Nyabiaɖaka
◼ Nukae wòle be agbalẽŋlɔla nawɔ ne gbesiagbe mɔɖela aɖe ʋu va hamea me?
Ele be agbalẽŋlɔla nana Habɔbɔa nanya, wòaŋlɔe ɖe teƒe si wogblẽ ɖe “Congregation Report” ƒe agbalẽvi (S-1) megbe la dzi. Ele be wòaŋlɔ agbalẽ na mɔɖela la ƒe hame tsãtɔ ƒe agbalẽŋlɔ enumake abia be wòatsɔ eƒe “Congregation’s Publisher Record” (S-21) ƒe agbalẽvi siwo katã li (nuŋlɔɖigbalẽvi siwo katã li tso ƒe enyi siwo va yi me) kpakple amenuɖegbalẽ tso Hamea ƒe Subɔsubɔkɔmiti gbɔ aɖo ɖa. Aleae woawɔe ne gbeƒãɖela aɖe ʋu va.
Ne mɔɖela aɖe ʋu eye nɔnɔmeawo trɔ la, esesẽna nɛ zi geɖe be wòaɖo zunu anyi awɔ ɖoɖo ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nyuie. Edzea mɔɖela la ŋu ŋutɔ ne hamemegãwo kpe ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe be eƒe ʋuʋu va hame yeyea me zɔ nyuie.
Esi miele nuŋlɔɖigbalẽviawo lalam tso hame tsãtɔ gbɔ la, mɔɖela la natsɔ eƒe ɣleti sia ɣleti ƒe akɔntabubu na hame yeyea ƒe agbalẽŋlɔ wòadzra ɖo vaseɖe esime miaxɔ nuŋlɔɖigbalẽviawo.—Kpɔ Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, March 1991 ƒe Nyabiaɖaka (Babla 34, No. 3).
Ŋkuɖodzinya: Mɔɖela siwo tso Ghana ʋu va hamea me koe agbalẽŋlɔla la atsɔ “Pioneer Service Identification” (S-202) ana. Ele be mɔɖela siwo bu woƒe dzesidegbalẽvi, esiwo trɔ ŋkɔ le srɔ̃ɖeɖe, srɔ̃gbegbe, kple nu bubuwo ta, alo esiwo ʋu tso teƒe si dzi kpɔm alɔdzedɔwɔƒe bubu le la naxɔ woƒe dzesidegbalẽvi le Habɔbɔa gbɔ, ke menye le agbalẽŋlɔla la gbɔ o. Ele be agbalẽŋlɔla la naŋlɔ agbalẽ na Habɔbɔa, wòaɖe nɔnɔmea me, eye wòabia dzesidegbalẽvi yeye.