Mikpe Ðe Ðeviwo Ŋu Be Woanya Yehowa Ƒe Habɔbɔa Nyuie
ÐEVIWO dina be yewoasrɔ̃ nu. Bu nyabiase siwo anɔ ɖevi siwo nɔ Israel viwo dome le Egipte la si le Ŋutitotoŋkekenyui gbãtɔa si woɖu la dzi ŋu kpɔ. Ðewohĩ woabia be: ‘Nu ka tae wòle be woawu alẽvi la ɖo?’ ‘Nu ka tae Papa le ʋu sisim ɖe ʋɔtruti la ŋu?’ ‘Afi ka yim míele?’ Nyateƒe si wònye be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe nyabiase mawo ƒomevi ŋu la dze ƒãa le se si wòde na Israel vi siwo nye vifofowo la me. Yehowa gblɔ na wo ku ɖe Ŋutitotoŋkekenyui siwo woava ɖu emegbe ŋu be: ‘Ne mia viwo abia mi be: miaƒe subɔsubɔ sia gɔme ɖe mahã la, ekema migblɔ na wo bena: Esia enye ŋutitotovɔsa na Yehowa, ame si tso míaƒe aƒewo ɖi le Egipte-nyigba dzi, eye wòwu Egiptetɔwo; ke ekpɔ míaƒe aƒewo ta.’ (2 Mose 12:24-27) Ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Yehowa ɖo ŋku nya siwo ɖeviwo biana ku ɖe “ɖoɖo kple se,” siwo Yehowa wɔ, la ŋu ɖoɖo na wo ƒe vevienyenye dzi na dzila siwo nɔ Israel viwo dome.—5 Mose 6:20-25.
Eme kɔ ƒãa be, Yehowa di be ɖeviwo nakpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na nya siwo wobiana ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu—siwo aʋã wo be woalɔ̃ Yehowa abe woƒe Mawu kple Ðela ene. Nu ma tututue Yehowa di na míaƒe sɔhɛwo egbea hã. Mɔ ɖeka aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato aƒã lɔlɔ̃ na Mawu kple eƒe amewo ɖe ɖeviwo ƒe dzi mee nye be woakpe ɖe wo ŋu woanya Yehowa ƒe habɔbɔa nyuie eye woase ale si habɔbɔa ƒe ɖoɖowo ɖea vi na wo la gɔme. Eya ta mina míadzro mɔ aɖewo siwo dzi miate ŋu ato akpe ɖe ɖeviwo ŋu be woasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ƒe habɔbɔa ŋu la me.
Miaƒe Hamea
Ehiã be ɖeviwo nanya hame si wò ƒomea dea ha kplii la nyuie. Be mi dzilawo miate ŋu awɔ esia la, ele be miakplɔ mia viwo ayi Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã. Le esia wɔwɔ me la, mianɔ ɖoɖo si Yehowa wɔ na Israel viwo, esi wòde se na wo be, “Ƒo dukɔ la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo . . . nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi. Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne woanya, ale si woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la,” dzi wɔm.—5 Mose 31:12, 13.
Tso vidzĩ me ke la, ɖeviwo ate ŋu adze Yehowa ƒe Nyaa nusɔsrɔ̃ gɔme. Apostolo Paulo gblɔ le Timoteo ŋu be: “Tso vidzĩ me kee nènya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo.” (2 Tim. 3:15) Ne míedea kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpataa me la, ɖevi suewo kekeake gɔ̃ hã va tea nu siwo nɔ edzi yim la gɔme sese eye wova nyaa Fiaɖuƒe hawo nyuie. Le Fiaɖuƒe Akpataa me la, wosrɔ̃a ale si woazã Biblia kple Biblia srɔ̃gbalẽwo ahade bubu wo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, le míaƒe kpekpeawo me la, woade dzesi nɔnɔme vevi si ɖea dzesi le Kristo yomedzela vavãwo ŋu—si nye lɔlɔ̃ vavãtɔ. Yesu gblɔ be: “Se yeye nam mele mi, be mialɔ̃ mia nɔewo; abe ale si melɔ̃ mi ene la, miawo hã milɔ̃ mia nɔewo. Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yoh. 13:34, 35) Lɔlɔ̃ si tso dzi me kple dedienɔnɔ vavãtɔ si ɖea dzesi le Fiaɖuƒe Akpataa me la ado dzidzɔ na ɖeviwo eye esia akpe ɖe wo ŋu be Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nava zu numame na wo.
