Ðe Papa La Nye “Petro Kɔkɔe Teƒe Nɔla”?
LE ƑE 2002 me la, Papa John Paul II ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe bisiɔp si le Limburg, le Germany, tsɔ te fli ɖe nyametsotso aɖe si wòwɔ ku ɖe fuɖeɖe ŋu me. Le eƒe agbalẽa ƒe ŋgɔdonya me la, egblɔ be yeƒe agbae wònye be “yeakpɔ egbɔ be nuwo le zɔzɔm nyuie le hamewo katã me, eye be wowɔ ɖeka, le Yesu Kristo ƒe lɔlɔ̃nu nu.” Ebe ŋusẽ le ye si be yeate fli ɖe bisiɔp la ƒe nyametsotsoa me, elabena yee nye “Petro Kɔkɔe teƒe nɔla.”
Le Roma Katolikotɔwo ƒe numeɖeɖe aɖe nu la, “Kristo tsɔ Petro Kɔkɔe ɖo apostoloawo katã ƒe tatɔe.” Katolikohaa gatea tɔ ɖe edzi be “Kristo ƒe ɖoɖoe wònye be Petro teƒe nɔlawo nanɔ ɖoƒe vevi sia ɖaa le haa me; eye bisiɔp siwo le Roma lae nye teƒenɔla siawo.”—New Catholic Encyclopedia (2003), Babla 11, axa 495-496.
Nya gã aɖee nye ema wofɔ ɖe te. Èbu nya ma ŋu nyuie kpɔ be ele eme hãa? Bu biabia etɔ̃ siawo ƒe ŋuɖoɖowo ŋu: (1) Ðe Biblia da asi ɖe edzi be Petroe nye papa gbãtɔa? (2) Nu kae ŋutinya ɖe fia tso ale si papanyenye ƒe ɖoɖoa dze egɔmee ŋu? (3) Ðe papawo ƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo ɖo kpe edzi be wonye Petro teƒe nɔlawoa?
Petroe Nye Papa Gbãtɔa?
Tso gbe aɖe gbe ke la, Katolikotɔwo gblɔna be Yesu ƒe nya siwo dze le Mateo 16:18 la nye kpeɖodzi be wotu hamea ɖe Petro dzi. Afi ma gblɔ be: “Wòe nye Petro, eye nenem kpe gbadza sia dzie matu nye hame la ɖo.” Woŋlɔ nya mawo ɖe Latingbe me ɖe Petro Kɔkɔe Ƒe Gbedoxɔ si le Roma la ƒe akpa si tame le tsutsuẽ la me gɔ̃ hã.
Tsã la, Augustine, si nye Sɔlemeha Fofo si ŋu wodea bubui la, xɔe se be wotu hame la ɖe Petro dzi. Ke hã, ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku la, gɔmesese bubue va nɔ esi ku ɖe nu si Yesu ƒe nyawo fia ŋu. Le agbalẽ si nye Retractations me la, Augustine te gbe ɖe edzi be Yesu dzie wotu Kristo hamea ɖo, ke menye Petro o.a
Nyateƒee, wohe susu yi apostolo Petro dzi zi geɖe le Nya Nyui Gbalẽawo me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ɖe eƒe apostolo etɔ̃, siwo nye Yohanes, Yakobo, kple Petro ɖe vovo kpe ɖe eɖokui ŋu hena wokpɔ nudzɔdzɔ vevi aɖewo teƒe. (Marko 5:37, 38; 9:2; 14:33) Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” de asi na Petro, eye Petro zã wo tsɔ ʋu mɔ na Fiaɖuƒea me yiyi—gbã la, etsɔe ʋu mɔ na Yudatɔwo, eyome Samariatɔwo, kpakple Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo. (Mateo 16:19; Dɔwɔwɔwo 2:5, 41; 8:14-17; 10:45) Esi Petro tsɔa dzo ɖe nu ŋu ta la, ɣeaɖewoɣi la, eƒoa nu ɖe apostolo mamlɛawo nu. (Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:14) Gake ɖe esiawo fia be Petroe nye Kristo hame gbãtɔa ƒe ta?
Apostolo Paulo ŋlɔ le eƒe agbalẽawo dometɔ ɖeka me be Petro nye ‘apostolo na ame siwo tso aʋa.’ (Galatiatɔwo 2:8) Ke hã, nya siwo ƒo xlã eƒe nyawo ɖee fia be menye ɖe wònɔ gbɔgblɔm be hamea le Petro ƒe kpɔkplɔ te o. Akpa si Petro awɔ le nya nyuia gbɔgblɔ na Yudatɔwo ŋu nya gblɔmee wònɔ.
Togbɔ be agbanɔamedzi gãwo nɔ Petro dzi hã la, womegblɔ le Biblia ƒe afi aɖeke be eyae nye hamea ƒe ta, alo be etsoa nya me ɖe nusrɔ̃lawo ƒe ha bliboa nu o. Le agbalẽ si Petro ŋlɔ me la, egblɔ be yenye “apostolo” kple “hamemetsitsi”—etɔ ɖe afi ma.—1 Petro 1:1; 5:1.
Nu Kae Ŋutinya Ðe Fia Tso Ale Si Papanyenyea Dze Egɔmee Ŋu?
Ekema ɣekaɣie papanyenye ƒe ɖoɖoa dze egɔme, eye aleke wòdze egɔmee? Apostoloawo le agbe hafi nukpɔsusu si nye be esɔ be ame naɖu aƒetɔ ɖe haxɔsetɔwo dzi la va nɔ gegem ɖe hamea me. Nu kae nye apostoloawo ƒe susu le nya sia ŋu?
Apostolo Petro ŋutɔ gblɔ na ŋutsu siwo le ŋgɔ xɔm le hamea me be womeganye “ame siwo ɖua aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu ƒe domenyinu la dzi” o; ele be woatsɔ ɖokuibɔbɔ abla ali dzi le nuwɔwɔ ɖe wo nɔewo ŋu me. (1 Petro 5:1-5) Apostolo Paulo xlɔ̃ nu xɔsetɔwo be le hamea ŋutɔ me la, ŋutsu aɖewo atsi tsitre, eye “woagblɔ nya totrowo, be woahe nusrɔ̃lawo ɖe wo ɖokuiwo ŋu.” (Dɔwɔwɔwo 20:30) Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli ƒe nuwuwu lɔƒo la, apostolo Yohanes ŋlɔ agbalẽ aɖe si me wòka mo na nusrɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Diotrefo le vevie. Nu ka tae wòka mo nɛ ɖo? Susuawo dometɔ ɖekae nye be ŋutsu sia “dina be yeanɔ nɔƒe gbãtɔ” le hamea me. (3 Yohanes 9) Nyagbename mawo tɔgbi xe mɔ ɖe nɔƒegãdilawo ƒe tameɖoɖowo nu hena ɣeyiɣi aɖe.—2 Tesalonikatɔwo 2:3-8.
Le apostoloawo ƒe ku megbe kpuie la, ame aɖewo va nɔ aƒetɔ ɖum ɖe haxɔsetɔwo dzi. Agbalẽ aɖe (The Cambridge History of Christianity) gblɔ be: “Anɔ eme be do ŋgɔ na ƒe alafa evelia ƒe domedomee la, ame aɖeke menye bisiɔp ‘kɔkɔtɔ’ le Roma kpɔ o.” Le ƒe alafa etɔ̃lia me la, Roma ƒe bisiɔp la tsɔ eɖokui ɖo ŋusẽnɔƒe kɔkɔtɔ na sɔleme siwo le haa te la dometɔ aɖewo ya teti.b Be kpekpeme nanɔ nya si gblɔm wonɔ be Roma ƒe bisiɔp la sie ŋusẽ le wu la, ame aɖewo yɔ ame vovovo aɖewo ƒe ŋkɔwo be wonye Petro teƒe nɔlawo.
Ke hã, ŋkɔ siwo nu woƒo ƒu la meɖo kpe nya si gblɔm wonɔ la dzi o. Nu ka tae? Gbã la, womete ŋu ɖo kpe edzi be ame siwo ŋkɔ woyɔ la dometɔ aɖewo nɔ anyi kpɔ o. Gawu la, nya ku ɖe nu si dzi wonɔ te ɖo ƒo ŋkɔawo nu ƒu la gɔ̃ hã ŋu. Le mɔ ka nu? Ne nyateƒee wònye be Petro ɖe gbeƒã le Roma, abe ale si agbalẽ aɖewo siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ kple evelia me gblɔ ene gɔ̃ hã la, naneke meɖo kpe edzi be enye hame si nɔ afi ma la ƒe ta o.
Nu siwo fia be Petro menye hame si nɔ Roma la ƒe ta o dometɔ ɖekae nye be esi apostolo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ na Romatɔwo la, eyɔ Kristotɔ siwo nɔ afi ma la dometɔ geɖe ŋkɔ. Ke hã, meyɔ Petro ya ƒe ŋkɔ kura o. (Romatɔwo 16:1-23) Ne ɖe Petro nye hamea ƒe ta la, ɖe wòanya wɔ be Paulo naŋlɔe be alo agbe eƒe ŋkɔ yɔyɔa?
De dzesii hã be le ɣeyiɣi si me lɔƒo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Petro wòŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ la, Paulo hã ŋlɔ eƒe agbalẽ evelia ɖo ɖe Timoteo. Le agbalẽ ma me la, eƒo nu tso Roma ŋu tẽe, ke meyɔ Petro ya ƒe ŋkɔ o. Le nyateƒe me la, Romae Paulo nɔ hafi ŋlɔ agbalẽ ade, gake meyɔ Petro ŋkɔ le wo dometɔ aɖeke me o.
Anɔ abe ƒe 30 ene megbe tso esime Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽwo la, apostolo Yohanes ŋlɔ agbalẽ etɔ̃ hekpe ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ŋu. Yohanes megblɔ le eƒe nuŋlɔɖiawo dometɔ aɖeke me be Roma hameae nye ta na bubuawo katã o, eye mehe susu yi hamea ƒe ŋgɔnɔla aɖe si le ɖoƒe kɔkɔtɔ si ŋu wogblɔ le be enye Petro ƒe teƒenɔla dzi o. Biblia kple ŋutinya me kpeɖodziwo siaa meɖee fia be Petro wɔ eɖokui hame si nɔ Roma la ƒe bisiɔp gbãtɔ o.
Ðe Papawo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Nufiafiawo Ðo Kpe Woƒe Nyaa Dzia?
Ne ame aɖe be yenye “Petro Kɔkɔe teƒe nɔla” kple “Kristo Ƒe Teƒenɔla” la, ke esɔ be míakpɔ mɔ be eƒe agbenɔnɔ kple nufiafiawo nawɔ ɖeka kple Petro kpakple Kristo tɔ. Le kpɔɖeŋu me, ɖe Petro lɔ̃ be haxɔsetɔwo nade bubu tɔxɛ ye ŋua? Ao. Meɖe mɔ be amewo nada bubuŋkɔ tɔxɛwo ɖe ye dzi o. (Dɔwɔwɔwo 10:25, 26) Ke Yesu ya ɖe? Egblɔ be ɖe yeva be yeasubɔ amewo, ke menye be woasubɔ ye o. (Mateo 20:28) Ke aleke papawo ya wɔ nui le go sia me? Ðe woƒoa asa na nɔƒe gã didi hegbena be womegayɔ bubuŋkɔ gãwo na yewo o, alo ƒoa asa na kesinɔnu kple ŋusẽ tsɔtsɔ ƒo adegbeea?
Petro kple Kristo nye agbe nyui nɔla siwo do ŋutifafa ɖe ŋgɔ. Tsɔ ale si ame siawo nɔ agbee sɔ kple nya si Katolikotɔwo ƒe numekugbalẽ si nye Lexikon für Theologie und Kirche (Mawunya Kple Sɔlemea Ŋuti Nyagɔmeɖegbalẽ) gblɔ tso Papa Leo X ŋu: “Esi Leo X ƒo eɖokui ɖe dunyahehe kple ƒometɔwo dzi dede ƒe nuwɔnawo kpakple xexea me ƒe dzidzɔdonamenuwo me vivivo ta la, eŋe aɖaba ƒu hamedɔ siwo le vevie wu la dzi.” Katolikotɔwo ƒe nunɔla kple hameŋutinya ƒe nufialagã Karl Amon gblɔ be nya siwo ŋu kakaɖedzi le siwo wogblɔ tso Papa Alexander VI ŋu la ɖee fia be “eƒo eɖokui ɖe agbe baɖa nɔnɔ me atraɖii, ezã eƒe ŋusẽ ɖe mɔ gbegblẽ nu, edzraa ɖoƒe ɖe ga ta, eye wònɔa agbe gbegblẽ.”
Ke papawo ƒe nufiafiawo ya ɖe? Ðe wowɔ ɖeka kple Petro kple Kristo ƒe nufiafiawoa? Petro mexɔe se be ame nyuiwo katãe ayi dziƒo o. Egblɔ tso Fia David, si nye ame nyui ŋu tẽe be: “David melia yi dziƒowo o.” (Dɔwɔwɔwo 2:34) Azɔ hã, Petro megblɔ le eƒe nufiafiawo me be woana nyɔnyrɔ vidzĩwo o. Ke boŋ le eƒe nufiafiawo nu la, nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔ si xɔsetɔ si le nu nyam la ɖena.—1 Petro 3:21.
Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be mele be wo dometɔ aɖeke nadi be yeaɖu aƒetɔ ɖe nɔviawo dzi o. Egblɔ be: “Ne ame aɖe di be yeanye gbãtɔ la, ele be wòanye wo katã ƒe mlɔetɔ kple wo katã ƒe subɔla.” (Marko 9:35) Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, ena mɔfiame sia si me kɔ la eyomedzelawo: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, gake mi katã la, nɔviwoe mienye. Gawu la, migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o, elabena ame ɖekae nye mia Fofo, Ame si le dziƒo. Eye womegayɔ mi be ‘kplɔlawo’ hã o, elabena ame ɖekae nye miaƒe Kplɔla, Kristo la.” (Mateo 23:1, 8-10) Èsusu be papawo ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Petro kpakple Kristo tɔwoa?
Ame aɖewo gblɔna be ele be papa la ƒe ɖoƒe nakpɔtɔ anɔ esi ne menɔa agbe abe Kristotɔ ene o gɔ̃ hã. Ðe susu le nya ma mea? Yesu gblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui, gake ati vóvo ɖe sia ɖe tsea ku si menyo na naneke o; ati nyui mate ŋu atse ku si menyo na naneke o, eye ati vóvo hã mate ŋu atse ku nyui o.” Le kpeɖodziawo me dzodzro alea vɔ ɖe, ɖe nèsusu be Petro alo Kristo adi be woagblɔ tso yewo ŋu be papa siwo tse ku mawo la nye yewo teƒe nɔlawoa?—Mateo 7:17, 18, 21-23.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Dze si Yesu ɖo kple Petro la ku ɖe ame si Kristo la nye kple eƒe ɖoƒe ŋu, ke menye ɖoƒe si ava su Petro si ŋue wòku ɖo o. (Mateo 16:13-17) Petro ŋutɔ gblɔ emegbe be Yesue nye kpe si dzi wotu hamea ɖo. (1 Petro 2:4-8) Apostolo Paulo hã ɖo kpe edzi be Yesue nye Kristo hamea ƒe “dzogoedzikpe la,” ke menye Petro o.—Efesotɔwo 2:20.
b Yesu kple apostoloawo siaa gblɔe ɖi be ŋutsu siwo fiaa xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo ava kpɔ ŋusẽ ɖe Kristo hamea dzi. (Mateo 13:24-30, 36-43; 2 Timoteo 4:3; 2 Petro 2:1; 1 Yohanes 2:18) Nya mawo va eme esi sɔlemea, alo hame, si nɔ anyi le ƒe alafa evelia me, va nɔ gome kpɔm le trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo me, eye wotsɔ Helatɔwo ƒe xexemenunya tsaka Biblia ƒe nufiafia.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 25]
Ðe kpeɖodziawo ɖee fia be papawo dze Petro ƒe afɔɖoƒewo yomea?