INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 2/1 axa 28-31
  • Egbe Nye Miaƒe Ŋkeke”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Egbe Nye Miaƒe Ŋkeke”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “To Senu”
  • “Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me”
  • “Srɔ̃ Mawudɔla Wɔnuteƒewo Ƒe Kpɔɖeŋu”
  • Ðoɖowɔɖia Ƒe Akpa Vevi Etɔ̃ Bubuwo
  • Nuteƒekpɔkpɔ Kple Gbebiamewo
  • “Na Dzi Nadzɔ Yehowa”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Woɖo Dutanyanyuigblɔlawo “Ðe Anyigba Ƒe Seƒe Ke”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Wode Dzo Wo Me Hena Subɔsubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Wode Dzi Ƒo na Gilead Sukunuwulawo be Woaƒo Nu tso “Nu Dzɔtsuwo” Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 2/1 axa 28-31

Gilead Suku ƒe Klass 129 Lia Nu Wuwu

Egbe Nye Miaƒe Ŋkeke”

LE September 11, 2010 dzi la, ame 8,000 kloe kpe ta hena wɔna vevi aɖe—eyae nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 129 lia ƒe nu wuwu wɔna la. Samuel Herd, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔ gblɔ be: “Egbe nye miaƒe ŋkeke. Eye míeva be míakpɔ dzidzɔ kpli mi!”

“To Senu”

Nɔviŋutsu Herd ʋu kpekpea nu esi wòƒo nu tso ale si wòle vevie be Kristotɔwo katã nawɔ “to senu” la ŋu dɔ nyuie, to ale si woalé to ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu dzi. (Lododowo 20:12) Nɔviŋutsu Herd gblɔ na sukuviawo be, “Mielé to ɖe Yehowa ƒe nyawo ŋu le ɣleti ʋɛ siwo va yi me, eye miayi edzi anɔ esia wɔm yi ɖe mavɔ me.”

Aleke dutanyanyuigblɔlawo ate ŋu awɔ woƒe towo ŋu dɔ le nunya me? Nɔviŋutsu Herd gblɔ be, “To toɖoɖo Mawu ƒe Nya la me.” Egblɔ kpee be: “Wole nu ƒo ge le nu geɖe siwo adzra mi ɖo ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si miawɔ le ƒe siwo gbɔna me la ŋu.”

“Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me”

Gerrit Lösch, si nye Dziɖuha me tɔ, tu nya siwo wògblɔ na sukuviawo ɖe tanya wɔdɔɖeamedzi sia dzi. Ehe susu yi blema kple egbegbe ŋutinya geɖe, siwo me Mawu ƒe amewo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, dzi.

Nɔviŋutsu Lösch gblɔ be nenema kee wòle be “dutanyanyuigblɔlawo naɖo ŋu ɖe Mawu ŋu le woƒe dɔa me.” Egblɔ be, “Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be: ‘Mate ŋu asrɔ̃ gbe yeyea fia? Mate ŋu atrɔ ɖe ale si wonɔa agbee le nutoa me ŋua? Ke ne mele aƒe susum ɖe?’” Nu kae woawɔ? Nɔviŋutsu Lösch de dzi ƒo na sukuviawo be “woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.”

Nɔviŋutsu Lösch xlẽ Lododowo 14:26, si gblɔ be: “Dzideƒo vevi le Yehowa-vɔvɔ̃ me.” Ale si míeka ɖe Yehowa dzi me agasẽ ɖe edzi ne míedea ŋugble le mɔ geɖe siwo nu wòyra mí le ŋu.

Biblia gblɔ be ame siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la anɔ “abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama.”—Yeremiya 17:7, 8.

Nufiamea me kɔ. Nɔviŋutsu Lösch gblɔ be: “Nɔnɔme ka kee ɖadze ŋgɔ mi o, ele be miaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu.”

“Srɔ̃ Mawudɔla Wɔnuteƒewo Ƒe Kpɔɖeŋu”

Nya sia ŋue Stephen Lett, si nye Dziɖuha me tɔ la, ƒo nu tsoe. Mawudɔlawo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mí. Nɔviŋutsu Lett gblɔ be: “Nu siwo katã Biblia ɖe fia le wo ŋu la nyo be míasrɔ̃.” Eyome egblɔ mawudɔla wɔnuteƒe siawo ƒe nɔnɔme ene aɖewo siwo wòle be míasrɔ̃—woƒe dzidodo, ɖokuibɔbɔ, kpekpeɖeŋunana, kple nuteƒewɔwɔ.

Biblia gblɔ be mawudɔla aɖe wɔ avu kple “Persia-fiaɖuƒe la ƒe amegã,” si nye gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋu aɖe la, ŋkeke 21 sɔŋ. (Daniel 10:13) Mawudɔla ma do dzi. Nɔviŋutsu Lett gblɔ be, Kristotɔwo hã ‘le kame tem kple gbɔgbɔmeŋusẽ vɔ̃ɖiwo.’ (Efesotɔwo 6:12) Egblɔ na sukuviawo be: “Miʋli sesĩe be miate ŋu ayi miaƒe dɔa dzi.”

Esi Manoax, si nye Simson fofo, bia mawudɔlaa be wòayɔ eƒe ŋkɔ na ye la, egbe. Mawudɔla ma bɔbɔ eɖokui. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 13:17, 18) Nɔviŋutsu Lett gblɔ na sukuviawo be: “Ne ame ɖe be yeaka fu wò alo ado wò ɖe dzi le wò ŋutetewo ta la, he susu yi Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi ɖokuibɔbɔtɔe boŋ.”—1 Korintotɔwo 4:7.

Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku, esime wònɔ Getsemane bɔa me la, “mawudɔla aɖe tso dziƒo va ɖe eɖokui fiae hedo ŋusẽe.” (Luka 22:43) Mawudɔla ma na kpekpeɖeŋu. Nɔviŋutsu Lett gblɔ be: “Le wò dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me la, de ŋugble le kpekpeɖeŋu si amewo hiã na ŋutɔŋutɔ la ŋu gbedodoɖatɔe, eye le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, dze agbagba nàkpɔ hiahiã mawo gbɔ na wo.”

Esi wònye be mawudɔla akpa gãtɔ medze Satana yome le aglãdzedze me o ta la, míate ŋu agblɔ be dziƒonuwɔwɔ siawo ƒe akpa gãtɔ ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le nuteƒewɔwɔ me.—Nyaɖeɖefia 12:4.

Nɔviŋutsu Lett de dzi ƒo na sukuviawo gblɔ bena: “Migaɖo to Abosam o, mitsi tsitre ɖe eŋu, eye wòasi le mia gbɔ.”—Yakobo 4:7.

Ðoɖowɔɖia Ƒe Akpa Vevi Etɔ̃ Bubuwo

“Na Yehowa Nanye Wò Dzi Ƒe Agakpe.” Gary Breaux, si nye Amerika ƒe Alɔdzekɔmitia me tɔ la, ƒo nu tso tanya ʋãme ma si wotu ɖe Psalmo 73:26 dzi, eye wòkpe ɖe sukuviawo ŋu wokpɔ ale si wòle vevie be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la dze sii. Gɔmesese ka nue Yehowa le abe agakpe ene? Nɔviŋutsu Breaux gblɔ be: “Agakpe ate ŋu alé pepa ɖe anyi be ahom nagaƒoe adzoe o. Le gɔmesese ma ke nu la, Yehowa ate ŋu alé mi ɖe te, eye wòadzɔ miaƒe dziwo ŋu.” Ke hã, ne míedo go dodokpɔwo la, míaƒe dzi ate ŋu able mí. (Yeremiya 17:9) Ale si yame ƒe nɔnɔme to vovoe, nuɖuɖu siwo womeɖu kpɔ o, kple ame yeye siwo woade ha kplii le dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe me—esiawo dometɔ ɖe sia ɖe ate ŋu ana ame nadi be yeana ta. Nɔviŋutsu Breaux gblɔ be: “Miado go nɔnɔme aɖewo, siwo me wòahiã be miabu nu vovovowo ŋu hafi atso nya me. Tiatia si adze Yehowa ŋu lae miawɔa? Ne miewɔe alea la, Yehowa anye ‘miaƒe dziwo ƒe agakpe.’ Afia afɔɖoƒewo mi.”

