Exlẽlawo Bia Be . . .
Afi kae Paradiso si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la anɔ?
▪ Yesu do ŋugbe na ŋutsu aɖe si ɖo kudonu, si tsɔ dzinɔameƒo ʋu eme be yexɔ Yesu dzi se la be: “Ànɔ Paradiso me kplim.” (Luka 23:43) Afi kae ŋutsu ma ava nɔ? Dziƒoe Paradiso la anɔ loo, anyigba dzi loo, alo teƒe bubu aɖe si amegbetɔwo ayi aɖanɔ lalam be woadrɔ̃ ʋɔnu yewo le yea?
Mía dzila gbãtɔwo nɔ Paradiso me kpɔ. Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wòtsɔ ame, si wòmè la, ɖo afi ma. . . . Eye Yehowa Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔ me, be wòaŋlɔ eme, eye wòakpɔ edzi.” (1 Mose 2:8, 15) Esi woɖe nya mawo gɔme ɖe Helagbe me la, woɖe nya “abɔ” gɔme be pa·raʹdei·sos, eye nya ma mee woɖe Eʋegbe me nya “paradiso” tsoe.
Abe ale si ko atsu kple asi aɖe akeke woƒe aƒea ɖe enu nenye be ɖeviwo va le agbɔ sɔm ene la, nenema kee enɔ na mía dzila gbãtɔwo be woakeke Paradisoa ɖe enu wòagbɔ Eden ƒe liƒowo ŋu ne amegbetɔƒomea le dzidzim ɖe edzi. Mawu gblɔ na wo bena: “Miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi.”—1 Mose 1:28.
Eya ta mía Wɔla la ƒe tameɖoɖoe nye be amegbetɔwo nanɔ anyigba dzi, eye woa kple wo viwo nanɔ Paradiso me le anyigba la dzi. Woanɔ paradisobɔ me le anyigba dzi tegbee, eye esia fia be ameɖibɔwo mahiã o. Eƒe tameɖoɖoe nye be anyigba nanye amegbetɔƒome bliboa ƒe aƒe tegbee. Eya ta mewɔ nuku o be ale si Mawu trɔ asi le anyigbaa ŋui la na agbenɔnɔ le edzi sɔ ɖe edzi na mí ŋutɔ! Ɛ̃, wowɔ mí be míanɔ agbe le anyigba dzeani dzi.
Ðe Mawu ƒe tameɖoɖoa trɔa? Ao. Elabena Yehowa gblɔ na mí kakaɖedzitɔe be: “Nenema ke nye nya, si do tso nye nu me la anɔ: Magbugbɔ va gbɔnye ƒuƒlu o, negbe ɖeko wòawɔ nye lɔlɔ̃nu, eye wòawɔ nu si gbe meɖoe ɖo la hafi.” (Yesaya 55:11) Ƒe 3,000 kple edzivɔ le amegbetɔ wɔwɔ megbe la, Biblia gblɔ tso “ame si mè anyigba, eye wòwɔe” la ŋu be “menye ɖe wòwɔe, be wòatsi ƒuƒlu o, ke boŋ ɖe wòmèe, be woanɔ edzi.” (Yesaya 45:18) Mawu ƒe tameɖoɖoa metrɔ o. Anyigba la ava zu paradiso.
Le nyateƒe me la, le teƒe geɖe siwo woƒo nu tso Paradiso ŋu le Biblia me la, ale si nuwo yia edzi le anyigba dzi ŋue wòkuna ɖo. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya gblɔ le nyagblɔɖi aɖe me be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse.” (Yesaya 65:21) Afi kae wotua xɔwo le, dea waingblewo le heɖua atikutsetsewo le? Anyigba dzie. Lododowo 2:21 gblɔe tẽe be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi.”
Yesu hã ƒo nu tso anyigba dzi paradiso ŋu. Ele eme be edo dziƒoparadiso aɖe ŋugbe ya, gake ame tiatia ʋɛ aɖewo koe anyi eƒe dome. (Luka 12:32) Ne woku la, woafɔ wo ɖe tsitre woaɖawɔ ɖeka kple Kristo le Dziƒoparadiso la me aɖu fia ɖe anyigba dzi Paradiso la dzi. (Nyaɖeɖefia 5:10; 14:1-3) Ame siawo siwo aɖu dzi kple Kristo le dziƒo la aɖu fia ɖe anyigba dzi Paradiso la dzi le mɔ si sɔ nu, eye woakpɔ egbɔ be nu sia nu le edzi yim nyuie le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe dzidzenuwo.
Yesu nyae be tame siae Mawu ɖo ɖe anyigba la ŋu. Eya ŋutɔ nɔ dziƒo kple Fofoa esime Wòwɔ Eden bɔa. Mɔnukpɔkpɔa le ʋuʋu ɖi na ame siwo katã aɖee afia be yewoxɔ Yesu dzi se la be woanɔ agbe le paradisonyigba dzi le etsɔme. (Yohanes 3:16) Yesu le ŋugbe dom na ame siawo ƒomevi be: “Ànɔ Paradiso me kplim.”—Luka 23:43.
[Afi Si Foto Si le axa 25 La Tso]
© FORGET Patrick/SAGAPHOTO.COM/Alamy