Ðe Mawu Nya Be Adam Kple Xawa Ava Wɔ Nu Vɔ̃a?
AME geɖe dina vevie be yewoase nya sia gɔme. Ne nu si tae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye li ɖo ƒe nyaa fɔ ɖe te la, nu vɔ̃ si atsu kple asi gbãtɔa wɔ le Eden bɔa me hã ŋu nya va gena ɖe toa me. Nyateƒe si wònye be ‘Mawu nya nu sia nu’ ate ŋu ana ame aɖewo naƒo nya ta bɔbɔe be Mawu nya do ŋgɔ be Adam kple Xawa ava dze aglã ɖe ye ŋu.
Ne nyateƒee be Mawu nya do ŋgɔ be atsu kple asi gbãtɔa awɔ nu vɔ̃ la, ke ame ka ƒomevie nàsusu be Mawu nye? Anye ne amewo abu nɔnɔme manyomanyo geɖe ɖe Mawu ŋu. Ðeko wòadze abe ame si melɔ̃a me o, mewɔa nu dzɔdzɔe o, eye meɖia anukware o ene. Anye ne ame aɖewo abui be enye tagbɔsesẽtɔ si bia tso amegbetɔ gbãtɔawo si be woawɔ nane si wònya do ŋgɔ be womate ŋu awɔ gbeɖe o. Ne nenemae la, ke adze abe Mawu gbɔe nu gbegblẽ siwo le edzi yim kple fukpekpe siwo katã le ameƒomea dzi vam tso ɣemaɣi la tso ene, alo be eya hã de edzi le mɔ aɖe nu. Ame aɖewo abu mía Wɔla la be enye numanyala gɔ̃ hã.
Ðe nɔnɔme manyomanyo siawo yɔyɔ tɔ ɖe Yehowa Mawu ŋu wɔ ɖeka kple nu si Ŋɔŋlɔawo fia tso eyama ŋua? Be míaɖo biabia sia ŋu la, na míadzro nu si Biblia gblɔ tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo kple eƒe amenyenye ŋu la me kpɔ.
“Wonyo Ŋutɔ”
Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa gblɔ tso Mawu ƒe nuwɔwɔwo, siwo dome atsu kple asi gbãtɔwo hã le, ŋu be: “Mawu kpɔ nu siwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (1 Mose 1:31) Wowɔ Adam kple Xawa wode blibo eye wosɔ nyuie na agbenɔnɔ le anyigba ƒe teƒe si wodzra ɖo na wo la. Naneke megblẽ le ale si wowɔ woe ŋu o. Esi wowɔ wo “wonyo ŋutɔ” ta la, ŋutete le wo ŋu be woaɖo to abe ale si wodi tso wo si ene. “Mawu ƒe nɔnɔme nue” wowɔ wo ɖo. (1 Mose 1:27) Eya ta ŋutete le wo ŋu be woaɖe Mawu ƒe nɔnɔme nyuiwo abe nunya, nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃, dzɔdzɔenyenye, kple nyuiwɔwɔ ene afia ale si woate ŋui. Nɔnɔme nyui siawo ɖeɖe fia akpe ɖe wo ŋu woawɔ nyametsotso siwo aɖe vi na woawo ŋutɔwo, eye wòado dzidzɔ na wo Fofo si le dziƒo la hã.
Yehowa na tiatiawɔblɔɖe nuwɔwɔ nyanu deblibo siawo. Yehowa mewɔ wo abe robot ene heɖo nu sia nu si woawɔ la na wo do ŋgɔ ale be wòazi wo dzi woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu eŋu mabumabui o. Bu eŋu kpɔ. Kae adze ŋuwò wu—ne ame aɖe na nu wò dzizizitɔe loo alo ne ena wò kple dzi faa? Ŋuɖoɖoa dze kɔtɛ. Nenema kee ne Adam kple Xawa ɖo to Mawu tso dzime faa la, woƒe toɖoɖoa adze eŋu ŋutɔ. Tiatiawɔwɔ ƒe ŋutete si wona atsu kple asi gbãtɔa awɔe be lɔlɔ̃ naʋã wo woatiae be yewoaɖo to Yehowa.—5 Mose 30:19, 20.
Dzɔdzɔetɔ, Ame Si Drɔ̃a Ʋɔnu Dzɔdzɔe, Eye Wònyoa Dɔme
Biblia ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme nyuiwo fia mí. Eƒe nɔnɔme nyui siawo mate ŋu ana wòawɔ naneke si ado ƒome kple nu vɔ̃ gbeɖe o. Psalmo 33:5 gblɔ be Yehowa ‘lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃.’ Esia tae Yakobo 1:13 gblɔ be: “Womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.” Le nuteƒewɔwɔ kple ameŋububu me la, Mawu xlɔ̃ nu Adam be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbe si gbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (1 Mose 2:16, 17) Wotsɔ agbe tegbee nɔnɔ kple ku ɖo atsu kple asi gbãtɔa ŋkume; woawo ŋutɔe atia ɖeka. Ðe manye alakpanuwɔwɔ be Mawu naxlɔ̃ nu wo tso nu vɔ̃ aɖe ŋu evɔ wònya do ŋgɔ be wogbɔna nu vɔ̃ ma wɔ ge godoo oa? Esi Yehowa ‘lɔ̃a dzɔdzɔenyenye kple ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃’ ta la, mate ŋu ado nane si wònya nyuie be mate ŋu asu ame si o ƒe ŋugbe o.
Yehowa ganye ame si ƒe nyuiwɔwɔwo sɔ gbɔ hã. (Psalmo 31:20) Esi Yesu nɔ nu ƒom tso Mawu ƒe dɔmenyo ŋu la, egblɔ be: “Ame kae le mia dome, si via le abolo biamee . . . matsɔ kpe ade esi o ɖe, menye nenemae oa? Alo ɖewohĩ abia tɔmelã . . . matsɔ da ade esi o ɖe, alo awɔea? Eya ta ne mi ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo si le dziƒo la mana nu nyuiwo ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?” (Mateo 7:9-11) “Nu nyuiwo” koe Mawu nana eƒe nuwɔwɔwo. Ale si Mawu wɔ amegbetɔ gbãtɔwoe kple Paradiso si me wòda wo ɖo la ɖo kpe eƒe dɔmenyo dzi. Ðe Dziɖulagã dɔmenyotɔ gã sia awɔ tagbɔsesẽnu ma gbegbe be wòatso aƒe dzeani ma na wo evɔ eya ŋutɔ nya be womanɔ eme ɣeyiɣi didi aɖeke oa? Gbeɖe! Mele be míabu fɔ mía Wɔla dzɔdzɔetɔ kple dɔmenyotɔ la ɖe amegbetɔ ƒe aglãdzedze ta o.
“Nunyatɔ Ðeka Hɔ̃”
Ŋɔŋlɔawo ɖee fia hã be Yehowa nye “nunyatɔ ɖeka hɔ̃.” (Romatɔwo 16:27) Mawu ƒe dziƒodɔlawo kpɔ mɔ vovovo siwo nu Mawu ɖea eƒe nunya si ɖeke mesɔ kplii o fiana la teƒe. ‘Wogli kple dzidzɔ’ esi Yehowa wɔ nuwo ɖe anyigba dzi. (Hiob 38:4-7) Ðikeke mele eme o be gbɔgbɔmenuwɔwɔ nyanu mawo kpɔ nu siwo dzɔ le Eden bɔa me la teƒe hetsɔ ɖe le eme vevie. Ekema ɖe gɔmesese aɖe anɔ eŋu be, le xexe gbahooa kple anyigbadzinu wɔnukuawo wɔwɔ vɔ megbe la, Mawu nyanu nawɔ amegbetɔ eve, siwo nye eƒe nuwɔwɔ tɔxɛ la, ada ɖe anyigbaa dzi le via mawudɔlawo ŋkume esi eya ŋutɔ nya nyuie be woava dze aglã ɖe ye ŋua? Edze ƒãa be nunya manɔ eme be Mawu nawɔ ɖoɖo gbegblẽ ma si me afɔku le la o.
Ke hã, ɖewohĩ ame aɖewo abia be, ‘Aleke wɔ Mawu si nya nu wu ame sia ame la menya nu tso afɔku ma ŋu do ŋgɔ o?’ Ele me baa be Mawu ƒe nunya si ɖeke mesɔ kplii o la wɔe be ŋutete le esi be wòaɖe “nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke” ya. (Yesaya 46:9, 10) Gake mezãa eƒe ŋutete sia ɣeawokatãɣi o abe ale si ko mezãa eƒe ŋusẽ triakɔ hã ɣesiaɣi o ene. Yehowa ŋutɔe tiaa ɣeyiɣi si me wòawɔ eƒe etsɔmenyanya ƒe ŋutetea ŋu dɔ, eye nunya le esia me. Ne ehiã eye wòsɔ ko hafi wòwɔa ŋutete sia ŋu dɔ.
Míate ŋu atsɔ ale si Yehowa ƒoa asa na eƒe etsɔmenyanya ƒe ŋutetea zazã ɣeaɖewoɣi la asɔ kple egbegbe mɔɖaŋunu aɖe zazã. Ne ame aɖe be yeakpɔ bɔl si woƒo xoxo helé ɖe mɔ dzi la, ate ŋu atiae be yeakpɔ nuwuwua gbã bena yeanya ale si wòva wu enui. Gake menye dzizizie wònye nɛ be wòawɔe nenema kokoko o. Ðe ame aɖe abu fɔe ne etiae be yeakpɔ wɔna bliboa tso gɔmedzedzea? Nenema kee Wɔla la ŋutɔ tiae be yemakpɔ ale si nuwo ava yii la do ŋgɔ o. Ke boŋ etiae be yealala ale be ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, yeakpɔ ale si ye vi siwo yewɔ ɖe anyigba dzi la le nu wɔ gee ɖa.
Abe ale si míegblɔe va yi ene la, le eƒe nunya me la, Yehowa mewɔ ale si amegbetɔ gbãtɔawo anɔ agbee la ƒe ɖoɖo de wo me do ŋgɔ abe robot ene o. Ke boŋ ena tiatiawɔblɔɖe wo lɔlɔ̃tɔe. Ne wowɔ tiatia nyui la, aɖe woƒe lɔlɔ̃, ŋudzedzekpɔkpɔ, kple toɖoɖo afia, eye ema ana woawo ŋutɔ woagakpɔ dzidzɔ geɖe wu eye woado dzidzɔ na Yehowa, wo Fofo si le dziƒo la hã.—Lododowo 27:11; Yesaya 48:18.
Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be Yehowa mewɔ eƒe etsɔmenyanya ƒe ŋutetea ŋu dɔ le nudzɔdzɔ geɖewo me o. Le kpɔɖeŋu me, esi wòsusɔ vie ko nuteƒewɔla Abraham natsɔ via asa vɔe ko hafi Yehowa gblɔ be: “Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mète wò tenuvi lam o.” (1 Mose 22:12) Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, ame aɖewo wɔa nu gbegblẽ aɖewo siwo ‘doa dziku’ na Mawu. Ðe wòasɔ be wòado dziku nenye be eya ŋutɔ nya do ŋgɔ be ame mawo awɔ nu gbegblẽ mawoa?—Psalmo 78:40, 41; 1 Fiawo 11:9, 10.
Eya ta esɔ be míaƒo nya ta be Mawu mezã eƒe etsɔmenyanya ƒe ŋutetea tsɔ nya do ŋgɔ be mía dzila gbãtɔawo awɔ nu vɔ̃ o. Menye bometsilae Mawu nye ne wòawɔ amegbetɔwo be woava nɔ agbe manyatalenu si eya ŋutɔ zã eƒe etsɔmenyanya ŋutete la tsɔ kpɔ do ŋgɔ, evɔ eya ŋutɔ nagaɖe mɔ be wòadzɔ ne yeakpɔ dzro ko o.
