INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/15 axa 29-31
  • Mekpɔ Egbɔ Be Mewɔa Geɖe Le Yehowa Ƒe Habɔbɔa Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mekpɔ Egbɔ Be Mewɔa Geɖe Le Yehowa Ƒe Habɔbɔa Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔƒe Yeye Kple Kpeɖeŋutɔ Yeye
  • Gbeƒãɖeɖe Le Gaspé
  • Wona Domenyinu Mí
  • Xɔtudɔwo Biaa Lɔlɔ̃ Kple Nuteƒewɔwɔ
  • Medaa Akpe Na Yehowa
  • Mesrɔ̃ Nu Tso Kpɔɖeŋu Nyuiwo Me Eye Yehowa Yram Geɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Mele Ŋutifafa Me Kple Mawu Kpakple Nɔnye Azɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Míekpɔa Yayra Geɖewo Ne Míetsɔ Ðe Le Eme Na Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/15 axa 29-31

Mekpɔ Egbɔ Be Mewɔa Geɖe Le Yehowa Ƒe Habɔbɔa Me

Abe ale si Vernon Zubko gblɔe ene

METSI le agblekɔƒe aɖe si te ɖe Stenen ŋu me. Stenen nye kɔƒedu aɖe, si le Saskatchewan, nuto gã la me, le Canada. Dzinyelawo, siwo ŋkɔwoe nye Fred kple Adella la, wɔ dɔ sesĩe kpɔ mía kple nɔvinyenyɔnu tsitsia, si ŋkɔe nye Aurellia, kpakple nɔvinye sue mamlɛawo, Alvin, Allegra, kple Daryl ƒe gbɔgbɔ me kpakple ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ. Va de asi na egbea la, míegadaa akpe na mía dzilawo kokoko be wofia nyateƒea mí.

Papa, si nye Kristotɔ amesiamina la, nye nya nyui gblɔla si mevɔ̃na o. Ewɔ dɔ sesĩe kpɔ eƒe ƒomea dzi, ke hã, ekpɔ egbɔ be ame sia ame nyae be Ðasefoe yenye. Eƒoa nu tso nyateƒea ŋu ɣesiaɣi. Nyemaŋlɔ dzonɔameme kple dzideƒo ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo la be gbeɖe o. Egblɔ nam zi geɖe be, “Kpɔ egbɔ be nànɔ geɖe wɔm le Yehowa ƒe habɔbɔa me, ekema aƒo asa na kuxi geɖewo.”

Míewɔa ablɔdziɖaseɖiɖidɔa edziedzi le Stenen kple nuto siwo ƒo xlãe me. Le gonyeme la, menɔa bɔbɔe nam ɣesiaɣi o. Anyrawɔlawo nɔ du ɖe sia ɖe me, siwo tena ɖe mí ɖeviwo ŋu heɖua fewu le mía ŋu. Gbe ɖeka, esime mexɔ ƒe enyi la, metɔ ɖe dzogoe aɖe dzi le ablɔdzi helé Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo ɖe asi, kasia sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va ƒo xlãm. Wogbo nye kuku yeyea ɖa le nye ta hetsɔe ku ati aɖe si wotu ɖe afi ma. Meda akpe be nɔviŋutsu tsitsi aɖe si ƒe ŋku nɔ ŋunye la kpɔ nu si nɔ dzɔdzɔm. Ete ɖe ŋunye hebiam be, “Vern, nu kae le dzɔdzɔm?” Ŋutsuviawo si dzo afɔtsɔtsɔe. Togbɔ be nudzɔdzɔ sia ɖe fu nam vie hã la, efiam be, ne wole ablɔdziɖaseɖiɖidɔa wɔm la, wometɔna ɖe teƒe ɖeka abe ati ene o, ke ele be woanɔ zɔ ɖem. Hehe ma si mexɔ esime menɔ tsitsim la hã na dzideƒo si mehiã be mate ŋu awɔ tso aƒe me yi aƒe me dɔa la su asinye.

