Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu be Woasrɔ̃ Nu le Ame Vevitɔ Ŋu
1 Ame geɖe siwo xlẽ Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa la, ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ vavã si ɖe ŋusẽ si wòkpɔ ɖe woƒe agbe dzi la fia. Wo dometɔ ɖeka ŋlɔe be: “Esi mexlẽe wu enu la, mebui be Yesue kpem be mava wɔ ɖeka kpli ye, anɔ ye gbɔ, akpe fu kple ye, ase veve kple ye, akpɔ gome le eƒe subɔsubɔdɔ ɖesiaɖe me kplii ene. . . . Agbalẽa xexlẽ ɖeko wòle abe Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋuti sinima kpɔm mele ene.”
2 Menye Yesu ɖeɖekoe Ame Vevitɔ ƒe agbalẽ kpena ɖe mía ŋu be míanya nyuie o ke ena míenyaa Yehowa hã ɖe edzi. (Yoh. 14:9) Ƒe 12 vi aɖe gblɔ le agbalẽa ŋu be: “Efa akɔ nam ale gbegbe be esi mexlẽe vɔ teti ko la, metsɔ dzidzɔ ƒe aɖatsi do gbe ɖa na Yehowa. Le menye ke la, kakaɖedzi gasu asinye be Yehowa kple Yesu wodzɔa mía ŋu.” Yesu gblɔ abe alesi wòle Yoh. 17:3 ene be ne míenya Yehowa kple Via la míakpɔ agbe mavɔ. Nusɔsrɔ̃ le Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu le agbalẽ sia me na míese Yehowa ƒe amenyenye gɔme etɔxɛe elabena Yesue nye “eƒe mawunyenye ƒe nɔnɔme.”—Heb. 1:3.
3 Wota Ame Vevitɔ ƒe agbalẽ miliɔn 19 kple edzivɔwo ɖe gbegbɔgblɔ si wu 70 me. Esia ɖe alesi gbegbe amewo le agbalẽa xɔmee fia. Ame geɖewo xlẽe wu enu esi woxɔe vɔ megbe teti ko. Ðetsɔlemetɔ aɖe tsɔ kwasiɖa eve xlẽ agbalẽa katã vɔ esime wòxɔe. Osɔfo aɖe si xɔ agbalẽa gblɔ be: “Nyemate ŋu adae ɖi o. Mía kple srɔ̃nye míexlẽa eƒe akpa aɖe fiẽ sia fiẽ hafi mlɔa anyi.”
4 Vomeɖaseɖiɖi: Nɔviŋutsu aɖe tsɔ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa fia amewo le eƒe dɔwɔƒe. Ame geɖewo va see be agbalẽ sia le esi, eye emenyawo kaka ɖo ame bubuwo hã gbɔ. Eƒe dɔwɔhatiwo ŋlɔ amesiwo hiã agbalẽa ƒe ŋkɔwo. Ena agbalẽ 461! Amesiwo xɔe la dometɔ atɔ̃ le nu srɔ̃m. Nɔvinyɔnu aɖe si ɖo yameʋu yina afi aɖe la na Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa nunɔla aɖe si yina papatenɔla yeye ɖo ƒe. Nunɔlaa le Vatikan-dua me ƒe 40 sɔŋ. Ele be mí katã míawɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ atsɔ akafu agbalẽa na ame bubuwo.
5 Sɔhɛwo Kpɔa Dzidzɔ Ðe Eŋu: Sɔhɛwo le dzidzɔ kpɔm ɖe agbalẽa ŋuti ŋutɔ. Ƒe asieke vi aɖe ŋlɔe be: “Agbalẽ si melɔ̃ xexlẽ wue nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ elabena mesrɔ̃a nu geɖe tso eme.” Ne míedo go sɔhɛwo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me eye wo dzilawo ɖe mɔ la, ele be míagbɔ dzi ɖi adzro nya vevi siwo le eme kple nutatawo dometɔ aɖewo me kpli wo. Ðewohĩ míate ŋu ana agbalẽ sɔhɛ siawo. Ne mɔnukpɔkpɔ su egbe sɔhɛwo si be woanya nu tso Yesu ŋu la, ana woava do ƒome kplii. Yesu nye amesi ŋu woate ŋu ate ɖo.—Mat. 19:14, 15.
6 Ne amewo xlẽ Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa la, ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ. Kpe ɖe ame alesinu nàte ŋui ŋu be woanya emenyawo. Wɔ nya siwo le agbalẽa ƒe ŋgɔdonya ƒe axa mamlea le tanya sue si nye “Srɔ̃ Nu tso Eŋu be Woàɖe Vi na Wò” ŋudɔ. Nyati siawo akpe ɖe amewo ŋu be woƒe susu nanɔ viɖe siwo woakpɔ ne woxlẽ agbalẽa ŋu. Ame geɖe siwo le miaƒe anyigbamamã me agblɔ abe alesi ame aɖe gblɔ ene be: “Eyae nye agbalẽ nyuitɔ kekeake si mexlẽ kpɔ! Etrɔ nye agbenɔnɔ.”