla.’” Yesu ƒo nya la ta ale: “Mele egblɔm na mi be: Ame sia trɔ yi aƒe me, eye wobui ame dzɔdzɔe wu ame ma; elabena ame sia ame si doa eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, gake ame si bɔbɔa eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.”—Luka 18:9-14.
Nu Bubu Si Me Afɔku Le—‘Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ Vivivo’
8, 9. Nu kae ‘nu dzɔdzɔe wɔwɔ vivivo’ fia, eye nu kae esia ate ŋu ana míawɔ?
8 Woƒo nu tso nu bubu aɖe si me afɔku le, si wòle be míaƒo asa na, la ŋu le Nyagblɔla 7:16 be: ‘Mègawɔ nu dzɔdzɔe vivivo o, eye mèganya nu tso eme akpa o; nu ka ŋuti nèbe, yeade ye ɖokui tsɔtsrɔ̃ me ɖo?’ Ame si gbɔgbɔ ʋã wòŋlɔ Biblia me nya mawo la yi edzi gblɔ susu si ta wòle be míaƒo asa na nɔnɔme ma ɖo la na mí le kpukpui 20 lia me be: ‘Elabena ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ eye mewɔa nu vɔ̃ o.’ Ame si va zu ame si wɔa ‘nu dzɔdzɔe vivivo’ la ɖoa eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo anyi, eye wònɔa te ɖe wo dzi drɔ̃a ʋɔnu ame bubuwo. Ke hã, eŋlɔa be be ne yele esia wɔm la, yele yeƒe dzidzenuwo bum be wokɔ wu Mawu tɔwo, eye to esia wɔwɔ me la, ezua ame madzɔmadzɔ le Mawu ŋkume.
9 ‘Nu dzɔdzɔe wɔwɔ vivivo,’ alo abe ale si Biblia aɖewo ɖe egɔme ene la, ‘nu dzɔdzɔe wɔwɔ akpa’ alo anye “ame dzɔdzɔe wòagbɔ eme,” ate ŋu ana gɔ̃ hã be míava nɔ ɖeklemi ɖem mɔ si nu Yehowa kpɔa nyawo gbɔe le. Gake nu si mele be míaŋlɔ be o ye nye be, ne míeɖea ɖeklemi Yehowa ƒe nyametsotsowo be womele eteƒe o alo be womedzɔ o la, ne míagblɔe la, efia be míeva le míawo ŋutɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye ŋuti dzidzenuwo bum be wokɔ wu Yehowa ƒe dzidzenuwo. Ðeko wòle abe ɖe míetsɔ Yehowa yi ʋɔnu eye míetsɔ míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo le nyui kple vɔ̃ ŋu le ʋɔnu drɔ̃mee ene. Gake Yehowa ye nye ame si si gome le be wòaɖo dzɔdzɔenyenye ŋuti dzidzenuwo, ke menye míawoe o!—Rom. 14:10.
10. Abe ale si wòdzɔ le Hiob gome ene la, nu kae ate ŋu awɔe be míadrɔ̃ ʋɔnu Mawu?
10 Togbɔ be mía dometɔ aɖeke maɖoe koŋ be yeadrɔ̃ ʋɔnu Mawu o hã la, míaƒe blibomademade ate ŋu ana míaɖe afɔ sia. Esia ate ŋu adzɔ bɔbɔe ne míekpɔ nane si míebu be mele eteƒe o, alo ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom. Nuteƒewɔla Hiob kura gɔ̃ hã wɔ vodada sia. Le gɔmedzedzea me la, woƒo nu tso Hiob ŋu be enye “ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.” (Hiob 1:1) Ke hã, esime nɔnɔme sesẽ vovovowo va Hiob dzi tsiã ɖe enu la, ebui be womewɔ nu dzɔdzɔe ɖe ye ŋu o. Esia na Hiob bu eɖokui “dzɔdzɔetɔe wu Mawu.” (Hiob 32:1, 2) Eva hiã be woaɖɔ Hiob ƒe nukpɔsusu ɖo. Eya ta ne míeva kpɔ mía ɖokui le nɔnɔme ma tɔgbi me ɣeaɖewoɣi la, mele be wòawɔ nuku na mí o. Ne esia dzɔ la, nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖɔ míaƒe nukpɔsusu ɖo?