Mía kple Alvin míexɔ nyɔnyrɔ le May 1951 me. Mexɔ ƒe 13 ɣemaɣi. Megaɖoa ŋku edzi be, Nɔviŋutsu Jack Nathan, si ƒo nyɔnyrɔxɔnuƒoa la, xlɔ̃ nu mí be míagaɖe mɔ gbeɖe be ɣleti ɖeka nava yi si míaƒo nu tso Yehowa ŋu o.a Le míaƒe ƒomea me la, míebua mɔɖeɖedɔa ɣesiaɣi be eyae nye agbemedɔ nyuitɔ kekeake si wòle be míawɔ. Eya ta esi mewu suku nu le ƒe 1958 me la, meʋu yi Winnipeg, Manitoba, be maɖawɔ mɔɖeɖedɔa. Togbɔ be edo dzidzɔ na Papa be mawɔ dɔ kpli ye le ƒomea ƒe asitsadɔa me abe atidzedzeŋuzrɔ̃la ene hã la, woa kple Dada wodi vevie be mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa eye woda asi ɖe nye ʋuʋua dzi.

Nɔƒe Yeye Kple Kpeɖeŋutɔ Yeye

Le ƒe 1959 me la, alɔdzedɔwɔƒea mia asi ame ɖe sia ɖe si ate ŋu aʋu ayi Quebec, afi si gbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le la. Meyi ɖawɔ mɔɖeɖedɔa le Montreal. Tɔtrɔ gã aɖe wònye nam! Enye nu si me nyemeto le nye agbe me kpɔ o. Ehiã be masrɔ̃ Fransegbe eye matrɔ nye agbenɔnɔ wòasɔ ɖe dekɔnu vovovowo nu. Míaƒe nutome sue dzikpɔla gblɔ nam be, “Mègagblɔ gbeɖe be, ‘Alea ko míewɔnɛ le afi si metso va’ o.” Aɖaŋuɖoɖo nyui ŋutɔe wònye.—1 Kor. 9:22, 23.

Esi meʋu yi Quebec la, kpeɖeŋutɔ aɖeke menɔ asinye le mɔɖeɖedɔa me o. Ke hã, nɔvinyɔnu ɖetugbui aɖe, si ŋkɔe nye Shirley Turcotte, si medo go le Winnipeg va yi la, va zu nye kpɔɖeŋutɔ si anɔ ŋunye ɖaa esi míeɖe mía nɔewo le February 1961 me. Eya hã tso ƒome aɖe si lɔ̃ Yehowa la me. Ɣemaɣi la, nyemede dzesii ale si gbegbe wòava nye ŋusẽ kple dzideƒo tsoƒe vevi aɖe nam ne ƒeawo va le yiyim o.

Gbeƒãɖeɖe Le Gaspé

Ƒe eve le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbe la, woɖo mí ɖe Rimouski, Quebec, abe mɔɖela veviwo ene. Le adame si kplɔe ɖo me la, alɔdzedɔwɔƒea bia tso mía si be míayi aɖawɔ gbeƒãɖeɖedɔ le Gaspé Ƒukpo Afã, si le Canada ƒe ɣedzeƒeƒuta, ƒe nuto bliboa me. Míaƒe dɔdeasiae nye be míaƒã nyateƒea ƒe nukuwo agbɔsɔsɔme si míate ŋui. (Nyagb. 11:6) Míedo agba na míaƒe ʋua kple magazine siwo wu 1,000 kple agbalẽ 400 kloe, kpakple nuɖuɖu kple awu aɖewo, eye míedze mɔ hena gbeƒãɖeɖedɔa ɣleti ɖeka blibo. Míewɔ dɔ ɖe ɖoɖo nu to kɔƒe suesue siwo katã le Gaspé la me. Radiodɔwɔƒe si le nutoa me la xlɔ̃ nu amewo be Ðasefowo gbɔna eye wogblɔ na wo be woagaxɔ míaƒe agbalẽwo o. Ke hã, nutoa me tɔ akpa gãtɔ se woƒe nyatakakaa gɔme bubui eye woxɔe se be ɖe wonɔ boblo dom míaƒe agbalẽawo; esia na be woxɔ agbalẽawo boŋ.

Le ƒe mawo me la, gbeƒãɖeɖe ƒe ablɔɖe nye tɔtrɔ yeye si ŋu ame geɖe menya nu tso le Quebec dua ƒe akpa aɖewo o, eye ebɔ ŋutɔ be kpovitɔwo naɖo asi ame dzi. Esia dzɔ le du aɖe si me míema agbalẽwo le ʋɔtru ɖe sia ɖe kloe nu le la me. Kpovitɔ aɖe bia tso mía si be míakplɔ ye ɖo ayi yewoƒe dɔwɔƒe eye míeyi kplii. Mesee be senyala si le dua me la ɖe gbe be woaɖo asi mía dzi be míagaɖe gbeƒã o. Esi wònye be kpovitɔwo ƒe amegãa menɔ anyi le ŋkeke ma dzi o ta la, metsɔ numeɖelɛta si mexɔ tso alɔdzedɔwɔƒea le Toronto, si ɖe gome si le mía si be míaɖe gbeƒã me eme kɔ nyuie la fia senyala la. Esi senyalaa xlẽ numeɖelɛtaa vɔ la, egblɔ enumake be: “Kpɔ ɖa, nyemele nya aɖeke dim o. Nutoa me subɔsubɔhaa ƒe nunɔlae gblɔ nam be maɖo asi mia dzi.” Esi míedi be míana nutoa me tɔwo nanya be gome le mía si le se nu be míaɖe gbeƒã ta la, míetrɔ yi teƒe si míenɔ gbeƒã ɖem le hafi kpovitɔa ɖo asi mía dzi la enumake heyi dɔa dzi le afi ma.

Le ŋufɔke ƒe ŋdime, esi míetrɔ yi ɖakpɔ kpovitɔwo ƒe amegãa la, dzi kui vevie esi míegblɔ nɛ be wotɔ te míaƒe dɔa etsɔ si va yi. Ðe wòle be wò ŋutɔ nànɔ afi ma ne nàse gbe si wòtsɔ ƒo nu na senyalaa esi wòƒo ka nɛ! Kpovitɔwo ƒe amegãa gblɔ na mí be, ne míedo go kuxi aɖe la, míayɔ ye ŋutɔ tẽe agblɔe na ye eye yeakpɔ nyaa gbɔ. Togbɔ be amedzrowoe míenye eye míese Fransegbe tututu o hã la, míede dzesii be nutoa me tɔwo nyoa dɔme eye wowɔa amedzro hã. Gake míenɔ mía ɖokui biam be, ‘Ðe woava se nyateƒea gɔme gbe ɖeka?’ Míekpɔ ŋuɖoɖo na míaƒe nyabiasea le ƒe aɖewo megbe esi míetrɔ yi ɖatu Fiaɖuƒe Akpatawo le Gaspé ƒe nuto bliboa katã me. Míekpɔe be ame siwo míeɖi ɖase na la dometɔ geɖe va zu mía nɔviwo fifia. Vavãe, Yehowae nana wòtsina.—1 Kor. 3:6, 7.

Wona Domenyinu Mí

Míedzi Lisa, mía vinyɔnua, le ƒe 1970 me. Domenyinu sia si tso Yehowa gbɔ la he dzidzɔ geɖe wu va míaƒe agbe me. Srɔ̃nye Shirley kple Lisa wɔ dɔ kplim ɖekae le Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔ geɖe me. Esi Lisa wu suku nu la, egblɔ na mí be: “Papa, Dada, esi wònye tanyee miedzudzɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ɖo ɣeyiɣi aɖewoe nye esi ta la, medi be mazu mɔɖela eye madze agbagba awɔ dɔa ɖe mia teƒe.” Lisa gakpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm ƒe 20 kple edzivɔwoe nye esia, eye fifia ya, woa kple srɔ̃a Sylvain ye le ewɔm. Mɔnukpɔkpɔ su wo si wokpɔ gome le xɔtutudɔ geɖewo me le duta. Taɖodzinu si le míaƒe ƒomea sie nye be míayi edzi anɔ agbe tsɛ eye míatsɔ mía ɖokuiwo ana bliboe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me. Nyemeŋlɔ nya siwo Lisa gblɔ esime wòdze mɔɖeɖedɔa gɔme la be kpɔ o. Le nyeteƒe me la, eƒe nyawo de dzi ƒo nam megadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme ake le ƒe 2001 me, eye mekpɔtɔ le mɔɖeɖedɔa wɔm va de asi egbea. Mɔɖeɖedɔa gakpɔtɔ le hehe namem be maɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le nu sia nu si mewɔna me eye mayi edzi anɔ agbe tsɛ, gake wòanye esi me dzidzeme kple dzidzɔ blibo anɔ.