“Ðe Xɔse Le Asiwò Be Nàɖo Afɔ Tsia Mea?” Gilead sukunufiala Sam Roberson, ye ƒo nu tso tanya sia si wotu ɖe Yosua ta 3 lia dzi la ŋu. Aleke Israel vi miliɔn geɖe te ŋu tso Yordan Tɔsisia le ɣeyiɣi si me tɔa ɖɔ? Yehowa bia tso Yosua si be wòagblɔ na nunɔlawo be ‘woatɔ ɖe Yordan tɔa me.’ Mawu do ŋugbe be: ‘Ne nunɔlawo ƒe afɔƒome ka Yordan me tsia me la, ekema Yordan me tsi la nu atso, eye wòamli kɔ ɖe afi ɖeka.’ (Yosua 3:8, 13) Nɔviŋutsu Roberson gblɔ na sukuviawo be: “Miado go kuxi siwo le abe Yordan ene, siwo axe mɔ ɖe yayra ŋu na mi, nenye be mieɖe mɔ na wo.” Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ woa kple wo hati dutanyanyuigblɔlawo dome manɔ nyonyom tututu o. Nu kae woawɔ? Nɔviŋutsu Roberson gblɔ be: “Wò ŋku nenɔ dɔa ŋu, ke menye dɔwɔlawo o.” Gakpe ɖe eŋu la, ede dzi ƒo na wo be: “Ne xɔse le mia si be miaɖo afɔ tsia me la, Yehowa akpe ɖe mia ŋu miatso ‘Yordan tɔsisiwo’ le miaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.”

“Na Wò Ðoɖowo Nali Ke Sesĩe.” Nyati sia ŋue Gilead sukunufiala William Samuelson ƒo nu tsoe. Wotu eƒe nuƒoa ɖe Lododowo 16:3 dzi, si gblɔ be: “Tsɔ wò dɔwo de asi na Yehowa; ekema wò tameɖoɖowo adze dzi.” Nɔviŋutsu Samuelson bia sukuviawo be: “Ðe esia fia be, be wò ɖoɖowo nali ke la, màwɔ naneke o, ɖeko ‘nàtsɔ wò dɔwo ade asi Yehowa,’ ko evɔa?” Eɖo eŋu be ao, elabena Lododowo 16:1 gblɔ be: “Amegbetɔ tɔ enye dzi ƒe tameɖoɖowo.” Nɔviŋutsu Samuelson gblɔ be: “Yehowa mato nukumɔ dzi aɖɔ wò dzi ɖo na wò o. Ke boŋ ele be nàkpɔ egbɔ be afi si wò dzi trɔ ɖo lae nye nyuitɔ. To nusɔsrɔ̃, gbedodoɖa, kpakple nuwɔwɔ aduadu kple alɔdzedɔwɔƒea dzi la, dzi nyui akpɔtɔ anɔ asiwò, eye Yehowa ŋutɔ ana wò ɖoɖowo nali ke sesĩe.”

Nuteƒekpɔkpɔ Kple Gbebiamewo

Hehe si Gilead sukuviwo xɔna ƒe akpa aɖe bia be woawɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le nutoa me awɔ gbeƒãɖeɖedɔa. Mark Noumair, si hã nye Gilead sukunufialawo dometɔ ɖeka, bia gbe sukuviawo dometɔ aɖewo, ale be wogblɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Nu si koŋ dzi wote gbe ɖo le nuteƒekpɔkpɔawo mee nye akpa si gbedodoɖa wɔna be míetea ŋu kena ɖe dzinyuitɔwo ŋu le anyigbamamaa me.

Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe siwo hã le sukuviawo dome la yi nuɖuɖudzraƒe aɖe. Ðekakpui aɖe si wɔa dɔ le afi ma de dzesii be wole gbe dom ɖa. Ete ɖe wo ŋu hebia wo be Yehowa Ðasefowoe wonye hã. Esi wogblɔe nɛ be yewonye Ðasefowo la, egblɔ na wo be ye dzilawo nye Ðasefowo, gake yeva tra ɖa le xɔse la gbɔ. Ewɔ nu gbegblẽ aɖe gɔ̃ hã, si wɔe be wònɔ gaxɔ me kpɔ. Fifia ɖekakpui sia di be ƒomedodo naganɔ ye kple Yehowa dome ake. Egblɔ hã be hafi atsu kple asi sia nage ɖe nuɖuɖudzraƒea la, yedo gbe ɖa na Mawu hegblɔ nɛ be yedi be yeaɖɔ yeƒe agbe ɖo. Mawu ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu nɛ vavã!

Tanya si ŋu Rudi Hartl, si wɔa dɔ le Agbalẽŋɔŋlɔ Dɔwɔƒea, ƒo nu tsoe ye nye “Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔ Be, Yehowa Ƒe Dɔme Nyo.” Ebia gbe Wayne Wridgway, si tso Mozambique, Jason Reed, si tso Chile, kple Kenji Chichii, si tso Nepal. Wo ame etɔ̃a katã nye dutanyanyuigblɔla siwo de Gilead sukua va yi. Nɔviŋutsu siawo ƒo nu faa tso kuxi siwo wodo goe esi wonye dutanyanyuigblɔla yeyewo ŋu—eƒe ɖewoe nye gbe yeye sɔsrɔ̃, tɔtrɔ ɖe ale si ameawo nɔa agbee ŋu, kple nu si woawɔ ne wole aƒe susum. Nɔviŋutsu Chichii gblɔ be: “Nu siwo kpe ɖe mía ŋu dometɔ ɖekae nye be míedze xɔlɔ̃wo le hame si me míeva nɔ la me enumake. Zi ale si míenɔ tetem ɖe hamea me tɔwo ŋu la, zi nenemae wònɔ bɔbɔe na mí wu be míanɔ te ɖe ale si aƒe nɔ mía dzromee nu.”

Le sukuvi 56-awo katã ƒe ɖaseɖigbalẽwo xɔxɔ vɔ megbe kpuie la, sukunuwulaawo dometɔ ɖeka xlẽ akpedalɛta wɔdɔɖeamedzi aɖe si sukuviawo ŋlɔ. Eƒe akpa aɖe si yi na Dziɖuha la gblɔ be: “Mí sukuviawo míede dzesi ale si mietsɔ mia ɖokui na lɔlɔ̃tɔe heku kutri wɔ ɖoɖo ɖe nu si míasrɔ̃ le sukua me ŋu, ale si mieva srãa mí kpɔ le sukuxɔa me, eye mienaa nufiame nyuiwo mí tso Ŋɔŋlɔawo me. Le esi mielɔ̃ mí ta la, míawo hã míawɔ mía tɔ sinua be míasrɔ̃ miaƒe lɔlɔ̃, dzigbɔɖi, ɖokuibɔbɔ, kple ɖetsɔtsɔ le eme na amewo, le afi si woadɔ mí ɖo.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 28]

“Ne ame ɖe be yeaka fu wò . . . la, he susu yi Yehowa kple eƒe habɔbɔa dzi ɖokuibɔbɔtɔe boŋ”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

“Miado go kuxi siwo le abe Yordan ene”

[Nyaɖoɖo/Anyigbatata si le axa 31]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKAWO

9 dukɔ siwo me wotso

56 sukuvi

28 atsu kple asi

33.0 woƒe ƒe le mama dedie nu

17.9 ƒe ale si nu va yi tso esime woxɔ nyɔnyrɔ

13.3 ƒe si wole ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm le mama dedie nu

[Anyigbatata]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Woɖo sukuviawo ɖe dukɔ 25 siwo dze le afi sia me

DUKƆ SIWO ME WOÐO WO ÐO

BOLIVIA

BOTSWANA

BULGARIA

CONGO (KINSHASA)

CÔTE D’IVOIRE

GAMBIA

GERMANY

INDIA

INDONESIA

KENYA

LIBERIA

MACEDONIA

MADAGASCAR

MALAYSIA

MOZAMBIQUE

PANAMA

PERU

POLAND

ROMANIA

SERBIA

SIERRA LEONE

SWAZILAND

TANZANIA

UGANDA

ZIMBABWE

[Nɔnɔmetata si le axa 30]

Gilead sukuviwo wɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ aɖe ƒe wɔwɔfia

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klass 129 Lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbe, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖe sia ɖe dzi.

(1) Munaretto, R.; Olofsson, Y.; Budden, K.; Najdzion, L.; Moya, G.; Treviño, G.; Dion, A.; Fleegle, A.

(2) Smith, J.; Michael Raj, J.; Smith, S.; Paramo, A.; McDonald, J.; Deans, M.; Joyal, S.; Watson, L.

(3) Joyal, C.; Crawley, T.; Hacker, D.; Shynkarenko, J.; Knapp, T.; Ayling, J.; Highley, C.; Olofsson, B.

(4) Fitzpatrick, M.; Najdzion, B.; Skallerud, L.; Harris, A.; Harris, S.; Budden, R.; Paramo, Y.; Skallerud, K.

(5) Crawley, B.; Michael Raj, J.; Lodge, A.; Lodge, R.; Herms, N.; Fitzpatrick, J.; Moya, R.; Munaretto, P.

(6) Watson, S.; Deans, M.; Hacker, J.; McDonald, J.; Treviño, J.; Harris, S.; Herms, C.; Harris, P.

(7) Shynkarenko, V.; Highley, T.; Smith, A.; Dion, J.; Ayling, R.; Smith, B.; Knapp, T.; Fleegle, B.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe