Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Yehowa Ðasefowo Lɔ̃na Be Woawɔ Atike Na Yewoa?
▪ Yesu gblɔ be, “ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.” (Mateo 9:12) Eya ta eƒe nyawo fia be le Ŋɔŋlɔawo nu la, naneke megblẽ le eŋu be ame naɖe mɔ atikewɔlawo nada dɔ nɛ o. Eya ta Yehowa Ðasefowo lɔ̃na faa be woawɔ atike na yewo eye woakpɔ yewo gbɔ le kɔdzi. Wodi be yewoanɔ lãmesẽ nyui me ahanɔ agbe didi. Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefo aɖewo nye atikewɔlawo, abe ale si Kristotɔ Luka, si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me, hã nye atikewɔla ene.—Kolosetɔwo 4:14.
Ke hã Yehowa Ðasefowo gbea dɔdamɔnu siwo tsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, womelɔ̃na wodoa ʋu na wo o, elabena Biblia tsri ʋuzazã be woatsɔ alé agbe ɖe te. (1 Mose 9:4; 3 Mose 17:1-14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Mawu ƒe Nya la tsi tre ɖe dɔdamɔnu siwo me wowɔa “vivimeŋusẽ,” alo gbɔgbɔyɔyɔ ŋu dɔ le.—Yesaya 1:13, NW; Galatiatɔwo 5:19-21.
Atikewɔla geɖe zãa dɔdamɔnu siwo xɔa ame ɖe agbe siwo metsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o. Zi geɖe la, dɔdamɔnu mawo nyo wu esiwo mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe nudidiwo o, eye Yehowa Ðasefowo ɖea mɔ wozãnɛ na wo.
Susu vovovowoe le amewo si le dɔdamɔnu si woadi be woazã na yewo la ŋu. Nu si aɖe vi na ame aɖe la makpe ɖe ame bubu ya ŋu o. Eya ta ame siwo di be woakpɔ dɔ si ŋutɔŋutɔ lém yewole, eye woawɔ atike nyuitɔ na yewo la, adi be yewoanya atikenyala bubuwo ƒe susu le dɔ si lém yewole ŋu.—Lododowo 14:15.
Menye Ðasefowo katãe awɔ nyametsotso ɖeka ma ke le atikewɔnya aɖe me o. Mawu ƒe Nyaa ɖee fia be Kristotɔ aɖe ƒe dzitsinya ate ŋu aɖe mɔ nɛ wòawɔ nu si to vovo na Kristotɔ bubu tɔ, ne nu si wɔm wòle la metsi tre ɖe Biblia ƒe se aɖeke ŋu o. (Romatɔwo 14:2-4) Eya ta ele be ame sia ame naku nu me tso dɔdamɔnua ŋu bene wòaka ɖe edzi be metsi tre ɖe eƒe dzitsinya si wòtsɔ Biblia na hehee la ŋu o.—Galatiatɔwo 6:5; Hebritɔwo 5:14.
Nɔnɔme si me Ðasefo akpɔ eɖokui le ne ele nyametsotso wɔ ge la ƒe kpɔɖeŋue nye esi: Ʋukula aɖe va ɖo afi si mɔwo de nu wo nɔewo me le. Ne ekplɔ ʋu siwo le eŋgɔ la ɖo ko, eye wòku ʋua sesĩe tso eme la, afɔku ate ŋu ate ŋu adzɔ. Ʋukula si ɖɔ ŋu ɖo la agbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe ale si ʋuwo va le yiyimee ŋu hafi aɖe zɔ. Nenema kee Ðasefowo metsɔa dzitsitsi tsoa nya me le atikewɔnyawo me o, eye womenɔa ha yome nuwo ŋu mabumabu nyuie hã o. Ke boŋ wodaa susu vovovoawo kpɔna hebua Biblia me gɔmeɖosewo ŋu hafi tsoa nya me.
Yehowa Ðasefowo kpɔa ŋudzedze ɖe dɔ sesẽ kple ɖokuitsɔtsɔna ƒe gbɔgbɔ si atikewɔlawo ɖena fiana la ŋu ŋutɔ. Eye wokpɔa ŋudzedze ɖe gbɔdzɔe si wokpɔna le ame siawo ƒe kpekpeɖeŋu ta la ŋu.
[Nɔnɔmetata si le axa 27]