INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 11/1 axa 8-9
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2020
  • Nya Si Biblia Gblɔ Tso Fukpekpe Ŋu
    Nyɔ!—2015
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 11/1 axa 8-9

Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?

IAN fofo nye aha tsu nola. Togbɔ be agbemenuhiahiãwo su Ian si tso eƒe ɖevime hã la, ale si fofoa metsɔ ɖeke le eme nɛ o la te ɖe edzi. Ian gblɔ be: “Nyemelɔ̃ eƒe nya o, vevietɔ le eƒe ahanonoa kple ale si wòwɔa nu ɖe danye ŋu ta.” Esi Ian tsi la, eva nɔ ɖi kem nenye be Mawu li vavã. Ebiaa eɖokui be, “‘Ne Mawu li vavã la, ke nu ka tae wòɖe mɔ fukpekpe li?’”

Nu ka tae wòsɔ be woabia nya sia?

Ne mèle kuxi boo aɖeke me tom o gɔ̃ hã la, ɖewohĩ etena ɖe dziwò ŋutɔ ne èkpɔ ame maɖifɔwo wole fu kpem. Ke hã, abe ale si wòle le Ian gome ene la, nu si tae míekpea fu ɖo la gɔme sese anɔ vevie na wò wu nenye be wò ŋutɔ èle kuxi sesẽwo me tom alo wò ame vevi aɖe dze dɔ alo ku.

Aleke ame aɖewo ɖoa eŋui?

Ame aɖewo xɔe se be Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe nu be yeafia ale si míabɔbɔ mía ɖokui ahase veve ɖe ame nui la mí. Ame bubuwo susui be amewo kpea fu fifia ɖe agbe si wonɔ kpɔ hafi gava dzɔ la ta.

Nu kae ŋuɖoɖo mawo fia?

Amegbetɔwo ƒe fukpekpewo mewɔa dɔ ɖe Mawu dzi o, eya ta asesẽ be míalɔ̃e. Afia hã be Mawu nye ŋutasẽla.

Nu kae nye Biblia ƒe nufiafia?

Biblia na eme kɔ ƒãa be menye Mawue nana amegbetɔwo kpea fu o. Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe le tetekpɔ me tom la, negagblɔ be: ‘Mawue le teyem kpɔ’ o. Elabena womate ŋu atsɔ nu vɔ̃ɖiwo ate Mawu kpɔ o, eye eya ŋutɔ hã metea ame aɖeke kpɔ o.” (Yakobo 1:13) Le nyateƒe me la, dzixɔse si nye be Mawue nana míekpea fu la mewɔ ɖeka kple ale si Biblia ɖɔ Mawui o. Le mɔ ka nu?

Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔwo dometɔ ɖekae nye lɔlɔ̃. (1 Yohanes 4:8) Biblia gblɔ tso Mawu ŋu be esea veve ɖe mía nu abe ale si vidada sena le eɖokui me ɖe via nu ene tsɔ te gbe ɖe nya ma dzi. Mawu bia bena: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!” (Yesaya 49:15) Ðe nèsusui be vidada si lɔ̃a via aɖoe koŋ awɔ nu vevi via? Ao, ɖe wòadze agbagba ana gbɔdzɔe boŋ. Nenema kee Mawu hã mehea fukpekpe vaa ame maɖifɔwo dzi o.—1 Mose 18:25.

Togbɔ be ele alea hã la, ame maɖifɔwo le fu kpem kokoko. Ðewohĩ àbia be, ‘Ne Mawu tsɔa ɖe le eme na mí, eye wònye ŋusẽkatãtɔ la, ke nu ka tae meɖe nu siwo gbɔ fukpekpewo tsona la ɖa o?’

Susu nyui aɖewo tae Mawu ɖe mɔ míele fu kpem fifia ɖo. Bu wo dometɔ ɖeka ko ŋu kpɔ: Zi geɖe la, amewoe nana ame bubuwo kpea fu. Ŋlɔmiwɔlawo kple ŋutasẽla geɖe siwo nana amewo sea veve la gbe dzimetɔtrɔ. Eya ta be Mawu naɖe nu siwo koŋ gbɔ fukpekpe tso dometɔ ɖeka ɖa la, ele be wòatsrɔ̃ ame mawo ƒomevi.