Míenyaa Nyateƒenya Siwo Katã Nya La Lɔ Ðe Eme La Ɣesiaɣi O
11, 12. (a) Ne míese le mía ɖokui me be nane mele eteƒe o la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui? (b) Nu ka tae wòate ŋu awɔ na ame aɖe be nu si aƒetɔ si le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe waingble me dɔwɔlawo ŋu me wɔ la mele eteƒe o?
11 Nu gbãtɔ si dzi wòle be míaɖo ŋkui ye nye be, míenyaa nyateƒenya siwo katã nya la lɔ ɖe eme la ɣesiaɣi o. Aleae wònɔ le Hiob gome. Menya naneke tso takpekpe siwo mawudɔlawo wɔ le dziƒo, siwo me Satana tso enu le alakpatɔe la ŋu o. (Hiob 1:7-12; 2:1-6) Hiob menya kura be Satanae he fukpekpeawo va ye dzi o. Le nyateƒe me la, míate ŋu aka ɖe edzi nenye be Hiob nya ame si tututu Satana nye gɔ̃ hã o! Eya ta ebui vodadatɔe be yeƒe fukpekpeawo tso Mawu gbɔ. Ɛ̃, ele bɔbɔe be míaƒo nya ta si mesɔ o ne míenya nyateƒenya siwo katã nya la lɔ ɖe eme o.
12 Le kpɔɖeŋu me, bu Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe waingble me dɔwɔlawo ŋu la ŋu kpɔ. (Mixlẽ Mateo 20:8-16.) Le kpɔɖeŋu sia me la, Yesu ƒo nu tso aƒetɔ aɖe si xe fe na eƒe dɔwɔlawo katã sɔsɔe, woɖawɔ dɔ ŋkeke bliboa loo alo gaƒoƒo ɖeka ko o, la ŋu. Alekee nye wò susu ku ɖe aƒetɔ la ƒe nuwɔna ŋu? Ðe nèkpɔe be esɔa? Ðewohĩ àse veve ɖe dɔwɔla siwo wɔ dɔ le ŋdɔkutsugbe ŋkeke bliboa la nu enumake. Àse le ɖokuiwò me be edze be woaxɔ fetu si lolo wu! Ne èƒo nya ta alea la, awɔe be nàbu aƒetɔ la be enye ame malɔ̃ame eye mewɔ nu si le eteƒe o. Ale si wòɖo nyaa ŋu na dɔwɔla siwo nɔ liʋiliʋi lim la gɔ̃ hã ate ŋu awɔ na wò be mewɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu o. Gake ɖe míenya nyateƒenya siwo katã nya la lɔ ɖe emea?
13. Go bubu ka mee míate ŋu alé ŋku ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe waingble me dɔwɔlawo ŋu le?
13 Na míadzro kpɔɖeŋu sia me le mɔ bubu nu kpɔ. Ðikeke mele eme o be, waingbletɔ si le kpɔɖeŋua me la de dzesii be ele na dɔwɔla mawo katã be woadi nuɖuɖu na woƒe ƒometɔwo. Le Yesu ƒe ŋkekea me la, woxea fe na agbledɔwɔlawo le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu. Woƒe ƒomewo nɔa agbe ɖe fetu si woxɔna ŋkeke ɖe sia ɖe la nu. Esi nya siawo le susu me na wò la, bu ame siwo aƒetɔ la va xɔ ɖe dɔa me le ŋkekea ƒe nuwuwu lɔƒo eye wowɔ dɔ gaƒoƒo ɖeka pɛ ko la ƒe nɔnɔmea ŋu kpɔ. Ðewohĩ womate ŋu aƒle nuɖuɖu na woƒe ƒomewo kple gaƒoƒo ɖeka pɛ ko ƒe fetu o; ke hã, wonɔ didim be yewoawɔ dɔ eye wolala ŋkeke bliboa bene woaxɔ yewo ɖe dɔ me hafi. (Mat. 20:1-7) Menye woƒe vodadae wònye be womewɔ dɔ ŋkeke bliboa o. Naneke meɖee fia be ɖe woɖoe koŋ gbe be yewomawɔ dɔ o. Tsɔe be wòe nɔ lalam ŋkeke bliboa dɔ aɖeke mawɔmawɔe, evɔ ènyae be fetu si nàxɔ la nue wò ƒomea anɔ agbe ɖo gbe ma gbe. Aleke gbegbee dzi adzɔ wòe enye esi be nàkpɔ dɔ aɖe awɔ—eye aleke gbegbee wòawɔ nuku na wòe enye esi ne wona fetu si ade na wò ƒomea la wò!
