Ènyaa?
Nu ka ŋue apostolo Paulo nɔ nu ƒom tsoe esi wògblɔ be ‘Yesu ƒe kluvi si yenye la ƒe dzesidewo’ le yeƒe ŋutilã ŋu?—Galatiatɔwo 6:17.
▪ Ame siwo se Paulo ƒe nyawo le ƒe alafa gbãtɔ me la ate ŋu ase wo gɔme le mɔ vovovowo nu. Le kpɔɖeŋu me, le blema la, wotsɔa ga xɔdzo si biã hẽ la dea dzesi aboyomewo, ame siwo daa dzo gbedoxɔwo, kple kluvi siwo si le woƒe aƒetɔ gbɔ la ŋu. Ne wotsɔ ga xɔdzo de dzesi ame aɖe ŋu le mɔ sia nu la, wobunɛ be wodo vloe.
Gake menye ɣesiaɣie wobunɛ be enye vlododo ame o. Wodea dzesi blematɔ geɖewo ŋu tsɔ fiana to si me wotso alo subɔsubɔha si me wole. Le kpɔɖeŋu me, numekugbalẽ aɖe (Theological Dictionary of the New Testament) gblɔ be “Siriatɔwo kɔa wo ɖokui ŋu na mawu siwo nye Hadad kple Atargatis to dzesi si woɖena ɖe woƒe alɔnu alo kɔ ŋu dzi . . . Wowɔa ati si woyɔna be ivy la ƒe aŋgba ƒe nɔnɔme ɖe trɔ̃ si woyɔna be Dionysus, la subɔlawo ŋu.”
Egbegbe Biblia ŋuti nunyala geɖe bui be, abikukuteƒe siwo le Paulo ŋu le esi woƒoe zi geɖe le eƒe Kristotɔwo ƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. (2 Korintotɔwo 11:23-27) Gake anye be menye dzesi ŋutɔŋutɔ si le Paulo ƒe ŋutilãa ŋue wònɔ nu ƒom tsoe o, ke boŋ ale si wònɔa agbe abe Kristotɔ ene lae.
Ðe sitsoƒedu siwo nɔ blema Israel la va zu bebeƒe na nu vlo wɔlawoa?
▪ Le blema trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣiwo me la, gbedoxɔ geɖe nyea bebeƒe na sisilawo alo nu vlo wɔlawo. Le ɣeyiɣi si woyɔna le ŋutinya me be titinaɣeyiɣiwo me la, ame siwo gblɔna be yewonye Kristotɔwo la ƒe saɖeagaxɔwo kple sɔlemexɔwo hã nyea bebeƒe na nu vlo wɔlawo. Gake se siwo nɔ blema Israel ƒe sitsoƒeduwo ŋu la wɔe be teƒe siawo meva zu bebeƒe na nu gbegblẽ wɔlawo o.
Mose ƒe Sea gblɔ be ame siwo mebua wu ame o la ko tae woakpɔ le sitsoƒedua me. (5 Mose 19:4, 5) Ate ŋu asi ayi sitsoƒedu si te ɖe eŋu la me, ale be ame si wòwu la ƒe ƒometɔ kplikplikpli si nye ŋutsu, si adi be yeabia hlɔ̃e la, ƒe asi nagatui o. Ne sisilaa gblɔ eƒe nyawo na ame tsitsi siwo le dua me vɔ la, woakplɔe ayi du si kpɔa afi si afɔkua dzɔ le la ƒe ʋɔnudrɔ̃nyawo gbɔ ne woadrɔ̃ nya nɛ. Afi mae mɔnukpɔkpɔ asu esi le be wòaɖo kpe edzi be menye ɖe yebua wua amea o. Ame tsitsiawo alé ŋku ɖe ale si sisilaa kple ame si wòwu la dome nɔ ŋu bene woanya ne fuléle nɔ woa kplii dome tsã.—4 Mose 35:20-24; 5 Mose 19:6, 7; Yosua 20:4, 5.
Ne wokpɔe be menye ɖe sisila ɖoe wu amea o la, ekema woana wòagbugbɔ ayi sitsoƒedua me, eye wòagagbɔ sitsoƒedua ƒe liƒowo ŋu o. Menye gaxɔwoe du siawo nye o. Sitsoƒedila la wɔa dɔ, eye wòɖea vi na dua me tɔwo. Ne nunɔlagã la ku la, sitsoƒedilawo katã ate ŋu atrɔ adzo le dua me faa, eye woanɔ dedie.—4 Mose 35:6, 25-28.
[Anyigbatata si le axa 15]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
SITSOƑEDUWO
1 KEDES
2 GOLAN
3 RAMOT-GILEAD
4 SIXEM
5 BEZER
6 XEBRON
Yordan Tɔsisi