Ne miena wòzu numame na mi be mieɖoa Fiaɖuƒe Akpataa me kaba eye mielalana le kpekpeawo megbe hena ɣeyiɣi aɖe la, mɔnukpɔkpɔ asu mia viwo si be woadze xɔlɔ̃ geɖewo. Le esi miaɖe asi le wo ŋu woanɔ ha dem kple wo hati ɖeviwo ɖeɖe ko teƒe la, ɖe manyo be miaɖe wo afia nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo oa? Ne viwòwo va nya nɔvi tsitsi siawo la, woakpɔe be wonye ame siwo si nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔnamewo kple nunya geɖe le. Abe ale si ko Zaxariya si nɔ anyi le blema, si ‘fia Mawu vɔvɔ̃’ Yuda fia ɖekakpui Uziya la kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe edzi ene la, nenema kee ame siwo subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖewo la kpɔa ŋusẽ nyuiwo ɖe sɔhɛwo dzi egbea. (2 Kron. 26:1, 4, 5) Ne miele Fiaɖuƒe Akpata me la, miate ŋu aɖe akpa si agbalẽdzraɖoƒea, nyatakakaklãɖoƒea, kple nu bubuwo wɔna la hã me na wo.
Xexea Me Katã Ƒe Habɔbɔa
Ele be ɖeviwo nase egɔme be miaƒe hamea nye xexea me katã ƒe habɔbɔ si me hame siwo wu 100,000 le la dometɔ ɖeka. Anyo be nàɖe habɔbɔa ƒe akpa vovovoawo, ale si woɖea zɔe, kple akpa si ɖeviwo wɔna tsɔ kpea asi ɖe dɔa ŋu la me na wo. Ðe susu siwo tae miekpɔa mɔ na nutome sue kple nutome gã takpekpeawo, kpakple nutome sue dzikpɔla ƒe sasrãkpɔa vevie la me na wo.—Kpɔ aɖaka si nye “Nu Siwo Me Miadzro Le Ƒometadedeagu Me,” si le axa 28.
Ne mɔnukpɔkpɔ su asiwò la, kpe dzikpɔla mɔzɔlawo, dutanyanyuigblɔlawo, Betel ƒomea me tɔwo, kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo va miaƒe aƒe me be woaɖu nu kpli mi. Mègabu be ɣeyiɣi mele wo si woakpɔ vovo ɖe ɖeviwo ŋu o. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siawo dzea agbagba be yewoasrɔ̃ Yesu, ame si lɔ̃na faa ɖeviwo vaa egbɔ ɣesiaɣi eye wòɖoa dze kpli wo la. (Mar. 10:13-16) Ne viwòwo senɛ Yehowa subɔla siawo ɖoa dze tso nuteƒekpɔkpɔwo ŋu eye wodea dzesi dzidzɔ si kpɔm wole le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me la, ɖewohĩ woawo hã woava ɖo ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ woƒe taɖodzinui.
Nu bubu kae miagate ŋu awɔ abe ƒome ene atsɔ akpe ɖe mia viwo ŋu be woaganya Yehowa ƒe habɔbɔa geɖe wu? Aɖaŋuɖoɖo aɖewoe nye esiawo: Miwɔ ɖoɖo le ƒomea me miadzro agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom (Les Témoins de Jéhovah: Prédicateurs du Royaume de Dieu) la me. Te gbe ɖe ale si Yehowa subɔlawo ɖe ɖokuitsɔtsɔna, ɖokuibɔbɔ, kple nuteƒewɔwɔ fiae la dzi. Ðe ale si Yehowa zã wo tsɔ na nya nyuia kaka ɖe xexe bliboa katã me la me na wo. Zã video siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ la nàtsɔ afia nu veviwo woamawo tso ale si nuwo nɔ va yi kple fifia siaa ŋu. Ne miate ŋui la, miakplɔ wo yi ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea kple Betel ƒe siwo le miaƒe dukɔa me alo le dukɔ bubu si te ɖe mia ŋu la me. Tsaɖiɖi siawo tɔgbi akpɔ ŋusẽ nyui ɖe wo dzi. Akpe ɖe wo ŋu woade dzesi ale si kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela la wɔ ɖoɖo ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la ŋu wòle dɔ wɔm le eƒe mɔfiafia te be wòana gbɔgbɔmenuɖuɖu kple mɔfiamewo nɔviwo le xexea me katã, abe ale si ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me ene.—Mat. 24:45-47; Dɔw. 15:22-31.
