Te Ðe Mawu Ŋu
‘Nye Mawu, Ðo Ŋku Dzinye Hena Nye Nyui’
“M ESUSUI be esi Yehowa nya ame si menye nyuie ta la, mate ŋu alɔ̃m akpɔ o, eye nye nu manyo eŋu hã o.” Nya siae nyɔnu Kristotɔ aɖe, si nɔ sesem le eɖokui me be asixɔxɔ mele ye ŋu o la, gblɔ. Èse le ɖokuiwò me nenema kpɔ, si na nèsusui be yemedze Mawu nabu ye ŋu, kaka wò nu nahayi eŋu nyo ge oa? Ne ele nenema la, ke nya siwo le Nexemiya 13:31 ate ŋu ade dzi ƒo na wò.
Nexemiya, si nye Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔla le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli la, wɔ eƒe ŋutete katã be yeƒe nu nadze Mawu ŋu. Enɔ ŋgɔ wogbugbɔ Yerusalem ƒe gliwo tu, togbɔ be futɔwo tsi tre ɖe wo ŋu hã. Ena wowɔ Mawu ƒe Se la dzi, elé be na ame siwo wote ɖe anyi, eye wòdze agbagba be yeatu ehati Israel viwo ƒe xɔse ɖo. Ðe Mawu de dzesi nu nyui siwo nuteƒewɔla sia wɔa? Ðe Nexemiya ƒe nu nyo Yehowa ŋua? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le agbalẽ si ŋu eƒe ŋkɔ le la ƒe nyataƒonyawo me.
Nexemiya do gbe ɖa be: ‘Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye hena nye nyui.’a Ðe Nexemiya nɔ vɔvɔ̃m be ɖewohĩ Mawu made dzesi nu nyui siwo yewɔ la o, alo be aŋlɔ ye bea? Ao. Anɔ eme godoo be Nexemiya nya nu tso nu siwo Biblia ŋlɔla siwo do ŋgɔ la gblɔ ku ɖe ale si Yehowa tsɔa ɖe le eme na esubɔla wɔnuteƒewo heɖoa ŋku woƒe nyuiwɔwɔwo dzi la ŋu. (2 Mose 32:32, 33; Psalmo 56:9) Ekema nu ka biamee wònɔ Mawu? Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “ɖo ŋku” la fia “nu si nyo ame ŋu la ŋu bubu, kple afɔ si wòaɖe, le esi wòɖo ŋku nu ma dzi ta.” Esi Nexemiya ka ɖe edzi bliboe be ŋusẽ le gbedodoɖa ŋu ta la, enɔ gbɔgblɔm na Mawu be wòana yeƒe nu nanyo eŋu, eye wòayra ye.—Nexemiya 2:4.
Ðe Yehowa aɖo gbe si Nexemiya do ɖa be wòaɖo ŋku ye dzi la ŋua? Le mɔ aɖe nu la, eɖo eŋu xoxo. Ale si Yehowa bui be edze be woawɔ Nexemiya ƒe gbedodoɖaa ŋuti nuŋlɔɖi si anɔ anyi ɖaa la ɖi wòanye Ŋɔŋlɔawo, si tso eƒe gbɔgbɔ me la, ƒe akpa ɖe la ka ɖe edzi na mí be Nexemiya ƒe nu nyo eŋu, eye aɖo ŋku edzi. Ke hã, ‘Gbedodoɖasela’ la awɔ nu si yi ŋgɔ wu ema atsɔ aɖo gbe si Nexemiya do ɖa tso dzi me la ŋu.—Psalmo 65:3.
Mawu agawɔ nu bubuwo atsɔ aɖo nu nyui siwo katã Nexemiya wɔ, le tadedeagu dzadzɛa ta, la teƒe nɛ. (Hebritɔwo 11:6) Le dzɔdzɔenyenye ƒe xexe yeye si ŋugbe Yehowa do me la, ayra Nexemiya to efɔfɔ ɖe tsitre tso kukuawo dome dzi.b (2 Petro 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Ale si mɔnukpɔkpɔ ava su Nexemiya si be wòanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi la ana wòakpɔe be Yehowa ɖo ŋku ye dzi hena yeƒe nyui vavã.
Nexemiya ƒe gbedodoɖaa ɖo kpe edzi be Fia David ƒe nya siawo nye nyateƒe: “Yehowa, wòe yraa ame dzɔdzɔe, eye nètsɔa amenuveve ƒoa xlãe abe akpoxɔnu ene.” (Psalmo 5:13) Ɛ̃, Mawu dea dzesi agbagba si míedzena tso dzi me be míadze ye ŋu, eye wòdea asixɔxɔ eŋu. Zi ale si nèle wò ŋutete katã wɔm be yeadze eŋu ko la, àte ŋu aka ɖe edzi be wò nu anyo eŋu, eye wòaɖo ŋku dziwò ahayra wò geɖe.
Biblia ƒe akpa si míade dzi ƒo na wò be nàxlẽ le February me:
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Teƒe ene siwo Nexemiya do gbe ɖa na Mawu le be wòana teƒeɖoɖo nyui ye le yeƒe nuteƒewɔwɔ ta, le Biblia gbalẽ sia me, la ƒe mamlɛtɔe nye esia.—Nexemiya 5:19; 13:14, 22, 31.
b Be nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso nu si Mawu ɖo be yeawɔ na nuteƒewɔlawo le anyigba dzi la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia kple 7 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.