Esi apostolo Petro nɔ nu si tae Mawu metsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo haɖe o me ɖem la, eŋlɔ bena: “Yehowa mele wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodo la ŋu abe ale si ame aɖewo se blewuwɔwɔ gɔme ene o, ke boŋ egbɔa dzi ɖi na mi, elabena medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be amewo katã naɖo dzimetɔtrɔ gbɔ.” (2 Petro 3:9) Lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ tae Yehowa Mawu gbɔ dzi blewu ɖo.

Gake eteƒe madidi o, Yehowa Mawu aɖe afɔ. Atsɔ “xaxa aɖo eteƒe na ame siwo hea xaxa vaa” ame maɖifɔwo dzi. Ame siwo nana amewo kpea fu madzemadzee la “akpɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ƒe tohehe.”—2 Tesalonikatɔwo 1:6-9.

Ian, ame si ƒe nya míegblɔ va yi la, kpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na eƒe nyabiase siwo ku ɖe fukpekpe ŋu. Nu si wòsrɔ̃ la trɔ eƒe agbenɔnɔ. Àte ŋu axlẽ nu tso eŋu le magazine sia ƒe axa 13 lia.

Ðe manyo be nàxlẽ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia be nàsrɔ̃ nu geɖe tso nu si tae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li kple nu si wòava wɔ tso eŋu la ŋu oa? Àte ŋu awɔ eƒe kɔpi le www.pr418.com

Nu Kae Yesu Gblɔ Tso Fukpekpe Ŋu?

Yesu mebu fɔ Mawu ɖe eŋɔlimetɔwo ƒe fukpekpewo ta o. Nu siwo wòwɔ boŋue nye esiwo gbɔna.

Yesu ɖee fia be Mawu metsɔa fukpekpe hea to na ame maɖifɔwo o. Yesu da gbe le dɔnɔwo, atatututɔwo kple ŋkuagbãtɔwo ŋu. (Mateo 15:30) Eƒe nukunuwo fia nyateƒenya vevi eve aɖewo mí: Gbã la, Yesu mezã ŋusẽ si Mawu nae la tsɔ he fukpekpe va amewo dzii o, etsɔe lé woƒe fukpekpewo nu boŋ. Evelia, Yesu se veve ɖe ame siwo ŋu wòda gbe le la nu. Esi wòkpɔ amewo wonɔ fu kpem la, “woƒe nu wɔ nublanui” nɛ. (Mateo 20:29-34) Yesu ɖe ale si Fofoa sena le eɖokui me ɖe amewo ƒe fukpekpewo ŋu la fia bliboe. Eya ta le nya siwo Yesu gblɔ kple nu siwo wòwɔ me la, míekpɔe be amewo ƒe vevesese teƒe kpɔkpɔ tena ɖe Mawu dzi, eye edi be yeana gbɔdzɔe wo.—Yohanes 14:7, 9.

Yesu ɖee fia be Satana Abosam koŋ gbɔe amegbetɔƒomea ƒe fukpekpewo tso. Yesu gblɔ be: “Amewulae ame ma nye tso gɔmedzedzea me.” (Yohanes 8:44) Yesu ɖee fia hã be Satana Abosam ye nye “xexe sia dzi ɖula,” eye eyae le “anyigba dzi nɔlawo katã blem.”—Yohanes 12:31; Nyaɖeɖefia 12:9.

Yesu na míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me fukpekpewo katã nu ayi. Efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo si le dziƒowo, . . . wò fiaɖuƒe nava. Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.” (Mateo 6:9, 10) Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea va la, fukpekpe maganɔ anyigba dzi o, abe ale si ko fukpekpe mele dziƒo hã o ene.

Le nu siwo ava dzɔ ŋuti ɖeɖefia aɖe si Yesu na apostolo Yohanes kpɔ me la, Yesu ɖɔ ale si agbea anɔ na ame siwo anɔ Mawu Fiaɖuƒea te. Ɣemaɣi la, Mawu “[atutu] aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 1:1; 21:3, 4.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe