INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 9/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kawo Alo Nu Kawoe Nye Mawudɔlawo?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Aleke Gbɔgbɔwo Kpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Mawudɔlawo Nusi Woate Ŋu Awɔ na Mí
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Mawudɔlawo—‘Wonye Gbɔgbɔwo Hena Dutoƒo Subɔsubɔdɔ Wɔwɔ’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 9/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe mawudɔlawo kpena ɖe mía ŋua?

Daniel le dzatawo ƒe do me eye mawudɔla le eta kpɔm be woagawɔ nu vevii o

Abe ale si mawudɔlawo kpe ɖe Mawu subɔla wɔnuteƒe Daniel ŋu le blema ene la, nenema kee wokpena ɖe amewo ŋu egbea be nya nyui la naɖe vi na wo

Yehowa Mawu wɔ mawudɔla miliɔn geɖe xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔwo. (Hiob 38:4, 7) Mawudɔla siawo nye gbɔgbɔmeme siwo si ŋusẽ le, siwo wɔa Mawu ƒe gbe dzi. Ɣeaɖewoɣi la, Mawu dɔa wo ɖa be woafia mɔ yeƒe subɔla siwo le anyigba dzi ahakpɔ wo ta. (Psalmo 91:10, 11) Egbea, mawudɔlawo le kpekpem ɖe amewo ŋu be nya nyui si Yesu yomedzelawo le gbeƒã ɖemee la naɖe vi na wo.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

Ðe wòle be míado gbe ɖa na mawudɔlawoa? Ao. Subɔsubɔnuwɔnae gbedodoɖa nye, eye Mawu ɖeka koe wòdze be míado gbe ɖa na. (Nyaɖeɖefia 19:10) Esi wònye be Mawu ƒe subɔlawoe mawudɔlawo nye ta la, womewɔa amewo ƒe gbe dzi o, ke boŋ Mawu ƒe gbe dzie wowɔna. Eya ta Mawu ɖeka koe wòle be míado gbe ɖa na to Yesu dzi.​—Xlẽ Psalmo 103:20, 21; Mateo 26:53.

Ðe mawudɔla vɔ̃ɖiwo hã lia?

Esi Mawu wɔ mawudɔlawo la, ena tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe wo abe amegbetɔwo ke ene, si fia be woate ŋu atiae be yewoawɔ nyui alo vɔ̃. Nublanuitɔe la, mawudɔla geɖewo dze aglã ɖe Mawu ŋu. (2 Petro 2:4) Wo dometɔ si dze aglã gbã lae nye Satana; bubuwo hã dze eyome eye wozu gbɔgbɔ vɔ̃wo. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, wonya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo hetsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba dzi.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:7-9.

Ŋutasesẽ kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siwo le dzidzim ɖe edzi tso ƒe 1914 me ke la nye dzesi be eteƒe madidi o, Mawu axɔ ŋusẽ le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo siaa si. Ekema Mawu ana anyigba la nazu Paradiso abe ale si wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 12:12; 21:3, 4.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 10 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.pr418.com/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe