Ðo Dzi Ðe Yehowa Ŋu Esi Nuwuwua Le Aƒe Tum
“Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa.”—YES. 26:4.
1. Vovototo kae le Mawu subɔlawo kple xexea me tɔwo dome?
MÍELE xexe aɖe si me ame miliɔn geɖewo meganya ame si alo nu si ŋu woaɖo dzi ɖo o la me, ɖewohĩ le esi wode abi woƒe seselelãme ŋu alo ble wo zi gbɔ zi geɖe ta. Alekee Yehowa subɔlawo ya ƒe nɔnɔmea to vovoe nye esi! Esi wònye be Mawu me nunyae fiaa mɔ wo ta la, wonyae nyuie be mele be yewoaɖo ŋu ɖe xexe sia alo ‘amegã’ siwo le xexea me la ŋu o. (Ps. 146:3) Le esia teƒe la, wogblẽa woƒe agbe kple woƒe etsɔme siaa ɖe Yehowa si me, le esi wonyae be elɔ̃ yewo eye wòwɔa eƒe Nya dzi ɣesiaɣi ta.—Rom. 3:4; 8:38, 39.
2. Aleke Yosua ɖo kpe edzi be Mawu nye ame si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo?
2 Yosua si nɔ anyi le blema la ɖo kpe edzi be Mawu nye ame si ŋu míate ŋu aɖo ŋu ɖo. Esi wòsusɔ vie wòaku la, egblɔ na nɔvia Israel viwo be: ‘Mienyae tso dzi blibo kple luʋɔ blibo me bena, nya aɖeke meto le nya nyui, siwo katã Yehowa, mia Mawu la, gblɔ na mi la me o, wo katã va me na mi.’—Yos. 23:14.
3. Nu kae Mawu ƒe ŋkɔa ɖe fia le eŋu?
3 Menye esi Yehowa lɔ̃ esubɔlawo ta koe wòwɔa eƒe ŋugbedodowo dzi ɖo o, ke vevietɔ la, eya ŋutɔ ƒe ŋkɔ tae. (2 Mose 3:14; 1 Sam. 12:22) Aƒetɔ J. B. Rotherham ƒe Biblia gɔmeɖeɖe si woyɔna be The Emphasized Bible la gblɔ tso Mawu ƒe ŋkɔa ŋu le eƒe ŋgɔdonya me be: “[Eva] zu ŋugbedodo nyui aɖe ŋutɔ; enye ŋutete si le Mawu si be wòakpɔ nɔnɔme ɖe sia ɖe, kuxi ɖe sia ɖe, kple hiahiã ɖe sia ɖe si afɔ ɖe te la gbɔ . . . [Enye] ŋugbedodo aɖe, . . . nyaɖeɖefia aɖe, ŋkuɖodzinu aɖe, kple atamkaka aɖe. Mawu awɔ nuteƒe na eƒe Ŋkɔ sia tegbee; ŋu makpee le eŋu gbeɖe o.”
4. (a) Nu kae Yesaya 26:4 de dzi ƒo na mí be míawɔ? (b) Nu kawo mee miadzro le nyati sia me?
4 Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe menya Yehowa nyuie ale gbegbe be mate ŋu aɖo dzi ɖe eŋu bliboea? Ðe mekpɔa mɔ na etsɔme kple kakaɖedzi le esi menya be nu sia nu le Mawu si me ta?’ Yesaya 26:4 gblɔ be: ‘Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ɛ̃, Yehowa enye agakpe tegbee.’ Ele eme be, Mawu megawɔa nukunuwo le amewo ƒe agbe me egbea abe ale si wòwɔe ɣeaɖewoɣi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo ene o. Ke hã, esi wònye ‘Agakpe tegbee’ ta la, míate ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu “ɖaa.” Aleke mía Mawu si dzi míate ŋu aka ɖo la kpena ɖe esubɔla wɔnuteƒewo ŋu egbea? Mina míadzro mɔ etɔ̃ aɖewo me kpɔ: Edoa ŋusẽ mí ne míebia be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu tetekpɔwo dzi, ekpena ɖe mía ŋu ne míele akɔ kpem kple ɖekematsɔleme alo tsitretsiɖeŋu sesẽwo, eye enaa ŋusẽ mí ne dzimaɖitsitsiwo na nu te ɖe mía dzi. Esi míele nu siawo me dzrom la, dze agbagba be nànɔ ŋugble dem le ale si nàte ŋu ado ŋusẽ wò ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu la ŋu.
Ðo Ŋu Ðe Mawu Ŋu Le Tetekpɔwo Me
5. Go ka mee ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu sesẽna le ŋutɔ?
5 Ele bɔbɔe be míaka ɖe ŋugbe siwo Yehowa do ku ɖe Paradiso la alo tsitretsitsia ŋu la dzi—wonye nu siwo míele mɔ kpɔm na vevie. Gake ate ŋu asesẽ ŋutɔ be míaɖo ŋu ɖe eŋu le agbe nyui nɔnɔ ƒe nyawo gome, si fia be míaka ɖe edzi bliboe be agbenɔnɔ ɖe eƒe mɔwo kple dzidzenuwo nu ye nye nu nyuitɔ kple kakaɖedzi be esia wɔwɔe ana míakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake. Fia Salomo ŋlɔ nuxlɔ̃amenya sia be: ‘Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke mègaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.’ (Lod. 3:5, 6) De dzesii be woƒo nu tso míaƒe “mɔwo” ŋu le nya sia me. Ɛ̃, ele be míaƒe agbenɔnɔ katã—menye Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ si le mía si la ɖeɖe ko o—naɖee afia be míeɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu. Alekee míate ŋu aɖe ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu sia afia le tetekpɔwo me?
6. Alekee míate ŋu ado ŋusẽ didi vevie si le mía me be míagbe nu le nuŋububu gbegblẽwo gbɔ?
6 Susu mee nugbegbe le vɔ̃ gbɔ dzea egɔme tso. (Mixlẽ Romatɔwo 8:5; Efesotɔwo 2:3.) Ekema, alekee nàte ŋu ado ŋusẽ didi vevie si le mewò be yeagbe nu le nuŋububu gbegblẽwo gbɔ? Bu mɔ atɔ̃ siwo gbɔna ŋu kpɔ: 1. Do gbe ɖa nàbia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. (Mat. 6:9, 13) 2. De ŋugble le ame siwo meɖo to Yehowa o kpakple ame siwo ɖo toe la ƒe kpɔɖeŋu siwo le Biblia me ŋu. Eye bu tame tso nu siwo do tso eme na wo la ŋu.a (1 Kor. 10:8-11) 3. Bu veve si gbegbe wò ame veviwo ase kple ale si wòate ɖe wo dzii ne èwɔ nu vɔ̃ aɖe la ŋu. 4. De ŋugble le ale si Mawu ase le eɖokui me ne esubɔlawo dometɔ aɖe wɔ nu vɔ̃ gã aɖe ŋu. (Mixlẽ Psalmo 78:40, 41.) 5. Bu dzidzɔ si gbegbe yɔa Yehowa ƒe dzi me ne ekpɔ esubɔla wɔnuteƒe aɖe gbe nu vɔ̃ wɔwɔ eye wòwɔ nu si le dzɔdzɔe, eɖanye le dutoƒo alo le ɣaɣlaƒe o, la ŋu kpɔ. (Ps. 15:1, 2; Lod. 27:11) Wò hã àte ŋu aɖee afia be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.
Ðo Ŋu Ðe Mawu Ŋu Ne Amewo Tsi Tsitre Ðe Ŋuwò Alo Wometsɔ Ðeke Le Eme O
7. Dodokpɔ kawo mee Yeremiya to, eye aleke wòse le eɖokui me ɣeaɖewoɣi?
7 Mía nɔvi geɖewo le subɔsubɔm le anyigbamama siwo me dzidodo hiã le vevie la me. Nyagblɔɖila Yeremiya hã subɔ le nɔnɔme ma tɔgbi me—le Yuda fiaɖuƒea ƒe ŋkeke mamlɛ tɔziawo me. Edo go xɔse ƒe dodokpɔwo gbe sia gbe, elabena egblɔ Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasiwo nuteƒewɔwɔtɔe. Eva ɖo ɣeaɖeɣi la, Barux, si nye eƒe agbalẽŋlɔla wɔnuteƒea gɔ̃ hã va nɔ nyatoƒoe tom le esi nu te eŋu ta. (Yer. 45:2, 3) Ðe dzi ɖe le Yeremiya ƒoa? Le nyateƒe me la, nu va te ɖe edzi ɣeaɖeɣi vevie. Egblɔ vevesesetɔe be: ‘Aɖi ŋkeke, si dzi wodzim la ŋu kpekpekpe; . . . Nu ka ta medo tso danye ƒe dɔ me ɖo, ne manɔ fukpekpe kple nuxaxa kpɔm, eye nye ŋkekewo nayi le ŋukpe me?’—Yer. 20:14, 15, 17b.
8, 9. Le Yeremiya 17:7, 8 kple Psalmo 1:1-3 ƒe nya nu la, nu kae wòle be míawɔ be míayi edzi anɔ ku nyuiwo tsem?
8 Ke hã, Yeremiya mena ta o. Eyi edzi ɖo dzi ɖe Yehowa ŋu. Nu si do tso emee nye be, nyagblɔɖila wɔnuteƒea kpɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖi si le Yeremiya 17:7, 8 la me vava teƒe, afi si gblɔ be: ‘Woayra ŋutsu, si ɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu, ame si ƒe nu ɖoŋuɖeŋua ye nye Yehowa! Eyama le abe ati, si wodo ɖe tɔ to, eye wòɖe ke ɖe tɔʋu ŋu la ene; ne ŋdɔ le vevem la, mevɔ̃na o, eye eƒe aŋgbawo dea ama; ne ku ɖi hã, metsia dzimaɖi o, eye wònɔa tsetse dzi ɖaa.’
9 Abe ati tseku si de ama “si wodo ɖe tɔ to,” alo si le atikutsetsebɔ si wode tsi nyuie me ene la, Yeremiya ‘nɔ tsetse dzi ɖaa.’ Egbe be yemaɖe mɔ fewuɖula vɔ̃ɖiwo nakpɔ ŋusẽ ɖe ye dzi o. Ke boŋ eku ɖe ‘agbetsi’ si léa ame ɖe te la Dzɔtsoƒe la ŋu sesĩe eye wòna nya si Yehowa gblɔ nɛ la tsi dzi me nɛ. (Mixlẽ Psalmo 1:1-3; Yer. 20:9) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi Yeremiya nye na mí! Vevietɔ, na mía dometɔ siwo le Mawu subɔm le anyigbamama siwo me dɔwɔwɔ sesẽ le me! Ne èle nɔnɔme sia me la, yi edzi nànɔ ŋu ɖom ɖe Yehowa, ame si ate ŋu ana nàdo dzi la ŋu vevie, esi ‘nèyi edzi le eƒe ŋkɔ me ʋum le dutoƒo.’—Heb. 13:15.
10. Yayra kawoe su mía si, eye nya kae wòle be míabia mía ɖokuiwo?
10 Yehowa na gbɔgbɔmenɔƒe deama vavã aɖe mí be wòakpe ɖe mía ŋu ado dzi le nɔnɔme sesẽ siwo me tom míele le ŋkeke mamlɛ siawo me la me. Tsɔ kpe ɖe esia ŋu la, egana Mawu ƒe Nya blibo la, si gɔme ɖem wole wòde pɛpɛpɛ ɖe gbe geɖe me la, hã mí. Enaa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe mí to kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe ha la dzi le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Eye ena zɔhɛ gbogbo aɖewo siwo nye haxɔsetɔwo, siwo míedea ha kpli le kpekpewo kple takpekpewo me eye wokpena ɖe mía ŋu la mí. Ðe nèna nu siawo katã ɖea vi na wòa? Ame siwo katã awɔe alea la ‘atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta.’ Ke hã, ame siwo meɖo to Mawu o la, ‘ado ɣli le dzi ƒe vevesese ta, eye woafa avi le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta.’—Yes. 65:13, 14.
Ðo Ŋu Ðe Mawu Ŋu Ne Dzimaɖitsitsi Le Fu Ðem Na Wò
11, 12. Le ale si xexea ƒe kuxiwo le nu la, nu kae nunya vavãtɔ bia be míawɔ?
11 Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, kuxiwo do agbogbo ɖe ameƒomea dzi hegbɔ wo ta abe tsiɖɔɖɔ ene. (Mat. 24:6-8; Nyaɖ. 12:12) Ne tsi ɖe amewo ŋutɔŋutɔ la, nu si wowɔna zi geɖe ye nye be, wodia sitsoƒe le teƒe kɔkɔwo alo wolia xɔwo tame—afi sia afi si kɔ gbɔ tsia ŋu ko. Nenema kee, esi kuxiwo le gã dom ɖe edzi le xexea me la, ame miliɔn geɖe le sitsoƒe dim le yeaɖi kɔkɔƒe siwo wonya, abe gaŋutiɖoɖowo, dunyahehawo, subɔsubɔhawo, kple dzɔdzɔmeŋutinunya kpakple mɔɖaŋununya ene. Ke hã, nu siawo dometɔ aɖeke menyea takpɔkpɔ vavã o. (Yer. 17:5, 6) Gake sitsoƒe vavã le Yehowa subɔlawo ya si—eyae nye ‘Agakpe mavɔ la.’ (Yes. 26:4) Hakpala la gblɔ be: ‘[Yehowa ye] nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ sesẽ.’ (Mixlẽ Psalmo 62:7-10.) Alekee míewɔa Agakpe sia míaƒe sitsoƒee?
12 Ne míeɖoa to Yehowa ƒe Nya, si toa vovo na amegbetɔ ƒe nunya zi geɖe la, efia be míekuna ɖe eyama ŋu. (Ps. 73:23, 24) Le kpɔɖeŋu, ame siwo amegbetɔ ƒe nunya le mɔ fiamee la ate ŋu agblɔ be: ‘Agbea ɖeka koe; na wòaɖe vi na wo bliboe.’ ‘Di dɔ nyui aɖe nàwɔ.’ ‘Di ga geɖe.’ ‘Ƒle esi, ƒle ekemɛ.’ ‘Tsa du; se vivi na xexea.’ Gake mawumenunya ya wɔ ɖeka kple aɖaŋuɖoɖo sia be: “Ame siwo wɔa xexe sia ŋuti dɔ la nenɔ abe ame siwo mele eŋuti dɔ wɔm bliboe o ene; elabena xexe sia ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.” (1 Kor. 7:31) Nenema kee Yesu xlɔ̃ nu mí be míatsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ɣesiaɣi ahato esia me aƒo ‘nu xɔasiwo nu ƒu ɖe dziƒo,’ afi si woanɔ dedie le godoo.—Mat. 6:19, 20.
13. Esi 1 Yohanes 2:15-17 me nyawo le susu me na mí la, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?
13 Ðe nɔnɔme si le asiwò ɖe “xexea” kple “nu siwo le xexea me” ŋu la ɖenɛ fiana be èɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bliboea? (1 Yoh. 2:15-17) Ðe nèdia gbɔgbɔmeyayrawo kple Fiaɖuƒe subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔwo vevie eye nèdea asixɔxɔ wo ŋu wu nu siwo nàkpɔ tso xexea mea? (Flp. 3:8) Ðe nèdzea agbagba vevie be wò ‘ŋku nanɔ nu ɖeka ŋua’? (Mat. 6:22) Le nyateƒe me la, Mawu medi be nànye ame madzeaɖaŋu alo ame si ŋea aɖaba ƒua eƒe agbanɔamedziwo dzi o, vevietɔ ne ƒome le asiwò wòle be nàkpɔ edzi. (1 Tim. 5:8) Gake edi tso esubɔlawo si be woaɖo dzi ɖe ye ŋu bliboe—ke menye ɖe Satana ƒe xexe sia si le kudɔ ƒom la ŋu o.—Heb. 13:5.
14-16. Esi ame aɖewo na woƒe ‘ŋku nɔ nu ɖeka ŋu’ eye wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la, aleke wòɖe vi na woe?
14 De ŋugble le Richard kple Ruth, dzila siwo si vi sue etɔ̃ le la ŋu kpɔ. Richard gblɔ be: “Mesena le ɖokuinye me be mate ŋu awɔ geɖe wu na Yehowa hafi. Nu dze edzi nam le agbe me, gake mese le ɖokuinye me be nu si mate ŋu awɔ na Mawu la ƒe sue aɖe ko wɔm mele. Esi medo gbe ɖa le nya sia ŋu eye mebu eŋu nyuie vɔ la, mía kple Ruth míetso nya me be mabia nye dɔdzikpɔla be wòaɖe mɔ nam mawɔ dɔ ŋkeke ene pɛ ko le kwasiɖa me—togbɔ be ganyawo nɔ sesẽm le míaƒe dukɔa me gɔ̃ hã. Nye dɔdzikpɔla lɔ̃ ɖe nye biabiaa dzi, eye ɣleti ɖeka megbe la, nye dɔwɔɖoɖo yeyea dze egɔme.” Alekee Richard le sesem le eɖokui me fifia?
15 Egblɔ be: “Ne woma fetu si mexɔna tsã ɖe 100 me la, 20 sɔŋ do le eme. Gake fifia la, ŋkeke 50 sɔŋ tsia anyi nam ƒe sia ƒe si metsɔ nɔa nye ƒomea gbɔ henaa hehe vinyewo. Metea ŋu kpɔa gaƒoƒo si mezãna le gbeadzi tsã la ƒe teƒe eve fifia, nye Biblia nusrɔ̃viwo dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃, eye mexɔa ŋgɔ le hamea me dɔwo me fifia geɖe wu tsã. Eye esi wònye be menɔa aƒea me azɔ hena mía viwo gbɔ kpɔkpɔ ta la, Ruth tea ŋu wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣeaɖewoɣi. Meɖoe kplikpaa be, ne anya wɔ la, malé ɖoɖo sia me ɖe asi ɖaa.”
16 Roy kple Petina, siwo gakpɔtɔ le wo vinyɔnu aɖe dzi kpɔm la te ŋu ɖe ɣeyiɣi si wodea dɔme la dzi kpɔtɔ ale be woate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Roy gblɔ be: “Mewɔa dɔ ŋkeke etɔ̃ le kwasiɖa me eye Petina hã wɔa dɔ ŋkeke eve. Eye míeɖe asi le aƒe gã si me míenɔ la ŋu heʋu yi esi le sue wu me. Míenɔ mɔɖeɖedɔa wɔm hafi dzi mía viŋutsu kple mía vinyɔnua, ke hã mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe didia gakpɔtɔ nɔ mía me kokoko. Eya ta esi mía viawo tsi vɔ la, míegadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme ake. Womate ŋu atsɔ yayra siwo gbegbe míekpɔ la asɔ kple ga home aɖeke.”
Na “Mawu Ƒe Ŋutifafa” Nadzɔ Wò Dzi Ŋu
17. Togbɔ be mènya nu si adzɔ le etsɔme o hã la, alekee Ŋɔŋlɔawo fa akɔ na wòe?
17 Mía dometɔ aɖeke menya nu si adzɔ le etsɔme o, elabena “azãgbe kple nuɖiɖeame” li na mí katã. (Nyagb. 9:11) Ke hã, togbɔ be míenya nu si tututu adzɔ le etsɔme o hã la, mele be míaɖe mɔ esia nana míatsi dzimaɖi fifia abe ale si wòdzɔna ɖe ame siwo mele ƒomedodo nyui me kple Mawu o la dzi zi geɖe ene o. (Mat. 6:34) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nu sia nu me la, mitsɔ gbedodoɖa kple kokoƒoƒo kpakple akpedada ana Mawu nanya miaƒe didiwo; eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu.”—Flp. 4:6, 7.
18, 19. Mɔ kawo dzie Mawu tona faa akɔ na mí? Wɔ eƒe kpɔɖeŋu.
18 Yehowa na dzidzeme kple ŋutifafa su nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe siwo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la si. Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Amekola aɖe dze agbagba zi gbɔ zi geɖe be yeado ŋɔdzi nam ne malɔ̃ woado ʋu nam. Gbe ɖeka, esi wòva la, medo gbe nam teti hã o, ɖeko wògblɔ nam be, ‘Bometsinya kae nye ema gblɔm nèle be yemado ʋu o.’ Medo gbe ɖa na Yehowa le tame enumake, eye nenema kee mewɔ ɣebubuɣiwo hã, eye wòna eƒe ŋutifafam. Esia do ŋusẽm. Togbɔ be megbɔdzɔ le esi ʋu megasɔ gbɔ le lãme nam o ta hã la, mete ŋu nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi ɖe susu si tae melé tenɔnɔ sia me ɖe asi ɖo la me.”
19 Ɣeaɖewoɣi la, Mawu ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si míehiã la mí to haxɔsetɔ akɔfala aɖe alo gbɔgbɔmenuɖuɖu aɖe si woana mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi la dzi. Ðewohĩ èsee nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe gblɔ kpɔ be: “Nyati sia tututue mehiã. Àsusu be nyee wokpɔ hafi ŋlɔe!” Ɛ̃, nɔnɔme ka ke mee míeɖale o alo nu ka kee míeɖahiã o, ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, aɖo kpe ale si wòlɔ̃ míi la dzi na mí. Le nyateƒe me la, eƒe ‘alẽwo’ míenye, eye ena woyɔ eƒe ŋkɔ ɖe mía ŋu.—Ps. 100:3; Yoh. 10:16; Dɔw. 15:14, 17.
20. Nu ka tae Yehowa subɔlawo aɖe dzi ɖi bɔkɔɔ ne wohe tsɔtsrɔ̃ va Satana ƒe xexea dzi?
20 Le “Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe” si le aƒe tum kabakaba dzi la, woatsrɔ̃ nu sia nu si ŋu Satana ƒe xexea ɖoa ŋu ɖo la gbidii. Sika kple klosalo kpakple nu xɔasi bubuwo makpɔ ame ta le mɔ aɖeke nu o. (Zef. 1:18; Lod. 11:4) Sitsoƒe ɖeka kolia si anɔ anyi koe nye míaƒe “Agakpe [si li] tegbee” la. (Yes. 26:4) Eya ta mina míaɖee afia fifia be míeɖoa dzi ɖe Yehowa ŋu bliboe to eƒe mɔ dzɔdzɔeawo dzi zɔzɔ nuteƒewɔwɔtɔe me, to gbeƒãɖeɖe eƒe Fiaɖuƒegbedeasia veviedodotɔe me, togbɔ be amewo matsɔ ɖeke le eme o alo woatsi tsitre ɖe mía ŋu hã, kpakple to míaƒe dzimaɖitsitsiwo dodro ɖe eyama dzi me. Ne míele nu siawo wɔm la, ‘míanɔ anyi bɔkɔɔ, eye vɔ̃ ƒe ŋɔdzidoname maɖe dzi le mía ƒo o.’—Lod. 1:33.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye “Keep Yourselves in God’s Love” (“Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me”) ƒe axa 102-106.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
Alekee míate ŋu aɖee afia be míeɖoa dzi ɖe Mawu ŋu
• ne míele tetekpɔwo me tom?
• ne amewo tsi tsitre ɖe mía ŋu alo wometsɔ ɖeke le eme o?
• ne dzimaɖitsitsiwo le fu ɖem na mí?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Mawu ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ nana ame kpɔa dzidzɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
“Yehowa enye agakpe tegbee”