Na Yehowa Nakplɔ Wò Ayi Ablɔɖe Vavãtɔ Me
‘Lé ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la me.’—YAK. 1:25.
ÀTE ŊU AÐE WO MEA?
Se kae kplɔa ame yia ablɔɖe vavãtɔ me, eye ame kawoe se ma ɖea vi na?
Mɔ vevi ka dzie míato be ablɔɖe vavãtɔ nasu mía si?
Ablɔɖe kae ava su ame siwo katã kpɔtɔ le agbemɔa dzi la si?
1, 2. (a) Nu kae le dzɔdzɔm ɖe ablɔɖe si nɔ amewo si tsã la dzi, eye nu ka tae? (b) Ablɔɖe kae Yehowa subɔlawo le mɔ kpɔm na?
MÍELE ɣeyiɣi aɖe si me ŋukeklẽ, sedzimawɔmawɔ kple ŋutasesẽ le dzidzim ɖe edzi le la me. (2 Tim. 3:1-5) Esia wɔe be dziɖuɖuwo le se geɖe wu dem, wole kpovitɔ geɖe wu xɔm, eye wole videoɖemɔwo zãm tsɔ le nu siwo wɔm amewo le la kpɔm. Le dukɔ aɖewo me la, dukɔmeviwo le agbagba dzem be yewoakpɔ yewo ɖokuiwo ta geɖe wu, eya ta wodea elektrik-toklãnagawo woƒe aƒewo ŋu, wodea gameti bubuwo kpea esiwo li xoxo la eye wotɔa elektrik-kpɔwo gɔ̃ hã ɖe woƒe gliwo tame. Ame geɖewo melɔ̃na be yewoado zã me loo, alo aɖe mɔ yewo viwo ɖeɖe nado aɖanɔ fefem le gota o, eɖanye le ŋkeke me alo zã me o. Eme kɔ ƒãa be ablɔɖe si me amewo nɔ tsã la nu le yiyim tso ŋkeke yi ŋkeke, eye edze abe nɔnɔmea ayi edzi nenema ene.
2 Le keke Eden bɔa me ke la, Satana gblɔ be, ne amegbetɔwo le wo ɖokuiwo si Yehowa ƒe se dzi mawɔmawɔe la, woanɔ ablɔɖe vavãtɔ me. Nu siwo dzɔ tso ɣemaɣi la ɖee fia be alakpanya vɔ̃ɖi aɖee nye ema wògblɔ! Le nyateƒe me la, zi ale si amewo gbe Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ helé woawo ŋutɔwo ƒe mɔ tsɔ la, zi nenemae amegbetɔƒomea katã kpea fu. Nɔnɔme sia wɔe be Yehowa subɔlawo hã kpea fu. Ke hã mɔkpɔkpɔ le mía si be woava ɖe amegbetɔƒomea tso nu vɔ̃ kple gbegblẽ ƒe kluvinyenye me eye woakpɔ nu si Biblia yɔ be “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.” (Rom. 8:21) Le nyateƒe me la, Yehowa le eƒe subɔlawo dzram ɖo xoxo be ablɔɖe ma nasu wo si. Le mɔ ka nu?
3. Se kae Yehowa na Kristo yomedzelawo, eye nyabiase kawo mee míadzro?
3 Ŋuɖoɖoa dze le nu si Biblia ŋlɔla Yakobo yɔ be “se deblibo si naa ablɔɖe” la me. (Mixlẽ Yakobo 1:25.) Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe nyagbɔgblɔ sia gɔme be “se si de blibo si naa ablɔɖe” (Agbenya La) kple “se blibo, si nye ablɔɖese” (Eʋegbe Biblia). Gake zi geɖe la, amewo bua sewo be woxea mɔ na yewo, ke menye be wonaa ablɔɖe yewo o. Ke nu kae nye “se deblibo si naa ablɔɖe la”? Eye aleke se ma naa ablɔɖe mí?
SE SI NAA ABLƆÐE
4. Nu kae nye “se deblibo si naa ablɔɖe la,” eye ame kawoe wòɖea vi na?
4 “Se deblibo si naa ablɔɖe la” mate ŋu anye Mose ƒe Se la o, elabena Yehowa na Mose ƒe Sea Israel viwo be yeana woakpɔe be wonye nu vɔ̃ wɔlawo, eye Sea ƒe dɔwɔwɔ wu enu le Kristo me. (Mat. 5:17; Gal. 3:19) Ekema se ka ŋue Yakobo le nu ƒom tso? “Kristo la ƒe se,” si wogayɔna be “xɔse ƒe se la” kple “ablɔɖedukɔ ƒe se,” lae nɔ susu me nɛ. (Gal. 6:2; Rom. 3:27; Yak. 2:12) Eya ta “se deblibo” la lɔ nu sia nu si Yehowa di tso mía si la ɖe eme. Se sia ɖea vi na Kristotɔ amesiaminawo kple ‘alẽ bubuawo’ siaa.—Yoh. 10:16.
5. Nu ka tae ablɔɖese la menye agba kpekpe o?
5 To vovo na se siwo dukɔ geɖewo dena la, “se deblibo” la gɔme sese kple edziwɔwɔ mesesẽ akpa o, ke boŋ wonye sedede siwo le bɔbɔe kple gɔmeɖose veviwo. (1 Yoh. 5:3) Yesu gblɔ be: “Nye kɔkuti la tsɔtsɔ le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mat. 11:29, 30) Gakpe ɖe eŋu la, menye se gbogbo aɖe si woɖo ɖe ɖoɖo nu ye “se deblibo” la nye o, elabena wotui ɖe lɔlɔ̃ dzi eye woŋlɔe ɖe dziwo kple susuwo me, ke menye ɖe kpewo dzi o.—Mixlẽ Hebritɔwo 8:6, 10.
ALE SI “SE DEBLIBO” LA NAA ABLƆÐE MÍ
6, 7. Nu kae míate ŋu agblɔ tso Yehowa ƒe dzidzenuwo ŋu, eye nu kae ablɔɖese la ɖea mɔ na mí míewɔna?
6 Se siwo Yehowa de na eƒe nuwɔwɔ siwo si nunya le la li na woƒe nyonyo kple takpɔkpɔ. Le kpɔɖeŋu me, bu dzɔdzɔmese siwo kplɔa dziƒoŋunuwo kple anyigba la, abe nuheŋusẽ ene, ŋu kpɔ. Amewo metoa nyatoƒoe be se mawo xea mɔ na yewo o, ke boŋ wokpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu eye wokpɔnɛ dzea sii be yewoƒe nyonyo tae dzɔdzɔmesewo li ɖo. Nenema kee míaƒe nyonyo tae Yehowa ƒe se kple nudidi siwo míesrɔ̃ tso Kristo ƒe “se deblibo” la me la li ɖo.
7 Gakpe ɖe eŋu la, ablɔɖese la kpɔa mía ta eye wòɖea mɔ na mí be míaɖi kɔ na míaƒe didi siwo sɔ la, evɔ míawɔ nu vevi mía ɖokuiwo alo atu afɔkpo ame bubuwo ƒe gomenɔamesiwo kple ablɔɖe o. Eya ta nu vevi si míawɔ be míanɔ ablɔɖe vavãtɔ me—si nye be míawɔ nu siwo dzro mí—lae nye be míatu didi siwo sɔ la ɖo, didi siwo wɔ ɖeka kple Yehowa ƒe amenyenye kple dzidzenuwo. Ne míagblɔe bubui la, ele be míasrɔ̃ ale si míalɔ̃ nu siwo Yehowa lɔ̃ ahalé fu nu siwo wòlé fui; esiae ablɔɖese la kpena ɖe mía ŋu be míawɔ.—Amos 5:15.
8, 9. Viɖe kawoe ame siwo wɔna ɖe ablɔɖese la dzi kpɔna? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.
8 Esi míenye ame madeblibowo ta la, esesẽna na mí ŋutɔ be míaɖu didi gbegblẽwo dzi. Ke hã, ne míewɔ ablɔɖese la dzi nuteƒewɔwɔtɔe la, míeɖɔa ablɔɖe si wònana la kpɔ fifia gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me: Atamanono zu numame na Biblia nusrɔ̃vi yeye aɖe si ŋkɔe nye Jay. Esi wòsrɔ̃e be eƒe agbenɔnɔ ma medzea Mawu ŋu o la, eva hiã be wòawɔ nyametsotso. Ðe wòaɖe mɔ eƒe ŋutilã nayi edzi anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe edzia alo ɖe wòaɖo to Yehowa? Nunyatɔe la, etiae be yeasubɔ Mawu, togbɔ be atama ganɔa edzrom vevie hã. Aleke wòse le eɖokui me esi wòɖu numame sia dzi? Egblɔ be yekpɔ dzidzɔ ŋutɔ eye yele “ablɔɖe gã aɖe me.”
9 Nu si me Jay to la na wòkpɔe be ɖe xexea ƒe ablɔɖe si ɖea mɔ na amewo be ‘woanɔ agbe ɖe ŋutilã la nu’ wɔa amewo kluvii boŋ, gake Yehowa ƒe ablɔɖe, si fia “gbɔgbɔ la ŋu bubu,” ya naa ablɔɖe ame eye wòhea “agbe kple ŋutifafa vanɛ.” (Rom. 8:5, 6) Afi kae Jay kpɔ ŋusẽ tsoe tsɔ ɖu eƒe numame si wɔe kluvii la dzi? Metso eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o; Mawu gbɔe wòtso. Egblɔ be: “Mesrɔ̃a Biblia edziedzi, medoa gbe ɖa biaa gbɔgbɔ kɔkɔe la, eye melɔ̃ xɔ kpekpeɖeŋu si Kristo hamea nam lɔlɔ̃tɔe tso dzi me faa la.” Nu siawo ke ate ŋu akpe ɖe mí katã ŋu be ablɔɖe vavãtɔ nasu mía si. Mina míakpɔ ale si nu siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋui la ɖa.
LÉ ŊKU ÐE MAWU ƑE NYA LA ME
10. Nu kae wòfia be ‘míalé ŋku ɖe’ Mawu ƒe se la me?
10 Yakobo 1:25 ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Ame si léa ŋku ɖe se deblibo si naa ablɔɖe la ŋu, eye wònɔa edzi ɖaa la akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “léa ŋku ɖe . . . ŋu” la fia “be woabɔbɔ akpɔ nane me nyuie,” eye esia bia agbagbadzedze blibo. Ɛ̃, ne míedi be míana ablɔɖesea nakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe dziwo kple susuwo dzi la, ele be míawɔ míaƒe akpa dzi, to Biblia sɔsrɔ̃ veviedodotɔe kple ŋugbledede vevie le nu siwo míexlẽ ŋu me.—1 Tim. 4:15.
11, 12. (a) Aleke Yesu te gbe ɖe edzi be ehiã be míawɔ nyateƒea míaƒe agbenɔnɔmɔe? (b) Abe ale si wòdze le nɔnɔmetata si le etame la me ene la, afɔku kae wòle na sɔhɛwo koŋ be woaƒo asa na?
11 Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be ‘míayi edzi’ alé Mawu ƒe Nya la dzi wɔwɔ me ɖe asi sesĩe, eye míato esia me awɔ nyateƒea míaƒe agbenɔnɔmɔ. Yesu gblɔ nya mawo tɔgbi ke esi wògblɔ na ame aɖewo siwo xɔ edzi se la be: “Ne mieyi edzi nɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃lawo mienye vavã, eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.” (Yoh. 8:31, 32) Agbalẽ aɖe gblɔ be, “miadze si” si wozã le afi sia la fia hã be woakpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu, elabena “asixɔxɔ alo vevienyenye le nu si ‘wonya’ la ŋu na ame si nyae.” Eya ta ‘míedzea si’ nyateƒe la le gɔmesese bliboa nu ne míetsɔe wɔ míaƒe agbenɔnɔmɔe. Ekema míate ŋu agblɔ wòasɔ be “Mawu ƒe nya” la “le dɔ dzi” le mía me, eye wòle míaƒe amenyenye trɔm ale be míate ŋu asrɔ̃ mía Fofo si le dziƒo la geɖe wu.—1 Tes. 2:13.
12 Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe medze si nyateƒe la vavã? Ðe metsɔe wɔ nye agbenɔnɔmɔa? Alo ɖe “ablɔɖe” siwo xexea nana la ƒe ɖewo gadzroam veviea?’ Nɔvinyɔnu aɖe si dzila Kristotɔwo nyi la gblɔ nu si me wòto na mí. Esime wònye sɔhɛ la, exɔ Yehowa dzi se gake medze sii tututu o. Eŋlɔ bena: “Nyemesrɔ̃ ale si malé fu nu siwo wòlé fui o. Nyemexɔe se be etsɔ ɖe le nu siwo mewɔna me vavã o. Eye nyemesrɔ̃ ale si mate ɖe eŋu ne meɖo xaxa me o. Meɖoa ŋu ɖe nye ŋutɔ nye gɔmesese ŋu, evɔ menya be esia nye bometsinuwɔwɔ, elabena nyemenya naneke o.” Dzidzɔtɔe la, nɔvinyɔnua va de dzesii emegbe be yeƒe nuŋububu mesɔ kura o, eye wòwɔ tɔtrɔ gãwo. Eva dze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔ̃ hã wɔwɔ gɔme.
GBƆGBƆ KƆKƆE LA ATE ŊU ANA NÀZU ABLƆÐEME
13. Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu míezua ablɔɖemewoe?