“Mawu Nye Lɔlɔ̃”
Mawu ƒe futɔ Satanae to aglãdzedzea vae le Eden, si me tsonuwo gblẽ nu geɖe le ameƒomea ŋu—nu vɔ̃ kple ku hã le eme. Eya ta “amewulae” Satana nye. Eganye “aʋatsokala kple aʋatsokafofo” hã. (Yohanes 8:44) Esi wònye susu manyomanyowoe le eya ŋutɔ si ta la edina be yeana wòadze be nenema kee mía Wɔla lɔ̃ame la hã le. Edi be yeada amegbetɔwo ƒe nu vɔ̃ ƒe fɔbubua ɖe Yehowa dzi.
Lɔlɔ̃ si le Yehowa si la koŋ ye nye susu vevitɔ kekeake si ta metiae be yeado ŋgɔ anya be Adam kple Xawa ava wɔ nu vɔ̃ o. Lɔlɔ̃e nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ kekeake. Wogblɔ le 1 Yohanes 4:8 be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” Lɔlɔ̃ kana ɖe ame dzi, ke mebua vɔ̃ ɖe ame ŋu o. Ekpɔa ame bubuwo ƒe nyuiƒe. Ɛ̃, lɔlɔ̃ ʋã Yehowa Mawu wòdi nyui na atsu kple asi gbãtɔawo.
Togbɔ be Mawu ƒe vi gbãtɔ siwo wòwɔ ɖe anyigba dzi la ŋutɔ gbɔe wòkpo ɖo be woawɔ tiatia nyui alo tiatia gbegblẽ hã la, mía Mawu lɔ̃ame la ka ɖe eƒe nuwɔwɔ deblibo mawo dzi, si ta mebu susu vɔ̃ ɖe wo ŋu o. Ewɔ nu sia nu si hiã la na wo eye wòna mɔfiame siwo me kɔ nyuie la hã wo. Eya ta ɖeko wòsɔ nyuie be Mawu nɔ mɔ kpɔm be woaɖo to ye lɔlɔ̃tɔe ke menye be woadze aglã ɖe ye ŋu o. Enya be ŋutete le Adam kple Xawa si be woawɔ nuteƒe na ye; ame madeblibowo abe Abraham, Hiob, Daniel, kple bubuawo ene kura gɔ̃ hã te ŋu va wɔ nuteƒe nɛ emegbe.
Yesu gblɔ be: “Mawu gbɔ la, woate ŋu awɔ nu sia nu.” (Mateo 19:26) Nya fakɔname kawoe nye esi! Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nɔnɔme ɖedzesi bubuawo abe dzɔdzɔenyenye, nunya, kple ŋusẽ ene na kakaɖedzi mí be le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, ate ŋu aɖe nu vɔ̃ kple ku me tsonu gbegblẽawo katã ɖa, eye ele ewɔ ge hã.—Nyaɖeɖefia 21:3-5.
Edze ƒãa be Yehowa menya do ŋgɔ be atsu kple asi gbãtɔa awɔ nu vɔ̃ o. Togbɔ be amegbetɔ ƒe tomaɖomaɖo kple fukpekpe siwo katã le dodom tso eme la le tetem ɖe Mawu dzi hã la, enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe nɔnɔme siawo anɔ anyi, eye be womate ŋu axe mɔ na yeƒe tameɖoɖo mavɔ na anyigba kple amegbetɔwo o. Ðe manyo be nàgasrɔ̃ nu geɖe wu tso tameɖoɖo wɔnuku ma kple nu si nàwɔ be emevava naɖe vi na wò la ŋu oa?a
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi numekɔkɔ geɖe tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ŋu la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]
Yehowa mewɔ ale si amegbetɔ gbãtɔawo anɔ agbee la ƒe ɖoɖo de wo me do ŋgɔ abe robot ene o
[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]
Mawu nya be ŋutete le Adam kple Xawa si be woawɔ nuteƒe na