14. Nufiame vevi kae le waingble ŋuti kpɔɖeŋua me na mí?
14 Fifia na míagalé ŋku ɖe waingbletɔa ƒe nuwɔnawo ŋu ake. Meba ame aɖeke o. Ke boŋ ewɔ nu ɖe dɔwɔlawo katã ŋu abe ame siwo si gome le be woadi ga akpɔ woƒe ƒomewo dzi ene. Esi wònye be waingbletɔa nyae be dɔwɔla geɖewo li siwo mekpɔ dɔ awɔ o ta la, ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔa ŋu dɔ ana woawɔ dɔ nɛ ɖe fetu sue aɖe ko ta hafi. Gake mewɔe nenema o. Ame siwo katã wɔ dɔ nɛ la trɔ yi aƒe me kple fetu si ade na woƒe ƒomeawo. Ŋugbledede le numeɖeɖe siawo hã ŋu ate ŋu awɔe be míatrɔ míaƒe nukpɔsusu le ale si aƒetɔa wɔ nui ŋu. Afɔ si wòɖe la nye lɔlɔ̃ɖeɖefia, ke menye ŋusẽ ŋu dɔ wɔwɔ le mɔ gbegblẽ nu o. Nufiame kae le esia me na mí? Eyae nye be, ne míenɔ te ɖe nyaa ƒe akpa aɖewo ko dzi ƒo nya ta la, ate ŋu ana míawɔ nyataƒoƒo si mesɔ o. Vavãe, kpɔɖeŋu sia te gbe ɖe ale si Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye, si menɔa te ɖe se ŋuti ɖoɖowo kple ame ƒe gomenɔamesi ɖeɖe ko dzi o la, de ŋgɔ sãsãsã wu mía tɔe la dzi.
Seɖoƒe Li Na Míaƒe Nuŋububu, Alo Ate Ŋu Atro Hã
15. Nu ka tae míaƒe nuŋububu ku ɖe nu si le eteƒe ŋu ate ŋu atro alo ase afi aɖe ko?
15 Nu evelia si dzi wòle be míaɖo ŋkui ne míele nudzɔdzɔ aɖe si míebu be mele eteƒe o la ŋu bum ye nye be, seɖoƒe li na míaƒe nuŋububu, alo ate ŋu atro hã. Blibomademade, nazãbubu, alo to si me tɔ míenye ate ŋu ana míaƒe nukpɔsusu natro. Esi wònye be ŋutete mele mía si be míanya nu si ʋãa ame aɖe hafi wòwɔa nane o eye míate ŋu anya nu si tututu le amewo ƒe dzi me o ta la, míaƒe nuŋububu ate ŋu ase ɖe afi aɖe ko. Gake mele alea le Yehowa kple Yesu ya gome o.—Lod. 24:12; Mat. 9:4; Luka 5:22.
16, 17. Anye be nu ka tae Yehowa metsɔ eƒe se si ku ɖe ahasiwɔwɔ ŋu la wɔ dɔe esime David kple Bat-Seba wɔ nu vɔ̃ o?
16 Na míadzro nuŋlɔɖi si ku ɖe David kple Bat-Seba ƒe ahasiwɔwɔa ŋu la me kpɔ. (2 Sam. 11:2-5) Le Mose ƒe Sea nu la, wodze na ku. (3 Mose 20:10; 5 Mose 22:22) Togbɔ be Yehowa he to na wo hã la, metsɔ se si eya ŋutɔ de la wɔ dɔe o. Ðe wòfia be Yehowa wɔ nu si mele eteƒe oa? Ðe wòwɔ nu ameŋkumekpɔkpɔtɔe le David ƒe nya sia me eye wòda le eya ŋutɔ ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzia? Nenemae Biblia xlẽla aɖewo se le wo ɖokui me.
17 Gake ʋɔnudrɔ̃la madeblibo siwo mate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me o lae Yehowa tsɔ ahasiwɔwɔ ŋuti se sia na. Togbɔ be womate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me o hã la, se sia kpe ɖe wo ŋu wodrɔ̃a ʋɔnu wòtoa mɔ ɖeka. Gake Yehowa ya ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me. (1 Mose 18:25; 1 Kron. 29:17) Eya ta mele be míakpɔ mɔ be se si ŋu Yehowa trɔ asi le na ʋɔnudrɔ̃la madeblibowo la nabla eya ŋutɔ hã o. Ne sea ablae la, ɖe esia manɔ abe zizi ɖe ame aɖe si le nu kpɔm nyuie la dzi be wòaɖɔ gaŋkui si wowɔ be wòakpe ɖe ame aɖe si ƒe ŋku menyo o ŋu ne wòakpɔ nu nyuie la ene oa? Yehowa te ŋu kpɔ David kple Bat-Seba ƒe dzi me eye wòkpɔe be wotrɔ dzi me vavã. Esi wòbu nyaa ƒe akpa sia hã ŋu ta la, edrɔ̃ ʋɔnu wo ɖe eteƒe le nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ me.
Yi Edzi Nànɔ Yehowa Ƒe Dzɔdzɔenyenye Dim
18, 19. Nu kae akpe ɖe mía ŋu be míagadrɔ̃ ʋɔnu Yehowa le míawo ŋutɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo nu gbeɖe o?
18 Eya ta ne míekpɔ nane si na míese le mía ɖokui me be Yehowa mewɔ nu si le eteƒe o—eɖanye le Biblia me ŋutinya aɖe me loo alo le nane si dzɔ ɖe míawo ŋutɔwo dzi me o—negadzɔ gbeɖe be míadrɔ̃ ʋɔnu Mawu ɖe míawo ŋutɔwo ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe dzidzenuwo nu o. Ðo ŋku edzi be menye ɣesiaɣie míenyaa nyateƒenya siwo katã nya la lɔ ɖe eme la o, eye be seɖoƒe li na míaƒe nuŋububu alo ate ŋu atro hã. Mègaŋlɔ be gbeɖe o be “ame ƒe dɔmedzoe menana wòwɔa nu dzɔdzɔe abe ale si Mawu di ene o.” (Yak. 1:19, 20) Ne míewɔ esiawo katã la, míaƒe dzi ‘manyrã ɖe Yehowa ŋu’ gbeɖe o.—Lod. 19:3.
19 Abe Yesu ene la, mina míalɔ̃ ɖe edzi ɣesiaɣi be Yehowa ɖeka ko sie gome le be wòaɖo nu si le dzɔdzɔe kple nu si nyo la ŋuti dzidzenuwo. (Mar. 10:17, 18) Dze agbagba vevie be “sidzedze vavãtɔ” alo “nyateƒe ƒe sidzedze” si ku ɖe eƒe dzidzenuwo ŋu la nasu asiwò. (Rom. 10:2; 2 Tim. 3:7, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me) Ne míelɔ̃ ɖe nya siawo dzi eye míewɔ tɔtrɔ le míaƒe agbe me wòwɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, ekema míaɖee afia be míele “Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye” dim gbãgbiagbã.—Mat. 6:33.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le agbalẽnyala aɖewo ƒe nya nu la, woagate ŋu aɖe gbegbɔgblɔ gbãtɔ me nya si gɔme woɖe be ‘woaɖo anyi’ la gɔme be ‘woali ŋkuɖodzikpe.’ Eya ta ne míagblɔe la, Yudatɔ mawo nɔ kpɔɖeŋu ŋkuɖodzikpe lim na woawo ŋutɔwo ƒe kafukafu, ke menye na Mawu o.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Nu ka tae wòle vevie be míadi Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye?
• Nu eve siwo me afɔku le kawoe wòle be míaƒo asa na?
• Alekee míate ŋu adi Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Nufiame kae le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe ŋutsu eve siwo do gbe ɖa le gbedoxɔa me ŋu la me na mí?
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Ðe mesɔ be woxe fe na dɔwɔla siwo woxɔ le gaƒoƒo 11 lia me la abe esiwo wɔ dɔ ŋkeke bliboa la ke ene oa?