13 Biblia gblɔ le 2 Korintotɔwo 3:17 be: “Afi si Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afi mae ablɔɖe le.” Aleke gbɔgbɔ kɔkɔe la kpena ɖe mía ŋu míezua ablɔɖemewo? Tsɔ kpe ɖe nu bubu siwo wòwɔna na mí ŋu la, enana míetua nɔnɔme nyui siwo le vevie hafi míanɔ ablɔɖe me la ɖo; woawoe nye, “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmenyonyo, nyuiwɔwɔ, xɔse, tufafa, [kple] ɖokuidziɖuɖu.” (Gal. 5:22, 23) Nɔnɔme nyui mawo, vevietɔ lɔlɔ̃ manɔmee la, amegbetɔ aɖeke mate ŋu anɔ ablɔɖe me o. Esɔ ŋutɔ be, esi apostolo Paulo yɔ gbɔgbɔ la ƒe kutsetsea vɔ la, egblɔ kpee be: “Se aɖeke metsi tsitre ɖe nu siawo ŋu o.” Nu kae wòwɔnɛ? Eyae nye be se aɖeke mate ŋu atsi tsitre ɖe gbɔgbɔ la ƒe kutsetsea ŋu be wòagatsi ɖe edzi o. (Gal. 5:18) Nya lae nye be, gɔmesese kae anɔ se ma ŋu? Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wònye be míatu nɔnɔme nyui siwo le Kristo si la ɖo eye míanɔ nɔnɔme nyui mawo ɖem fia yi ɖe mavɔmavɔ me.
14. Mɔ kawo nue xexea ƒe gbɔgbɔ wɔa amewo kluvii le?
14 Ame siwo zu kluvi na xexea ƒe gbɔgbɔ eye woɖia kɔ na woƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo la asusu be yewole ablɔɖe me. (Mixlẽ 2 Petro 2:18, 19.) Gake le nyateƒe me la, womenya be kluviwoe yewonye o. Dziɖuɖuwo dea se gbogbo aɖewo be woatsɔ axe mɔ na ame mawo be woagawɔ nu siwo wodi alo anɔ agbe ale si wodii o. Paulo gblɔ be: “Menye ame dzɔdzɔe tae wodea se ɖo o, ke boŋ sedzidalawo kple tosẽlawo” tae. (1 Tim. 1:9, 10) Woganye nu vɔ̃ ƒe kluviwo hã, eye esia ʋãa wo be woawɔ “nu siwo ŋutilã” la, si nye aƒetɔ vɔ̃ɖi aɖe, “di” la dzi. (Ef. 2:1-3) Le mɔ aɖe nu la, ame siawo ƒomevi le abe anyidi siwo zɔna bibibi ɖoa ta anyitsi si le agba me la me ene. Esi anyitsia le wo nu vivim ta la, kaka woanyaa, woawoe nye ema tsi anyitsia me.—Yak. 1:14, 15.
WONA ABLƆÐE MÍ LE KRISTO HAMEA ME
15, 16. Esi míeva zu hamea me tɔwo la, viɖe kawoe míekpɔ, eye ablɔɖe kae su mía si?
15 Esi nèdze hadede kple Kristo hamea la, menye hadomehabɔbɔ aɖe ƒomevi mee nège ɖo o. Ke boŋ esi Yehowa he wò vae tae nèle hamea me ɖo. (Yoh. 6:44) Nu kae ʋãe be wòwɔ esia? Esi nènye ame dzɔdzɔe si vɔ̃a Mawu taea? Ðewohĩ àɖo eŋu be, “Gbeɖe!” Ke nu kae Mawu kpɔ le ŋuwò? Ekpɔe be dzi si alɔ̃ awɔ ɖe eƒe ablɔɖese la dzi kple dzi si abɔbɔ ɖe eƒe mɔfiafia nyui la te ye le asiwò. Le hamea me la, Yehowa léa be na wò, esi wònyia wò le gbɔgbɔ me, eye wòna ablɔɖe wò tso subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo kple aʋatsodzixɔsewo me hefiaa ale si nàtu amenyenye si ɖi Kristo tɔ ɖo la wò. (Mixlẽ Efesotɔwo 4:22-24.) Esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ su asiwò nèva le ame siwo ko woate ŋu ayɔ be “ablɔɖedukɔ” le xexea me la dome.—Yak. 2:12.
16 Bu esia ŋu kpɔ ko: Ne èle ame siwo lɔ̃ Yehowa kple woƒe dzi blibo dome la, ɖe nènɔa vɔvɔ̃ma? Ðe nènɔa megbe kpɔm enuenua? Ne èle dze ɖom kple nɔvi aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me la, ɖe nèváa wò nunɔamesiwo goŋgoŋ ne menye nenema oa woazu dzebuɖeamamea? Kpao! Ke boŋ èvona le ɖokuiwò me hesena le ɖokuiwò me be yele dedie. Ðe nàte ŋu ase le ɖokuiwò me nenema ne èyi hadomewɔna aɖe wɔƒea? Kura o! Gawu la, ablɔɖe si me nèle fifia le Mawu ƒe amewo dome la nye ablɔɖe si le ŋgɔ gbɔna la ɖɔɖɔ kpɔ vie ko.
“MAWU ƑE VIWO ƑE ABLƆÐE SI ME ŊUTIKƆKƆE LE LA”
17. Aleke amegbetɔƒomea ƒe ablɔɖe do ƒome kple “Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖe fia la”?
17 Esi Paulo nɔ nu ƒom tso ablɔɖe si Yehowa ɖo ɖi na esubɔla siwo le anyigba dzi ŋu la, eŋlɔ bena: “Nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le Mawu ƒe viwo ƒe ɖeɖe fia la lalam.” Eyome egblɔ be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me, eye wòakpɔ Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la.” (Rom. 8:19-21) “Nuwɔwɔ la” fia amegbetɔ siwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le, ame siwo Mawu ƒe vi amesiaminawo “ƒe ɖeɖe fia la” aɖe vi na. Ðeɖe fia ma adze egɔme ne ‘vi’ siawo, siwo wofɔ yi dziƒo la, kpe ɖe Kristo ŋu wotsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã le anyigba dzi eye wokpɔ “ameha gã aɖe” ta woge ɖe nuɖoanyi yeyea me.—Nyaɖ. 7:9, 14.
18. Aleke amegbetɔ toɖolawo ƒe ablɔɖe adzi ɖe edzi, eye ablɔɖe kae asu wo si mlɔeba?
18 Amegbetɔƒome si woɖe la akpɔ ablɔɖe tɔxɛ aɖe—woakpɔ ablɔɖe tso Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Nyaɖ. 20:1-3) Gbɔdzɔe ka gbegbee esia anye! Emegbe Kristo ƒe hati fia kple nunɔla 144,000 la ayi edzi anɔ tafevɔsa la ŋu dɔ wɔm be wòaɖe vi na amegbetɔwo va se ɖe esime amegbetɔƒomea avo tso Adam ƒe nu vɔ̃ kple blibomademade me keŋkeŋ. (Nyaɖ. 5:9, 10) Ne amegbetɔwo wɔ nuteƒe le dodokpɔ mamlɛa me la, ablɔɖe deblibo si me Yehowa ɖo be amegbetɔwo nanɔ le gɔmedzedzea me, si nye “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la,” asu wo si. Bu eŋu kpɔ ko! Màganɔ ʋiʋlim vevie hafi awɔ nu si sɔ le Mawu ŋkume o, elabena wò ŋutilã, wò dzi kple wò susu siaa ade blibo, eye àte ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe nɔnɔmewo bliboe.
19. Nu kae wòle be míayi edzi anɔ wɔwɔm egbea be míakpɔtɔ anɔ mɔ si kplɔa ame yia ablɔɖe vavãtɔ me la dzi?
19 Èle mɔ kpɔm na “Mawu ƒe viwo ƒe ablɔɖe si me ŋutikɔkɔe le la” veviea? Ne nenemae la, ekema na “se deblibo si naa ablɔɖe la” nayi edzi anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe wò dzi kple wò susu dzi. Ɛ̃, srɔ̃ Ŋɔŋlɔawo veviedodotɔe. Nɔ agbe wòawɔ ɖeka kple nyateƒe la, eye nàwɔ nyateƒea tɔwòe. Do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔe la. Na Kristo hamea kple gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo Yehowa nana la naɖe vi na wò bliboe. Mègaɖe mɔ Satana nable wò, abe ale si wòble Xawa ene, eye nàsusu be agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe mɔwo nu sesẽ akpa o. Le nyateƒe me la, Abosam ate ŋu aflu ame vevie ŋutɔ. Gake abe ale si míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene la, mele be míaɖe mɔ “Satana ƒe asi [nasu] mía dzi o, elabena eƒe nugbeɖoɖowo mele manyamanya na mí o.”—2 Kor. 2:11.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Ðe “ablɔɖe” siwo xexea nana la ƒe ɖewo gadzroam veviea?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]
Ðe metsɔ nyateƒea wɔ nye agbenɔnɔmɔa?