INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 10/1 axa 3
  • Ðe Woble Wòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Woble Wòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Gbegblẽ Siwo Do Tso Alakpadada Gbãtɔ Me
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Petro Kple Anania Da Alakpa—Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Eme?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nu Ka Tae Wòle Be Manye Anukwareɖila?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ðe Nyateƒetoto Gale Vevie Egbea?
    Nyati Bubuwo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 10/1 axa 3

Ðe Woble Wòa?

AVE wò ŋutɔ ne ame aɖe si dzi nèka ɖo la ble wò. Ðewohĩ ŋu akpe wò, dzi aku wò, alo àse le ɖokuiwò me be mewɔ nuteƒe na ye o. Alakpadada gblẽa xɔlɔ̃wo kple srɔ̃tɔwo dome, eye woblea amewo xɔa ga dɔlar miliɔn geɖe le wo si.

Ekema aleke gbegbe wòate ɖe dziwòe nye esi ne èva nyae be nu siwo wogblɔ na wò tso Mawu ŋu la nye alakpa. Ne èdoa vevie mawusubɔsubɔ la, ke ate ɖe dziwò wu, abe ale si wònɔ le sɔlemedela siawo gome ene:

● “Mese le ɖokuinye me be sɔlemea me tɔwo blem.”—DEANNE.

● “Dzi kum. Mese le ɖokuinye me be ɖe woflum, eye nye mɔkpɔkpɔwo kple taɖodzinuwo zu dzodzro.”—LUIS.

Ðewohĩ àse le ɖokuiwò me be manya wɔ be nu siwo wofia wò tso Mawu ŋu la nanye alakpa o. Anɔ eme be ame siwo dzi nèka ɖo, abe dziwòlawo, nunɔla, osɔfo, alo xɔ̃wò vevi aɖe si maɖoe koŋ awɔ nu si agblẽ nu le ŋuwò o, ye fia nu wò tso Mawu ŋu. Ðewohĩ èxɔ nufiafia aɖe dzi se tso wò ɖevime ke. Gake ɖe menye nyateƒee wònye be nya aɖe si dzi ame geɖe xɔ se la tea ŋu nyea alakpa oa? Aƒetɔ Franklin D. Roosevelt, si nye United States ƒe dukplɔla kpɔ la, gblɔ be: “Alakpanya aɖe gbugbɔgagblɔ mana wòatrɔ azu nyateƒe o.”

Aleke nàwɔ anya ne woble wò? Gbe ɖeka esi Yesu nɔ gbe dom ɖa na Mawu la, egblɔ be: “Wò nya la nye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Ɛ̃, Mawu ƒe Nya, Biblia, lae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu mianya nya siwo nye nyateƒe kple esiwo nye alakpa.

Ðe manyo be nàxlẽ nu tso ale si Biblia klo nu le alakpanya atɔ̃ aɖewo siwo amewo gblɔna tso Mawu ŋu zi geɖe la dzi oa? Esia ana nàkpɔ ale si gbegbe nyateƒea nyanya aɖe vi na wòe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe