INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 4/94 axa 2
  • Dzadzɛnyenye Dea Bubu Mawu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzadzɛnyenye Dea Bubu Mawu Ŋu
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mawu Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Dzadzɛnyenye—Nuka Tututue Wòfia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Aleke Dzadzɛnyenye Le Vevie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Dzadzɛnyenye—Nu Ka Tae Wòle Vevie?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 4/94 axa 2

Dzadzɛnyenye Dea Bubu Mawu Ŋu

1 Dzadzɛnyenye ƒe nudidi siwo dzi wòle be woawɔ ɖo la le Mose ƒe Sea me. Wona Israel-vi siwo si wobia tso be woanɔ dzadzɛ le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa la to vovo. (Mose III, 11:35, 36; 15:1-11; Yes. 52:11) Dzadzɛnyenye sia de bubu Mawu ŋu eye wòna dukɔa nɔ lãmesẽ me.

2 Egbea hã la, dzadzɛnyenye nye Yehowa ƒe amewo ƒe dzesi aɖe. Gake togbɔ be esia nye dzesi le Yehowa ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa ŋu hã la, ɖe wòle nenema le mía dometɔ ɖesiaɖe gomea? Afisi míetsɔa ɖe le beléle na ame ɖokui kple dzadzɛnyenye me se ɖo la ɖea alesi gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nudidiwo ŋui fiana.

3 Míaƒe aƒewo me ƒe dzedzeme ya ɖe? Ðe wonana amewo bua susu vɔ̃ ɖe Fiaɖuƒegbedasi si míeɖea gbeƒãe la ŋua? Ðe ame aɖewo ate ŋu ake ɖi míaƒe anukwaretɔnyenye ne míeƒoa nu tsoa anyigba tɔtrɔ wòazu paradiso ŋu esime míeléa be na mía ŋutɔwo ƒe aƒewo me o eye gbe to ɖe aƒea ŋua? Ne nuwo mele ɖoɖonu le míaƒe aƒewo me o alo makɔmakɔnyenye na aƒea me le ʋeʋẽm la, ɖe míate ŋu agblɔ be míetu “dzadzɛnyenye ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔna siwo asɔ le [xexeme yeye] si le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te me” la ɖoa?—om axa 130-1.

4 Ke míaƒe ʋu, dzokeke, alo gasɔ ya ɖe? Ðe eme kple eŋu le dzadzɛ alesi dze ale be eƒe dzedzeme mana amewo nabu susu vɔ̃ ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu oa? Míaƒe awudodo, akplo, kple mía ŋutɔwo ƒe lekewɔwɔ ya ɖe? Ðe wole dzadzɛ hedze eye metɔa ŋku na ame oa? Nunya le eme be míana mía ɖokuiwo kple míaƒe nudodowo nanɔ dzadzɛ to tsilele kple nunyanyã me.—w89 6/1 axa 16-19.

5 Nukae woawɔ ne nɔvi aɖe megaléa be na eɖokui o eye bemalémale na eɖokui alo enɔƒe he vlododo va hamea dzi? Ðewohĩ ahiã kpekpeɖeŋu lɔlɔ̃tɔe le tsitsi alo lãmegbegblẽ ta. Ne nenemae la, anye dɔmenyowɔwɔ be woakpe ɖe eŋu. Kuxi sia anɔ ame aɖe ŋu gake manɔ nyanya nɛ gɔ̃ hã o; nuxɔxlɔ̃ dɔmenyotɔe aʋãe be wòaɖɔ nɔnɔmea ɖo. Medze be woana mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ amesiwo yia edzi ɖoa kpɔɖeŋu gbegblẽ le nya sia gome la le hamea me o. Gake ele be hamemegãwo nanɔ ŋudzɔ ɖe woa ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo alo nudidiwo ɖoɖo na ame bubuwo ŋu.

6 Míekpea ɖetsɔlemetɔ yeyewo vaa gbɔgbɔmekplɔɖoƒe le míaƒe Fiaɖuƒe Akpataa me. Zi geɖe la, míetsia dzi ɖe amewo kpekpe ŋu le esi akpataa me nya kpɔ hele dzadzɛ ta. Gake ebia dɔwɔwɔ be wòanɔ nenema. Lé ŋku ɖe miaƒe akpataa me. Ðe zikpuiawo, anyigba, kple gliawo ŋu le dzadzɛa? Ðe mieklɔa aɖuɖɔɖɔƒeawo alo nugododeƒeawo ɣesiaɣia? Ne anyigbakuntru si ƒo ɖi alo aŋɔ si wosi na gliawo ƒe fofo kpɔkpɔ va mã mí la, míava bui be wonyo. Gake nukpɔsusu gbegblẽ asu amedzro siwo ava afima zi gbãtɔ la si woatsɔ dzoe. Ele be míawɔ míaƒe ŋutete katã be akpataa me nanɔ dzadzɛ ahadze ani, eye míawɔ míaƒe akpa dzi le afima kpɔkplɔ kple edzadzraɖo me.

7 Míate ŋu akafu Mawu nya aɖeke magblɔe to mía ɖokui, míaƒe aƒewo, míaƒe ʋuwo, kple Fiaɖuƒe Akpatawo ƒe dzedzeme kple dzadzɛnyenye me. Kpɔɖeŋu nyui si míaɖo mahe nukikli aɖeke vɛ o ke boŋ aɖi ɖase be míaƒe tadedeagu le dzadzɛ hele dzɔdzɔe.—Kor. I, 10:31, 32; Yak. 1:27.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe