Ènyaa?
Aleke Yuda subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le Yesu ŋɔli bu dukɔ hahoo la me tɔwo?
▪ Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, Israel ƒe ame ŋkutawo kple subɔsubɔhakplɔlawo doa vlo ame manyagbalẽwo kple ame siwo mesrɔ̃ nu yi ŋgɔ o. Biblia gblɔ be Farisitɔwo gblɔ tso ame siawo ŋu be: “Ameha sia si menya Se la o la, fiƒodemewoe wonye.”—Yohanes 7:49.
Agbalẽ bubuwo ɖee fia be Israel ƒe ame ŋkutawo yɔa vlodoameŋkɔ ʽam ha·ʼaʹrets si gɔmee nye “anyigba la dzi nɔlawo,” na dumevi siwo menya agbalẽ o. Tsã la, enye bubuŋkɔ si wozãna na dumeviwo gbadzaa ko. Menye ame dahewo kple ame tsɛwo koe wozãnɛ na o, ke elɔ ame ŋkutawo hã ɖe eme.—1 Mose 23:7; 2 Fiawo 23:35; Xezekiel 22:29.
Ke hã, le Yesu ŋɔli la, wova nɔ nyagbea zãm na ame siwo wobu wo be womenya Mose ƒe Sea o kple ame siwo menyia rabiwo ƒe kɔ gbogboawo o. Mishnah la (si nye numeɖenyawo ƒe ƒuƒoƒo si dzi wova tu Talmud la ɖo) xlɔ̃ nu amewo be womegatsi ame siwo woyɔna be ʽam ha·ʼaʹrets la ƒe aƒe me adɔ o. Le agbalẽ aɖe (The Encyclopedia of Talmudic Sages) ƒe nya nu la, rabiwo ƒe nufialagã Meir ƒe nufiafia aɖee nye be: “Ne ŋutsu aɖe tsɔ vianyɔnu na am ha’aretz be wòaɖe la, ɖeko wòle abe ɖe wòblae hetsɔ da ɖe dzata ŋkume be wòaɖo afɔ edzi hafi avuvui aɖu ene.” Talmud la me nyawo ɖee fia be rabi aɖe gblɔ be “womafɔ ame manyagbalẽwo ɖe tsitre o.”
Gɔmesese ka nue wozã ŋkɔ Kaisaro le le Biblia me?
▪ Kaisaro nye Gaius Julius Caesar, si zu Roma dziɖula le ƒe 46 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la ƒe Roma ƒomeŋkɔ. Roma fiagã siwo va ɖe eyome la dometɔ geɖe tsɔ ŋkɔ Kaisaro, eye Biblia yɔ wo dometɔ etɔ̃ ŋkɔ. Woawoe nye Augusto, Tiberio, kple Klaudio.—Luka 2:1; 3:1; Dɔwɔwɔwo 11:28.
Le ƒe 14 lia Mía Ŋɔli me la, Tiberio zu fiagã, eye wòɖu dzi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔawɔɣi katã. Eya ta, eyae nye Kaisaro si nɔ dzi ɖum esi wobia nya aɖe Yesu ku ɖe adzɔxexe ŋu, eye wòɖo eŋu be: “Mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, gake nu siwo nye Mawu tɔ la, na Mawu.” (Marko 12:17) Edze ƒãa be menye Tiberio ko ƒe nue nɔ susu me na Yesu esi wògblɔ nya sia o. Ŋkɔ “Kaisaro” le tsitre ɖi na dziɖuɖua, alo Dukɔa.
Le ƒe 58 Mía Ŋɔli me esi Festo te kpɔ be yeadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ apostolo Paulo la, Paulo wɔ eƒe gomenɔamesi abe Romatɔ ene ŋu dɔ hebia be Kaisaro nagbugbɔ yeƒe nya adrɔ̃ na ye. (Dɔwɔwɔwo 25:8-11) Esia mefia be Paulo nɔ gbɔgblɔm be Nero ŋutɔ, ame si nye fiagã ɣemaɣi la, nadrɔ̃ nya na ye o, ke boŋ be ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ nadrɔ̃ nyaa.
Wova nɔ ƒomeŋkɔ Kaisaro zãm na Roma dziɖulawo ale gbegbe be esi Kaisaro fiaƒomea me tɔ aɖeke megava nɔ zia dzi o gɔ̃ hã la, egakpɔtɔ nye dzesideŋkɔ na fiawo.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Klosalo denario si dzi Tiberio ƒe nɔnɔmetata le