Trɔ Asi Le Nufiamea Ŋu Wòasɔ Ðe Ðevi Ðe Sia Ðe Ƒe Ŋutete Nu
Ne èle nu fiam viwòwo la, ale si Yesu fia nu eƒe apostolowo la nenɔ susu me na wò. Egblɔ na wo gbe ɖeka be: “Nya geɖewo gale asinye magblɔ na mi hafi, gake miate ŋu atsɔ wo fifia o.” (Yoh. 16:12) Yesu metsɔ nyatakaka geɖe fũu do agba na eƒe nusrɔ̃lawo o. Ke boŋ efia nyateƒenya veviwo woamawo vivivi ale be woate ŋu atsi susu me na wo. Le mɔ ma ke nu la, mègafia nu geɖe fũu viwòwo le ɣeyiɣi ɖeka me o. Ne èfiaa habɔbɔa ŋuti nyateƒea wo vivivi edziedzi la, ana woadi vevie be yewoanɔ esem edziedzi eye wòana nusɔsrɔ̃ tso Kristo hamea ŋu navivi wo nu. Ne viwòwo le tsitsim la, àte ŋu agbugbɔ afia nu siwo nèfia wo va yi la wo ake eye nàna gɔmesesea nade to ɖe edzi.
Kristo hamea nye gbɔgbɔmeŋusẽtsoƒe na mí, eye ɖevi siwo kpɔa gome le hamea ƒe dɔwɔnawo me dzonɔamemetɔe la nɔa klalo nyuie wu be woate ŋu atsi tsitre ɖe Satana ƒe xexea ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo nu. (Rom. 12:2) Míeka ɖe edzi be àkpɔ dzidzɔ geɖe le kpekpe ɖe viwòwo ŋu be woanya Yehowa ƒe habɔbɔa nyuie wu me. Neva eme be to eƒe yayrawo dzi la, mia viwo nayi edzi aku ɖe habɔbɔa ŋu eye woawɔ nuteƒe na Mawu lɔ̃ame si subɔm míele.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 28]
Nu Siwo Me Miadzro Le Ƒometadedeagu Me
Esiawo nye nyati siwo ku ɖe habɔbɔa ŋu, siwo me miate ŋu adzro le miaƒe fiẽsi siwo me míewɔa Ƒometadedeagu le la me.
▪ Midzro miaƒe hamea ƒe ŋutinya me. Ɣekaɣie woɖo hamea, eye alekee wowɔ hafi ɖoe? Fiaɖuƒe Akpata vovovo kawoe miaƒe hamea zã kpɔ? Hafi miawɔ numedzodzro sia la, ɖe manyo be miakpe nɔvi aɖe si le hamea me ƒe geɖe la va mia ƒe me be wòaɖo mia viwo ƒe biabiawo ŋu na wo oa?
▪ Miɖe taɖodzinu si le hamea ƒe kpekpe vovovoawo kple takpekpewo ŋu kple ale si woate ŋu aɖe vi na ɖeviwo la me.
▪ Midzro taɖodzinu siwo le suku vovovo siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ɖo anyi ŋu la me. Miɖo dze tso nu nyui siwo do tso suku siawo nuwulawo ƒe dɔwɔnawo me la ŋu.
▪ Mikpe ɖe ɖeviwo ŋu woase ale si wòle vevie be woazu nya nyui gbeƒãɖela siwo dea gbeadzi edziedzi la me. Miɖe ale si woate ŋu akpe asi ɖe xexea me katã ƒe gbeadzikɔntabubu si dzena le Yearbook of Jehovah’s Witnesses (Annuaire des Témoins de Jéhovah) me ŋu la me na wo.
▪ Midzro ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa vovovo siwo le ʋuʋu ɖi na sɔhɛwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me la me. Esia ŋuti nyatakaka nyuiwo le Ðoɖo Hena Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ ƒe agbalẽa ƒe ta 10 lia me.
▪ Mikpe ɖe ɖeviwo ŋu woase nu si tae wowɔa nuwo ɖe ɖoɖo aɖe nu le hamea me la gɔme. Miɖe nu si tae mele be woagbe toɖoɖo Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe mɔfiamewo ahawɔ nu le wo ɖokui si le nu suewo gɔ̃ hã me o la me na wo. Mifia ale si woawɔ akpe asi ɖe eŋu be nuwo nayi edzi le hamea me le ɖoɖo nyui nu le hamemetsitsiwo ƒe mɔfiafia te la wo.
[Nɔnɔmetata]
Ne viwòwo dze xɔlɔ̃ nɔvi siwo subɔ hena ƒe geɖe la, aɖe vi geɖe na wo
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Abe ale si wònɔ le blema Israel ene la, dzilawo dzea agbagba vevie egbea naa ŋuɖoɖo fakɔnamewo wo viwo ne wobia nya woamawo ku ɖe Yehowa ƒe habɔbɔa ŋu