Ðetsɔlemetɔwo Didi to Ablɔdziɖaseɖiɖi Nyui Me
1 Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woadi amesiwo dze na Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia sese. (Mat. 10:11) Gake eva le sesẽm ɖe edzi le teƒe geɖe egbea be woatu amewo le woƒe aƒewo me. Eyata nukae míate ŋu awɔ be míaɖo amesiwo dze siwo míeva tu le aƒeme o la gbɔ?
2 Ablɔdziɖaseɖiɖi ate ŋu anye mɔ nyui aɖe si dzi míato akpɔ amesiwo míetu le aƒeme yi aƒeme dɔa me o. Míate ŋu awɔ ablɔdziɖaseɖiɖi le bɔs-ɖoƒewo, ʋudzeƒewo, dugbadzadzi, kple teƒe bubu siwo amewo wɔa woƒe gbesiagbedɔwo le.
3 Ne woƒo nu tso ablɔdziɖaseɖiɖi ŋu la, vɔvɔ̃ ɖoa ame aɖewo. Womadi be yewoakpɔ gome le dɔ sia me o le ŋukpe ta alo woabu be amesiwo melɔ̃ Fiaɖuƒegbedasia o la agbe yewo. Gake zi geɖe la, kpeɖodzi gobii aɖeke menɔa dzimaɖitsitsi siawo ŋu o. Amesiwo bi ɖe dɔ sia wɔwɔ me la gblɔ be ele bɔbɔe wu aƒeme yi aƒeme ɖaseɖiɖi. Le nyateƒe me la, woƒoa nu na ame geɖe le ablɔ dzi le susu vovovowo ta, eye ame aɖewo alɔ̃ aɖo dze alo aɖo to le ablɔ dzi wu be woayi wo gbɔ le woƒe aƒewo me. Eyata ne ‘míelé dzi ɖe ƒo’ la, awɔ nuku na mí be nu nyuiwo ado tso eme.—Tes. I, 2:2.
4 Aleke nàte ŋu awɔ ablɔdziɖaseɖiɖi dɔa nyuie wu? Dzadzraɖo nyuie le vevie. Xlẽ magazineawo do ŋgɔ, eye nàtia dzeɖonya ɖeka alo eve siwo nèkpɔ be adzɔ dzi na amesiwo yedoa goe. Dzeɖonya si axɔ aɖabaƒoƒo afã la asɔ. Esi wò taɖodzinue nye be yeake ɖe amewo ŋu ta la, nɔ afisi ame geɖe tona edziedzi. Togbɔ be anyo be gbeƒãɖela bubu nanɔ ŋuwò hã la, zi geɖe la, anyo wu be mianɔ adzɔge tso mia nɔewo gbɔ. Ne gbeƒãɖela eve tɔ ɖi la, ɖewohĩ woatsɔ ɣeyiɣia anɔ dze ɖom kple wo nɔewo eye woƒe susu manɔ amesiwo va le eme tsom siwo le klalo be yewoase Fiaɖuƒegbedasia la ŋu o.
5 Anyo be nàxɔ ŋgɔ ate ɖe amewo ŋu tsɔ wu be nàtɔ ɖe teƒe ɖeka atsɔ magazineawo anɔ amewo fiam. Dze agbagba nàkpɔ ameawo ƒe ŋkume. Ðe vividoɖeameŋu kple xɔlɔ̃wɔwɔ fia, eye nàgblɔ nya la tẽ ne èle dzeɖoɖo gɔme dzem. Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nàzɔ kple amea vie esime nèle nuƒom kplii. Tsɔ magazinea nɛ kple kakaɖedzi. Ne wogbe magazinea xɔxɔ la, ɖewohĩ àdi be yeana trakt.
6 Zi geɖe la, enyona wu be nàdzra dzeɖonya kpui aɖe si fɔa biabia aɖe ɖe te la ɖo alo nàgblɔ nya si anyɔ ɖetsɔleme. Ne amea xɔ nya la nyuie la, dze agbagba nàxɔ amea ƒe ŋkɔ, adrɛs, kple ɖewohĩ eƒe telefon-xexlẽdzesi ale be nàte ŋu ava tu eƒe ɖetsɔleme ɖo. Àte ŋu agblɔ be: “Ne àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe wu la, adzɔ dzi nam be mava srã wò kpɔ le wò aƒeme alo mawɔ ɖoɖo be Ðasefo bubu nava gbɔwò.”
7 Hamemegã aɖe si nɔ ablɔdziɖaseɖiɖi wɔm la ƒo nu na nyɔnu aɖe eye wòkpɔe be Ðasefo aɖeke meva tui le eƒe aƒeme kpɔ o. Exɔ agbalẽ eye wòlɔ̃ ɖe edzi be nɔvinyɔnu aɖe nava srã ye kpɔ le yeƒe aƒeme le ɣeyiɣi si sɔ dzi. Míate ŋu akpɔ ame geɖe siwo dze la ahakpe ɖe wo ŋu vavã ne míewɔ ablɔdziɖaseɖiɖi nyuie.—Dɔw. 17:17.