Xɔtudɔwo Biaa Lɔlɔ̃ Kple Nuteƒewɔwɔ

Yehowa fiam be, ne míetsɔ mía ɖokui na bliboe eye míexɔ dɔdeasi ɖe sia ɖe si wòdea mía si la, míaxɔ yayra geɖe. Subɔsubɔ le Nuto Me Xɔtukɔmitia me kple dɔwɔwɔ ɖekae kple nɔviwo le xɔtudɔwo me le Quebec nutoa katã me kpakple teƒe bubuwo nye subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ si ŋu medea asixɔxɔe ŋutɔ.

Togbɔ be ɖewohĩ lɔlɔ̃nu faa xɔtudɔwɔla aɖewo mana nuƒo siwo aɖe kpe le kplɔ̃ta o hã la, le Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo me la, woklẽna abe ɣletiviwo ene. Nɔvi siawo siwo gbɔ míelɔ̃a nu le o la wɔa dɔ kple dzi blibo, eye woƒe dzɔdzɔmeŋutete va ɖea dzesi ƒãa. Nu si dona tso emee nye be wotua xɔ dzeaniwo ɣesiaɣi, siwo nɔviwo zãna le tadedeagu na Yehowa me.

Wobiam be, “Nɔnɔme kawoe le vevie wu siwo wòle be woanɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe, si le dɔ wɔm le Fiaɖuƒe Akpata tutu dɔwo me la si?” Le nye nuteƒekpɔkpɔ nu la, gbã la, ele be amea nalɔ̃ Yehowa kple Via kpakple nɔviwo ƒe habɔbɔa siaa. (1 Kor. 16:14) Evelia, nuteƒewɔwɔ hiã. Ne nuwo meva yi abe ale si míedi ene o la—eye esia adzɔ godoo—nuteƒewɔla ayi edzi awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple teokrasiɖoɖowo. Nuteƒewɔwɔ aʋãe be wòalɔ̃ faa atsɔ eɖokui ana le xɔtudɔ bubuwo wɔwɔ me.

Medaa Akpe Na Yehowa

Togbɔ be fofonye ku le ƒe 1985 me hã la, aɖaŋu si wòɖo nam be makpɔ egbɔ be mawɔ geɖe le Yehowa ƒe habɔbɔa me la gakpɔtɔ le susu me nam. Abe ame bubu siwo hã xɔ woƒe dɔdeasi le Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si dziƒo xoxo ene la, ɖikeke mele eme o be eya hã le dɔ dzi vevie. (Nyaɖ. 14:13) Dada xɔ ƒe 97 fifia. Esi gbagbadɔ le fu ɖem nɛ ta la, megatea ŋu ƒoa nu nyuie o; gake eganya Biblia la nyuie. Eyɔa mawunyakpukpuiwo ɖe eƒe lɛtawo me eye wòdea dzi ƒo na mí be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Mí ɖeviawo katã míedaa akpe ɖe dzila lɔ̃ame siawo ta ŋutɔ!

Medaa akpe na Yehowa ɖe Shirley, srɔ̃nye wɔnuteƒea kple kpeɖeŋutɔ la hã ta. Ena aɖaŋu si dadaa ɖo nɛ la tsi dzi me nɛ vevie be: “Vovo megbɔna srɔ̃wò Vern ŋu nɔ ge le nyateƒea me kura o, eye ahiã be nàsrɔ̃ ale si nàɖe asi le eŋu wòazã eƒe ɣeyiɣi ɖe ame bubuwo ŋu.” Esime míeɖe mía nɔewo ƒe 49 enye sia la, míeɖoe kplikpa be míawɔ nuteƒe na mía nɔewo, atsi le Yehowa subɔsubɔ me ɖekae, eye ne eva me be mí ame evea siaa míetsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la, míagazu ɖekakpui kple ɖetugbui ɖekae, eye míayi edzi asubɔe tegbee. Ɛ̃, míewɔ “geɖe le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ la me.” (1 Kor. 15:58) Yehowa hã kpɔ míaƒe nuhiahiãwo gbɔ na mí ale si dze, eye wòkpɔ egbɔ be nu nyui aɖeke meto mía ŋu o.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Kpɔ September 1, 1990, ƒe Gbetakpɔxɔ, ƒe yevugbe me tɔ, axa 10-14, be nàxlẽ Nɔviŋutsu Jack Halliday Nathan ƒe agbemeŋutinya.

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

“Taɖodzinu si le míaƒe ƒomea sie nye be míayi edzi anɔ agbe tsɛ eye míatsɔ mía ɖokuiwo ana bliboe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe